-
Mawu Fiaɖuƒea Dzi Ƒe Nɔnɔme Si Le Ame Sie Wònyea?Gbetakpɔxɔ—2011 | March 1
-
-
Mawu Fiaɖuƒea Dzi Ƒe Nɔnɔme Si Le Ame Sie Wònyea?
Papa Benedict XVI gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Jesus of Nazareth me be: “Gɔmesese si nu Mawu Fiaɖuƒea vana lee nye be ame nana dzi ɖoto nanɔ esi.” Ame aɖewo susui be nu ma koe Mawu Fiaɖuƒea nye, si fia be enye tɔtrɔ si ame wɔna ne exɔ Yesu Kristo, eye wòzu xɔsetɔ. Tɔtrɔwɔwɔ le agbe me, alo fiaɖuƒe aɖe ‘si le ame ƒe dzi me koe’ wònyea?
NYATEƑEE wònye be Fiaɖuƒea nɔ vevie na Yesu. Papa Benedict lɔ̃ ɖe edzi be Fiaɖuƒea nye “Yesu ƒe nufiafia vevitɔ.” Le ƒe ʋɛ siwo Yesu tsɔ wɔ subɔsubɔdɔa me la, etsa le Yuda nyigba bliboa dzi nɔ “gbeƒã ɖem fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.” (Mateo 4:23) To Yesu ƒe nufiafia kple nukunuwɔwɔ dzi la, ena eme kɔ be nu si Fiaɖuƒea nye la yi ŋgɔ wu Mawu dzi xɔxɔ se kple toɖoɖoe. Fiaɖuɖu, ʋɔnudɔdrɔ̃, kple yayra mavɔwo ŋue wòku ɖo.
Fiaɖuɖu Kple Ʋɔnudɔdrɔ̃
Ɣeaɖeɣi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe ŋkeke mamlɛawo me la, eƒe nusrɔ̃lawo, Yakobo kple Yohanes, siwo woa kplii dome le kplikplikpli la, dada va gblɔ na Yesu be: ‘Na be vinyeŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka nabɔbɔ anɔ anyi ɖe wò ɖusi me, eye ɖeka ɖe wò mia me, le wò fiaɖuƒe la me.’ (Mateo 20:21) Edze ƒãa be menye nane si nɔ viawo ƒe dzi me ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o. Ese egɔme be amewo aɖu fia kple Yesu le Fiaɖuƒea me, eye wòdi be ye viwo hã nanɔ eme. Le nyateƒe me, Yesu do ŋugbe na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo be woanɔ yeƒe Fiaɖuƒea me, eye be ‘woanɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu’ kpli ye. (Luka 22:30) Eya ta Yesu yome dzelawo se egɔme be eƒe Fiaɖuƒea aɖu dzi ŋutɔŋutɔ—anɔ amewo nu, anye dziɖuɖu.
Ke ame hahoo siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli ya ɖe? Ðe wose egɔme be Fiaɖuƒea nye tɔtrɔwɔwɔ le agbe me koa, alo wokpɔ mɔ na nu si yi ŋgɔ wu ema? Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ƒe 33 Mía Ŋɔli ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia, esi Yesu do tedzi nɔ gegem ɖe Yerusalem la, amewo va kpee, eye wo dometɔ aɖewo nɔ ɣli dom be: “Míeɖe kuku, David Vi, xɔ na mí!” (Mateo 21:9) Nu ka tae wonɔ ɣli sia dom? Ðikeke mele eme o be, wonyae be Yesu ye nye Mesia si ŋugbe wodo la, eye be Mawu atsɔ Fiaɖuƒe mavɔ, si nye “fofoa David ƒe fiazikpui la anae.” Wonɔ mɔ kpɔm na xɔxɔ, ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye si Fiaɖuƒe ma ahe vae la vevie.—Luka 1:32; Zaxariya 9:9.
Yayra Mavɔwo
Ame siwo wòdze abe wometsɔ ɖeke le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me o la gɔ̃ hã nya nu tso nu si Yesu fia le Fiaɖuƒea ŋu ya teti. Esi woklã Yesu ɖe ati ŋu la, nu vlo wɔla aɖe si hã woklã ɖe ati ŋu le eƒe axa dzi la ɖe kuku nɛ gblɔ bena: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èɖo wò fiaɖuƒe la me.” Aleke Yesu ɖo eŋu nɛ? Eka ɖe edzi nɛ be: “Ànɔ Paradiso me kplim.”—Luka 23:42, 43.
Edze ƒãa be adzodala ma xɔe se be ne wofɔ Yesu ɖe tsitre la, axɔ Fiaɖuƒe aɖe. Ŋusẽ ava nɔ Yesu si be wòafɔ ŋutsu sia, kple ame miliɔn geɖe ɖe tsitre ahakpe ɖe wo ŋu woatrɔ woƒe nɔnɔme, eye edi vevie be yeawɔe hã. Ɛ̃, ne wona ŋusẽ Yesu wòzu Dziɖula le dziƒo la, ato Fiaɖuƒea dzi ahe yayra mavɔwo avae na anyigba dzi nɔlawo katã.—Yohanes 5:28, 29.
Fiaɖuƒe Si Le Wo Dome
Ke ɖe Yesu megblɔ be “Mawu fiaɖuƒe la le mia dome” oa? Nyateƒee, Yesu ƒe nya mawo dze le Luka 17:21. Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ be “Mawu Fiaɖuƒea le mia me,” ke bubuwo gblɔ be “le mia dome me.” (Le kpɔɖeŋu me, kpɔ King James Version kple The New English Bible.) Yesu ƒe nya mawo gɔme ɖe?
Kpukpui siwo do ŋgɔ la ɖee fia be Yudatɔwo ƒe ha aɖe me tɔwo, siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, siwo woyɔna be Farisitɔwoe, wònɔ nyaa gblɔm na. Susu bubuwo nɔ woawo ŋutɔwo si ku ɖe nu si Mesia la kple eƒe Fiaɖuƒea ava wɔ ŋu. Woawo se egɔme be Mesia la ava le ŋutikɔkɔe me abe Fia ene “kple alilikpowo” be wòava ɖe Yudatɔwo tso Romatɔwo si me, eye wòagaɖo fiaɖuƒea anyi ɖe Israel. (Daniel 7:13, 14) Ke hã, Yesu ɖee fia be woda ƒu, esi wògblɔ na wo be: “Mawu fiaɖuƒe la mava gaglãa ame sia ame nakpɔ o.” Eye wògagblɔ kpee be: “Kpɔ ɖa! Mawu fiaɖuƒe la le mia dome.”—Luka 17:20, 21.
Nu siwo Yesu fia kple nukunu siwo wòwɔ la na wòdze kɔtɛ be eyae nye Fiaɖuƒea ƒe Fia si ŋugbe wodo, gake dzi vɔ̃ɖi maxɔse si nɔ Farisitɔwo si la na wotsi tsitre ɖe eŋu. Womexɔe se be Yesu ye nye Mesia la o. Eya ta egblɔ nyateƒea na wo, si nye be: Fiaɖuƒea teƒe nɔla, si nye Fia si wotia la, ‘nɔ wo dome.’ Yesu menɔ gbɔgblɔm be woadi Fiaɖuƒea le wo ɖokui me o.a Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo tsi tre ɖe wo ŋkume ɣemaɣi. Eya tae wògblɔ na wo be: “Mawufiaɖuƒe la le mia dome xoxo.”—Luka 17:21, Agbenya La.
-
-
Mawu Fiaɖuƒea Dzi Ƒe Nɔnɔme Si Le Ame Sie Wònyea?Gbetakpɔxɔ—2011 | March 1
-
-
a Le Helagbe si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, ŋkɔteƒenɔnya “mia,” si dze le nyagbe “mia me” me le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la nye agbɔsɔsɔfianya, eye wòle tsitre ɖi na Farisitɔ siwo Yesu nɔ nu ƒom na. Eya ta mate ŋu anye be ale si Farisitɔwo atrɔ woƒe nɔnɔme, alo dzi nyui si anɔ wo si lae Yesu wɔnɛ o.
-