-
‘Etre Mí Lɔlɔ̃’Te Ðe Yehowa Ŋu
-
-
Lɔlɔ̃ɖeɖefia Gãtɔ Kekeake
4. Aleke wòdzɔe be Roma-srafo aɖe va kpɔe dze sii be menye ame gbɔloe Yesu nye o, eye aleke asrafoa ƒo nya tae?
4 Viviti si do ɖe anyigba dzi do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku kple anyigbaʋuʋu gã si teƒe wokpɔ le eƒe ku megbe teti la nye nu siwo wɔ nuku na Roma-srafomegã si kpɔ egbɔ be wowu Yesu. Egblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.” (Mateo 27:54) Edze ƒãa be menye ame gbɔlo aɖee Yesu nye o. Asrafo ma kpe asi ɖe eŋu wowu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Tenuvi! Aleke tututue Fofo la lɔ̃ Vi siae?
5. Aleke woate ŋu awɔ ɣeyiɣi gbogbo si Yehowa kple Via tsɔ nɔ anyi ɖekae le dziƒo ƒe kpɔɖeŋui?
5 Biblia yɔ Yesu be enye “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ.” (Kolosetɔwo 1:15) Bu eŋu kpɔ ko—Yehowa ƒe Vi la nɔ anyi xoxoxo do ŋgɔ hafi wowɔ xexea me godoo si míekpɔna la. Ekema ɣeyiɣi didi ka koŋue Fofo la kple Vi la nɔ anyi ɖekae? Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo bui be xexea me godoo xɔ ƒe biliɔn 13. Ðe nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi ma ƒe didime gɔ̃ hã le susu mea? Be woakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ƒe si xexea me godoo xɔ le susu me le ale si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susui be exɔ nu la, ɣletinyigbawo ŋuti nusrɔ̃ƒe aɖe wɔ fli legbee aɖe si didi meta 110 ɖe gli ŋu tsɔ tsi tre ɖi na ɣeyiɣiwo. Ne wokplɔ tsaɖilawo wole flia ŋu tom le glia ŋu la, afɔ ɖeka ɖe sia ɖe si woaɖe la tsia tre ɖi na ƒe siwo ade miliɔn 75 le xexea ƒe anyinɔnɔ me. Le ɣeyiɣiflia ƒe nuwuwu la, wote fli lɛ aɖe tsɔ tso eme, si ƒe titrime le abe amegbetɔ ƒe ɖakui ɖeka ƒe titrime ko ene, eye fli lɛ mae le tsitre ɖi na ƒe siwo katã ameƒomea ƒe ŋutinya xɔ! Ne akɔntabubu ma de gɔ̃ hã la, ɣeyiɣi ƒe fli blibo ma katã medidi de Yehowa ƒe Vi la ƒe agbenɔƒe nu o! Nu kawo wɔm wònɔ le ƒe gbogbo manyaxlẽ mawo me?
6. (a) Nu ka wɔmee Yehowa ƒe Vi la nɔ le eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me? (b) Ðekawɔwɔ ka ƒomevie le Yehowa kple Via dome?
6 Enye dzidzɔ na Via be yeanye ye Fofo ƒe “dɔwɔla bibi.” (Lododowo 8:30) Biblia gblɔ be: “Eya [Vi la] manɔmee la, womewɔ nu ɖeka pɛ hã o.” (Yohanes 1:3) Eya ta Yehowa kple Via wɔ dɔ ɖekae le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Ɣeyiɣi dodzidzɔname kawo gbegbee nye esi wotsɔ nɔ anyi ɖekae! Ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be lɔlɔ̃ si nɔa dzila kple via dome la me sẽna ŋutɔ nukutɔe. Esia nye nyateƒe, elabena lɔlɔ̃ ‘nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.’ (Kolosetɔwo 3:14) Ekema mía dometɔ kae ate ŋu ase ɖekawɔwɔ si gbegbe le wo dome ɣeyiɣi gbogbo mawo la gɔme vie gɔ̃ hã? Eme kɔ ƒãa be lɔlɔ̃ ƒe nublanu sesẽtɔ kekeake si ƒo ɖe sia ɖe ta ye le Yehowa Mawu kple Via dome.
7. Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ la, aleke Yehowa ɖe eƒe seselelãme ɖe Via ŋu gblɔe?
7 Togbɔ be ele nenema hã la, Yehowa dɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be woadzii vidzĩi si nye amegbetɔ. Esia wɔwɔ fia be Yehowa nana hadede kplikplikpli kple Via lɔlɔ̃a le dziƒo nato eŋu ƒe bla nanewo. Etsɔ ɖetsɔleme vevie nɔ ekpɔm tso dziƒo esime Yesu nɔ tsitsim ʋuu va zu ŋutsu deblibo. Esi Yesu xɔ anɔ ƒe 30 la, exɔ nyɔnyrɔ. Mehiã be míasusu ale si Yehowa se le eɖokui me tso eŋu agblɔ o. Fofo la ŋutɔ ƒo nu tẽe tso dziƒo tsɔ ɖee gblɔ be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” (Mateo 3:17) Esi Fofoa kpɔe be Yesu wɔ nu siwo katã ƒe nya wogblɔ ɖi le eŋu, be wòwɔ nu siwo katã wobia tso esi nuteƒewɔwɔtɔe la, anye dzidzɔ nɛ ale gbegbe!—Yohanes 5:36; 17:4.
8, 9. (a) Nu kawo mee Yesu to le Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. me, eye dɔ kae wòwɔ ɖe Fofoa si le dziƒo dzi? (b) Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ be Via nakpe fu ahaku?
8 Gake aleke Yehowa se le eɖokui me le Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. me? Aleke wòse le eɖokui me esi wofia Yesu yomemɔ eye ameha nu vlo wɔlawo va lée le zã me? Esi Yesu xɔlɔ̃wo gblẽe ɖi eye wòto ʋɔnudɔdrɔ̃ manɔsenu aɖe me? Esi woɖu fewu le eŋu, woɖe ta ɖe eŋu, eye woƒoe kple kɔ? Esi woƒoe kple atam eye eƒe dzime vuvu ʋayaʋaya? Esi woƒo gatagbadzɛwo ɖe eƒe asi kple afɔ hehee ɖe ati ŋu, eye amewo nɔ fewu ɖum le eŋu? Aleke Fofoa se le eɖokui me esi Via lɔlɔ̃a do ɣli yɔe le vevesese helĩhelĩ me? Aleke Yehowa se le eɖokui me esi Yesu gbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛtɔ, eye zi gbãtɔ tso nuwɔwɔwo katã ƒe gɔmedzedze la, Via lɔlɔ̃a megava li o?—Mateo 26:14-16, 46, 47, 56, 59, 67; 27:38-44, 46; Yohanes 19:1.
9 Manya gblɔ na mí o. Esi seselelãme le Yehowa si ta la, veve si gbegbe wòase ɖe Via ƒe fukpekpe kple ku ta la nye esi míate ŋu akpɔ nya siwo míatsɔ agblɔe o. Gake esi míate ŋu agblɔe nye susu si ta Yehowa ɖe mɔ nu ma dzɔ. Nu ka ta Fofo la tsɔ eɖokui de vevesese ma gbegbe me ɖo? Yehowa ɖe nu wɔnuku aɖe fia mí le Yohanes 3:16—Biblia ƒe kpukpui sia le vevie ale gbegbe be woyɔnɛ be Nya Nyui sue. Wogblɔ le afi ma be: “Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Eya ta nu si ʋã Yehowa ye nye esi: lɔlɔ̃. Yehowa ƒe nunana—Via dɔdɔ ɖa be wòava kpe fu ahaku ɖe mía ta—nye lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake.
‘Mawu tsɔ eƒe Tenuvi la na’
-
-
‘Etre Mí Lɔlɔ̃’Te Ðe Yehowa Ŋu
-
-
12 Le Biblia me la, gɔmesese si nɔa a·gaʹpe ŋu zi geɖee nye lɔlɔ̃ si gɔmeɖose fiaa mɔe. Eya ta ede ŋgɔ wu seselelãme si anɔ ame me na ame bubu aɖe ko. Enye esi keke ta wu, esi me wozãa ameŋububu geɖe le wu, eye etsoa lɔlɔ̃nu faa me. Ƒo wo katã ta la, ɖokuitɔdidi aɖeke kura mele Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ me o. Le kpɔɖeŋu me, gaxlẽ Yohanes 3:16 ake. Nu kae nye “xexea” si Mawu lɔ̃ ale gbegbe be wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi na ɖe eta? Eyae nye ameƒomea me tɔ siwo ate ŋu akpɔ ɖeɖe ƒe xexea. Ame geɖe siwo le nu vɔ̃ gbe nɔm hã le eme. Ðe Yehowa lɔ̃ ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe wònye exɔlɔ̃ kplikplikpli, abe ale si wòlɔ̃ nuteƒewɔla Abraham enea? (Yakobo 2:23) Ao, gake Yehowa keke eƒe dɔmenyo la ɖe enu na amewo katã, togbɔ be esia bia tso esi be wòatsɔ nu vevi aɖe asa vɔe hã. Edi be amewo katã natrɔ dzi me eye woatrɔ tso woƒe mɔwo dzi. (2 Petro 3:9) Ame geɖe le esia wɔm. Ame siawoe wòxɔna dzidzɔtɔe be woanye ye xɔlɔ̃wo.
-