INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 2/1 axa 14-19
  • ‘Togbɔ Be Miekpɔe Kpɔ O Hã, Mielɔ̃nɛ’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Togbɔ Be Miekpɔe Kpɔ O Hã, Mielɔ̃nɛ’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Wose
  • Gbɔgbɔ si Wòɖe Fia
  • Eƒe Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ŋu Ðokuibɔbɔtɔe
  • Míaƒe Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fiae
  • ‘Dze Si Kristo La Ƒe Lɔlɔ̃’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Wona Hehe Wo Be Woaɖi Ðase Tsitotsito
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Amekae Yesu Kristo Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Kristotɔnyenye—Yesu Dzie Woato Ake Ðe Mawu Ŋua?
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 2/1 axa 14-19

‘Togbɔ Be Miekpɔe Kpɔ O Hã, Mielɔ̃nɛ’

“Amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, . . . tsoa aseye.”—PETRO I, 1:8.

1. Togbɔ be amesiwo le anyigba dzi egbea dometɔ aɖeke mekpɔ Yesu kpɔ o hã la, aleke mawusubɔla aɖewo dzea agbagba be yewoaɖe yewo ɖokui tsɔtsɔ nɛ afiae?

AMESIWO le anyigba dzi egbea dometɔ aɖeke mekpɔ Yesu Kristo kpɔ o. Gake ame miliɔn geɖe gblɔna be yewolɔ̃e. Ƒe sia ƒe le January 9 lia dzi le Manila, Philippines, la, wohea Yesu Kristo si kɔ atitsoga ƒe nɔnɔmewɔwɔ si lolo de ame ƒe nɔnɔme nu toa ablɔdzi le wɔna aɖe si wogblɔ be eyae nye mawusubɔsubɔnu gãtɔ kekeake si nyea nukpɔkpɔ wu bubuawo le dukɔ ma me la me. Amehaawo nɔa wo nɔewo tutum gidigidi; ame aɖewo lia wo nɔviwo dzi gɔ̃ hã be ɖeko yewoaka asi nɔnɔmewɔwɔa ŋu godoo. Vivi si wodona ɖe wɔna la ŋu ne wotso eme va yina koŋ ye ʋãa eteƒekpɔla geɖewo. Gake ɖikekemanɔmee la, Yesu ƒe nu nyoa wo dometɔ aɖewo ŋu. Àkpɔ esia ƒe dzesi le atitsoga si ŋu woklã Yesu ɖo si wodea kɔ me alo le woƒe sɔlemedede edziedzi me. Gake ɖe woate ŋu abu trɔ̃subɔsubɔ ma tadedeagu vavãea?

2, 3. (a) Yesu yomedzelawo dometɔ kawoe kpɔe eye wose eƒe nyawo ŋutɔŋutɔ? (b) Ƒe alafa gbãtɔ me tɔ bubu kawo hãe lɔ̃ Yesu eye woxɔ edzi se, togbɔ be womekpɔe ŋkume kple ŋkume kpɔ o hã?

2 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame akpe geɖe nɔ du siwo dzi ɖum Roma Fiaɖuƒea nɔ la me siwo nye Yudea, Samaria, Perea, kple Galilea, amesiwo ŋutɔ kpɔ Yesu Kristo ŋkume kple ŋkume eye wose eƒe nyawo. Woɖo to se nyateƒe dodzidzɔname siwo gɔme wòɖe le Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Woawo ŋutɔ wokpɔ nukunu siwo wòwɔ teƒe. Amesiawo dometɔ aɖewo zu eƒe nusrɔ̃la siwo tsɔ wo ɖokui ke faa, amesiwo ka ɖe edzi be eyae nye “Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!” (Mateo 16:16) Gake amesiwo apostolo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me na la menɔ amesiawo dome o.

3 Amesiwo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽa na la nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒenuto siwo nye Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia, kple Bitinia—siwo katã le egbedukɔ si nye Turkey me. Woawoe Petro ŋlɔ na be: “Amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye.” (Petro I, 1:1, 8) Aleke wowɔ nya Yesu Kristo kaka va le elɔ̃m eye wotsɔ edzixɔse le dɔ wɔmee?

4, 5. Aleke ame mawo siwo mekpɔ Yesu kpɔ o wɔ srɔ̃ nu le eŋu kaka va le elɔ̃m hele edzi xɔm se?

4 Edze abe ɖe wo dometɔ aɖewo nɔ Yerusalem esime apostolo Petro ɖi ɖase na ameha siwo va Pentekoste-ŋkekenyuia ɖuƒe le ƒe 33 M.Ŋ. me ene. Le ŋkekenyuia ɖuɖu vɔ megbe la, nusrɔ̃la geɖewo tsi Yerusalem be yewoasrɔ̃ nu ayi ŋgɔe tso apostoloawo gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:9, 41, 42; tsɔe sɔ kple Petro I, 1:1.) Le apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ geɖeawo me la, eya hã wɔ subɔsubɔdɔ dzonɔamemetɔe le amesiwo le nuto siwo me Petro va ɖo Biblia me lɛta gbãtɔ si wotsɔ eƒe ŋkɔ na ɖa la dome.—Dɔwɔwɔwo 18:23; 19:10; Galatiatɔwo 1:1, 2.

5 Nukatae Yesu ƒe nu nyo ame mawo siwo mekpɔe kpɔ o ŋu nenema gbegbe? Le míaƒe ŋkekea me la, nukatae ame miliɔn bubu geɖe galɔ̃nɛ vevie alea le xexeame katã?

Nusiwo Wose

6. (a) Ne ɖe nènɔ anyi se ɖase si Petro ɖi le Yesu ŋu le ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekostea dzi la, anye nukawoe nàte ŋu asrɔ̃? (b) Aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo ade ame 3,000 siwo nɔ anyi la dzii?

6 Ne ɖe nènɔ Yerusalem esime Petro ƒo nu na ŋkekenyuiɖula mawo le ƒe 33 M.Ŋ. me la, nukae nàsrɔ̃ tso Yesu ŋu? Nukunu siwo wòwɔ la fia ɖikekemanɔŋui be Mawue dɔe ɖa. Be, togbɔ be nuvɔ̃wɔlawo wu Yesu hã la, megale yɔdo me o ke boŋ wofɔe ɖe tsitre hedoe ɖe dzi wòle Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Be le nyateƒe me la, Yesue nye Kristo la, Mesia si ŋu nyagblɔɖilawo ŋlɔ nu tsoe. Be to Yesu Kristo dzi la, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eyomedzelawo dzi ale be enumake wote ŋu ɖi ɖase tso nu wɔnuku siwo Mawu nɔ wɔwɔm to Via dzi ŋu na amesiwo tso dukɔ vovovowo me. Nya la ɖo dzi gbɔ na amesiwo se Petro ƒe nyawo gbemagbe dometɔ geɖe, eye amesiwo ade 3,000 xɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔ nusrɔ̃lawo. (Dɔwɔwɔwo 2:14-42) Ne ɖe nènɔ afima la, àtso nya me awɔ afɔɖeɖe vevi maa?

7. (a) Ne ɖe nènɔ Antioxia esime Paulo ɖe gbeƒã le afima la, anye nukawoe nàte ŋu asrɔ̃? (b) Nukatae ameha ma me tɔ aɖewo zu xɔsetɔwo eye wogblɔ nyanyuia na ame bubuwo?

7 Ne ɖe nènɔ amesiwo apostolo Paulo fia nui le Antioxia le Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto si nye Galatia me la, nu bubu kawoe nàgasrɔ̃ le Yesu ŋu? Anye ne àse alesi Paulo ɖe nu mee le nya si nyagblɔɖilawo gblɔ do ŋgɔ tso alesi Yerusalem ƒe dziɖulawo tso kufia na Yesui ŋu. Àse amesiwo kpɔ Yesu ƒe tsitretsitsi teƒe la ƒe ɖaseɖiɖiwo hã. Paulo ƒe numeɖeɖe be esi Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖo kpe edzi be Mawu ƒe Vie wònye la awɔ dɔ ɖe dziwò godoo. Eye ɖe dzi madzɔ wò be nàsee be Yesu dzixɔse si ana woate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake la ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ kpɔkpɔ me oa? (Dɔwɔwɔwo 13:16-41, 46, 47; Romatɔwo 1:4) Esi Antioxiatɔ aɖewo kpɔ nya si wonɔ sesem ƒe vevienyenye la, wozu nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ dzonɔameme ɖe gbeƒã nyanyuia na ame bubuwo, togbɔ be efia be woati wo yome vevie hã.—Dɔwɔwɔwo 13:42, 43, 48-52; 14:1-7, 21-23.

8. Ne ɖe nènɔ Efeso-hamea ƒe kpekpe me esime woxɔ Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe wo la, anye nukawoe nàte ŋu asrɔ̃?

8 Ke ne ɖe nènɔ Kristo-hame si nɔ Efeso, si nye Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto si le Asia me, esime nusrɔ̃la siwo nɔ afima xɔ Paulo ƒe lɛta si tso gbɔgbɔ me si wòŋlɔ ɖo ɖe wo ɖe? Ne nukae nàsrɔ̃ tso eme le ɖoƒe si Yesu le na Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu? Paulo ɖe nu me le lɛta ma me be woato Kristo dzi ana nusiwo katã le dziƒo kple anyigba dzi nagava awɔ ɖeka kple Mawu ake, be Mawu ƒe nunana si to Kristo dzi la li na dukɔwo me tɔwo katã, be wole agbe gbɔm amesiwo ku le Mawu ŋkume le woƒe dzidadawo ta la to Kristo dzixɔse me, eye be le ɖoɖo sia ta amegbetɔwo agate ŋu azu Mawu vi lɔlɔ̃wo.—Efesotɔwo 1:1, 5-10; 2:4, 5, 11-13.

9. (a) Nukae akpe ɖe ŋuwò be wò ŋutɔ nàka ɖe edzi be yese nusi Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo la gɔme? (b) Aleke nusi nɔvi siwo nɔ nuto siwo dzi Roma Fiaɖuƒea ɖu siwo ŋkɔ Petro yɔ la nɔ sɔsrɔ̃m le Yesu ŋu la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzii?

9 Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiawo katã ŋu ana wò lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Vi la nade to ɖe edzi wua? Ðe lɔlɔ̃ ma akpɔ ŋusẽ ɖe wò gbesiagbegbenɔnɔ dzi, abe alesi apostolo Paulo de eƒe dzi ƒoe le Efesotɔwo ta 4 vaseɖe 6 me enea? Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ sia aʋã wò be nàlé ŋku ɖe nusiwo nèbuna nu vevitɔwoe ŋu nyuiea? Le lɔlɔ̃ na Mawu kple akpedada na Via ta la, ɖe nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nazu wò agbemenu vevitɔa? (Efesotɔwo 5:15-17) Apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Asia, Galatia, kple Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto bubuwo me le alesi nusiwo wonɔ sɔsrɔ̃m nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzii ŋu be: “[Yesu Kristo], amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; . . . Miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye.”— Petro I, 1:8.

10. (a) Ðikekemanɔmee la, nuka hãe kpe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu wolɔ̃ Yesu? (b) Aleke wòate ŋu aɖe vi na míawo hãe?

10 Ðikekemanɔmee la, nu bubu aɖe hã nɔ eme si na Kristotɔ gbãtɔ mawo siwo Petro ŋlɔ agbalẽa na la lɔ̃ Mawu Vi la. Nukae? Ɣeyiɣi si me Petro ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔa la, Nyanyuiawo dometɔ eve—Mateo kple Luka—ya nɔ anyi wonɔ xexlẽm xoxo. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo mekpɔ Yesu kpɔ o ate ŋu axlẽ nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Nyanyuigbalẽ siawo me. Míawo hã míate ŋu axlẽ wo. Menye nyakpakpae Nyanyuiawo me nyawo nye o; ŋutinya si ŋu kakaɖedzi le wu ɖesiaɖe ƒe dzesiwo katã dze le wo ŋu. Míakpɔ nu geɖe siwo ana míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu Vi la nade to ɖe edzi le nuŋlɔɖi mawo siwo tso gbɔgbɔ me la me.

Gbɔgbɔ si Wòɖe Fia

11, 12. Nukae nède dzesii le gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia ɖe amegbetɔ bubuwo ŋu la ŋuti si na eƒe nu dzɔa dzi na wò?

11 Míekpɔ alesi Yesu wɔ nu ɖe amegbetɔ bubuwo ŋui le Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi la me. Gbɔgbɔ si wòɖe fia la gale dɔ wɔm ɖe amewo ƒe dzi dzi va de asi na fifia kura, le ƒe 1,960 kple edzivɔ le eƒe ku megbe. Nuvɔ̃ do agba ɖe amesiame si le agbe dzi. Wole nu madzɔmadzɔwo wɔm ɖe ame miliɔn geɖe ŋu, dɔléle ɖe kpe na wo, alo nuteɖeamedzi sesẽ bubuwo ɖea fu na wo vevie. Amesiawo katãe Yesu le gbɔgblɔm na be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena [nye] kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.

12 Veveseseɖeamenu gã aɖe nɔ Yesu me na ame dahewo, dɔwuitɔwo, kple amesiwo le nu xam. Esime nɔnɔmeawo bia la, ena nuɖuɖu gɔ̃ hã ameha gã aɖewo nukutɔe. (Luka 9:12-17) Eɖe ga wo tso kɔnyinyi siwo wɔ wo kluviwoe me. Etu woƒe xɔse ɖo hã be Mawu aɖe ameteteɖeanyi si tso dunyahehe kple ganyawo ƒe ɖoɖowo gbɔ la ɖa. Yesu megbã dzi na amesiwo wote ɖe anyi xoxo la o. Etsɔ tufafa kple lɔlɔ̃ do ŋusẽ ame fafawoe le aɖaŋudzedze me. Efa akɔ na amesiwo nɔ abe aƒla ŋeŋe siwo tugu kple amesiwo le abe ɖovu biɖibiɖi siwo di be yewoatsi ene. Va ɖo egbegbe la, eƒe ŋkɔ nyɔa mɔkpɔkpɔ ɖe amewo me, enyɔnɛ ɖe amesiwo mekpɔe kpɔ gɔ̃ hã o me.—Mateo 12:15-21; 15:3-10.

13. Nukatae Yesu ƒe nɔnɔme ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu na eƒe nu nyoa amewo ŋu?

13 Yesu mede nugbegblẽwɔwɔ dzi o, gake eɖee fia be yese nu gɔme na amesiwo da vo le agbe me evɔ woɖe dzimetɔtrɔ fia eye wova le kpekpeɖeŋu dim tso egbɔ la. (Luka 7:36-50) Enɔa anyi ɖua nu kple amesiwo wodo vloe le woƒe nutoa me ne ekpɔ be esia ana mɔnukpɔkpɔ ye be yeakpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me. (Mateo 9:9-13) Gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia la ʋã ame miliɔn geɖe siwo le fu kpem nenema siwo mekpɔe kpɔ o be wova nyae eye woxɔ edzi se.

14. Nukae dzɔ dzi na wò le alesi Yesu kpe ɖe dɔnɔwo, nuwɔametɔwo, alo amesiwo ame ku na ŋui la ŋuti?

14 Yesu ƒe nɔnɔme ɖe dɔnɔwo kple nuwɔametɔwo ŋu fia be edoa vivi ɖe ame ŋu eye ame nu wɔa nublanui nɛ eye wògafia be ŋutete le esi be wòana gbɔdzɔe wo hã. Eyata esi dɔnɔ aɖe si ŋuti anyi xɔ fũ la te ɖe Yesu ŋu ɖe kuku nɛ be nekpe ɖe ye ŋu la, menyɔ ŋui o. Eye megblɔ na amea be togbɔ be eƒe nu wɔ nublanui na ye hã la, dɔa tsi ɖe eŋu akpa ta naneke megali yeate ŋu awɔ nɛ o. Amea ɖe kuku be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Yesu mehe ɖe megbe kura hafi ka asi anyidzela la ŋu gblɔ be, “Melɔ̃, ŋutiwò nekɔ” o. (Mateo 8:2, 3) Ɣebubuɣi nyɔnu aɖe si di be neda gbe le ye ŋu la ka asi eƒe awutoga dzaa. Yesu wɔ nu ɖe eŋu le dɔmenyomɔ si naa kakaɖedzi ame nu. (Luka 8:43-48) Eye esi wòdo go ame aɖewo wotsɔ ame yina ɖiɖi ge la, eƒe dɔme trɔ ɖe ahosi si ƒe tenuvi ku ŋu. Togbɔ be Yesu gbe be yemazã ŋusẽ si Mawu na ye awɔ nuɖuɖu nukutɔe na ye ɖokui o hã la, elɔ̃ faa zãe tsɔ fɔ ame kuku ma ɖe tsitre eye wòtsɔe na dadaa.—Luka 4:2-4; 7:11-16.

15. Aleke Yesu ƒe ŋutinyawo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu wɔa dɔ ɖe dziwòe?

15 Ne míele ŋutinya siawo xlẽm eye míedea ŋugble le gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia ŋu la, míaƒe lɔlɔ̃ na amesia si tsɔ eƒe agbe ɖo anyi bene míate ŋu anɔ agbe mavɔ la nu sẽna ɖe edzi. Togbɔ be míekpɔe kpɔ o hã, etea mí ɖe eŋu, eye míedina be míato eƒe afɔtoƒewo.—Petro I, 2:21.

Eƒe Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ŋu Ðokuibɔbɔtɔe

16. Ameka dzi koŋ Yesu he susu yii, eye nuka ƒe dzie wòde ƒo na mí be míawɔ?

16 Ƒo nu bubu ɖesiaɖe ta la, Fofoa si le dziƒo, Yehowa Mawu, dzi koŋ ye Yesu he míaƒe susu yii eye eya dzie eya ŋutɔ hã ƒe susu nɔ. Egblɔ se si nye vevitɔ le Sea me be eyae nye: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:36, 37) Exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mawu dzi xɔse nenɔ mia si!” (Marko 11:22) Esime wodo woƒe xɔse kpɔ vevie la, ede dzi ƒo na wo be, ‘Minɔ gbedodoɖa dzi.’—Mateo 26:41.

17, 18. (a) Aleke Yesu ɖee fiae be yetsɔ ɖokuibɔbɔ ɖoa ŋu ɖe ye Fofo ŋu? (b) Nukatae nusi wòwɔ la le vevie na mí ŋutɔ?

17 Yesu ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu. Gbedodoɖa xɔ akpa vevi aɖe le eƒe agbenɔnɔ me. (Mateo 14:23; Luka 9:28; 18:1) Esi game de be Yesu natia eƒe apostoloawo la, mezã eya ŋutɔ ƒe susu ko o, togbɔ be eƒe dzikpɔkpɔ tee dziƒodɔlawo nɔ tsã hafi. Edo gbe ɖa zã blibo ɖeka na Fofoa. (Luka 6:12, 13) Esi wodi be woalé Yesu kple ɣeyiɣi si me wòdze ŋgɔ vevesese helĩhelĩ ƒe ku la, egatsɔ gbedodoɖa vevie yi Fofoa gbɔe. Metsɔe be yenya Satana nyuie ta nusianu si vɔ̃ɖitɔ ma atsɔ vɛ la yeate ŋu anɔ te ɖe enu o. Yesu nya alesi gbegbe wòle vevie be mele be yeado kpo nu o. Ŋukpe ka gbegbe nye si wòado Fofoa ne ɖe wòdo kpo nu! Eye nu gbogbo kae nye si ato ameƒomea, amesiwo ƒe agbekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔwo nɔ te ɖe vɔ si Yesu asa dzi la ŋu!

18 Yesu do gbe ɖa edziedzi—esime wo kple eƒe apostoloawo wonɔ dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem eye egadoe ɖa moveviɖoɖotɔe wu kura le Getsemane-bɔa me. (Mateo 26:36-44; Yohanes 17:1-26; Hebritɔwo 5:7) Esime wònɔ veve sem le fuwɔametia ŋu la, medzu amesiwo nɔ fewu ɖum le eŋu o. Gbe boŋ ye wòdo ɖa ɖe amesiwo nɔ nu wɔm le manyamanya me ta be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o.” (Luka 23:34) Eƒe susu katã nɔ Fofoa dzi eye ‘wòtsɔ eɖokui de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.’ Nya mamlɛ siwo wògblɔ le fuwɔametia ŋu nye gbedodoɖa na Fofoa. (Petro I, 2:23; Luka 23:46) Aleke gbegbe míedaa akpe enye si be Yesu tsɔ dziɖoɖo ɖe Yehowa ŋu blibo wu dɔ si Fofoa de esi la nu nuteƒewɔwɔtɔe! Togbɔ be míekpɔ Yesu Kristo kpɔ o hã la, aleke gbegbe míelɔ̃nɛ ɖe nusi wòwɔ la tae nye si!

Míaƒe Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fiae

19. Le lɔlɔ̃ ɖeɖefia Yesu me la, wɔna kawoe wòle be míatsri le esi womesɔ kura o ta?

19 Aleke míate ŋu aɖee afiae be menye nya gbɔlo koe wònye míegblɔna be míelɔ̃e o? Esi Yesu Fofo, si wòlɔ̃na, de se ɖe nɔnɔmewɔwɔwo wɔwɔ kple tadedeagu ƒe bubu tsɔtsɔ na wo nu ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be manye bubudede Yesu ŋu ne míedo kɔwla si ŋu nɔnɔmewɔwɔ sia le alo míekɔe le gbɔ lɔmee to ablɔdzi o. (Mose II, 20:4, 5; Yohanes 4:24) Manye bubudede Yesu ŋu be míade sɔleme, ne eganye zi geɖe le kwasiɖa me hã, ne míenɔa agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu kwasiɖaŋkeke mamlɛawo o. Yesu gblɔ be: “Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem; amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e.”—Yohanes 14:21, 23; 15:10.

20. Nukawoe nye nane siwo aɖee afia nenye be míelɔ̃ Yesu vavã alo míelɔ̃e o?

20 Se kawoe wòde na mí? Wo dometɔ vevitɔe nye be míade ta agu na Yehowa, Mawu vavã la, eye míasubɔ eya ɖeɖeko. (Mateo 4:10; Yohanes 17:3) Le akpa si wɔm Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me ta la, efia mí be míaxɔ ye dzi ase be yee nye Mawu Vi la eye ele be míatsɔ alesi míatsri dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo eye míazɔ kekelia me la aɖe esia afiae. (Yohanes 3:16-21) Exlɔ̃ nu mí hã be míadi Mawu Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye míana woado ŋgɔ na ŋutilãmenuhiahiãwo. (Mateo 6:31-33) Ede se be míalɔ̃ mía nɔewo abe alesi yelɔ̃ míi ene. (Yohanes 13:34; Petro I, 1:22) Eye ede dɔ asi na mí be míanye ɖaseɖilawo le Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu, abe alesi ye ŋutɔ yenye ɖaseɖila ene. (Mateo 24:14; 28:19, 20; Nyaɖeɖefia 3:14) Egbea lɔlɔ̃ akuakua na Yesu ʋãa Yehowa Ðasefo siwo de miliɔn atɔ̃ be woawɔ ɖe se mawo dzi, togbɔ be womekpɔe kpɔ o hã. Esi woawo ŋutɔ mekpɔ Yesu kpɔ o hã la, megbɔdzɔ woƒe tameɖoɖo kplikpa be woaɖo toe le mɔ aɖeke nu o. Nya si woƒe Aƒetɔ la gblɔ na apostolo Toma la nɔa ŋku dzi na wo, esi nye: “Esi nèkpɔm la, èxɔe se; woayra amesiwo mekpɔa nu o, eye gake woxɔnɛ sena.”—Yohanes 20:29.

21. Aleke Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia si woaɖu Kwasiɖa, March 23 lia dzi la yiyi aɖe vi na míi?

21 Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be ànɔ amesiwo akpe ta ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me le xexeame godoo Kwasiɖa, March 23, 1997, ƒe ɣeɖoto megbe be woaɖo ŋku lɔlɔ̃ gãtɔ si Mawu ɖe fia ameƒomea dzi eye woaɖo ŋku Via nuteƒewɔla, Yesu Kristo, ƒe ku dzi la dome. Nya si woagblɔ le wɔna ma me kple nusiwo woawɔ le ewɔƒe la nana míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple Via nade to ɖe edzi eye wòadzi míaƒe didi be míalé Mawu ƒe seawo me ɖe asi ɖe edzi.—Yohanes I, 5:3.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke amesiwo woŋlɔ Petro ƒe agbalẽ gbãtɔa na wɔ nya Yesu helɔ̃e?

◻ Nukawoe nye nane siwo Kristotɔ gbãtɔwo se si wɔ dɔ ɖe dziwò la dometɔ aɖewo?

◻ Nukae nède dzesi le gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia ŋu si na nègalɔ̃nɛ ɖe edzi?

◻ Nukatae Yesu ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ɖokuibɔbɔtɔe le vevie ale gbegbe na mí?

◻ Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si le mía me na Yesu Kristo afiae?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia lae na eƒe nu nyoa mía ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe