INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w20 March axa 31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpovitɔwo Ƒe Ametakpɔkpɔ—Mɔkpɔkpɔwo Kple Vɔvɔ̃wo
    Nyɔ!—2002
  • ‘Woyɔ Sanhedrin La Me Tɔwo Va Ƒo Ƒu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Kpovitɔwo—Nukatae Wohiã?
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
w20 March axa 31
Yudatɔwo ƒe gbedoxɔmekpovitɔwo lé ŋutsu eve aɖewo siwo subɔsubɔha me zazɛ̃nyahelawo fia asii.

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe nye Yudatɔwo ƒe gbedoxɔmekpovitɔwo? Dɔ kawoe wowɔna?

Lewi vi siwo menye nunɔlawo o la wɔa dɔ vovovo siwo dometɔ ɖeka de sɔsɔ ge kple kpovitɔwo ƒe dɔa. Wowɔa woƒe dɔa le gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã la ƒe mɔfiafia te. Yudatɔ agbalẽŋlɔla Philo ŋlɔ tso gbedoxɔmekpovitɔ siawo ŋu be: “[Lewi vi] siawo dometɔ aɖewo dzɔa agbo siwo nu amewo tona gena ɖe gbedoxɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, bubuwo hã dzɔa kɔkɔeƒe la ŋu hekpɔa egbɔ be ame si medze o la nagaɖo afɔ afi ma le manyamanya me gɔ̃ hã o. Eye wo dometɔ siwo ƒoa xlã gbedoxɔa la dometɔ aɖewo hã nɔa wo nɔewo ɖɔ lim zã kple keli henɔa eŋu dzɔm.”

Sanhedrin la me tɔwo tea ŋu dea dɔ asi na kpovitɔ siawo be woawɔ. Gbedoxɔmekpovitɔ siawo koe nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo si Roma ƒe dziɖuɖua ɖe mɔ na be woatsɔ lãnuwo.

Agbalẽnyala Joachim Jeremias gblɔ be, “Yesu ƒe nya si wògblɔ esime wova lée, be gbe sia gbe yenɔa anyi ɖe Gbedoxɔa me nɔ nu fiam, ke womelé ye kpɔ o (Mat. 26:55) la me va kɔ nyuie wu, ne wòanye be Gbedoxɔmekpovitɔwoe va lée vavã.” Agbalẽnyala sia ke xɔe se be, ame siwo wodɔ ɖa gbã be woaɖalé Yesu la hã nye gbedoxɔmekpovitɔwo. (Yoh. 7:32, 45, 46) Wode dɔ asi na asrafo aɖewo kple woƒe amegãwo emegbe be woaɖakplɔ Yesu ava Sanhedrin la ŋkume, eye woawo kee anya kpe asi ɖe eŋu esime wohe apostolo Paulo do go le gbedoxɔa me.—Dɔw. 4:1-3; 5:17-27; 21:27-30.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe