INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 15
  • Ame Kae Nye Yesu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Yesu?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Yesu Kristo—Amesi Dzi Mi̇́ato Adze Si Mawu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Yesu Kristo Eŋuti Biabiawo Ŋu Ðoɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 15
Nusɔsrɔ̃ 15 lia. Yesu le zɔzɔm to agble aɖe me.

NUSƆSRƆ̃ 15

Ame Kae Nye Yesu?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Ame sia ame kloe se nu tso Yesu ŋu kpɔ. Togbɔ be ame geɖe nya Yesu ŋkɔ hã la, womenya nu boo aɖeke tso eŋu o, eye susu vovovowoe le amewo si ku ɖe ame si tututu Yesu nye ŋu. Nya kae Biblia gblɔ tso Yesu ŋu?

1. Ame kae nye Yesu?

Yesu nye mawudɔla le dziƒo, eye ŋusẽ geɖe le esi. Yehowa Mawu wɔe hafi va wɔ nu bubu ɖe sia ɖe. Le susu ma ta la, woyɔe be “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ.” (Kolosetɔwo 1:15) Biblia yɔ Yesu be Mawu ƒe “Tenuvi,” elabena Yesu ɖeka koe Yehowa ŋutɔ wɔ tẽe. (Yohanes 3:16) Yesu nɔ Fofoa, Yehowa, ŋu kplikplikpli wowɔ dɔ ɖekae esime wòkpe asi ɖe Fofoa ŋu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. (Xlẽ Lododowo 8:30.) Kadodo kplikplikpli gale Yesu kple Yehowa dome. Enye Mawu ƒe nyanuɖela wɔnuteƒe si gblɔa Mawu ƒe gbedeasi kple mɔfiamewo na mawudɔlawo kple amegbetɔwo. Esia tae woyɔe be “Nya la” ɖo.—Yohanes 1:14.

2. Nu ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?

Ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yi la, Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi trɔ Yesu ƒe agbe nukutɔe tso dziƒo va de ɖetugbui leaƒe aɖe si ŋkɔe nye Maria ƒe vidzidɔ me. Esia wɔe be wodzi Yesu wònye amegbetɔ. (Xlẽ Luka 1:34, 35.) Yehowa dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòava nye Mesia, alo Kristo, si ŋugbe wòdo la, eye wòaɖe amegbetɔwo.a Nyagblɔɖi siwo katã le Biblia me ku ɖe Mesia la ŋu la va eme ɖe Yesu dzi, eye esia kpe ɖe amewo ŋu wode dzesii be Yesu ye nye “Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”—Mateo 16:16.

3. Afi kae Yesu le fifia?

Esi Yesu ku la, Mawu fɔe wògatrɔ zu mawudɔla, eye wòtrɔ yi dziƒo. Esi wòyi dziƒo la, ‘Mawu doe ɖe dzi wòva le ɖoƒe si kɔ wu.’ (Filipitɔwo 2:9) Yesu le ɖoƒe kɔkɔ aɖe ŋutɔ fifia—Yehowa ɖeka ko ƒe ŋusẽ ye ƒo Yesu tɔ ta.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àsrɔ̃ nu geɖe tso ame si tututu Yesu nye ŋu, eye àkpɔ nu si tae wòle vevie ŋutɔ be míasrɔ̃ nu tso eŋu.

Yesu kple Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa le tsitre ɖe tsia me hele to ɖom gbe si ɖi tso dziƒo le Yesu nyɔnyrɔ megbe teti.

4. Menye Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o

Biblia gblɔ be togbɔ be Yesu nye mawudɔla triakɔ le dziƒo hã la, ebɔbɔ ɖe eƒe Mawu, si nye Fofoa Yehowa te. Nu kae ɖo kpe nya sia dzi? Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ nya si Biblia gblɔ tso ale si Yesu to vovo na Mawu ŋusẽkatãtɔ lae ŋu ɖa.

VIDEO: Yesu Kristoe Nye Mawua? (3:22)

Mawunyakpukpui siwo gbɔna la kpe ɖe mía ŋu míekpɔ vovototo si le Yehowa kple Yesu dome. Mixlẽ mawunyakpukpuiawo, eye miadzro biabia siwo kpe ɖe wo ŋu la me.

Mixlẽ Luka 1:30-32.

  • Aleke nya si mawudɔlaa gblɔ la ɖee fia be Yesu le vovo na Yehowa, Mawu “Dziƒoʋĩtɔ la”?

Mixlẽ Mateo 3:16, 17.

  • Esi wonyrɔ Yesu vɔ la, nya kae gbe si ɖi tso dziƒo la gblɔ?

  • Le wò susu nu la, ame ka ƒe gbee ɖi?

Mixlẽ Yohanes 14:28.

  • Le vifofo kple via dome la, ame kae tsi wu eye ame kae nye gã wu? Vifofoae loo, alo via ye?

  • Yesu yɔ Yehowa be ye Fofo. Nu kae esia fia mí?

Mixlẽ Yohanes 12:49.

  • Ðe Yesu susu be ye kee ganye ye Fofoa? Nu kae nèsusu?

5. Nu kae ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia la?

Nyagblɔɖi geɖewo le Biblia me ku ɖe Mesia la, si nye ame si Mawu tia be wòaɖe amegbetɔwo la ŋu. Nyagblɔɖi mawo kpe ɖe amewo ŋu wokpɔ ame si nye Mesia la dze sii. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ nyagblɔɖi siwo va eme ɖe Yesu dzi esime wònɔ anyigba dzi la dometɔ aɖewo.

VIDEO: Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Yesu Ŋu La Va Eme (3:03)

Mixlẽ Biblia me nyagblɔɖi siwo dze le mawunyakpukpui siwo gbɔna me, eye miadzro nyabiase siwo kpe ɖe wo ŋu la me:

Mixlẽ Mika 5:2 be miakpɔ afi si wogblɔ ɖi be woadzi Mesia la le.b

  • Ðe Yesu dzidzi wɔe be nyagblɔɖi sia va emea?—Mateo 2:1.

Mixlẽ Psalmo 34:20 kple Zakariya 12:10 be miakpɔ nya siwo Biblia gblɔ ɖi ku ɖe Mesia la ƒe ku ŋu.

  • Ðe nyagblɔɖi siawo va emea?—Yohanes 19:33-37.

  • Ðe nèsusu be Yesu ŋutɔ ate ŋu ana be nyagblɔɖi mawo nava eme ɖe ye dzia?

  • Nu ka dzie esia ɖo kpee na wò tso Yesu ŋu?

6. Nusɔsrɔ̃ tso Yesu ŋu ɖea vi na mí

Biblia ɖee fia be ele vevie ŋutɔ be míasrɔ̃ nu tso Yesu kple akpa vevi si wɔm wòle la ŋu. Mixlẽ Yohanes 14:6 kple 17:3, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míasrɔ̃ nu tso Yesu ŋu?

Yesu le nu fiam ameha aɖe si me ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo le.

Yesu ʋu mɔ ɖi na mí be míanye Mawu xɔlɔ̃wo. Efia nyateƒea tso Yehowa ŋu, eye to Yesu dzi la, míate ŋu akpɔ agbe mavɔ

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Yehowa Ðasefowo mexɔ Yesu dzi se o.”

  • Ne ame aɖe gblɔ nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yesu nye mawudɔla triakɔ le dziƒo. Eyae nye Mawu ƒe Vi kple Mesia la.

Numetoto

  • Nu ka tae woyɔ Yesu be “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ”?

  • Nu kawoe Yesu wɔ le dziƒo hafi va anyigba dzi?

  • Aleke míewɔ nya be Yesue nye Mesia la?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu bubuwo tso ale si míewɔ nya be Yesue nye Mesia la ŋu.

“Ðe Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu Ðo Kpe Edzi Be Yesue Nye Mesia La?” (Nyati sia le jw.org)

Xlẽ nyati sia be nàkpɔe ɖa be ɖe Biblia gblɔ be Mawu dzi Yesu abe ale si amegbetɔwo dzia vi ene hã.

“Nu Ka Tae Woyɔa Yesu Be Mawu Ƒe Vi?” (Nyati sia le jw.org)

Kpɔ nu si tae Mawuɖekaetɔ̃ ƒe dzixɔsea mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o la le nyati sia me.

“Yesue Nye Mawua?” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2009)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si nyɔnu aɖe ƒe agbe trɔe esi wòku nu me va se nya si Biblia gblɔ tso Yesu ŋu la gɔme.

“Yuda-nyɔnu Aɖe Ðe Nu Si Tae Wògbugbɔ Ŋku Lé Ðe Eƒe Dzixɔsewo Ŋu Me” (Nyɔ!, May 2013)

a Le Nusɔsrɔ̃ 26 kple 27 lia me la, míava kpɔ nu si tae amegbetɔwo hiã na ɖeɖe kple akpa si Yesu wɔ be míakpɔ ɖeɖe.

b Kpɔ Dzesidenya 2 lia be nàkpɔ nyagblɔɖi aɖe si gblɔ ɣeyiɣi si tututu Yesu azu Mesia la ɖi eye wòva eme nenema.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe