INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mianye Nye Ðasefowo”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
    • 14, 15. (a) Nya kae mawudɔlaawo gblɔ tso ale si Yesu atrɔ agbɔe ŋu, eye nu kae woƒe nyawo fia? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Aleke Kristo trɔ gbɔ “nenema ke” abe ale si wòdzoe ene?

      14 Abe ale si míekpɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze enea, Yesu dzo yi dziƒo, eye eƒe nusrɔ̃lawo megakpɔe o. Gake apostolo 11-awo tɔ ɖi wu mo dzi nɔ yame kpɔm. Emegbe mawudɔla eve ɖe wo ɖokui fia nusrɔ̃lawo eye wobia wo be: “Galilea ŋutsuwo, nu ka tae mietɔ ɖi le dziƒo kpɔm? Yesu sia si woxɔ tso mia gbɔ yi dziƒo la, ava nenema ke abe ale si miekpɔe wòle dziƒo yim ene.” (Dɔw. 1:11) Ðe mawudɔlaawo ƒe nyawo fia be Yesu atrɔ agbɔ le ŋutilã me abe ale si hakplɔla aɖewo fiaa nui enea? Menye emae mawudɔlaawo ƒe nyawo fia o. Aleke míewɔ nya?

      15 Mawudɔlaawo megblɔ be Yesu atrɔ agbɔ le nɔnɔme si me wònɔ hafi dzo o, ke boŋ be atrɔ agbɔ “nenema ke.”b Aleke Yesu dzoe? Ebu ɖe eƒe apostolowo hafi mawudɔlaawo ƒo nu kpli wo. Yesu ƒe apostolo ʋɛ siawo koe kpɔe be edzo le anyigba dzi yina Fofoa gbɔ le dziƒo. Nenema kee Kristo atrɔ agbɔ, eye nenemae wòdzɔe hã. Egbea, ame siwo se Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme, eye wode dzesi ɣeyiɣi siwo me míele la koe te ŋu kpɔe be Yesu trɔ gbɔ eye wòle fia ɖum. (Luka 17:20) Ele be míade dzesi nu siwo ɖo kpe edzi be Yesu trɔ gbɔ, ale be míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be xexe xoxo sia wu enu vɔ.

  • “Mianye Nye Ðasefowo”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
    • b Helagbe me nya si Biblia zã le afi siae nye troʹpos, eye efia ale si Yesu atrɔ agbɔ, ke menye ale si woakpɔe le ŋutilã me o. Ne ɖe woakpɔe le ŋutilã mea, anye ne woazã Helagbe me nya bubu si nye mor·pheʹ.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe