INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 4/1 axa 18-22
  • Ʋɔnu Madzɔmadzɔtɔ Kekeake Si Wodrɔ̃ Kpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ʋɔnu Madzɔmadzɔtɔ Kekeake Si Wodrɔ̃ Kpɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Enye Ʋɔnu Manɔsenu Le Mɔ Vovovowo Nu
  • Wokplɔe Va Pilato Gbɔ
  • Nu Si Kpeɖodziawo Ðe Fia
  • Pilato Tsɔ Yesu De Asi Wokplɔ Yina Wuwu Ge
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Sanhedrin La Drɔ̃ Ʋɔnui, Eyome Wokplɔe Yi Pilato Gbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Amekae Pontio Pilato Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Le Sanhedrin la Ŋkume, Kple Emegbe Pilato Gbɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 4/1 axa 18-22

Ʋɔnu Madzɔmadzɔtɔ Kekeake Si Wodrɔ̃ Kpɔ

ANƆ eme be ʋɔnu si wodrɔ̃ Yesu Kristo lae nye ʋɔnudrɔ̃nya si ŋu amewo nya nu tsoe wu le ŋutinya katã me. Biblia gbalẽ vovovo ene, siwo woyɔna be Nya Nyui Gbalẽwo la, ƒo nu tso ale si wolée, drɔ̃ ʋɔnui, hewui la ŋu. Nu ka tae nya sia ka wò? Elabena gbã la, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woaɖo ŋku yeƒe ku dzi, le esia ta ele vevie hã be míanya ale si wodrɔ̃ ʋɔnui hafi tso kufia nɛ; evelia, ele be míanya nenye be nya siwo wotsɔ ɖe Yesu ŋu la le eme hã; eye etɔ̃lia, ale si Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe mía ta la nye nu si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le na mí fifia kple le etsɔme siaa.—Luka 22:19; Yohanes 6:40.

Romatɔwoe nɔ Palestina dzi ɖum le ŋkeke siwo me wodrɔ̃ ʋɔnu Yesu. Romatɔwo ɖe mɔ na Yudatɔwo ƒe haŋgɔnɔlawo be woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔa le Yudatɔwo ŋutɔwo ƒe se nu, gake edze abe womena ŋusẽ wo be woawu nu vlo wɔlawo o ene. Eya ta togbɔ be Yudatɔwo ƒe hakplɔla siwo lé fui lae lée hã la, Romatɔwoe wui. Yesu ƒe gbeƒãɖeɖedɔa he ŋukpe va haŋgɔnɔla mawo dzi ale gbegbe be wotso nya me be edze na ku. Ke hã, wodi be wòadze abe ɖe wowui le se nu ene. Esi sefialagã aɖe dzro agbagba siwo wodze be yewoawui me nyuie la, egblɔ tso nya bliboa ŋu be enye “ʋɔnudrɔ̃nyawo me nu vlo wɔwɔ si ƒo ɖe sia ɖe ta.”a

Enye Ʋɔnu Manɔsenu Le Mɔ Vovovowo Nu

Wogblɔ tso Se si Mose tsɔ na Israel viwo la ŋu be enye “dukplɔse kɔkɔtɔ si nyo wu ɖe sia ɖe si woɖo anyi kpɔ.” Ke hã, le Yesu ŋɔli la, rabi siwo lɔ̃a sedede ɖe nu sia nu nu la tsɔ se gbogbo aɖewo kpee, eye wova ŋlɔ se siawo dometɔ geɖe ɖe Talmud, si nye Yudatɔwo ƒe subɔsubɔgbalẽ, la me. (Kpɔ aɖaka si nye “Yudatɔwo Ƒe Sewo Le Ƒe Alafa Gbãtɔwo Me,” le axa 20.) Le Biblia kpakple rabiwo ƒe sewo nu la, ɖe wodrɔ̃ ʋɔnu Yesu ɖe eteƒea?

Ðaseɖila eve siwo ƒe gbe sɔ le nu vlo wɔwɔ aɖe koŋ ŋu la ƒe ɖaseɖiɖiwo le ʋɔnu dzie wonɔ te ɖo lé Yesua? Le sea nu la, nenemae wòle be wòanɔ hafi. Le ƒe alafa gbãtɔ me le Palestina la, ne Yudatɔ aɖe susui be ame aɖe da se dzi la, ele be wòatsɔ nya ɖe amea ŋu le ʋɔnu le ʋɔnudrɔ̃ɣiwo. Ʋɔnudrɔ̃lawo mate ŋu atsɔ nya ɖe amea ŋu haɖe o, ke ɖeko woaku nu me akpɔe ɖa be amenutsonyawo le eme hã. Ɣemaɣi la, ame siwo be yewokpɔ nu vlo wɔwɔa teƒe la koe tsoa amea nu. Ne ɖasefo eve teti ƒe nyawo wɔ ɖeka hafi ko wodzea nyaa dɔdrɔ̃ gɔme. Woƒe ɖaseɖiɖi dzie wonɔa te ɖo tsɔa nya ɖe amea ŋu hafi lénɛ. Womanɔ te ɖe ame ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi dzi atso nya me o. (5 Mose 19:15) Ke hã, le Yesu gome la, ɖeko Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ “mɔ nyuitɔ” si dzi woato awui la dim. Wolée esi wokpɔ ‘asinu nyui aɖe,’ si nye le zã me, “esi ameha aɖeke [menɔ] eŋu o.”—Luka 22:2, 5, 6, 53.

Wometsɔ nya aɖeke ɖe Yesu ŋu hafi lée o. Esi wolée vɔ hafi nunɔlawo kple Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la, va nɔ ɖasefowo dim. (Mateo 26:59) Womete ŋu kpɔ ame eve siwo ƒe ɖaseɖiɖi wɔ ɖeka o. Ke hã, menye ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe dɔe wònye be woadi ɖasefowo o. Senyala kple agbalẽŋlɔla, Alexander Taylor Innes gblɔ be, “Be woadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe, vevietɔ ne elɔ amea ƒe agbe ɖe eme, evɔ womegblɔ nu vlo si tututu tae wole ʋɔnu drɔ̃ gee la do ŋgɔ o la, nye nya masekpɔ.”

Ame siwo va dze Yesu dzi helée la kplɔe yi Ana, si nye nunɔla gã tsã la, ƒe aƒe me, eye wòbia gbee. (Luka 22:54; Yohanes 18:12, 13) Ana ŋe aɖaba ƒu se si nye be mele be woadrɔ̃ kufiatsonyawo le zã me o la dzi. Gawu la, ele be woaku nyaa me le dutoƒo, ke menye le bebe me o. Esi Yesu nya be mele se nu be Ana nabia gbe ye o ta la, eɖo eŋu be: “Nu ka tae nèle nya biamem? Bia ame siwo se nya siwo megblɔ na wo la. Kpɔ ɖa! Ame siawo nya nya siwo megblɔ.” (Yohanes 18:21) Ðasefoawoe wòle be Ana nanɔ gbe biamee, ke menye ame si ŋu wotsɔ nyaa ɖo o. Ne ɖe Ana nye ʋɔnudrɔ̃la si ɖia anukware la, anye ne Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa aʋãe wòawɔ nu si le eteƒe hafi, gake menye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃e nɔ vevie na Ana o.

Dɔla aɖe ƒo tome na Yesu le eƒe nyaŋuɖoɖoa ta, gake menye esia koe nye ŋutasẽnu si wowɔ ɖe eŋu le zã ma me o. (Luka 22:63; Yohanes 18:22) Se si ku ɖe sitsoƒeduwo ŋu, si dze le Mose Ƒe Agbalẽ Enelia ƒe ta 35 lia me la gblɔ be mele be woawɔ ŋlɔmi le ame si ŋu wotsɔ nya ɖo la ŋu esi womebu fɔe haɖe o. Aleae wòle be woawɔ nu ɖe Yesu ŋui hafi.

Azɔ ame siwo lé Yesu la kplɔe yi Nunɔlagã Kayafa ƒe me, eye woyi woƒe ʋɔnu manɔsenua dɔdrɔ̃ dzi le zã ma me. (Luka 22:54; Yohanes 18:24) Le afi ma la, woŋe aɖaba ƒu ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋuti gɔmeɖosewo dzi kura, eye nunɔlawo nɔ “ame siwo aɖi aʋatsoɖase tso Yesu ŋu la dim, ne woawui,” gake womekpɔ ame eve siwo ƒe ɖaseɖiɖi sɔ ku ɖe nya si Yesu gblɔ ŋu o. (Mateo 26:59; Marko 14:56-59) Eya ta nunɔlagã la te kpɔ be yeana Yesu nade eɖokui nya me. Ebiae be: “Mèle nya aɖeke gblɔ ge atsɔ aɖo eŋu oa? Nutsotso kawoe nye esiawo nam wole ɖe ŋuwò?” (Marko 14:60) Ayemɔnu sia mesɔ kura o. Innes, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Mesɔ le senyawo nu be woabia nya ame si ŋu wotsɔ nyaa ɖo la ahadi nya le eƒe ŋuɖoɖoa me atsɔ abu fɔe o.”

Mlɔeba, ame siwo nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la nɔ te ɖe nya aɖe si wògblɔ dzi hetsɔ nya ɖe eŋu. Wobiae be: “Wòe nye Yayratɔ la ƒe Vi Kristo laa?” Yesu ɖo eŋu be: “Nyee; eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòabɔbɔ anɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe ɖusi me gbɔna kple dziƒolilikpowo.” Nunɔlawo ƒo nya ta be egblɔ busunya, eye “wo katã wobu fɔe be edze ku.”—Marko 14:61-64.b

Le Mose ƒe Sea nu la, ele be woadrɔ̃ nyawo le dutoƒo. (5 Mose 16:18; Rut 4:1) Gake wodrɔ̃ ʋɔnu sia ya le bebe me. Ame aɖeke mete kpɔ be yeaʋli Yesu ta o, eye womeɖe mɔ ɖe esia nu na ame aɖeke hã o. Womeku nu me be yewoakpɔ ɖa be nya si Yesu gblɔ be yee nye Mesia la le eme hã o. Womena mɔnukpɔkpɔ Yesu be wòayɔ ɖasefowo ne woaʋli eta o. Eye womena mɔnukpɔkpɔ ʋɔnudrɔ̃laawo ne woagblɔe nenye be woda asi ɖe edzi be eɖi fɔ loo alo meɖi fɔ o.

Wokplɔe Va Pilato Gbɔ

Edze abe esi womena ŋusẽ Yudatɔwo be woawu Yesu o ta la, wokplɔe yi Roma nutomefia Pontio Pilato gbɔe. Nya gbãtɔ si Pilato biae nye: “Nutsotso kae mietsɔ vae ɖe ame sia ŋu?” Esi Yudatɔwo nya be alakpanutsotso si nye be Yesu gblɔ busunya la maɖi naneke le Pilato ŋkume o ta la, wodze agbagba be yewoana wòabu fɔ Yesu numekuku mawɔmawɔe. Eya ta wogblɔ be: “Ne menye nu gbegblẽ wɔlae ame sia nye o la, anye ne míatsɔe ade asi na wò o.” (Yohanes 18:29, 30) Pilato melɔ̃ ɖe woƒe nyaa dzi o, eye esia ƒoe ɖe wo nu wote amenutsonya bubu kpɔ hegblɔ bena: “Míekpɔ ame sia wòle to gblẽm na míaƒe dukɔa me tɔwo hegbe na wo be woagadzɔ nu na Kaisaro o, eye wòle gbɔgblɔm be ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.” (Luka 23:2) Eya ta woɖe asi le amenutsonya si nye be egblɔ busunya la ŋu ayetɔe heva le gbɔgblɔm be edze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu.

Yesu nu tsolawo nyae be nya si yewotsɔ ɖe eŋu be egblɔ be ‘woagadzɔ nu o’ la nye aʋatso. Ðe Yesu gblɔ boŋ be woadzɔ nu. (Mateo 22:15-22) Ke le nutsotso si nye be Yesu gblɔ be yenye fia gome la, Pilato kpɔe dze sii enumake be Yesu metsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu le mɔ aɖeke nu o. Eya ta egblɔ be: “Nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.” (Yohanes 18:38) Pilato ka ɖe nya sia dzi le nya bliboa drɔ̃ɣi.

Gbã la, Pilato te kpɔ be yeaɖe asi le Yesu ŋu, eya ta edi be yeawɔ ale si woɖea asi le gamenɔla ɖeka ŋu le Ŋutitotoŋkeke dzi la ŋu dɔ. Gake nu si do tso eme boŋue nye be Pilato va ɖe asi le Baraba, si nye amewula, si dze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu la, ŋu.—Luka 23:18, 19; Yohanes 18:39, 40.

Azɔ Pilato wɔ nane si mele be wòawɔ hafi o la tsɔ te kpɔ be yeaɖe asi le Yesu ŋu. Ena woƒoe kple atam, wodo aɖabɛwu nɛ, woɖɔ ŋutsihe nɛ, hetu kɔe, eye woɖu fewu le eŋu. Eye wògagblɔ be Yesu meɖi fɔ o. Ðeko wòle abe ɖe Pilato nɔ gbɔgblɔm be: ‘Ðe esia mesu na mi nunɔlawo oa?’ Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be ne wokpɔ ale si Romatɔwo ƒoe kutɔkutɔe la, esia adze eme na wo le esi wonɔ vɔ̃e dim na Yesu ta, alo be woase veve ɖe enu. (Luka 23:22) Ke hã, meva eme nenema o.

“Pilato nɔ agbagba dzem le ale si wòawɔ aɖe asi le [Yesu ŋuti] la ŋu. Gake Yudatɔwo do ɣli be: ‘Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si wɔa eɖokui fiae la ƒoa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro ŋu.’” (Yohanes 19:12) Kaisaro si nɔ anyi ɣemaɣie nye Tiberio. Enye fiagã si wonya nyuie be ewua ame sia ame si wòbu be etsi tre ɖe ye ŋu, metsɔ le eme be amea nye dumegã o gɔ̃ hã. Pilato ƒe nu le dzi kum na Yudatɔwo xoxo, eya ta medi be nyaa nagado gã ɖe edzi o. Gawu la, medi be woatso ye nu be yemewɔ nuteƒe na Kaisaro o. Amehawo ƒe nyawo ɖee fia be wodi be yewoatrɔ eta, eye Pilato nɔ vɔvɔ̃m na esia. Woƒe nyaƒoɖeamenua na wòna ta hena woklã Yesu, ame si meɖi fɔ o la, ɖe ati ŋuti.—Yohanes 19:16.

Nu Si Kpeɖodziawo Ðe Fia

Senyala geɖe dzro Nya Nyuiawo me nuŋlɔɖi si ku ɖe ale si wodrɔ̃ ʋɔnu Yesu la me. Woƒo nya ta be ʋɔnudrɔ̃lawo te nya dzɔdzɔe ɖe to. Senyala aɖe ŋlɔ bena: “Ale si wònye be tso zãtiƒe va de asi na ŋdi me koe wodrɔ̃ nya sia vɔ hetso afia la mesɔ ɖe Hebritɔwo ƒe sewo nu kura o, eye etsi tre ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe gɔmeɖosewo ŋu.” Sefialagã aɖe gblɔ be: “Ale si nya bliboa va yii la nye sedzimawɔmawɔ kple nuteƒemawɔmawɔ si gbɔ eme ale gbegbe be míate ŋu agblɔ be ame siwo drɔ̃ nyaa la ɖi ʋufɔ.”

Yesu meɖi fɔ o. Ke hã, enyae be ehiã be yeaku, bena ameƒomea me tɔ toɖolawo nakpɔ ɖeɖe. (Mateo 20:28) Elɔ̃ dzɔdzɔenyenye ale gbegbe be eɖe mɔ wowɔ nu madzɔmadzɔ si ƒo ɖe sia ɖe ta la ɖe eŋu. Nu vɔ̃ wɔlawo abe míawo ene tae wòwɔ esia ɖo. Mele be míaŋlɔ esia be gbeɖe o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo wɔ nu vlo si nye be wonɔ te ɖe nu siwo Nya Nyui Gbalẽawo gblɔ tso Yesu ƒe kua ŋu la dzi de dzi ƒo na amewo be woalé fu Yudatɔwo, gake menye susu siae nɔ Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔlawo, siwo ŋutɔwo hã nye Yudatɔwo la, si kura o.

b Be woagblɔ busunya fia be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ yakayaka alo be ame natsɔ eɖokui aɖo ɖoƒe aɖe si Mawu koe dze na. Yesu nu tsolawo mena kpeɖodzi aɖeke si fia be ewɔ nu siawo o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

Yudatɔwo Ƒe Sewo Le Ƒe Alafa Gbãtɔwo Me

Yudatɔwo ƒe xotutu siwo wode agbalẽ me le ƒe alafa gbãtɔwo Mía Ŋɔli me, siwo amewo xɔ se be wonɔ anyi tso blema ke la, dometɔ aɖewoe nye esiawo:

▪ Le kufiatsonyawo me la, wosea ame siwo le amea ta ʋlim la ƒe nya gbã

▪ Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nadze agbagba vevie be yewoaɖe ame si nu wotso la le nya me

▪ Ʋɔnudrɔ̃lawo ate ŋu aʋli amea ta, gake womate ŋu atso enu o

▪ Woɖoa ŋku ale si ɖasefoawo ƒe wɔƒe nye ŋkubiãnyae dzi na wo

▪ Wobiaa gbe ɖasefoawo wotɔwotɔwoe, ke menye ɖe du o

▪ Ele be woƒe ɖaseɖiɖiwo nasɔ le nya veviawo katã me—ŋkekea, teƒea, ɣeyiɣi si me nua dzɔ, kple bubuawo

▪ Ne kufiatsonyae la, ele be woadrɔ̃ nyaa le ŋkeke me ahawu enu le ŋkeke me

▪ Ne kufiatsonyae la, mele be woadrɔ̃ nyaa le ŋkeke si do ŋgɔ na Sabat alo azã aɖe dzi o

▪ Woate ŋu adrɔ̃ kufiatsonyawo le ŋkeke ɖeka me nenye be afiatsotsoa ade ame si nu wotso la dzi; ne woabu fɔe la, ke le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi koe woate ŋu awu nyaa dɔdrɔ̃ nu, eyome woatso kufia nɛ ahawui

▪ Ele be ʋɔnudrɔ̃la siwo anɔ anyi ɖe kufiatsonyaa ŋu la nade 23 ya teti

▪ Mɔnukpɔkpɔ sua ʋɔnudrɔ̃lawo katã si be woagblɔe ne amea ɖi fɔ loo alo meɖi fɔ o, eye wodzea egɔme tso ɖevitɔ dzi; agbalẽŋlɔlawo ŋlɔa ame siwo tso afia nɛ kple ame siwo bu fɔe la siaa ƒe nyawo ɖi

▪ Ne woaɖe asi le eŋu la, ele be ʋɔnudrɔ̃la siwo tso afia nɛ la nasɔ gbɔ wu ame siwo bu fɔe, ne ame ɖeka koe wotsɔ sɔ gbɔ wu hã, gake ne woatso kufia nɛ la, ele be ʋɔnudrɔ̃la siwo sɔ gbɔ wu la nade eve teti; ne ame ɖeka koe ame siwo bu fɔe tsɔ sɔ gbɔ wu la, wotsɔa ʋɔnudrɔ̃la eve kpenɛ halase esime woatso afia si le eteƒe

▪ Ne wobu fɔe evɔ ʋɔnudrɔ̃la ɖeka teti hã meʋli eta hafi o la, wobua afiatsotsoa be mele eteƒe o; ne ʋɔnudrɔ̃lawo katã bu fɔe la, wobunɛ be “anye nugbeɖoɖoe”

Ale Si Ʋɔnu Si Wodrɔ̃ Yesu Menɔ Se Nu O

▪ Ðasefo aɖeke meʋli eta le ʋɔnu be enye ame maɖifɔ o

▪ Ʋɔnudrɔ̃lawo dometɔ aɖeke meʋli Yesu ta o; enye futɔ na wo

▪ Nunɔlawo di aʋatsoɖasefowo be woabu fɔe be edze na ku

▪ Wodrɔ̃ nyaa le zã me le bebe me

▪ Wodrɔ̃ nya bliboa le ŋkeke ɖeka dzi, le ŋkeke si do ŋgɔ na ŋkekenyui aɖe ɖuɖu dzi

▪ Wometsɔ nya aɖeke ɖe Yesu ŋu hafi lée o

▪ Womeku nya si Yesu gblɔ be yenye Mesia la, si woamawo be enye “busunya” la, me o

▪ Esi woɖo Pilato gbɔ la, wotrɔ amenutsonya la

▪ Nya siwo wotsɔ ɖe eŋu la nye aʋatso

▪ Pilato kpɔe be Yesu meɖi fɔ o, evɔ ena wowui

[Aɖaka si le axa 22]

Amea Ƒe Ʋu Le Ðasefoawo Ƒe Ta Dzi

Hafi ɖasefowo naɖi ɖase le kufiatsonyawo me la, Yudatɔwo ƒe ʋɔnua ɖoa ŋku asixɔxɔ si le agbe ŋu dzi na wo tsɔ xlɔ̃a nu woe ale:

“Ðewohĩ èɖoe be yeanɔ te ɖe nu si wò ŋutɔ nèsusu alo wobewobewo dzi, alo nya si ɖasefo bubu gblɔ na wò dzi; alo wò susue nye be, ‘Míesee le ame si dzi míeka ɖo la nu.’ Alo ɖewohĩ mènya be mlɔeba la, míabia gbe wò ale si dze atsɔ ado wò akpɔe o. Nyae be se siwo ku ɖe ale si woadrɔ̃ nya siwo ku ɖe nunɔamesiwo ŋu la to vovo na se siwo ku ɖe kufiatsonyawo ŋu. Le ʋɔnudrɔ̃nya siwo ku ɖe nunɔamesiwo ŋu gome la, ame ate ŋu atsɔ ga alé avui ɖe eɖokui ta. Le kufiatsonyawo me la, [ame si nu wotso] ƒe ʋu, kple dzidzime siwo katã ava do tso amea [ame si wobu fɔe madzemadzee] me la ƒe ʋu, nɔa [aʋatsoɖaseɖila] la ƒe ta dzi ɖikaa.”—Babylonian Talmud, Sanhedrin, 37a.

Ne wobu fɔ ame si nu wotso la, ɖasefoawo akpɔ gome le ewuwu me.—3 Mose 24:14; 5 Mose 17:6, 7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe