INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 6 axa 20-axa 21 mm. 8
  • Vi Si Ƒe Ŋugbe Wodo La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vi Si Ƒe Ŋugbe Wodo La
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋugbedodovi La
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 6 axa 20-axa 21 mm. 8
Simeon lé Yesu vidzĩa ɖe asi eye Yosef, Maria kple nyɔnu nyagblɔɖila Ana wole ekpɔm

TA 6

Vi Si Ƒe Ŋugbe Wodo La

LUKA 2:21-39

  • WOTSO AƲA NA YESU EYE EMEGBE WOKƆE VA GBEDOXƆA ME

Le esi Yosef kple Maria natrɔ ayi Nazaret teƒe la, wotsi Betlehem. Esi Yesu xɔ ŋkeke enyi la, wotso aʋa nɛ abe ale si Se si Mawu de na Israel-viwo la bia ene. (3 Mose 12:2, 3) Ɣemaɣi la, ŋkeke ma ke dzie wotsɔa ŋkɔ na ŋutsuvi. Wotsɔ ŋkɔ na wo vi la be Yesu, abe ale si mawudɔla Gabriel gblɔ na wo do ŋgɔ ene.

Ɣleti ɖeka kple edzivɔ va yi, eye Yesu xɔ ŋkeke 40. Afi kae edzilawo kɔe yi fifia? Wokɔe yi gbedoxɔa me le Yerusalem si le dzigbe gome, si didi tso afi si wole la gbɔ agbadroƒe ʋɛ aɖewo ko. Sea bia tso vidada si be wòasa ŋutikɔklɔvɔ le gbedoxɔa me ne edzi ŋutsuvi wòxɔ ŋkeke 40.—3 Mose 12:4-8

Nu mae Maria wɔ. Xevi sue evee wòtsɔ vɛ be yeatsɔ asa vɔ lae. Esia ɖe nane fia ku ɖe Yosef kple Maria ƒe ganyawo ŋu. Sea bia be woatsɔ alẽtsui ɖeka kple xevi ɖeka asa vɔe. Gake ne vidadaa mate ŋu ana esia o la, ate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Nu siawoe Maria tsɔ sa vɔe le eƒe nɔnɔmea ta.

‘ƔEYIƔI SI WÒLE BE WOAKƆ WO ŊUTI LA DE’

Yosef kple Maria kɔ Yesu vidzĩa va gbedoxɔa me be woasa vɔ hena eŋukɔkɔ

Ne Israel nyɔnuwo dzi vi la, wobua wo be wo ŋu mekɔ o hena ɣeyiɣi aɖe. Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, ele be woasa numevɔ, si nye ameŋukɔkɔ ƒe vɔsa. Esia ɖoa ŋku edzi na ame sia ame be wogadzi ame madeblibo si ŋu nu vɔ̃ le. Yesu, vidzĩ la de blibo eye wòle kɔkɔe. (Luka 1:35) Ke hã, Maria kple Yosef ‘kɔe yi’ gbedoxɔa me be “woakɔ wo ŋuti,” abe ale si Sea bia ene.—Luka 2:22.

Le gbedoxɔa me la, amegãɖeɖi aɖe te ɖe Yosef kple Maria ŋu. Eŋkɔe nye Simeon. Mawu ɖee fiae be akpɔ Kristo, alo Mesia si ŋugbe Yehowa do la hafi aku. Le ŋkeke sia dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea na Simeon yi gbedoxɔa me, afi si wòkpɔ Yosef kple Maria kpakple ɖevi si wolé ɖe asi la le. Simeon xɔ vidzĩ la.

Esi Simeon xɔ Yesu ɖe asi la, eda akpe na Mawu gblɔ be: “Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã, èɖe mɔ na wò kluvi la be wòaku le ŋutifafa me abe ale si nègblɔe ene, elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ŋkume la, kekeli si aɖe nu si tsyɔ ŋkume na dukɔwo la ɖa, eye wònye wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.”—Luka 2:29-32.

Esi Yosef kple Maria se nya sia la, ewɔ moyaa na wo. Simeon yra wo eye wògblɔ na Maria be “woɖo [via] anyi hena ame geɖewo ƒe anyidzedze kple ame geɖewo ƒe dodoɖedzi le Israel,” eye nuxaxa aƒo ɖe Maria abe yi ɖaɖɛ ene.—Luka 2:34.

Ame bubu aɖe hã nɔ eteƒe gbe ma gbe. Eyae nye Hana, nyɔnu nyagblɔɖila si xɔ ƒe 84. Le nyateƒe me la, medzona le gbedoxɔa me o. Le gaƒoƒo ma tututu me la, ete ɖe Yosef, Maria kple Yesu, vidzĩ la ŋu. Hana te akpedada na Mawu kple nuƒoƒo tso Yesu ŋu na ame siwo katã aɖo toe.

Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Yosef kple Maria le gbedoxɔ me nudzɔdzɔ siawo ta ɖa! Esiawo katã ɖo kpe edzi na wo be ɖevi lae nye Ame Si Ŋugbe Mawu Do vavã.

  • Ne Israel-viwo dzi ŋutsuvi la, ɣekaɣie wotsɔa ŋkɔ nɛ?

  • Nu kae wobia tso vidada si be wòawɔ ne viaŋutsuvi xɔ ŋkeke 40, eye nu kae nu si Maria tsɔ sa vɔe la ɖe fia le eƒe ganyawo ŋu?

  • Le gbedoxɔa me la, ame kawoe kpɔ ame si Yesu nye la dze sii, eye aleke woɖe esia fiae?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe