INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 84
  • Ðe Yesu Ðe Srɔ̃ Kpɔa? Ðe Nɔviwo Nɔ Yesu Sia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Yesu Ðe Srɔ̃ Kpɔa? Ðe Nɔviwo Nɔ Yesu Sia?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ðe nɔviwo nɔ Yesu sia?
  • Susu totro siwo nɔa amewo si ku ɖe Yesu nɔviwo ŋu
  • Yesu ƒe Ƒometɔwo—Amekawoe Wonye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yesu ƒe Ƒomegbenɔnɔ le Eƒe Ðevime
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Srɔ̃ Toɖoɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 84
Yesu le nu fiam ameha aɖe si me ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo le

Ðe Yesu Ðe Srɔ̃ Kpɔa? Ðe Nɔviwo Nɔ Yesu Sia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia ɖee fia kɔtɛe be Yesu meɖe srɔ̃ kpɔ o, togbɔ be Biblia meƒo nu tso eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu tẽe o hã.a Bu nya siawo ŋu kpɔ.

  1. Edziedzi la, Biblia ƒoa nu tso Yesu ƒe ƒometɔwo kple nyɔnu siwo kplɔnɛ ɖo le eƒe subɔsubɔdɔa me kple nyɔnu siwo nɔ eteƒe esime wowui ŋu, gake Biblia megblɔ kpɔ be srɔ̃ nɔ esi o. (Mateo 12:46, 47; Marko 3:31, 32; 15:40; Luka 8:2, 3, 19, 20; Yohanes 19:25) Anɔ eme godoo be esi srɔ̃ menɔ Yesu si o tae Biblia meƒo nu tso eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu o.

  2. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo tso ame siwo tiae be yewoanɔ tre ale be yewoate ŋu awɔ geɖe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu be: “Ame si ate [ŋu anɔ tre] la, newɔe.” (Mateo 19:10-12) Eɖo kpɔɖeŋu na ame siwo tiae be yewomaɖe srɔ̃ o ale be yewoatsɔ yewo ɖokuiwo ana Mawu bliboe la.​—Yohanes 13:15; 1 Korintotɔwo 7:32-38.

  3. Do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, ewɔ ɖoɖo ɖe nɔa dzi kpɔkpɔ ŋu. (Yohanes 19:25-27) Ne ɖe Yesu ɖe srɔ̃ alo viwo nɔ esi la, anye ne ekpɔ egbɔ be yewɔ ɖoɖo ɖe ame siawo hã dzi kpɔkpɔ ŋu.

  4. Biblia gblɔna be Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na srɔ̃ŋutsuwo, gake menye ale si Yesu wɔ nu ɖe srɔ̃nyɔnu si nye amegbetɔ ŋue wòfiaa asii o. Biblia gblɔ boŋ be: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta ene.” (Efesotɔwo 5:25) Ne ɖe srɔ̃ nɔ Yesu si esime wònɔ anyigba dzi la, ɖe Biblia mazã srɔ̃ŋutsu ƒe kpɔɖeŋu de blibo si wòaɖo ɖi la le kpukpui ma me oa?

Ðe nɔviwo nɔ Yesu sia?

Ɛ̃, nɔvi ade ya teti nɔ esi. Woawoe nye nɔvia ŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda kpakple nɔvia nyɔnu eve ya teti. (Mateo 13:54-56; Marko 6:3) Yesu nɔ Maria kple srɔ̃a Yosef ŋutɔwo ƒe viwoe Yesu nɔvi mawo nye. (Mateo 1:25) Biblia yɔ Yesu be Maria ƒe “ŋgɔgbevi,” esia fia be Maria gadzi vi bubuwo hã.​—Luka 2:7.

Susu totro siwo nɔa amewo si ku ɖe Yesu nɔviwo ŋu

Esi ame aɖewo nɔ agbagba dzem be yewoaɖo kpe edzi be Maria nye ɖetugbui leaƒe le eƒe agbe me katã ta la, woɖea nya si nye ‘nɔvi’ gɔme bubui. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo susui be Yesu nɔvi siwo wowɔnɛ la nye Yosef ƒe vi siwo nyɔnu bubu dzi nɛ hafi wòva ɖe Maria. Ke hã, Biblia gblɔ be Yesu nyi fianyenye si ƒe ŋugbe wodo na David la dome le se nu. (2 Samuel 7:​12, 13; Luka 1:​32) Ne ɖe vi bubuwo nɔ Yosef si siwo tsi wu Yesu la, anye ne woƒe tsitsitɔe anye Yosef ƒe domenyila le se nu.

Ðe nya ‘nɔvi’ si wozã le afi sia ate ŋu afia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo alo gbɔgbɔmenɔviwoa? Esia mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o, elabe Biblia gblɔ be ɣeaɖeɣi la, “nɔviawo mexɔ edzi se o.” (Yohanes 7:5) Biblia de vovototo Yesu nɔviwo kple eƒe nusrɔ̃lawo dome.​—Yohanes 2:12.

Ame aɖewo hã gblɔna be Yesu nɔviŋutsu siwo wowɔnɛ la woe nye eƒe ƒometɔ kpamkpamwo ƒe viwo. Ke hã le Hela Ŋɔŋlɔawo me la, menye nya ɖekae wozãna na “nɔvi,” “ƒometɔ,” kple “ƒometɔ ƒe vi” o. (Luka 21:16; Kolosetɔwo 4:10) Biblia-ŋutinunyala geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be Yesu nɔvi siwo wowɔnɛ le afi sia la fia nɔa ƒe viŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋutɔŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ aɖe (The Expositor’s Bible Commentary) gblɔ be: “Mɔ si ko nu míate ŋu ase nya ‘nɔviwo’ gɔme le wòasɔ wue nye be . . . efia Maria kple Yosef ƒe viwo, eye le esia ta wonye Yesu nɔ [Maria] ƒe viwo.”b

a Enye nyateƒe be Biblia yɔ Yesu be ŋugbetɔsrɔ̃, gake nya siwo ƒo xlã nya mawo ɖee fia be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe.​—Yohanes 3:28, 29; 2 Korintotɔwo 11:2.

b Kpɔ The Gospel According to St. Mark, Second Edition, si Vincent Taylor ŋlɔ, axa 249 kple A Marginal Jew​—Rethinking the Historical Jesus si John P. Meier ŋlɔ, Volume 1, ax 331-​332 hã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe