Yehowa Le Mía Ta Kpɔm Hena Mía Xɔxɔ
“Ame siwo ta kpɔm Mawu ƒe ŋusẽ la le to xɔse me, hena xɔxɔ si woaɖe ɖe go kpuie le ɣeyiɣi mamlɛa me.”—1 PET. 1:4, 5.
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
Aleke Yehowa he mí va tadedeagu vavãtɔa me?
Aleke míate ŋu aɖe mɔ be Yehowa natsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo afia mɔ mí?
Aleke Yehowa dea dzi ƒo na mí?
1, 2. (a) Kakaɖedzi kae le mía si be Mawu akpe ɖe mía ŋu míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi? (b) Aleke gbegbee Yehowa nya mía dometɔ ɖe sia ɖe?
“AME si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” (Mat. 24:13) Yesu to nya mawo dzi na eme kɔ nyuie be, hafi woakpɔ mía ta ne Mawu va le ʋɔnu drɔ̃m Satana ƒe xexea la, ele be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Gake esia mefia be Yehowa le mɔ kpɔm be míado dzi le míawo ŋutɔwo ƒe nunya kple ŋusẽ me o. Biblia na kakaɖedzi mí be: “Nyateƒetɔe Mawu nye, eye maɖe mɔ be woate mi kpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, ke hã, ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la mi, bene miate ŋu ado dzi atsɔe.” (1 Kor. 10:13) Nu kae nya mawo fia?
2 Nu si wofiae nye be, be Yehowa nakpɔ egbɔ be woagate mí kpɔ wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o la, ele be wòanya nu sia nu le mía ŋu; efia be ele be wòanya kuxi siwo me tom míele, míaƒe wɔwɔme, kple afi si míate ŋu ado dzi ase ɖo hã. Ðe Mawu nya mí nenema nyateƒea? Ɛ̃. Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Yehowa nya mía dometɔ ɖe sia ɖe nyuie. Enya nu siwo míewɔna gbe sia gbe kple míaƒe numamewo hã. Ate ŋu anya míaƒe tamesusuwo kple dzimesusuwo gɔ̃ hã.—Mixlẽ Psalmo 139:1-6.
3, 4. (a) Aleke ale si Yehowa tsɔ ɖe le eme na David la ɖe ale si wòtsɔa ɖe ele eme na mía dometɔ ɖe sia ɖee la fia? (b) Dɔ wɔnuku ka wɔm Yehowa le egbea?
3 Ðe wòwɔ nuku na mí be Mawu tsɔ ɖe le eme na amegbetɔ tsɛwo nenema gbegbea? Hakpala David de ŋugble tso nyabiase sia ŋu eye wògblɔ na Yehowa be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nu ka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?” (Ps. 8:4, 5) Ðewohĩ nu siwo me David ŋutɔ to lae ʋãe wòbia nya sia. Esi Yehowa lé ŋku ɖe eya si nye Isai viŋutsu ɖevitɔ ƒe dzi me la, ekpɔe be enye ‘ŋutsu si dze ye ŋu’ eye wòkplɔe “tso lãnyiƒe le alẽwo yome, be [wòaɖu] amegã” ɖe Israel dzi. (1 Sam. 13:14; 2 Sam. 7:8) Xexea me katã Wɔla la lé ŋku ɖe David ŋu tsitotsito henya eƒe dzimesusuwo kple seselelãmewo, togbɔ be alẽkplɔvi ko wònye hã. Bu ale si David anya se le eɖokui me ŋu kpɔ!
4 Ne míekpɔ ale si gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí ɖekaɖekae egbea la, ewɔa nuku na mí ŋutɔ. Ele ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo’ nu ƒom ƒu ɖe tadedeagu vavãtɔ me, eye wòle kpekpem ɖe esubɔlawo ŋu be woayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. (Xag. 2:7) Be míase ale si Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi gɔme la, mina míade ŋugble le ale si wòhea amewo vaa tadedeagu vavãtɔa me ŋu gbã.
MAWU YE HE MÍ VAE
5. Aleke Yehowa hea amewo vaa Via gbɔe? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
5 Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la, ame si dɔm ɖa la, hee vae.” (Yoh. 6:44) Nya mawo fia be, hafi míava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo la, ele be Mawu nakpe ɖe mía ŋu. Aleke Yehowa hea ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la vaa Via gbɔe? Ewɔa esia to gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, esime Paulo kple eƒe zɔhɛ dutanyanyuigblɔlawo nɔ Filipi la, wodo go nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lidia eye wote nya nyuia gbɔgblɔ nɛ. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Yehowa ʋu eƒe dzi gbadzaa be wòalé to ɖe nya siwo gblɔm Paulo nɔ la ŋu.” Ɛ̃, Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔa kpe ɖe nyɔnua ŋu wòse gbedeasia gɔme, eye esia wɔe be woa kple eƒe aƒemetɔwo woxɔ nyɔnyrɔ.—Dɔw. 16:13-15.
6. Aleke Mawu he mí katã va tadedeagu vavãtɔa me?
6 Lidia ɖeɖe dzaa koe to nɔnɔme sia tɔgbi mea? Gbeɖe. Ne Kristotɔ ɖeadzɔgbee nènye la, ekema efia be ɖe Mawu he wò hã va tadedeagu vavãtɔa me. Ale si ko mía Fofo si le dziƒo la kpɔ nu nyui aɖe le Lidia ƒe dzi me la, nenema kee wòkpɔ nu nyui aɖe le wò hã wò dzi me. Esime nète toɖoɖo nya nyuia la, Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe ŋuwò nèse egɔme. (1 Kor. 2:11, 12) Esi nènɔ agbagba dzem be yeanɔ agbe ɖe nu siwo srɔ̃m nènɔ nu la, eyra ɖe agbagba siwo dzem nènɔ be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la dzi. Esi nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ la, eƒe dzi kpɔ dzidzɔ. Le nyateƒe me la, tso keke esime nèdze agbemɔa dzi zɔzɔ gɔme ke la, Yehowa li kpli wò le afɔ ɖe sia ɖe si nèɖena me.
7. Aleke míewɔ nya be Mawu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe?
7 Esi Yehowa kpe ɖe mía ŋu míedze zɔzɔ kplii gɔme la, meɖea asi le mía ŋu fifia be míawɔ míawo ŋutɔwo ƒe nunya ŋu dɔ ayi edzi awɔ nuteƒe na ye o. Enyae be ale si ko menye míawo ŋutɔwoe va nyateƒea me le mía ɖokui si o la, nenema kee míate ŋu akpɔtɔ anɔ nyateƒea me le míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Esi apostolo Petro nɔ lɛta ŋlɔm na Kristotɔ amesiaminawo la, egblɔ be: “Mawu ƒe ŋusẽ [le mia ta kpɔm] to xɔse me, hena xɔxɔ si woaɖe ɖe go kpuie le ɣeyiɣi mamlɛa me.” (1 Pet. 1:4, 5) Petro ƒe nya sia ku ɖe Kristotɔwo katã ŋu egbea. Nu ka tae? Elabena mí katã míehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ.
ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊU MÍAƑO ASA NA AFƆ GBEGBLẼ ÐEÐE
8. Nu ka tae wòhiã be míakpɔ nyuie be míagaɖe afɔ gbegblẽ aɖeke o?
8 Agbemekuxiwo kple míaƒe blibomademade ate ŋu awɔe be míaƒe ŋku nadzo le gbɔgbɔmenuwo dzi eye esia ate ŋu awɔe be míava ɖe afɔ gbegblẽ le míawo ŋutɔwo ƒe manyamanya me. (Mixlẽ Galatiatɔwo 6:1.) Esia ƒe nyateƒenyenye dze le nane si me David to le agbe me la me.
9, 10. Aleke Yehowa xe mɔ na David be wòagaɖe afɔ gbegblẽ o, eye nu kae Yehowa wɔna na mí egbea?
9 Esime Fia Saul nɔ David yome tim la, David ɖu eɖokui dzi ale gbegbe be medze agbagba be yeaɖo fia ŋuʋãla ma ƒe nuwɔnawo teƒe nɛ o. (1 Sam. 24:2-7) Gake esia megbe kpuie la, David megate ŋu ɖu eɖokui dzi le nudzɔdzɔ aɖe me o. Ehiã be wòakpɔ nuɖuɖu na eƒe amewo eye wòbia kpekpeɖeŋu tso ehati Israel vi aɖe si ŋkɔe nye Nabal gbɔ. Esi Nabal tsɔ dzugbewo ɖo nya ŋu na David ta la, David do dziku eye wòdze mɔ yina ŋutsu siwo katã le Nabal ƒe aƒe me la tsrɔ̃ ge atsɔ abia hlɔ̃ na eɖokui, evɔ mekpɔe be ame maɖifɔwo wuwu ana yeaɖi ʋufɔ le Mawu ŋkume o. Gake Abigail, Nabal srɔ̃, yi ɖaxe mɔ na David be wòagawɔ vodada gã ma o. Esi David kpɔe dze sii be Yehowa zã Abigail tsɔ kpɔ ye ta ta la, egblɔ nɛ be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva kpem egbe! Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, ame si xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe, eye nyematsɔ nye asi axɔ na ɖokuinye o!”—1 Sam. 25:9-13, 21, 22, 32, 33.
10 Nufiame kae le ŋutinya sia me na mí? Yehowa zã Abigail tsɔ xe mɔ na David be wòagaɖe afɔ gbegblẽ o. Nenema kee wòwɔna na míawo hã egbea. Gake esia mefia be ele be míanɔ mɔ kpɔm be Mawu adɔ ame aɖe be wòava xe mɔ na mí ɣesiaɣi si míeyina vodada gã aɖe wɔ ge o; nenema ke míate ŋu anya ale si tututu Mawu awɔ nu le nɔnɔme aɖe me alo nu si wòaɖe mɔ wòadzɔ be yeƒe tameɖoɖo nava eme la o. (Nyagb. 11:5) Ke hã míate ŋu aka ɖe edzi be nɔnɔme siwo me tom míele la le nyanya na Yehowa ɣesiaɣi eye akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe nɛ. Ena kakaɖedzi mí be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nàto la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Ps. 32:8) Aleke Yehowa ɖoa aɖaŋu na mí? Aleke esia ate ŋu aɖe vi na mí? Eye nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa le mɔ fiam eƒe amewo egbea? Kpɔ ale si woɖo nya mawo ŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ɖa.
EƑE AÐAŊUÐOÐOWO KPƆA MÍA TA
11. Aleke gbegbee Yehowa nya nu siwo le edzi yim le hameawo me?
11 Le ŋutega si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ta 2 lia kple 3 lia me la, Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la lé ŋku ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue la ŋu. Ŋutegaa ɖee fia be menye gbɔgbɔ si hameawo ɖena fiana koe Kristo kpɔ o, ke ekpɔ kuxi siwo koŋ nɔ hameawo me hã. Le wo dometɔ aɖewo gome la, eyɔ ame ɖekaɖekawo ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã, eye wògblɔ kafukafunya alo nuxlɔ̃amenya aɖe na wo dometɔ ɖe sia ɖe. Nu kae esia ɖe fia? Le ŋutega la me vava me la, hame adreawo le tsitre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo le ƒe 1914 megbe, eye aɖaŋu siwo woɖo na hame adreawo la yi na Mawu ƒe amewo ƒe hame siwo katã le anyigba dzi egbea. Eya ta nunya le eme be míaƒo nya ta be Yehowa le mɔ fiam eƒe amewo vevie to Via dzi. Nu kae míawɔ be mɔfiame ma nate ŋu aɖe vi na mí?
12. Aleke míate ŋu aɖe mɔ Yehowa nafia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo?
12 Mɔ ɖeka aɖe si dzi míato be Yehowa ƒe mɔfiafia si me lɔlɔ̃ le naɖe vi na mí ye nye ɖokuisinusɔsrɔ̃. Yehowa toa agbalẽ siwo kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe haa tana dzi ɖoa aɖaŋu gbogbo aɖewo siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la na mí. (Mat. 24:45) Gake hafi esiawo naɖe vi na mí la, ele be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ agbalẽawo eye míanɔ agbe ɖe nu si míesrɔ̃ la nu. Ðokuisinusɔsrɔ̃ nye mɔ ɖeka aɖe si dzi Yehowa ate ŋu ato ‘akpɔ mía ta be míagakli nu o.’ (Yuda 24) Ðe nèsrɔ̃ nyati aɖe le míaƒe agbalẽwo me eye wòwɔ na wò be wò ɖeɖe koe woŋlɔ nyatia na kpɔa? Xɔ aɖaŋuɖoɖoa be Yehowa gbɔe wòtso na wò. Abe ale si ko xɔlɔ̃ aɖe aƒo abɔta na mí atsɔ ahe míaƒe susu ayi nane dzii ene la, nenema kee Yehowa ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔa atsɔ ahe míaƒe susu ayi míaƒe agbenɔnɔ alo míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe si ŋu wòhiã be míawɔ asitɔtrɔ le la dzi. Ne míeɖea mɔ gbɔgbɔ la fiaa mɔ mí la, efia be míele mɔ ɖem be Yehowa nafia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo. (Mixlẽ Psalmo 139:23, 24.) Ekema mina míalé ŋku ɖe ale si míesrɔ̃a nui ŋu nyuie.
13. Nu ka tae nunya anɔ eme be míalé ŋku ɖe ale si míesrɔ̃a nui ŋu?
13 Ɣeyiɣi geɖe fũu zazã ɖe modzakaɖeɖe ŋu ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si wòhiã be míatsɔ asrɔ̃ nu le mía ɖokui si la le mía si. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Ele bɔbɔe ŋutɔ be ɖokuisinusɔsrɔ̃ nato ame ŋu. Modzakaɖenuwo va bɔ egbea wu tsã, eye womexɔ asi fũu abe tsã ene o. Wole television, kɔmpiuta, kple asitelefon dzi nàkpɔ. Woƒo xlã mí.” Ne míekpɔ nyuie o la, ɣeyiɣi si míehiã be míatsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ deto la ate ŋu anɔ dodom le mía si me vivivi va se ɖe esime wòavɔ keŋ. (Ef. 5:15-17) Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Zi gbɔ zi nenie media ɣeyiɣi tsɔ srɔ̃a Mawu ƒe Nya la tsitotsito le ɖokuinye si? Ðe wòanye be ɣeyiɣi si me wòhiã be madzra nuƒo aɖe alo dɔdeasi aɖe ɖo la koe mewɔa esia?’ Ne nenemae la, ɖewohĩ míate ŋu awɔ fiẽsi siwo míetsɔ ɖo anyi na ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ la ŋu dɔ nyuie be míadi gbɔgbɔmenunya siwo Yehowa naa mí be yeatsɔ akpɔ mía ta hena mía xɔxɔ la abe kesinɔnu ene.—Lod. 2:1-5.
EƑE DZIDEƑONAME LÉA MÍ ÐE TE
14. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Yehowa nya ale si míesena le mía ɖokui me?
14 David to nɔnɔme gbãdziname geɖewo me le agbe me. (1 Sam. 30:3-6) Nya siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ ɖi la ɖee fia be Yehowa nya eƒe seselelãmewo. (Mixlẽ Psalmo 34:19; 56:9.) Nenema kee Mawu nya míawo hã míaƒe seselelãmewo egbea. Ne míaƒe “dzi gbã gudugudu” alo ‘woƒo míaƒe gbɔgbɔ ƒu anyi’ la, etsɔna ɖe mía gbɔ. Esia ɖeɖe nyanya ate ŋu afa akɔ na mí, abe ale si wòfa akɔ na David ene, elabena edzi ha be: “Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta.” (Ps. 31:8) Gake Yehowa wɔa nu si yi ŋgɔ wu míaƒe xaxawo nyanya ɖeɖe ko. Etoa akɔfanya kple dzideƒonyawo dzi léa mí ɖe te. Mɔ aɖe si dzi wòtona wɔa esiae nye Kristotɔwo ƒe kpekpewo.
15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si me Asaf to la me?
15 Míate ŋu atsɔ nu si me hakpala Asaf to la awɔ viɖe aɖe si míekpɔna le kpekpeawo dede me la ƒe kpɔɖeŋui. Esime Asaf nɔ nu madzɔmadzɔ siwo nɔ edzi yim ŋu bum la, ewɔe be megava kpɔ asixɔxɔ si le Mawu subɔsubɔ ŋu la dze sii o. Eye dzi va ɖe le Asaf ƒo. Egblɔ ale si wòse le eɖokui me ale: “Dzi kum, eye nye ayikuwo ɖum.” Nu si do tso emee nye be esusɔ vie wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ kloe. Nu kae kpe ɖe Asaf ŋu wògada sɔ ake? Egblɔ be: “Mege ɖe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la.” Esi wòyi ehati Yehowa subɔlawo dome le afi ma la, ete ŋu ɖɔ eƒe nukpɔsusu ɖo. Ekpɔe be ɣeyiɣi vi aɖe koe ame vɔ̃ɖiwo ƒe nudzedziname anɔ anyi ase ɖo, eye be Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe godoo. (Ps. 73:2, 13-22) Nenema kee wòle le míawo hã gome egbea. Nu madzɔmadzɔ siwo teƒe kpɔm míele le Satana ƒe xexea me la ate ŋu ana nu nate ɖe mía dzi eye dzi naɖe le mía ƒo. Gake ne míeyi ɖakpe kple mía nɔviwo la, edoa ŋusẽ mí eye wòkpena ɖe mía ŋu míenɔa dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me.
16. Aleke Xana ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí?
16 Gake nenye be nɔnɔme aɖe si le hamea me la wɔe be wòsesẽna na mí be míade kpekpeawo ya ɖe? Ðewohĩ eva hiã be nàɖe asi le subɔsubɔgbanɔamedzi aɖe ŋu eye esia na ŋu kpe wò, alo masɔmasɔ aɖe ɖo mia kple nɔvi aɖe dome. Ne nenemae la, ɖewohĩ Xana ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. (Mixlẽ 1 Samuel 1:4-8.) Ðo ŋku edzi be atsusia si ŋkɔe nye Penina tsɔa dzikunyawo gbãa dzi nɛ. Nɔnɔmea nu gasẽna ɖe edzi wu ƒe sia ƒe ne ƒomea yi vɔ sa ge na Yehowa le Silo. Egbãa dzi na Xana ale gbegbe be “wòléa avi me, eye wòdoa kpo nuɖuɖu.” Ke hã Xana meɖe mɔ esia xe mɔ nɛ be wòagakpɔ gome le tadedeagu na Yehowa me o. Yehowa de dzesi eƒe nuteƒewɔwɔa eye wòyrae.—1 Sam. 1:11, 20.
17, 18. (a) Mɔ kawo nue wodea dzi ƒo na mí le hamea ƒe kpekpewo me le? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me le ale si Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe be míakpɔ xɔxɔ ŋu?
17 Susu geɖewo li siwo tae wòle be Kristotɔ siwo li egbea nasrɔ̃ Xana ƒe kpɔɖeŋua. Ehiã be míanɔ kpekpewo dem nuteƒewɔwɔtɔe. Abe ale si mí katã míekpɔe dze sii ene la, kpekpeawo naa dzideƒo si míehiã vevie la sua mía si. (Heb. 10:24, 25) Ne míede kpekpeawo la, míekpɔnɛ be mía nɔviwo lɔ̃ mí, eye esia dea dzi ƒo na mí. Nya aɖe si wogblɔ le nuƒo alo nyaŋuɖoɖo aɖe me la ate ŋu afa akɔ na mí. Ne míele dze ɖom do ŋgɔ na kpekpeawo kple le kpakpã vɔ megbe la, nɔvi aɖe ate ŋu aɖo to ase míaƒe nyawo alo agblɔ dzideƒonya aɖewo na mí. (Lod. 15:23; 17:17) Eye ne míekɔ míaƒe gbe dzi le ha dzim na Yehowa la, aleke gbegbe míaƒe dzi dzea emee nye esi! Vevietɔ ne ‘nuxaxa yɔ míaƒe dzi me’ la, ɣemaɣie míehiã na dzideƒonya siwo míexɔna le kpekpeawo me la geɖe wu. Afi mae Yehowa tsɔa eƒe “akɔfaname” léa mí ɖe te hedoa ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la le.—Ps. 94:18, 19.
18 Esi míele dedie le mía Mawu la ƒe beléname ta la, míesena le mía ɖokuiwo me abe hakpala Asaf, si dzi ha na Yehowa be, “Nèlé nye nuɖusi ɖe asi. Àkplɔm le wò aɖaŋudede la nu” la, ene. (Ps. 73:23, 24) Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Yehowa le mía ta kpɔm hena mía xɔxɔ!
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Ðe Yehowa he wò hã vae
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ kpɔa mía ta
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Dzideƒonyawo léa mí ɖe te