Biblia Gbalẽ 43 Lia—Yohanes
Eŋlɔla: Apostolo Yohanes
Afi Si Wòŋlɔe Le: Efeso alo egbɔ lɔƒo
Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Ƒe 98 M.Ŋ. lɔƒo
Ɣeyiɣi Si Ƒe Nudzɔdzɔwo Ŋu Wòku Ðo: Ƒe 29–33 M.Ŋ. (Ŋgɔdonyaa koe mele eme o)
MATEO, Marko, kple Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽawo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo si wonɔ zazãm wòwu ƒe 30 ɣemaɣi, eye wolɔ̃ ɖe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo woŋlɔ agbalẽ mawo. Azɔ esi ƒe alafa gbãtɔa ƒe nuwuwu nɔ gogom, eye ame siwo nɔ Yesu ŋu la ƒe xexlẽme dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ la, biabia aɖe anya va amewo ƒe susu me, be: Ðe nya aɖewo gali woagblɔa? Ðe ame bubu aɖe gali, si ate ŋu aɖo ŋku nya vevi bubu aɖewo dzi ku ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋua? Ɛ̃, ame aɖe nɔ anyi. Woyra Yohanes etɔxɛe le eƒe hadede kple Yesu me. Anɔ eme be, enɔ nusrɔ̃la gbãtɔ siwo Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe fia Mawu ƒe Alẽvi la dome, eye wònye ame ene gbãtɔ siwo Aƒetɔ la kpe be woava nɔ ye ŋu ɣeawokatãɣi le subɔsubɔdɔa me la dometɔ ɖeka. (Yoh. 1:35-39; Mar. 1:16-20) Eyi edzi nɔ Yesu ŋu kplikplikpli le eƒe subɔsubɔdɔa katã wɔwɔ me, eye eyae nye nusrɔ̃la si “Yesu lɔ̃na,” si viã ɖe Yesu kɔme le Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛa ɖuƒe. (Yoh. 13:23; Mat. 17:1; Mar. 5:37; 14:33) Eyae Yesu tsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de asi na, eye enɔ eteƒe hafi wowu Yesu ŋutasesẽtɔe; eyae ƒu du to Petro ŋu esime woyina yɔdoa gbɔ be woakpɔ ɖa be nyateƒee wònye be Yesu fɔ hã.—Yoh. 19:26, 27; 20:2-4.
2 Ƒe 70 kloe siwo Yohanes subɔ veviedodotɔe, kple ŋutega siwo wòkpɔ esime eya ɖeka nɔ gaxɔ me le Patmo ƒukpo suea dzi esime wòyi afi ma eteƒe medidi o, kpakple ŋugbledede tso ŋutega siawo ŋu, na wòsu te aŋlɔ nu xɔasi siwo wòdzra ɖo ɣeyiɣi didi aɖee nye ma ɖe eƒe dzi me la ɖi. Fifia gbɔgbɔ kɔkɔe do ŋusẽe be wòaɖo ŋku agbe mavɔ nya vevi geɖe mawo dzi ahaŋlɔ wo ɖi, bene ame sia ame si le exlẽm la ‘naxɔe ase be Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la, eye be esi wòxɔe se ta la, wòakpɔ agbe to eƒe ŋkɔ me.’—20:31.
3 Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa evelia me la lɔ̃ ɖe edzi be, Yohanes ye ŋlɔ agbalẽ sia, eye wobui de Biblia gbalẽ siwo dzi woda asi ɖo be wonye nyateƒegbalẽwo la dome. Clement si tso Alexandria, Irenaeus, Tertullian, kple Origen, siwo katã nɔ agbe le ƒe alafa evelia ƒe nuwuwu kple ƒe alafa etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze la, ɖo kpe edzi be Yohanes ye ŋlɔe nyateƒe. Gawu la, agbalẽa ŋutɔ me nya gbogbo aɖewo ɖo kpe edzi be Yohanes ye ŋlɔe. Edze ƒãa be Yudatɔ aɖee ŋlɔ agbalẽa, eye wònya Yudatɔwo ƒe dekɔnuwo kple woƒe dukɔa nyuie. (2:6; 4:5; 5:2; 10:22, 23) Ale si wòŋlɔ nu tso nyaawo ŋu tsitotsito la ɖee fia be, menye apostolo koe wònye o, ke boŋ enɔ ame etɔ̃awo—Petro, Yakobo, kple Yohanes—siwo kplɔa Yesu ɖo yia wɔna tɔxɛ aɖewo teƒe, la dome. (Mat. 17:1; Mar. 5:37; 14:33) Agbalẽ sia ŋlɔla mate ŋu anye Yakobo, (si nye Zebedeo vi la) o, elabena Herodes Agripa I wui le eƒe xɔse ta, le ƒe 44 M.Ŋ. me lɔƒo, xoxoxo hafi wova ŋlɔ agbalẽ sia. (Dɔw. 12:2) Eye mate ŋu anye Petro hã o, elabena woƒo nu tso woa kple nuŋlɔlaa ŋu le Yohanes 21:20-24.
4 Le agbalẽa ƒe kpukpui mamlɛ siawo me la, wogblɔ tso eŋlɔla ŋu be eyae nye nusrɔ̃la “si Yesu lɔ̃na la,” eye nyagbɔgblɔ sia kple etɔgbi bubu geɖewo dze zi gbɔ zi geɖe le nuŋlɔɖia me, togbɔ be womeyɔ apostolo Yohanes ŋkɔ le agbalẽa me kura o hã. Wogblɔ le afi sia be, Yesu gblɔ tso eŋu be: “Ne nye lɔlɔ̃nue wònye be wòanɔ anyi va se ɖe esime mava ɖe, afi kae wòka na wò?” (Yoh. 21:20, 22) Nya siawo fia be, nusrɔ̃la sia anɔ agbe wòadidi wu Petro kple apostolo bubuawo katã. Nya siawo katã sɔ kple Yohanes ƒe nɔnɔmewo. Enyo ŋutɔ be míade dzesii be, esi woɖe Nyaɖeɖefia me ŋutega si ku ɖe Yesu ƒe vava ŋu fia Yohanes vɔ la, ewu nyagblɔɖi vevi ma me nyawo nu kple nya siawo be: “Amen! Aƒetɔ Yesu, va.”—Nyaɖ. 22:20.
5 Togbɔ be Yohanes ƒe nuŋlɔɖiawo ŋutɔ megblɔ nya aɖeke tso ɣeyiɣi si me wòanya ŋlɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa ŋu o hã la, ame akpa gãtɔ xɔe se be, esi Yohanes trɔ gbɔ tso aboyo me le Patmo ƒukpoa dzi megbee wòŋlɔe. (Nyaɖ. 1:9) Roma fiagã Nerva, si ɖu fia tso ƒe 96 va se ɖe 98 M.Ŋ. me la, ɖe asi le ame geɖe, siwo wokplɔ yi aboyo me le fia Domitian si do ŋgɔ nɛ ƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo, la ŋuti. Ame geɖe xɔe se be, esi Yohanes ŋlɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa, le ƒe 98 M.Ŋ. lɔƒo, megbee wòku le ŋutifafa me le Efeso le Fiagã Trajan ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me, si nye ƒe 100 M.Ŋ. me.
6 Ku ɖe teƒe si woŋlɔ agbalẽa le, si nye Efeso alo egbɔ lɔƒo ŋu la, ŋutinyaŋlɔla Eusebius (si nɔ agbe tso ƒe 260 va se ɖe 342 M.Ŋ. me lɔƒo) gblɔ be Irenaeus gblɔ be: “Yohanes, Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃la, si nɔ eƒe akɔnu kura gɔ̃ hã, ŋutɔ hã ŋlɔ nya nyui la esime wònɔ Efeso, le Asia.”a Nu bubu si gaɖo kpe edzi be, menye Palestina nutoa mee wònɔ hafi ŋlɔ agbalẽa o ye nye be, esi wònɔ nu ƒom tso ame siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu ŋuti la, eyɔ wo gbadzaa ko be “Yudatɔwo,” ke menye “Farisitɔwo,” “nunɔlawo ƒe tatɔwo,” kple bubuawo o. (Yoh. 1:19; 12:9) Azɔ hã, eyɔ Galilea Ƒua abe ale si Romatɔwo yɔnɛ ene, be Tiberia Ƒu. (6:1; 21:1) Be ame siwo menye Yudatɔwo o la nase Yudatɔwo ƒe azãɖuɖuwo gɔme ta la, Yohanes ɖe wo me. (6:4; 7:2; 11:55) Teƒe si woɖe aboyoe yi, si nye Patmos la, te ɖe Efeso ŋu, eye nu siwo wògblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe ta 2 lia kple 3 lia me la ɖee fia be enya Efeso kple hame bubu siwo nɔ Asia Sue la nyuie.
7 Asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevi siwo ŋu woke ɖo le ƒe alafa 20 lia me la ɖo kpe edzi be, kakaɖedzi le Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ŋu. Wo dometɔ ɖeka ye nye Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe agbalẽ kakɛ aɖe si wofɔ le Egipte, si woyɔna fifia be Papyrus Rylands 457 (P52), si me Yohanes 18:31-33, 37, 38 le, eye wodzrae ɖo ɖe John Rylands ƒe Agbalẽdzraɖoƒe, le Manchester, le England.b Aƒetɔ Frederic Kenyon, si megali o, gblɔ tso ale si agbalẽ kakɛ sia ɖo kpe edzi be Yohanes ye ŋlɔ Nya Nyui Gbalẽ sia le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la ŋu le eƒe agbalẽ si nye The Bible and Modern Scholarship, si wòŋlɔ le ƒe 1949 me, ƒe axa 21 be: “Togbɔ be ele sue hã la, esu aɖo kpe edzi be, Nya Nyui Gbalẽ sia ƒe gbãtɔ si wotsɔ asi ŋlɔ la nɔ anyi wonɔ zazãm, ɖewohĩ le Egipte nutowo me le ƒe 130-150 M.Ŋ. ƒe ɣeyiɣiawo me, le afi si wofɔe le. Ne míetsɔe be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe wòxɔ hafi tso afi si woŋlɔe le va ɖo afi si wonɔ ezãm le hã la, esia afia be ɣeyiɣi si me woŋlɔe la gogo esi dzi woda asi ɖo, si nye ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo, eye le esia ta, susu aɖeke megali, si ta míake ɖi le ƒe si me wosusu be eŋlɔe la ŋu o.”
8 Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖe dzesi le eƒe ŋgɔdonya la ta, si ƒo nu tso Nya la, si “nɔ anyi le gɔmedzedzea me kple Mawu” ŋuti, be eya dzie nuwo katã to va li. (1:2) Esi Yohanes ƒo nu tso ƒomedodo vevi si nɔ Fofo la kple Vi la dome ŋu vɔ la, eƒo nu tso Yesu ƒe dɔwɔnawo kple nuƒowo ŋu tsitotsito, vevietɔ le lɔlɔ̃ sẽŋu si na ɖekawɔwɔ le nu sia nu si ku ɖe Mawu ƒe ɖoɖo wɔnuku la ŋu dome la gome. Yesu ƒe agbe me ŋuti nuŋlɔɖi sia ƒo nu tso nu siwo dzɔ le ƒe 29-33 M.Ŋ. me ŋu, eye eƒo nu tso Ŋutitotoŋkekenyui ene siwo Yesu de le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi ŋu, si ɖo kpe edzi kɔtɛ be ƒe etɔ̃ kple afã ye wòtsɔ wɔ eƒe subɔsubɔdɔa. Woyɔ Ŋutitoto siawo dometɔ etɔ̃. (2:13; 6:4; 12:1; 13:1) Woyɔ wo dometɔ ɖeka be “Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe,” gake nya siwo ƒo xlã kpukpuia ɖee fia be, esi Yesu gblɔ be “esusɔ ɣleti ene hafi woate nuŋeŋe” la vɔ megbe kpuie ye wògblɔ nya sia, si fia be Ŋutitotoŋkekenyui ye, si nye ŋkekenyui si woɖuna le nuŋeɣia ƒe gɔmedzedze lɔƒo.—4:35; 5:1.c
9 Nya nyui la, “abe ale si Yohanes ŋlɔe ene” la me nyawo katã kloe (eƒe akpa 92 le alafa me) nye nya yeyewo ne wotsɔe sɔ kple Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃ bubuawo. Togbɔ be ele alea hã la, Yohanes ƒo eƒe agbalẽa ta kple nya siawo be: “Le nyateƒe me la, nu bubu geɖewo gali, siwo Yesu wɔ, si ne ɖe woŋlɔ wo ɖi tsitotsito la, mesusu be xexea ŋutɔ mate ŋu akpɔ teƒe na agbalẽ xatsaxatsa siwo woaŋlɔ la o.”—21:25.
NU SI TAE VIÐE LE EŊU
30 Ale si nya nyui la, “abe ale si Yohanes ŋlɔe ene,” la gblɔ nyawo tẽe kakaɖedzitɔe, kple nuŋlɔɖi vivi tsitotsito ʋãme si wòwɔ tso Nya la, si va zu Kristo, ŋu la, na míeva se Mawu ƒe Vi sia si wòsi ami na la ƒe nyawo kple nuwɔnawo gɔme nyuie wu. Togbɔ be atsyã si Yohanes tsɔ ŋlɔ eƒe agbalẽa kple nya siwo wòzã la gɔme sese le bɔbɔe, si ana woabui be enye ‘ame manyagbalẽ kple ame tsɛ’ hã la, ŋusẽ le eƒe nyawo ŋu ale gbegbe. (Dɔw. 4:13) Eƒe Nya Nyui Gbalẽa xɔ asi ŋutɔ, elabena ena míekpɔ lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo kplikplikpli si le Fofo la kple Vi la dome, kpakple yayra kple lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo si va nɔa ame si wɔ ɖeka kpli wo dome la dze sii. Ne wotsɔ zi neni si Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃ bubuawo zã nya siwo nye “lɔlɔ̃” kple “lɔ̃” ƒo ƒui la, Yohanes tɔ sɔ gbɔ wu.
31 Ƒomedodo xɔasi ka gbegbee nye ma nɔ Nya la kple Mawu Fofo la dome le gɔmedzedzea me! Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, “Nya la zu ŋutilã, eye wònɔ mía dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe, si le abe tenuvi aɖe ƒe ŋutikɔkɔe tso fofoa gbɔ ene; eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu.” (Yoh. 1:14) Azɔ le Yohanes ƒe nuŋlɔɖia katã me la, Yesu te gbe ɖe edzi be yewɔna ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu hebɔbɔna ɖe eyama te. (4:34; 5:19, 30; 7:16; 10:29, 30; 11:41, 42; 12:27, 49, 50; 14:10) Ƒomedodo kplikplikpli si le wo dome la gaɖe dzesi wu le eƒe gbedodoɖa si ŋuti nya woŋlɔ ɖe Yohanes ta 17 la me, afi si Yesu gblɔ na Fofoa le be, yewu dɔ si wòde ye si be yeawɔ le anyigba dzi la nu, hegblɔ kpee be: “Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.”—17:5.
32 Ke Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dome ƒomedodo ya ɖe? Wote gbe ɖe edzi be Yesu ɖeka koe nye ame si dzi Mawu ƒe yayrawo ato ayi na woamawo kple ameƒomea katã. (14:13, 14; 15:16; 16:23, 24) Woyɔe be “Mawu ƒe Alẽvi,” “agbebolo la,” “xexea ƒe kekeli,” “alẽkplɔla nyui la,” “tsitretsitsi la kple agbe la,” “mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la,” kple “wainti vavã la.” (1:29; 6:35; 8:12; 10:11; 11:25; 14:6; 15:1) “Wainti vavã la” ƒe kpɔɖeŋu sia mee Yesu na wonya be ƒomedodo wɔnuku aɖe li, menye le ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe ko dome o, ke le ye kple Fofo la hã dome. Ne wotse ku geɖe la, ekema anye wo Fofo la dodo ɖe dzi. Yesu ɖo aɖaŋu be: “Abe ale si Fofo la lɔ̃m, eye melɔ̃ mi ene la, miyi edzi mianɔ nye lɔlɔ̃ la me.”—15:9.
33 Emegbe gbe ʋãme kae nye esi wòdo ɖa na Yehowa, be ame siawo katã, siwo yelɔ̃ la, kple ‘ame siwo xɔa ye dzi sena to woƒe nya dzi’ la hã, nawɔ ɖeka kple ye Fofo kpakple ye ŋutɔ, eye be wòatsɔ nyateƒenya la akɔ wo ŋutii! Le nyateƒe me la, Yesu ɖe tameɖoɖo si koŋ le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu la fia nyuie le nya mamlɛ siwo wògblɔ le gbedodoɖa na Fofoa me, be: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye manɔ ɖekawɔwɔ me kpli wo.”—17:20, 26.
34 Togbɔ be Yesu nɔ dzodzom le eƒe nusrɔ̃la siwo le xexea me gbɔ hã la, mele asi ɖe ge le wo ŋu kpeɖeŋutɔ, si nye “nyateƒegbɔgbɔ” la, manɔmee o. Gawu la, eɖo aɖaŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu na wo ku ɖe ale si woawɔ nui ɖe xexea ŋu, eye wòfia wo ale si woawɔ aɖu edzi abe “kekeli ƒe viwo” ene. (14:16, 17; 3:19-21; 12:36) Yesu gblɔ be: “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” Gake egblɔ na viviti ƒe viwo ya be: “Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me, eye mia fofo la ƒe nudzodzrowo miedina be miawɔ. . . . Meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o.” Eya ta mina míaɖoe kplikpaa ali ke ɖe nyateƒe la me ɣesiaɣi, ɛ̃, be “[míatsɔ] gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la,” eye Yesu ƒe nya siawo nado ŋusẽ mí, be: “Milé dzi ɖe ƒo! Meɖu xexea dzi.”—8:31, 32, 44; 4:23; 16:33.
35 Nya siawo katã ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea hã ŋu. Esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, egblɔ be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu, bene woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Gake abe ale si wòle ene la, nye fiaɖuƒe metso afi sia o.” Azɔ eɖo Pilato ƒe biabiaa ŋu be: “Wò ŋutɔe le egblɔm be fia menye. Elabena nu si tae wodzim ɖo, si tae meva xexea me ɖo ye nye esi: be maɖi ɖase na nyateƒe la. Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la, ɖoa to nye gbe.” (18:36, 37) Nyateƒee, dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ɖoa to, eye ‘wogbugbɔ wo dzi’ be “[woage] ɖe Mawu fiaɖuƒe la me” kple Fia la. Dzidzɔtɔwoe nye ‘alẽ bubuawo,’ siwo ɖoa to Fia sia si nye Alẽkplɔla la, bena woakpɔ agbe. Nyateƒee, ele be míada akpe ɖe Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ta, elabena ɖe woŋlɔe “ne miaxɔe ase be Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la, eye be esi miexɔe se ta la, miakpɔ agbe to eƒe ŋkɔ me.”—3:3, 5; 10:16; 20:31.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a The Ecclesiastical History, Eusebius, 5, 8, 4.
b Insight on the Scriptures, [Étude perspicace des Écritures], Babla 1, axa 323.
c Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 57-8 [Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 21-2].