-
Srɔ̃ Nane Tso Nikodemo ŊutiGbetakpɔxɔ—2002 | February 1
-
-
Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɣleti ade megbe teti la, Nikodemo va de dzesi Yesu be ‘enye nufiala si tso Mawu gbɔ.’ Esi nukunu siwo Yesu wɔ eteƒe medidi o le Yerusalem le ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa dzi wɔ dɔ ɖe Nikodemo dzi ta la, eyi Yesu gbɔ le zã me ɖagblɔ alesi wòxɔ edzi se la nɛ eye wòsrɔ̃ nu geɖe tso nufiala sia ŋu. Afisiae Yesu gblɔ nyateƒe deto siwo ku ɖe alesi wòhiã be ‘woagbugbɔ ame adzi’ be wòate ŋu ayi Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la ŋu nya na Nikodemo le. Nudzɔdzɔ sia mee Yesu gblɔ nya siawo hã le be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.
Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi le Nikodemo lalam! Ate ŋu ava zu Yesu ƒe zɔhɛ kplikplikpli, eye wòakpɔ Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo teƒe tẽ. Esi Nikodemo nye Yudatɔwo ƒe dziɖula kple nufiala le Israel ta la, Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze deŋgɔ aɖe nɔ esi. Alesi wòte ŋu dze si Yesu be enye nufiala si Mawu dɔ la fia be nugɔmesese deto hã nɔ esi. Nikodemo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, eye wònye amesi bɔbɔa eɖokui le mɔ aɖe si tɔgbe mebɔ o nu. Aleke wòanye nu sesẽ na Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ me nɔla be wòaxɔ atikpala tsɛ ƒe viŋutsu dzi ase be eyae nye amesi Mawu dɔ ɖa enye esi! Nɔnɔme siawo katã hiã vevie be woate ŋu azu Yesu ƒe nusrɔ̃la.
-
-
Srɔ̃ Nane Tso Nikodemo ŊutiGbetakpɔxɔ—2002 | February 1
-
-
Gbã la, Yohanes gblɔ be Yudatɔwo ƒe amegã sia “va [Yesu] gbɔ le zã me.” (Yohanes 3:2) Biblia ŋuti nunyala aɖe doe ɖa be: “Menye vɔvɔ̃ tae Nikodemo va le zã me ɖo o, ke boŋ be wòaƒo asa na ameha siwo ado kplamatse eƒe nya siwo wòadi be yeabia Yesu.” Ke hã, Yohanes gblɔ le Nikodemo ŋu be enye “amesi va Yesu gbɔ le zã me zi gbãtɔ” eye le nya siwo ƒo xlã esia me ke wòƒo nu tso Yosef si tso Arimatia hã ŋu le be enye “Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta.” (Yohanes 19:38, 39) Eyata anye be Nikodemo yi Yesu gbɔ le zã me “le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta,” abe alesi ame bubu siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekeawo me hã vɔ̃ na tete ɖe Yesu ŋu ene.—Yohanes 7:13.
-