INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 31 lia. Yesu Kristo, si nye Fia le dziƒo la le Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ŋkume.

      NUSƆSRƆ̃ 31

      Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?

      Le Biblia me la, Mawu Fiaɖuƒea ye nye nya vevitɔ si ŋu woƒo nu tsoe. Yehowa ato Fiaɖuƒea dzi ana anyigba bliboa nazu Paradiso. Gake nu kae nye Mawu Fiaɖuƒea? Aleke míewɔ nya be ele dzi ɖum fifia? Nu kawoe Mawu Fiaɖuƒea wɔ xoxo? Eye nu kawoe wòava wɔ le etsɔme? Míakpɔ ŋuɖoɖoawo le nusɔsrɔ̃ sia kple nusɔsrɔ̃ eve siwo kplɔ esia ɖo la me.

      1. Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒea, eye ame kae nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia?

      Mawu Fiaɖuƒe la nye dziɖuɖu si Yehowa Mawu ɖo anyi. Yesu Kristo ye nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia, eye ele dzi ɖum tso dziƒo. (Mateo 4:17; Yohanes 18:36) Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be: “Aɖu fia . . . tegbee.” (Luka 1:32, 33) Esi Yesu nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ta la, aɖu fia ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi.

      2. Ame kawoe aɖu fia kple Yesu?

      Menye Yesu ɖeɖe koe aɖu fia o. Biblia gblɔe ɖi be, amewo atso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomevi ɖe sia ɖe kple dukɔ sia dukɔ me” aɖu fia kplii. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Ame nenie aɖu fia kple Kristo? Tso esime Yesu va anyigba dzi la, ame miliɔn geɖe va zu eyomedzelawo. Gake wo dometɔ 144,000 koe ayi dziƒo be woaɖu fia kple Yesu. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:1-4.) Kristo yomedzela bubuawo katã anye Fiaɖuƒea teviwo le anyigba dzi.—Psalmo 37:29.

      3. Nu ka tae Mawu Fiaɖuƒea nyo wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo?

      Ne dziɖula siwo nye amegbetɔwo dze agbagba be yewoawɔ nu nyuiwo gɔ̃ hã la, ŋusẽ mele wo si be woawɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔ o. Eye zi geɖe la, dziɖula siwo metsɔa ɖeke le eme na wo teviwo o ye va xɔna ɖe wo teƒe. Gake ame bubu aɖeke mava xɔ ɖe Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula, ya teƒe gbeɖe o. Ɛ̃, Mawu ‘ɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.’ (Daniel 2:44) Yesu aɖu anyigba bliboa dzi, awɔ nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie, eye makpɔ ame ŋkume o. Elɔ̃a ame, enyoa dɔme, eye ewɔa nu si le dzɔdzɔe, eye afia amewo be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nenema ke, ale be woalɔ̃ wo nɔewo, anyo dɔme na wo nɔewo, eye woawɔ nu si le eteƒe.—Xlẽ Yesaya 11:9.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àkpɔ nu si tae Mawu Fiaɖuƒea nyo wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖe sia ɖe.

      Yesu Kristo le fia ɖum ɖe anyigba dzi tso eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Eƒe hatidziɖulawo nɔ anyi ɖe emegbe. Yehowa ƒe kekeli le keklẽm le wo megbe.

      4. Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi

      Ŋusẽ si le Yesu Kristo si la ƒo dziɖula ɖe sia ɖe tɔ ta. Mixlẽ Mateo 28:18, eye miadzro biabia sia me:

      • Aleke gbegbee ŋusẽ si le Yesu si la ƒo amegbetɔ ɖe sia ɖe si nye dziɖula tɔ tae?

      Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu nu yina eye bubu xɔna ɖe eteƒe. Azɔ hã, anyigbaa ƒe akpa aɖe ko dzie dziɖula ɖe sia ɖe ɖuna. Ke Mawu Fiaɖuƒea ya ɖe? Mixlẽ Daniel 7:14, eye miadzo biabia siawo me:

      • Esi wònye be “womatsrɔ̃” Mawu Fiaɖuƒea o ta la, aleke nèsusu be esia aɖe vi na mí?

      • Esi wònye be Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi ta la, aleke nèsusu be esia aɖe vi na mí?

      5. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ na mí o

      Nu ka tae wòle be Mawu Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

      VIDEO: Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?—Videoa Ƒe Akpa Aɖe (1:41)

      • Aleke amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu gblẽ nu le amewo ŋui?

      Mixlẽ Nyagblɔla 8:9, eye miadzro nyabiase siawo me:

      • Ðe nèsusu be ele be Mawu Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

      6. Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖulawo nya nu siwo me tom míele la nyuie

      Esi wònye be míaƒe Fia, Yesu, ŋutɔ hã nye amegbetɔ kpɔ eye wònya míaƒe “gbɔdzɔgbɔdzɔwo” nyuie ta la, ate ŋu “ase veve” ɖe mía nu. (Hebritɔwo 4:15) Azɔ hã, ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla 144,000 siwo Yehowa tia be woaɖu fia kple Yesu la “tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomevi ɖe sia ɖe kple dukɔ sia dukɔ me.”—Nyaɖeɖefia 5:9.

      • Ðe wòdzɔ dzi na wò be Yesu kple ame siwo katã aɖu fia kplii la nya nu siwo me tom míele la nyuiea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

      Ŋutsu kple nyɔnu amesiamina siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi vovovowo me, siwo nye ame ƒomevi vovovowo.

      Yehowa tia ŋutsuwo kple nyɔnuwo tso ame ƒomeviwo katã me be woaɖu fia kple Yesu

      7. Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo nyo sãsãsã wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo tɔ

      Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dea se siwo wokpɔ be aɖe vi na yewo teviwo ahakpɔ wo ta. Nenema kee sewo li siwo dzi wòle be Mawu Fiaɖuƒea teviwo nawɔ ɖo. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11, eye miadzro biabia siawo me:

      • Aleke nèsusu be xexea me anɔ ne ame sia ame wɔa Mawu ƒe sewo dzi?a

      • Ðe nèsusu be esɔ be Yehowa di tso Fiaɖuƒea teviwo si be woawɔ ɖe se siawo dzia? Nu ka tae?

      • Nu kae ɖee fia be ame siwo mele se siawo dzi wɔm fifia o la ate ŋu atrɔ?—Kpɔ kpukpui 11 lia.

      Polis aɖe le ʋuwo tɔm le afi si ame geɖe tsoa mɔ me le. Ðeviwo kple tsitsiawo siaa le mɔa me tsom.

      Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dea se siwo ɖea vi na wo teviwo hekpɔa wo ta. Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo hã ɖea vi na eteviwo hekpɔa wo ta, gake wonyo sãsãsã wu amegbetɔwo ƒe sewo

      AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒea?”

      • Ne ame aɖe bia nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si le dziƒo si ava ɖu anyigba bliboa dzi.

      Numetoto

      • Ame kawoe nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖulawo?

      • Nu ka tae Mawu Fiaɖuƒea nyo sãsãsã wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖe sia ɖe?

      • Nu kae Yehowa di tso Fiaɖuƒea teviwo si?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Le nyati sia me la, àkpɔ nya si Yesu gblɔ tso afi si Mawu Fiaɖuƒea le ŋu.

      “Ðe Mawu Fiaɖuƒea Le Wò Dzi Mea?” (Nyati sia le jw.org)

      Nu ka tae nuteƒewɔwɔ na Mawu Fiaɖuƒea le vevie na Yehowa Ðasefowo wu nuteƒewɔwɔ na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo?

      Woɖoe Kplikpaa Be Yewoanɔ Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Akpa Dzi (1:43)

      Le nyati sia me la, àkpɔ nya si Biblia gblɔ tso ame 144,000 siwo Yehowa tia be woaɖu fia kple Yesu la ŋu.

      “Ame Kawoe Ayi Dziƒo?” (Nyati sia le jw.org)

      Nu kae na nyɔnu aɖe si nɔ gaxɔ me la va ka ɖe edzi be Mawu ɖeka koe ate ŋu aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa le xexea me?

      “Ale Si Mewɔ Va Nya Ame Si Ate Ŋu Aɖe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Ða” (Nyɔ! ƒe nyati)

      a Míava dzro se siawo dometɔ aɖewo me le agbalẽ sia ƒe Akpa 3 lia me.

  • Nu Si Wòfia Be Míagade Akpa Aɖeke Dzi O
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 45 lia. Nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe le tsitre le ehatiwo dome bubutɔe esime wole dukɔa ƒe adzɔgbeɖenya gblɔm, gake megblɔ adzɔgbeɖenyaa alo tsɔ eƒe asi ɖo akɔta abe ale si ehatiwo wɔe ene o.

      NUSƆSRƆ̃ 45

      Nu Si Wòfia Be Míagade Akpa Aɖeke Dzi O

      Yesu gblɔ be mele be ye yomedzelawo nanye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 15:19) Nu si esia bia dometɔ aɖewoe nye be míagade akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe dunyahehe kple aʋawɔwɔwo me o. Gake menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míagade akpa aɖeke dzi o. Amewo ate ŋu aɖu fewu le mía ŋu le esia ta. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea akpa aɖeke dzi o eye míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa Mawu?

      1. Aleke Kristotɔ vavãwo bua amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe?

      Kristotɔ vavãwo dea bubu dziɖuɖuwo ŋu. Míewɔa nya si Yesu gblɔ be “mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro” la dzi, si fia be míewɔa dukɔa ƒe sewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, míexea adzɔ abe ale si dukɔa ƒe se bia ene. (Marko 12:17) Biblia na míenya be esi Yehowa ɖe mɔ ta koe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo le dzi ɖum ɖo. (Romatɔwo 13:1) Eya ta míesea egɔme be ŋusẽ aɖe si nu koe le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo si, si fia be seɖoƒe li na woƒe ŋusẽ. Míekpɔa mɔ be mía Mawu la ato eƒe Fiaɖuƒe si le dziƒo la dzi akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ.

      2. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea akpa aɖeke dzi o?

      Yesu mede nu dunya me o, eye míawo hã míedea nu dunya me o. Esi amewo kpɔ nukunu aɖe si Yesu wɔ la teƒe eye wodze agbagba be yewoaɖoe fia la, meɖe mɔ na wo o. (Yohanes 6:15) Nu ka tae? Eya ŋutɔ va gblɔ emegbe be, “nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 18:36) Esi míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ta la, míeɖenɛ fiana le mɔ vovovowo nu be míedea akpa aɖeke dzi o. Le kpɔɖeŋu me, míeyia aʋa o. (Xlẽ Mika 4:3.) Míedea bubu dukɔa ƒe dzesiwo abe aflaga ene ŋu, gake míetsɔa bubu si Mawu ɖeɖe ko dze na la nana nu mawo o. (1 Yohanes 5:21) Azɔ hã, míedea dunyahehabɔbɔ alo dunyahela aɖeke dzi o, eye míetsia tre ɖe wo ŋu hã o. Míetoa mɔ siawo kple bubuwo dzi ɖenɛ fiana be Mawu ƒe dziɖuɖu, si nye eƒe Fiaɖuƒea, ɖeɖe ko ƒe akpa dzie míele.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àkpɔ nɔnɔme siwo me wòtea ŋu sesẽna le be míagade akpa aɖeke dzi o kple ale si nàte ŋu atso nya me le nɔnɔme mawo me wòadze Yehowa ŋu.

      Ŋutsu aɖe si mede akpa aɖeke dzi o. Dunyahela eve siwo di be woada akɔ na yewo la le nu ƒom na amehawo, gake ŋutsua ya mele wo gbɔ kpɔm gɔ̃ hã o.

      3. Kristotɔ vavãwo medea akpa aɖeke dzi o

      Yesu kple eyomedzelawo ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le esia gome. Mixlẽ Romatɔwo 13:1, 5-7 kple 1 Petro 2:13, 14. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

      VIDEO: Kristotɔ Vavãwo Medea Akpa Aɖeke Dzi O—Akpa 1 (4:28)

      • Nu ka tae wòle be míade bubu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu?

      • Mɔ siwo nu míeɖenɛ fiana le be míebɔbɔa mía ɖokui na wo la dometɔ aɖewoe nye kawo?

      Ne aʋa dzɔ la, dukɔ aɖewo gblɔna be yewomede ame siwo le aʋaa wɔm kple wo nɔewo la dometɔ aɖeke dzi o, ke hã wonɔa alɔ dom akpa evea siaa. Ke nu ka tututue wòfia be míagade akpa aɖeke dzi o? Mixlẽ Yohanes 17:16. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro biabia si gbɔna me.

      VIDEO: Kristotɔ Vavãwo Medea Akpa Aɖeke Dzi O—Akpa 2 Lia (3:11)

      • Nu kae wòfia be míagade akpa aɖeke dzi o?

      Ke ne dziɖuɖuwo bia tso mía si be míawɔ nane si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu ya ɖe? Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:28, 29. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

      VIDEO: Kristotɔ Vavãwo Medea Akpa Aɖeke Dzi O—Akpa 3 Lia (1:18)

      • Ke ne amegbetɔwo de se aɖe si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu ya ɖe, ame ka ƒe se dzie wòle be míawɔ?

      • Le wò susu nu la, nɔnɔme kawo mee wòate ŋu adzɔ le be Kristotɔwo mawɔ ɖe nya si dziɖuɖuwo gblɔ dzi o?

      4. Mègade akpa aɖeke dzi le susu alo nuwɔna me o

      Mixlẽ 1 Yohanes 5:21. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

      VIDEO: Nu Si Ta Kristotɔ Vavãwo Hiã Dzinɔameƒo—Be Woagade Akpa Aɖeke Dzi O (2:49)

      • Le videoa me la, nu ka tae Ayenge medi be yeaɖo dunyahehabɔbɔa me alo akpɔ gome le dulɔlɔ̃ ƒe wɔnawo, abe gbedodo na aflaga ene me o?

      • Ðe nèsusu be ewɔe nyuiea?

      Nɔnɔme bubu kawo mee wòate ŋu asesẽ le be míagade akpa aɖeke dzi o? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

      VIDEO: Nu Siwo Míesrɔ̃ Tso Gbetakpɔxɔ Me—Mègade Akpa Aɖeke Dzi Le Xexe Si Me Mama Le La Me O (5:16)

      • Aleke míate ŋu aƒo asa na akpa aɖe dzi dede ne dukɔwo le ho ʋlim kple wo nɔewo le kamedefefewo me?

      • Ne dunyahelawo ƒe nyametsotsowo gblẽ nu le mía ŋu alo de mía dzi gɔ̃ hã la, aleke míate ŋu aƒo asa na akpa aɖe dzi dede?

      • Aleke nya siwo míesena le nyadzɔdzɔwo me alo ame siwo míedea ha kplii la ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míagade akpa aɖeke dzi o?

      Nɔnɔmetata vovovoawo: 1. Ame siwo do dziku eye wolé ʋuƒo siwo dzi woŋlɔ nu ɖo ɖe asi la le nu ƒom tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. 2. Ŋutsu aɖe si lé aflaga ɖe asi le kamedefefe ƒe wɔna aɖe me la le ɣli dom sesĩe. 3. Sukuvi aɖe le dukɔa ƒe adzɔgbeɖenya gblɔm. 4. Asrafo aɖe lé tu ɖe asi. 5. Dunyahela eve le nya aɖe si wode tò me la hem. 6. Nyɔnu aɖe tsɔ eƒe akɔdagbalẽvi le nugo aɖe me dem.

      Nɔnɔme vovovo siwo me wòle be Kristotɔ naƒo asa na akpa aɖe dzi dede le susu kple nuwɔna siaa me la dometɔ aɖewo ɖe?

      AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae mèdoa gbe na aflaga alo dzia dukɔa ƒe ha o?”

      • Ne ame aɖe bia nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Kristotɔwo dzea agbagba vevie be yewoagade akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o, eɖanye le woƒe susu, nuƒoƒo, alo nuwɔna me o.

      Numetoto

      • Nu kae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dze na si wòle be míatsɔ ana wo?

      • Nu ka tae míedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o?

      • Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu asesẽ na mí le be míagade akpa aɖeke dzi o?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Nu kawoe wòate ŋu ahiã be míatsɔ asa vɔe ale be míagade akpa aɖeke dzi o?

      Yehowa Megblẽ Mí Ði Kpɔ O (3:14)

      Nu kae ƒomewo ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe dodokpɔ siwo ate ŋu ava wo dzi le akpaɖekedzimademade ƒe nyawo me ŋu?

      Mègade Akpa Aɖeke Dzi Le Dutoƒowɔnawo Me O (4:25)

      Nu ka tae menye ame ƒe dukɔ ta ʋiʋli ye nana bubu gãtɔ kekeake nɔa ame ŋu o?

      “Mawu Ya Tea Ŋu Wɔa Nu Sia Nu” (5:19)

      Ne eva hiã be nàtso nya me le dɔ si nàwɔ ŋu la, aleke nàwɔ be màganye xexea ƒe akpa aɖeke o?

      “Amesiame Atsɔ Ye Ŋutɔ Ƒe Agba” (Gbetakpɔxɔ, March 15, 2006)

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe