Biblia Gbalẽ 54 Lia—1 Timoteo
Eŋlɔla: Paulo
Afi Si Wòŋlɔe Le: Makedonia
Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Ƒe 61–64 M.Ŋ. lɔƒo
NYA mamlɛ siwo Luka gblɔ tso Paulo ƒe agbenɔnɔ ŋu le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me ye nye be, Paulo yi Roma nɔ nyametsotso si Kaisaro awɔ le eƒe nyaa gbugbɔgadrɔ̃ me la lalam. Egblɔ be Paulo le aƒe si eya ŋutɔ haya me, nɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe la na ame siwo katã vaa egbɔ, eye be enɔ esia wɔm “kple dzideƒo blibo, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ o.” (Dɔw. 28:30, 31) Gake le agbalẽ evelia si Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, egblɔ be: “Mele fu kpem le vɔ̃ me keke va ɖo gaxɔ me bablawo me ke abe nu vɔ̃ wɔla ene,” eye wògblɔ be yeƒe kuɣi gogo. (2 Tim. 2:9; 4:6-8) Aleke gbegbee nuwo va trɔ ye nye esi! Wowɔ nu ɖe eŋu le gaxɔmenɔnɔ zi gbãtɔ me abe gamenɔla si dze bubu ene, gake le evelia me la, abe hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖe ene. Ƒe 61 M.Ŋ. mee Luka ƒo nu tso Paulo ƒe nɔnɔme ŋu le ƒe eve siwo Paulo nɔ Roma la ƒe nuwuwu lɔƒo, gake edze abe ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Paulo ƒe ku ye eya ŋutɔ ŋlɔ nu tso eƒe nɔnɔmea ŋu na Timoteo ene. Eya ta biabia lae nye be: Nu kawoe va dzɔ le ɣeyiɣi eve mawo dome?
2 Esi kpeɖodzi aɖeke meli, si dzi woanɔ te ɖo agblɔ be ɣeyiɣi si ƒe nudzɔdzɔwo ŋu Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒo nu tso la ke mee Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽwo na Timoteo kple Tito o ta la, Biblia ŋuti nunyala aɖewo ƒo nya ta be, esime Kaisaro gbugbɔ Paulo ƒe nyaa drɔ̃ la, wotso nya me be meɖi fɔ o, si na woɖe asi le eŋu le ƒe 61 M.Ŋ. me lɔƒo. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe (The New Westminster Dictionary of the Bible) gblɔ be: “Susu sia [si nye be, woɖe asi le Paulo ŋu le gaxɔmenɔnɔ ƒe eve megbe] la wɔ ɖeka kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe kpukpui mamlɛtɔ me nyawo wu esi nye be, le apostoloa ƒe gaxɔmenɔnɔ ƒe nuwuwu la, wotso kufia nɛ hewui. Luka te gbe ɖe edzi be, ame aɖeke mexe mɔ ɖe eƒe dɔ nu o, eye kakaɖedzitɔe la, nya sia na míekpɔe be, eƒe dɔwɔnawo ƒe nuwuwu megogo ɣemaɣi o.”a Eya ta ɣeyiɣi si me woɖe asi le eŋu le edede gaxɔ me zi gbãtɔ le Roma megbe, kple eƒe gaxɔmenɔnɔ le afi ma zi mamlɛtɔ domedome, si nye ƒe 61-64 M.Ŋ. me lɔƒo, ye wòŋlɔ Timoteo Gbãtɔ.
3 Edze ƒãa be, esi woɖe asi le Paulo ŋu le ga me la, woa kple Timoteo kpakple Tito gadze duta nya nyui gbɔgblɔ dɔa gɔme ake. Kpeɖodzi aɖeke meli be Paulo ɖo Spania, abe ale si ame aɖewo susui ene o. Clement si tso Roma ŋlɔ (le ƒe 95 M.Ŋ. lɔƒo me) be Paulo wɔ dɔ va ɖo “keke Europa ƒe liƒo dzi ke,” si fia be ɖewohĩ eɖo Spania.b
4 Afi kae Paulo nɔ hafi ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ na Timoteo? Timoteo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 1:3 gblɔ be, Paulo wɔ ɖoɖo be Timoteo nakpɔ nya aɖewo gbɔ le Efeso hamea me esime eya ŋutɔ dzo yi Makedonia. Ewɔ abe afi siae wònɔ hafi ŋlɔ agbalẽa heɖoe ɖe Timoteo le Efeso ene.
5 Tso blema ke la, woda asi ɖe edzi be Paulo ye ŋlɔ agbalẽ eveawo na Timoteo, eye be wole Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la dome. Kristotɔwo ŋuti nuŋlɔla gbãtɔwo, siwo dometɔ aɖewoe nye Polycarp, Ignatius, kple Clement si tso Roma, katã lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wotsɔ agbalẽ siawo kpe ɖe esiwo nu woƒo ƒu le ƒe alafa gbãtɔwo me la ŋu, hegblɔ be Paulo ye ŋlɔ wo. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Nubabla Yeyea me agbalẽ ʋɛ aɖewo ko ŋue kpeɖodzi sẽŋu le wu agbalẽ eve siwo woŋlɔ na Timoteo. . . . Eya ta ele be míabui be, egbeŋkekeawo me hafi wova le nya tsɔm ɖe kakaɖedzi si le agbalẽawo ŋu ŋuti, gake sɔlemeha gbãtɔa ya na kpeɖodzi sẽŋuwo tso wo ŋu.”c
6 Paulo ŋlɔ agbalẽ gbãtɔ sia na Timoteo be yeatsɔ aɖe ale si wòle be ɖoɖowo nayi edzi le hamea me la me nɛ nyuie. Ehiã hã be, wòaxlɔ̃ nu Timoteo be wòanɔ ŋudzɔ ɖe alakpanufiafiawo ŋu, eye wòado ŋusẽ nɔviawo be woatsi tsitre ɖe ‘alakpasidzedze’ ŋu. (1 Tim. 6:20) Esi wònye asitsadu ye Efeso nye ta la, ŋutilãmenudidi kple “galɔlɔ̃” ƒe tetekpɔ hã li, eya ta asɔ be wòaɖo aɖaŋu aɖewo nɛ tso esia hã ŋu. (6:10) Kakaɖedzitɔe la, hehe si Timoteo xɔ, kple nuteƒekpɔkpɔ si su esi la, na wòdze nyuie awɔ dɔ sia. Fofoa nye Helatɔ, eye dadaa nye Yudatɔ mawuvɔ̃la aɖe. Míenya ɣeyiɣi si me tututu Timoteo va zu Kristotɔ ya o. Esi Paulo va Listra le eƒe duta nya nyui gbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me, si anye ƒe 49 M.Ŋ. ƒe nuwuwu alo ƒe 50 M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la, “nɔvi siwo le Listra kple Ikonio la ƒo nu nyui” tso Timoteo (si anya xɔ tso ƒe 18 va se ɖe 22 ɣemaɣi) la ŋuti. Eya ta Paulo wɔ ɖoɖo be Timoteo nakplɔ ye kple Sila ɖo. (Dɔw. 16:1-3) Woyɔ Timoteo ŋkɔ le Paulo ƒe agbalẽ 14-awo me zi 11, eye woyɔe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa hã me. Paulo tsɔ ɖe le eme nɛ ɣesiaɣi abe fofoa ene, eye zi geɖe la, edɔe be wòayi aɖasubɔ hame vovovowo—si nye kpeɖodzi be Timoteo wɔ dɔ nyuie le duta nya nyui gbɔgblɔ dɔa me, eye wòdze axɔ agbanɔamedzi siwo lolo wu.—1 Tim. 1:2; 5:23; 1 Tes. 3:2; Fil. 2:19.
NU SI TAE VIÐE LE EŊU
15 Nuxlɔ̃ame sẽŋu aɖe le agbalẽ sia me na ame siwo kplɔa nyakpakpawo kple xexemenunya ɖo. “Glãkahehe le nyawo ŋu” kple dada ye zɔna, eye ele be míaƒo asa na wo, elabena Paulo gblɔ na mí be woxea mɔ ɖe Kristotɔ ƒe tsitsi nu, eye “wofɔa biabia manyatalenuwo ɖe te, le esi woana woanya nane si tso Mawu gbɔ le xɔse ŋu teƒe.” (6:3-6; 1:4) Nyaʋiʋli siawo, kple ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo, ‘tsi tsitre ɖe nufiafia nyui, si sɔ ɖe Mawu dzidzɔtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui la nu, la ŋuti.’—1:10, 11.
16 Edze ƒãa be, Kristotɔ siwo nɔ Efeso, si me ŋukeklẽ ɖe ga ŋu bɔ ɖo la, hiã aɖaŋuɖoɖowo le ale si woatsi tsitre ɖe ŋutilãmenudidi kple eƒe susuhenuwo ŋu la ŋuti. Paulo ɖo aɖaŋu na wo le ema ŋu. Ame geɖe yɔa eƒe nyawo egbea gblɔna be, ‘Nu vɔ̃wo katã ƒe kee nye galɔlɔ̃,’ gake ame nenie wɔna ɖe nya mawo dzi? Gake ehiã be Kristotɔ vavãwo ya nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ɣeawokatãɣi. Eyae ana woakpɔ agbe. Ehiã be woasi le ŋutilãmenudidi ƒe mɔ siwo gblẽa nu le ame ŋu la nu, eye be woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe “kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu hena míaƒe zazã la ŋu.”—6:6-12, 17-19.
17 Paulo ƒe agbalẽa ɖee fia be, Timoteo ŋutɔ hã ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le ale si wòle be sɔhɛ Kristotɔ nanɔ agbee me. Togbɔ be metsi le ŋutilã me fũu o hã la, etsi le gbɔgbɔ me ya. Edze agbagba dze va zu dzikpɔla, eye woyrae geɖe esi subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe su esi. Ke hã, abe sɔhɛ subɔla siwo li egbea ke ene la, ehiã be wòade ŋugble le nu siawo ŋu, eye wòana eƒe dzi katã naku ɖe wo ŋu, ale be wòayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm. Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia sɔ ŋutɔ na Kristotɔ siwo katã le didim be yewoƒe dzidzɔ nadzi ɖe edzi esime yewole ŋgɔyiyi wɔm, be: “Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple wò nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi. Nɔ nu siawo dzi, elabena to esia wɔwɔ me la, àɖe ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa.”—4:15, 16.
18 Agbalẽ sia si tso gbɔgbɔ me la na míedea bubu ɖoɖo nyui siwo Mawu wɔ la ŋu. Eɖe ale si ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ate ŋu awɔ woƒe akpa dzi le hamea me wòawɔ ɖeka kple teokrasimɔfiafia la me. (2:8-15) Azɔ edzro nu siwo wodi tso ame si hafi wòadze anye dzikpɔla alo subɔsubɔdɔwɔla me. Eya ta gbɔgbɔ kɔkɔe lae na míenya nudidi siwo gbɔ wòle be ame siwo subɔna le hamea me la naɖo. Agbalẽa de dzi ƒo na subɔla ɖeadzɔgbewo katã be woaɖo nudidi siawo gbɔ, esime wògblɔ be: “Ne ame aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui dim.” (3:1-13) Edzro ale si wòle be dzikpɔla nawɔ nu ɖe ame tsitsiwo kple ɖeviwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ŋu nyuie le hamea me, kpakple ale si wòle be wòakpɔ nutsotso siwo ŋu ɖasefo le la gbɔe, la me wòsɔ nyuie. Esi Paulo nɔ gbe tem ɖe edzi be, ele be woade bubu teƒe eve hamemetsitsi siwo doa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me ŋu dzi la, eyɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo zi eve sɔŋ tsɔ ɖo kpe edzi, gblɔ be: “Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: ‘Mele be nàbla nu na nyitsu ne ele nuku tugum o’; eye be: ‘Dɔwɔla dze na eƒe fetu.’”—1 Tim. 5:1-3, 9, 10, 19-21, 17, 18; 5 Mose 25:4; 3 Mose 19:13.
19 Le aɖaŋu nyui siawo katã ɖoɖo megbe la, Paulo gblɔ kpee be, ele be woawɔ sededea dzi kpɔtsɔtsɔ kple mokaka manɔŋui ‘va se ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo, si nye Fia na ame siwo le fia ɖum kple Aƒetɔ na ame siwo le aƒetɔ ɖum la, ƒe ɖeɖefiaɣi la.’ Le Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ sia ta la, Paulo tsɔ nuxlɔ̃amenya vevi sia na Kristotɔwo wu eƒe agbalẽa nu be “woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu amewo, eye woadzra gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye kesinɔnu hena etsɔ si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi sesĩe.” (1 Tim. 6:14, 15, 18, 19) Nyateƒee, viɖe le mɔfiame nyui siawo, siwo le Timoteo Gbãtɔ me la ŋu vavã!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a 1970, si me H. S. Gehman to, axa 721.
b The Ante-Nicene Fathers, Babla 1, axa 6, “Clement ƒe Agbalẽ Gbãtɔ na Korintotɔwo,” ta 5.
c New Bible Dictionary, tata evelia, 1986, si me J. D. Douglas, to, axa 1203.