-
Gbeƒãɖeɖedɔa Me Tsonuwo—‘Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe’Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
-
-
1, 2. (a) Nu ka tae nusrɔ̃lawo tɔtɔ? (b) Nuŋeŋe ka ŋue Yesu le nu ƒom tsoe?
YESU ƒe nusrɔ̃lawo tɔtɔ le wo ɖokui me. Nu ka tae? Yesu gblɔ na wo be: “Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe.” Gake esi wokpɔ agble siwo dzi Yesu nɔ asi fiamee la, nuku aɖeke meƒu o, wokpɔtɔ le mumu, elabena ɖeko ƒo siwo woƒã la to aŋgba teti koe nye ema. Eya ta woanya bia wo ɖokuiwo be, ‘Nuŋeŋe kae wòwɔnɛ? Esusɔ ɣleti geɖe hafi nuŋeɣi naɖoe?’—Yoh. 4:35.
2 Gake menye nuŋeŋe ŋutɔŋutɔ ŋue Yesu le nu ƒom tsoe o. Ke boŋ ɖe wòdi be yeafia nu vevi eve aɖewo yeƒe nusrɔ̃lawo tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ, si nye amewo nu ƒoƒo ƒu dɔa, ŋu. Nu vevi eve kawoe? Be míanya la, mina míadzro ŋutinya sia me yi ŋgɔ vie.
Dɔa Hiã Kpata Eye Dɔwɔlawo Akpɔ Dzidzɔ
3. (a) Nu kae anya ʋã Yesu wògblɔ be: ‘agbleawo dzi ƒu hena ŋeŋe’? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (b) Aleke Yesu na wonya be menye nuŋeŋe ŋutɔŋutɔ ŋue yele nu ƒom tsoe o?
3 Ƒe 30 M.Ŋ. ƒe nuwuwue Yesu gblɔ nya sia na eƒe nusrɔ̃lawo le Samaria du si nye Sixar gbɔ lɔƒo. Esi nusrɔ̃lawo ge ɖe dua me la, Yesu ya tɔ ɖe vudo aɖe to. Eɖe Mawu subɔsubɔ ŋuti nyateƒenya aɖewo me na nyɔnu aɖe si va afi ma, eye nyɔnua kpɔ nu siwo wòfiae la ƒe vevienyenye dze sii enumake. Esi nusrɔ̃lawo trɔ va Yesu gbɔ la, nyɔnua ɖe abla yi Sixar dua me ɖaka nya wɔdɔɖeamedzi siwo wòse la ta na dua me tɔwo. Eƒe nyawo nyɔ ame geɖewo ƒe ɖetsɔleme eye dua me tɔ geɖewo do bibibi gbɔna Yesu gbɔ le vudoa to. Anɔ eme be ɣemaɣie, esi Yesu kpɔ agbleawo dzi eye wòkpɔ Samariatɔawo wogbɔna le adzɔge ʋĩi lae wògblɔ be: “Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe.”a Azɔ esi Yesu di be yeana woanya be gbɔgbɔmenuŋeŋe ŋue yele nu ƒom tsoe, ke menye nuŋeŋe ŋutɔŋutɔ o la, egblɔ kpee be: “Nuŋela le . . . kutsetse nu ƒom ƒu hena agbe mavɔ.”—Yoh. 4:5-30, 36.
4. (a) Nu vevi eve kae Yesu fia tso nuŋeŋedɔa ŋu? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?
4 Nu vevi eve kae Yesu fia tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa ŋu? Gbãtɔae nye be, dɔa hiã kpata. Esi wògblɔ be, ‘agbleawo ƒu hena ŋeŋe’ la, ɖe wòdi be yeade dzo ye yomedzelawo me ɖe dɔa ŋu. Be wòakpe ɖe eƒe nusrɔ̃laawo ŋu woakpɔ ale si gbegbe dɔa hiã kpatae la, egblɔ kpee be: “Fifia kura gɔ̃ hã la, nuŋela le fetu xɔm.” Ɛ̃, esia fia be nuŋeŋea dze egɔme xoxo, eya ta mele be woahe ɖe megbe o! Evelia, dɔwɔlawo akpɔ dzidzɔ. Yesu gblɔ be nukuwula kple nuŋela siaa ‘akpɔ dzidzɔ ɖekae.’ (Yoh. 4:35b, 36) Abe ale si ko Yesu ŋutɔ anya kpɔ dzidzɔ esi ‘Samariatɔ geɖe xɔ edzi se’ ene la, nenema kee eƒe nusrɔ̃lawo hã akpɔ dzidzɔ geɖe ne wowɔ nuŋeŋedɔa tso luʋɔ blibo me. (Yoh. 4:39-42) Gɔmesese vevi aɖe le ƒe alafa gbãtɔ me nudzɔdzɔ sia ŋu na mí egbea, elabena ehe susu yi gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gãtɔ kekeake si wɔm míele egbea dzi. Ɣekaɣie egbegbe nuŋeŋedɔ sia dze egɔme? Ame kawoe le gome kpɔm le eme? Nu kawoe le dodom tso eme?
-
-
Gbeƒãɖeɖedɔa Me Tsonuwo—‘Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe’Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
-
-
a Le Helagbe me la, nya si Yesu gblɔ be ‘agbleawo dzi ƒu’ la fia be ‘agbleawo dzi fu ɣi.’ Ate ŋu anɔ eme be awu ɣi ye Samariatɔ siwo wòkpɔ wogbɔna la do, eya tae wògblɔ nya ma.
-