INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/15 axa 3-7
  • ‘Ame Kae Nya Yehowa Ƒe Tamesusu?’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Ame Kae Nya Yehowa Ƒe Tamesusu?’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Ŋudzɔ Ðe Nɔnɔme Manyomanyo Aɖe Ŋu
  • Ale Si Míawɔ “Kristo Ƒe Tamesusu” Nasu Mía Si
  • Ale Si Yehowa Wɔ Nu Kple Mose
  • Ale Si Yehowa Wɔ Nu Kple Abraham
  • Nufiame Siwo Le Esiawo Katã Me Na Mí
  • Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mose Gãtɔ La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Aleke Gbegbee Nènya Yehowae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • ‘Zɔzɔ Le Xɔse Me, Menye Le Nukpɔkpɔ Nu O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/15 axa 3-7

‘Ame Kae Nya Yehowa Ƒe Tamesusu?’

“‘Ame kae va nya Yehowa ƒe tamesusu, ne wòafia nui?’ Gake míawo ya la, Kristo ƒe tamesusu le mía si.”—1 KOR. 2:16.

1, 2. (a) Nu kae sesẽna na ame geɖe? (b) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe míaƒe susuwo kple Yehowa ƒe susuwo ŋu?

ÐE WÒDZƆ ɖe dziwò kpɔ be nèkpɔe be esesẽ na wò be nàse ale si ame aɖe bua nuwo ŋui la gɔmea? Ðewohĩ èɖe srɔ̃ eteƒe medidi o, eye nèkpɔe be naneke meli nàwɔ be nàte ŋu ase ale si srɔ̃wò bua nuwo ŋui la gɔme bliboe o. Le nyateƒe me la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo bua nuwo ŋu le mɔ vovovowo nu, eye ale si woƒoa nui kura gɔ̃ hã toa vovo. Nukutɔe la, le teƒe aɖewo la, vovototo nɔa ale si ŋutsuwo kple nyɔnuwo doa gbe ɖeka ma ke la dome! Gawu la, dekɔnuwo kple gbegbɔgblɔwo ƒe vovototo ate ŋu ana amewo ƒe nuŋububu kple nuwɔnawo nato vovo. Ke hã, zi ale si nèle si dzem amewo ɖe edzi la, zi nenemae mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nànɔ mɔ siwo nu wobua nuwo ŋu le la gɔme sem vivivi.

2 Eya ta mele be wòawɔ nuku na mí be ale si míebua nuwo ŋui la to vovo sãsãsã na Yehowa tɔ o. Yehowa gblɔ na Israel viwo to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o.” Eye esi Yehowa di be yeawɔ nyateƒenya sia ƒe kpɔɖeŋu la, eyi edzi gblɔ be: ‘Ke boŋ ale si dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.’—Yes. 55:8, 9.

3. Mɔ eve kawo dzie míate ŋu ato ‘abɔ ha kple Yehowa’?

3 Ðe esia fia be mele be míate kpɔ gɔ̃ hã be míase ale si Yehowa bua nuwo ŋui la gɔme oa? Ao. Togbɔ be míate ŋu ase Yehowa ƒe susuwo katã gɔme bliboe gbeɖe o hã la, Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míabɔ ha kple Yehowa.’ (Mixlẽ Psalmo 25:14; Lododowo 3:32.) Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato ate ɖe Yehowa ŋue nye be míatsɔ ɖe le eƒe dɔwɔwɔ siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe eƒe Nya Biblia me la me eye míade asixɔxɔ wo ŋu. (Ps. 28:5) Mɔ bubue nye be míanya Kristo, si nye “Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme” la ƒe “tamesusu.” (1 Kor. 2:16; Kol. 1:15) Ne míedia ɣeyiɣi dzroa Biblia me nuŋlɔɖiwo me hedea ŋugble le wo ŋu la, esia ate ŋu ana míava nɔ Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòbua nuwo ŋui la gɔme sem.

Nɔ Ŋudzɔ Ðe Nɔnɔme Manyomanyo Aɖe Ŋu

4, 5. (a) Nɔnɔme manyomanyo kae wòle be míaƒo asa na? Ðe eme. (b) Nukpɔsusu manyomanyo kae va nɔ Israel viwo si?

4 Ne míele ŋugble dem le ale si Yehowa wɔa nui ŋu la, ele be míakpɔ nyuie be míagatsɔ amegbetɔwo ƒe dzidzenuwo anɔ ʋɔnu drɔ̃m Mawu o. Nɔnɔme sia dze le Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Psalmo 50:21 la me, afi si gblɔ be: “Nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene.” Ðeko wòle abe ale si Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ ƒe 175 kple edzivɔwoe nye esia ene be: “Amegbetɔwo nɔa te ɖe woawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo dzi drɔ̃a ʋɔnu Mawu, eye wosusuna be ele be se siwo dzi wòle be amewo nazɔ ɖo la nabla Mawu hã.”

5 Ele be míakpɔ nyuie be míagaɖe mɔ míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo kple didiwo nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua Yehowae dzi o. Nu ka tae esia le vevie? Nya lae nye be, esi míede blibo o eye seɖoƒe li na ale si míebua nuwo ŋui ta la, ne míele Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m la, ate ŋu awɔ na mí be Yehowa ƒe nuwɔna aɖewo mesɔ tututu o. Nukpɔsusu ma ƒomevi va nɔ blema Israel viwo si eye wowɔ nyataƒoƒo gbegblẽ le ale si Yehowa nɔ nu wɔm kpli woe la ŋu. Se nya si Yehowa gblɔ na wo ɖa: “Miele gbɔgblɔm be: ‘[Yehowa] ƒe nuwɔna mele eteƒe o.’ Israel ƒe aƒe, misee: Nye nuwɔnae mele eteƒe oa? Ðe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa?”—Eze. 18:25.

6. Nu vevi kae Hiob srɔ̃, eye alekee nu si me wòto la ate ŋu aɖe vi na mí?

6 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada si nye be míatsɔ míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo anɔ ʋɔnu drɔ̃m Yehowae nye be míalɔ̃ ɖe edzi be seɖoƒe li na ale si míebua nuwo ŋui, eye ɣeaɖewoɣi la, míedana ƒuna kura. Eva hiã be Hiob nasrɔ̃ nu vevi sia. Esime Hiob nɔ fu kpem la, enɔ agbagba dzem be yeanɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu eye le mɔ aɖewo nu la, eva nɔ eɖokui ŋu bum akpa. Eŋlɔ nya siwo nɔ vevie wu la be. Gake lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa kpe ɖe eŋu nugɔmesese deto va su esi. Esi Yehowa bia nya vovovo siwo wu 70 sɔŋ Hiob, siwo dometɔ aɖeke ŋu Hiob mete ŋu ɖo o la, Yehowa to esia dzi na Hiob kpɔe dze sii kɔtɛ be seɖoƒe li na yeƒe nugɔmesese. Hiob wɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe, eye wòɖɔ eƒe nukpɔsusu ɖo.—Mixlẽ Hiob 42:1-6.

Ale Si Míawɔ “Kristo Ƒe Tamesusu” Nasu Mía Si

7. Nu ka tae Yesu ƒe dɔwɔnawo me dzodzro kpena ɖe mía ŋu míesea ale si Yehowa bua nuwo ŋui gɔme?

7 Yesu srɔ̃ Fofoa bliboe le nya siwo wògblɔ kple nu siwo wòwɔ le anyigba dzi la katã me. (Yoh. 14:9) Eya ta Yesu ƒe dɔwɔnawo me dzodzro kpena ɖe mía ŋu míesea ale si Yehowa bua nuwo ŋui la gɔme. (Rom. 15:5; Flp. 2:5) Azɔ na míadzro nudzɔdzɔ eve aɖewo siwo ŋuti nya woŋlɔ ɖe Nya Nyui Gbalẽawo me la me.

8, 9. Abe ale si woŋlɔe ɖe Yohanes 6:1-5 ene la, nu kae dzɔ hafi Yesu bia nya Filipo, eye nu ka tae Yesu bia nya mae?

8 Kpɔ nudzɔdzɔa le susu me ɖa. Edzɔ do ŋgɔ teti na ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la. Ðeko Yesu ƒe apostolowo trɔ gbɔ tso gbeƒãɖeɖedɔ tseku aɖe si wowɔ le Galilea nuto bliboa me la wɔƒe enye ema. Esi wònye be ɖeɖi te wo ŋu le dɔ sia gbegbe wɔwɔ megbe ta la, Yesu kplɔ wo yi teƒe tsoabo aɖe le Galilea Ƒua ƒe dzieheɣedzeƒe gome le ƒua ta. Ke hã, ame akpe geɖe dze wo yome yi afi ma. Esi Yesu da gbe le ameha ma ŋu eye wòfia nu geɖe wo vɔ la, kuxi aɖe do mo ɖa. Aleke ame siawo katã awɔ akpɔ nu aɖu le teƒe tsoabo sia? Esi Yesu kpɔ hiahiã sia dze sii ta la, ebia Filipo, ame si tso nuto ma me la be: “Afi kae míakpɔ abolo le aƒle na ame siawo woaɖu?”—Yoh. 6:1-5.

9 Nu ka tae Yesu bia nya sia Filipo ɖo? Ðe Yesu menya nu si wòawɔ o taea? Ao. Nu ka koŋue nye eƒe susu? Apostolo Yohanes, si hã nɔ afi ma la ɖe eme be: “[Yesu nɔ] esia gblɔm be yeatsɔ adoe kpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.” (Yoh. 6:6) Le afi sia la, Yesu do ale si gbegbe eƒe nusrɔ̃lawo wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔmenugɔmesese me la kpɔ. Esi wòbia nya sia wo la, ehe woƒe susu yi kuxia dzi eye wòna mɔnukpɔkpɔ wo be woaɖe nu si woxɔ se be yeate ŋu awɔ la agblɔ. Gake woda ƒu le mɔnukpɔkpɔ sia si su wo si la me eye woɖee fia be yewoƒe nugɔmesese mede ŋgɔ kura o. (Mixlẽ Yohanes 6:7-9.) Eyome la, Yesu ɖee fia be yeate ŋu awɔ nane si ŋu woawo ya mebu kura o la. Eto nukunu aɖe dzi na nuɖuɖu ame akpe geɖe mawo siwo dɔ nɔ wuwum la woɖu.—Yoh. 6:10-13.

10-12. (a) Anye nu ka tae Yesu mewɔ ɖe Hela nyɔnu la ƒe biabiaa dzi nɛ enumake o? Ðe eme. (b) Nu ka mee míadzro azɔ?

10 Nudzɔdzɔ sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase ale si Yesu bu nuwo ŋui le nudzɔdzɔ bubu aɖe me la gɔme. Esi Yesu na nuɖuɖu ameha gã sia woɖu megbe kpuie la, woa kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ mɔ yi dziehe gome gbɔ Israel ƒe liƒowo ŋu heyi ɖe Tiro kple Zidon ƒe nutowo me. Wodo go Hela nyɔnu aɖe le afi ma, eye nyɔnua ɖe kuku na Yesu be wòada gbe le ye vinyɔnuvi ŋu. Gbã la, Yesu megblɔ nya aɖeke tsɔ ɖo eŋu nɛ o. Gake esi nyɔnua yi edzi nɔ kuku ɖem nɛ la, Yesu gblɔ nɛ be: “Na ɖeviwo naɖi ƒo gbã, elabena mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.”—Mar. 7:24-27.

11 Nu ka tae Yesu melɔ̃ gbã be yeakpe ɖe nyɔnu sia ŋu o? Ðe Yesu nɔ nyɔnu sia dom kpɔ abe ale si wòdo Filipo kpɔ ene, be yeakpɔ ale si wòawɔ nui, ne wòanye mɔnukpɔkpɔ nɛ be wòaɖe xɔse si le esi la afia? Togbɔ be womeɖɔ gbe si Yesu tsɔ ƒo nu nɛ la le nuŋlɔɖia me o hã la, edze ƒãa be gbe si wòtsɔ ƒo nu nɛ la meɖe dzi le eƒo o. Nya “avuviwo” si Yesu zã la na nyɔnua kpɔe be eƒo nu na ye dɔmenyotɔe. Eya ta ɖewohĩ Yesu nɔ nu wɔm abe dzila aɖe si ɖoe be yeawɔ ye vi aɖe ƒe didi dzi nɛ evɔ medi be wòadze le yeƒe nuwɔna me be yele ewɔ ge nɛ o, ale be yeate ŋu anya ale si gbegbe nua le vevie na ɖeviae la ene. Aleke kee wòɖale o, esi nyɔnua ɖe xɔse fia ko la, Yesu lɔ̃ faa wɔ nu si wòdi la nɛ.—Mixlẽ Marko 7:28-30.

12 Nudzɔdzɔ eve siawo siwo ŋuti nya woŋlɔ ɖe Nya Nyuiawo me la na gɔmesese deto su mía si le “Kristo ƒe tamesusu” ŋu. Azɔ na míakpɔ ale si nudzɔdzɔ siawo ŋuti nya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase Yehowa ƒe susuwo gɔme nyuie wu ɖa.

Ale Si Yehowa Wɔ Nu Kple Mose

13. Alekee ale si Yesu bua nuwo ŋui la gɔme sese kpena ɖe mía ŋu?

13 Ale si Yesu bua nuwo ŋui la gɔmesese kpena ɖe mía ŋu míesea Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi siwo gɔme sese ate ŋu asesẽ la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, bu nya siwo Yehowa gblɔ na Mose esime Israel viwo wɔ sikanyivi hede ta agu nɛ vɔ megbe la ŋu kpɔ. Mawu gblɔ be: ‘Mekpɔ bena, dukɔ sia la dukɔ kɔ lialiatɔ wònye. Eya ta na nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu, be matsrɔ̃ wo, eye mawɔ wò nàtrɔ zu dukɔ gã aɖe.’—2 Mose 32:9, 10.

14. Esi Yehowa gblɔ nu si wòɖo be yeawɔ na Mose la, alekee wòwɔ nui?

14 Nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ be: ‘Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena: Yehowa, nu ka ŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nèkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mahã? Nu ka ŋuti Egiptetɔwo agblɔ bena: [Vɔ̃didi] na wo ta wòkplɔ wo yii ɖo, bena wòawu wo le towo domee, eye wòatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba ŋku me? Na wò dɔme nafa, eye nàɖe asi le vɔ̃, si nèɖo ɖe wò dukɔ ŋuti la ŋu. Ðo ŋku wò dɔla Abraham, Isak, kple Israel dzi, ame siwo nèka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe medo la, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee. Eye Yehowa ɖe asi le vɔ̃, si wòɖo ɖe eƒe dukɔ ŋuti la ŋu.’—2 Mose 32:11-14.a

15, 16. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na Mose le nya si Yehowa gblɔ nɛ ta? (b) Nu kae Yehowa tso nya me be yeawɔ?

15 Ðe wòahiã ŋutɔŋutɔ be Mose naɖɔ Yehowa ƒe susu ɖoa? Kpao! Togbɔ be Yehowa ɖe nu si wòdi be yeawɔ la gblɔ hã la, metso nya me keŋkeŋ be yeawɔe o. Le nyateƒe me la, ɖe Yehowa nɔ Mose dom kpɔ le afi sia, abe ale si ko Yesu hã va do Filipo kple Hela nyɔnu la kpɔ emegbe ene. Yehowa na mɔnukpɔkpɔ Mose be wòagblɔ eƒe nukpɔsusu.b Yehowa ɖo Mose domenɔlae le Eya ŋutɔ kple Israel dukɔa dome, eye Yehowa de bubu Mose ƒe ɖoƒe ma ŋu. Ðe Mose aɖe mɔ nuteɖeamedzi nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔna dzia? Ðe wòawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ atsɔ ate kpɔ be yeana Yehowa nagbe nu le Israel viwo gbɔ eye wòana Mose ŋutɔ ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖea?

16 Ale si Mose wɔ nui la ɖe eƒe xɔse kple ale si wòka ɖe Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzii la fia. Ale si wòwɔ nui la ɖee fia be menɔ eɖokui tɔ dim o, ke boŋ etsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Medi be woaƒo ɖii o. Mose to esia me ɖee fia be yese “Yehowa ƒe tamesusu” le nya sia ŋu gɔme. (1 Kor. 2:16) Nu kae do tso eme? Esi wònye be Yehowa meɖoe kplikpaa be yeaɖe afɔ ma o ta la, nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be ‘eɖe asi le’ vɔ̃, si wògblɔ be yedi be yeahe ava dukɔ bliboa dzi la ŋu.

Ale Si Yehowa Wɔ Nu Kple Abraham

17. Alekee Yehowa ɖe dzigbɔɖi gã aɖe fia le ale si wòwɔ nu ɖe Abraham ƒe dzimaɖitsitsia ŋu me?

17 Ale si Yehowa ɖea mɔ na esubɔlawo be woaɖe woƒe xɔse kpakple ale si woka ɖe eya amea dzii la agblɔ faa la ƒe kpɔɖeŋu bubu dze le nya si Abraham tsɔ ɖo Mawu ŋkume ku ɖe Sodom ŋu la me. Le nudzɔdzɔ ma me la, Yehowa ɖe dzigbɔɖi gã aɖe fia esi wòɖe mɔ na Abraham wòbia nyae zi enyi sɔŋ. Le Abraham ƒe nyaawo me la, eva gblɔ tẽe be: ‘Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nàgawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ðe xexea me ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?’—1 Mose 18:22-33.

18. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu kple Abraham la me?

18 Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe tamesusu ŋu le nuŋlɔɖi sia me? Ðe wòhiã be Abraham naɖe susu kple Yehowa hafi Yehowa nawɔ nyametsotso nyuitɔa? Ao. Nya lae nye be, Yehowa ate ŋu agblɔ susu siwo tae wòwɔ nyametsotso ma ɖo la le gɔmedzedzea me hafi. Gake esi Yehowa ɖe mɔ na Abraham wòbia nya mawo la, eto esia dzi na ɣeyiɣii be wòava lɔ̃ ɖe yeƒe nyametsotsoa dzi eye wòase yeƒe tamesusu gɔme. Esia na mɔnukpɔkpɔ Abraham hã be wòase ale si gbegbe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple dzɔdzɔenyenye de toe la gɔme. Ɛ̃, Yehowa wɔ nu ɖe Abraham ŋu abe ale si ame aɖe awɔ nu ɖe xɔlɔ̃a ŋui ene.—Yes. 41:8; Yak. 2:23.

Nufiame Siwo Le Esiawo Katã Me Na Mí

19. Alekee míate ŋu asrɔ̃ Hiob?

19 Nu kae míesrɔ̃ tso “Yehowa ƒe tamesusu” ŋu? Ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe Nya la nana Yehowa ƒe tamesusu ŋuti gɔmesese nyuitɔ nasu mía si. Mele be míatsɔ míaƒe nukpɔsusu, dzidzenuwo kple nuŋububu siwo seɖoƒe li na la adrɔ̃ ʋɔnu Yehowa gbeɖe o. Hiob gblɔ be: “Menye ame [Mawu nye] abe nye ene, ne maɖo ŋu nɛ be: na míayi ʋɔnu o.” (Hiob 9:32) Abe Hiob ene la, ne míeva le Yehowa ƒe tamesusu gɔme sem la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe be míegblɔna be: ‘Kpɔ ɖa, esiawo nye eƒe mɔwo to ko, eye nu si sem míele la, nye dalĩdodo. Ke ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?’—Hiob 26:14.

20. Nu kae wòle be míawɔ ne míeke ɖe Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe si gɔme sese sesẽ na mí la ŋu?

20 Ne míele Ŋɔŋlɔawo xlẽm la, nu kae wòle be míawɔ ne míeke ɖe nya aɖe si gɔme sese sesẽ na mí la ŋu, vevietɔ esiwo ku ɖe Yehowa ƒe tamesusu ŋu? Ne míewɔ numekuku le nyaa ŋu eye míese nyaa gɔme kokoko o la, míate ŋu abui abe míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi ŋuti dodokpɔ ene. Ðo ŋku edzi be, ɣeaɖewoɣi la, nya aɖewo siwo ŋu míekena ɖo le Biblia me la naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe ale si míeka ɖe nɔnɔme siwo le Yehowa si dzii la afia. Mina míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be míesea nu sia nu si wòwɔna la gɔme o. (Nyagb. 11:5) Esia awɔe be míalɔ̃ ɖe apostolo Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke seɖoƒe meli na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ye nye esi! Elabena ‘ame kae va nya Yehowa ƒe tamesusu, alo ame kae zu eƒe aɖaŋuɖola?’ Alo ‘Ame kae na nui gbã, bene woaɖo eteƒe nɛ?’ Elabena nuwo katã tso egbɔ, eye woto edzi, eye wonye etɔ. Etɔ nanye bubu yi mavɔmavɔ me. Amen.”—Rom. 11:33-36.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nudzɔdzɔ sia tɔgbi ƒe nuŋlɔɖi le 4 Mose 14:11-20.

b Hebrigbe me adagana si gɔme woɖe be “na,” si Yehowa zã le 2 Mose 32:10 esi wògblɔ be, “na nye dɔmedzoe nabi” la gɔme ɖeɖe sesẽ. Gake le agbalẽnyala aɖewo ƒe nya nu la, woate ŋu ase nya sia gɔme be, ɖe Yehowa nɔ Mose kpem alo nɔ mɔ ɖem nɛ be wòawɔ eƒe wɔƒe abe domenɔla ene, alo ‘wòatsi tsitre ɖe gbagbãƒe’ la, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, le Yehowa kple dukɔa dome axɔ nya ɖe dukɔ la nu. (Ps. 106:23; Ezek. 22:30) Aleke kee wòɖale o, edze ƒãa be esia na Mose ɖe dzi ɖi gblɔ eƒe nukpɔsusu na Yehowa faa.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nɔnɔme si nye be míatsɔ míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo anɔ ʋɔnu drɔ̃m Yehowae?

• Alekee Yesu ƒe nuwɔnawo gɔme sese ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míabɔ ha kple Yehowa’?

• Nu kawoe nèsrɔ̃ tso dze si Yehowa ɖo kple Mose kpakple dze si wòɖo kple Abraham la me?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe tamesusu ŋu le ale si wòwɔ nu kple Mose kpakple Abraham la me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe