INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 7/1 axa 10-axa 15 mm. 6
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Té Siwo Naa Míekpɔa Nu Ðuna
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Èɖua Aɖuklia?
    Nyɔ!—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 7/1 axa 10-axa 15 mm. 6

ÈNYAA?

Aleke wozãa té le blema?

Wozãa té tsɔ tsua nukuwo wozua wɔ be woatsɔ amè abolo. Nyɔnuwo kple aƒemesubɔviwo wɔa té mawo ƒomevi ŋu dɔ gbe sia gbe le aƒe ɖe sia ɖe kloe me. Eya ta le blema la, wobua tétutu kple eƒe gbeɖiɖi be enye gbe sia gbe dɔwɔnawo ƒe akpa aɖe.—2 Mose 11:5; Yeremiya 25:10.

Ame si tsɔ té le nu tum ƒe kpetata si Egiptetɔwo wɔ

Blema Egiptetɔwo ƒe nutatawo ɖe ale si wozãnɛ la fia. Wokɔa nukuawo ɖe kpe gbadza si ŋkume dze ʋe vie, si woyɔna ɣeaɖewoɣi be nutukpe, la dzi. Nutulaa dzea klo ɖe nutukpe si li anyi sesĩe la ŋgɔ eye wòtsɔa eƒe asi eveawo léa tévi la tsɔ nɔa nukuawo tum le kpe gbadzaa dzi. Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, tévia ƒe kpekpeme nyea kilogram 2 va ɖo 4. Ne wozã kpe ma tɔgbi abe aʋawɔnu ene la, ate ŋu awu ame.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:50-54.

Esi wɔtutu nye ƒomea ƒe agbemenuhiahiã vevi si nu wonɔa agbe ɖo ta la, Biblia de se be woagaxɔ té le ame aɖeke si abe awɔbanu ene o. Sea gblɔ le 5 Mose 24:6 be: “Ame aɖeke megaxɔ té alo tévi sesẽe wòazu awɔbanu o, elabena nu si nu amea nɔa agbe ɖoe nye ema xɔm wòle awɔbanui.”

Nu kae nyagbe “akɔnu” fia?

Apostolo Yohanes si le Yesu ƒe akɔnu le Ŋutitoto mamlɛa ɖuɣi

Biblia gblɔ be Yesu “le Fofoa ƒe akɔnu.” (Yohanes 1:​18, etenuŋɔŋlɔ) Nyagbɔgblɔ sia ɖe bubunɔƒe si Yesu le kple ale si woa kple Mawu dome le kplikplikpli la fia. Nya mawo he susu yi ale si Yudatɔwo nɔa anyi le woƒe kɔa nu ne wole nu ɖum la dzi.

Le Yesu ƒe ŋkekea me la, Yudatɔwo drana ɖe nu siwo woɖo ƒo xlã nuɖukplɔ̃ abe aba ene la dzi. Ame siwo le kplɔ̃a ŋu la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ta trɔna ɖe kplɔ̃a gbɔ eye woƒe afɔwo nɔa adzɔge na kplɔ̃a esime wotsɔa woƒe miabɔwo ziɔna ɖe suɖuiwo dzi. Anyinɔnɔ alea wɔnɛ be amea ƒe nuɖusi vona. Esi wònye be ame siwo katã le kplɔ̃a ŋu la trɔna ɖe woƒe miakpa dzi eye wonɔa wo nɔewo ŋu tututu ta la, numekugbalẽ aɖe gblɔ be, “ame ɖeka ƒe ta nɔa ame si dra ɖe emegbe la ƒe akɔta gbɔ, eye esia tae wogblɔna be ele ame kemɛa ƒe ‘akɔnu.’”

Bubu alo mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe wònye be ame aɖe nanɔ ƒome ƒe ta alo kplɔ̃ɖolaa ƒe akɔnu alea. Esia tae le Yesu ƒe Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛa ɖuɣi la, “Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si gbɔ melɔ̃a nu le o,” si nye apostolo Yohanes, ye nɔ Yesu ƒe akɔnu. Esia wɔe be Yohanes te ŋu “bi ɖe megbe ziɔ ɖe Yesu ƒe akɔta” hebia nyae.​—Yohanes 13:23-25; 21:20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe