INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 55
  • Kpe Ðe Hame Si Me Nèle La Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Hame Si Me Nèle La Ŋu
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Míedaa Akpe Na Yehowa Ðe Lɔlɔ̃ Si Mieɖena Fiana Ta
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • “Na Nu Yehowa”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Dɔwɔwɔ Kple Ga Ŋu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míana Nu Ame Si Tɔe Nye Nuwo Katã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 55
Nusɔsrɔ̃ 55 lia. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le woƒe Fiaɖuƒe Akpataa ŋuti kple kpɔa me dzram ɖo.

NUSƆSRƆ̃ 55

Kpe Ðe Hame Si Me Nèle La Ŋu

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Le xexea me godoo la, ame miliɔn geɖe subɔa Yehowa kple dzidzɔ le hame akpe geɖe me. Wokpɔa ŋudzedze ɖe nufiafia kple mɔfiame siwo woxɔna la ŋu eye wotsɔa dzidzɔ kpea asi ɖe hamea ŋu le mɔ vovovowo nu. Nenemae wò hã nèsena le ɖokuiwò me tso hame si me nèle la ŋua?

1. Aleke nàte ŋu azã wò ɣeyiɣi kple wò ŋusẽ atsɔ akpe ɖe hamea ŋui?

Mi katã míate ŋu akpe ɖe hamea ŋu le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe ame tsitsiwo kple dɔnɔwo le wò hamea mea? Ðe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu woade kpekpeawoa? Alo àte ŋu awɔ nu bubuwo atsɔ akpe ɖe wo ŋua, le kpɔɖeŋu me, nàɖi asi na wo alo awɔ aƒemedɔwo na woa? (Xlẽ Yakobo 1:27.) Azɔ hã, míate ŋu atsɔ mía ɖokuiwo ana faa be míanɔ asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpataa dzadzraɖo kple beléle nɛ ŋu. Ame aɖeke mezia mía dzi be míawɔ dɔ siawo o. Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía nɔviwo ye ʋãa mí be ‘míatsɔ mía ɖokuiwo ana faa.’—Psalmo 110:3.

Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo ate ŋu akpe ɖe hamea ŋu le mɔ bubu aɖewo hã nu. Nɔviŋutsu siwo dze le Ŋɔŋlɔawo nu la ate ŋu ava zu subɔsubɔdɔwɔlawo, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woava nye hamemetsitsiwo. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo siaa ate ŋu akpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu geɖe wu ne wova zu mɔɖelawo. Ðasefo aɖewo ate ŋu akpe asi ɖe tadeaguƒewo tutu ŋu alo aʋu ayi hame siwo me wohiã kpekpeɖeŋu le.

2. Aleke míate ŋu azã míaƒe ga kple míaƒe nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe hamea ŋui?

Míate ŋu ‘atsɔ míaƒe nunɔamesi veviwo ade bubu Yehowa ŋu.’ (Lododowo 3:9) Dzidzɔe wònyena na mí be míatsɔ míaƒe ga kple míaƒe nunɔamesi bubuwo atsɔ akpe asi ɖe míaƒe hamea kple xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 9:7.) Wozãa míaƒe nudzɔdzɔwo tsɔ kpena ɖe mía nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la hã ŋu. Ame geɖe ‘dzraa ga ɖo’ ale be woate ŋu anɔ nu dzɔm edziedzi. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 16:2.) Míate ŋu ade ga nudzɔɖakawo me le míaƒe kpekpewo me alo adzɔ nu to Internet dzi ne míeʋu donate.jw.org. Míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa ne míezãa míaƒe ga kple nunɔamesiwo tsɔ kpea asi ɖe hamea ŋu.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu vovovo siwo nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe hamea ŋu.

3. Míate ŋu azã míaƒe nunɔamesiwo

Yehowa kple Yesu siaa lɔ̃ ame siwo naa nu kple dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yesu kafu ahosi aɖe elabena togbɔ be eda ahe hã la, edzɔ nu na Yehowa. Mixlẽ Luka 21:1-4, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ðe wòhiã be míadzɔ ga gbogbo aɖe hafi míaƒe nu nadze Yehowa ŋua?

  • Aleke Yehowa kple Yesu sena le wo ɖokui me ne míedzɔ nu faa tso dzi me?

Mikpɔ VIDEOA, be nàkpɔ ale si wozãa míaƒe nudzɔdzɔwoe. Eyome midzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: ‘Nu Si Míetsɔ Naa Yehowa’ (4:47)

  • Aleke wozãa míaƒe nudzɔdzɔwo tsɔ kpena ɖe hamewo ŋu le xexea me godoo?

Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe le ga dem nudzɔɖakaa me.

4. Míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana faa akpe asi ɖe dɔwo ŋu

Le blema la, Yehowa subɔlawo ku kutri wɔ nu siwo hiã be yewoatsɔ alé be na yewoƒe tadeaguƒewo. Gake esia bia nu geɖe wu gadzɔdzɔ ko. Mixlẽ 2 Kronika 34:9-11, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke Israel-vi ɖe sia ɖe kpe asi ɖe beléle na Yehowa ƒe aƒea, si nye woƒe tadeaguƒe la ŋu?

Mikpɔ VIDEOA, be miakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo srɔ̃a blema Israel-vi mawo ƒe kpɔɖeŋu. Eyome midzro nyabiase siwo gbɔna me.

VIDEO: Beléle Na Míaƒe Tadeaguƒewo (3:31)

Foto aɖe si woɖe tso video si nye ‘Beléle Na Míaƒe Tadeaguƒewo’ la me. Ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo le Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo.
  • Nu ka tae wòle vevie be míana míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me nanɔ dzadzɛ eye míaɖɔ nu siwo gblẽ le eŋu la ɖo?

  • Mɔ kawo nue nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu le go siawo me le?

Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖewo le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe tutu ŋu.

5. Nɔviŋutsuwo ate ŋu ado vevie nu be yewoadze awɔ dɔ geɖe le hamea me

Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Kristotɔ ŋutsuwo be woadze agbagba vevie awɔ wo tɔ sinua akpe ɖe hamea ŋu. Mikpɔ VIDEOA, be nàkpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu. Eyome, midzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: Nɔviŋutsuwo—Miminya Dɔ Nyui Wɔwɔ Ƒe Agbanɔamedziwo (5:19)

  • Le videoa me la, nu kawoe Ryan wɔ si wɔe be wòte ŋu na kpekpeɖeŋu geɖe wu le hamea me?

Biblia gblɔ nudidi siwo gbɔ wòle be nɔviŋutsuwo naɖo ale be woadze anye subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsiwo. Mixlẽ 1 Timoteo 3:1-13, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu kawoe wodi tso nɔviŋutsuwo si hafi woadze anye subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsiwo?

  • Nu kae wodi tso woƒe ƒomea me tɔwo hã si?—Kpɔ kpukpui 4 kple 11 lia.

  • Ne nɔviŋutsuwo dzea agbagba vevie be yewoaɖo nudidi siawo gbɔ la, aleke wòɖea vi na hamea me tɔwo katãe?

Nɔviŋutsu aɖe le nɔviŋutsu tsitsi aɖe si le bunɔkeke me la tutum esime wole gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me.

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Aleke Yehowa Ðasefowo wɔna kpɔa ga tsɔ kpɔa woƒe dɔa dzi?”

  • Ne ame aɖe bia nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Agbagba siwo míedzena be míazã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe hamea ŋu la dzea Yehowa ŋu ŋutɔ.

Numetoto

  • Aleke míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ akpe ɖe hamea ŋui?

  • Aleke míate ŋu azã míaƒe ga kple nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe hamea ŋui?

  • Nu kawoe nàdi be yeawɔ atsɔ akpe ɖe hamea ŋu?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le nyati sia me la, àkpɔ nu si tae Mawu megabia tso esubɔlawo si be woadzɔ nu ewolia o.

“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nu Ewolia Dzɔdzɔ Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

Biblia de dɔ aɖewo asi na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo. Ke ne eva hiã be nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔ nakpɔ dɔ mawo gbɔ ɖe?

“Nu Si Tanyenye Fia Le Hamea Me” (Gbetakpɔxɔ, February 2021)

Le video sia me la, àkpɔ ale si Ðasefo aɖewo siwo ƒo dzi le la kua kutri vevie hafi tea ŋu tsɔa agbalẽwo yina na woƒe haxɔsetɔwo.

Biblia-srɔ̃gbalẽwo Tsɔtsɔ Yi Congo Ƒe Nutotrowo Me (4:25)

Le nyati sia me la, àkpɔe be ale si míewɔna kpɔa ga tsɔ kpɔa míaƒe dɔa dzi la to vovo kura na subɔsubɔha bubuwo tɔ.

“Afi Kae Yehowa Ðasefowo Kpɔa Ga Le Tsɔ Kpɔa Woƒe Dɔa Dzi?” (Nyati sia le jw.org)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe