INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 48 axa 251-axa 254 mm. 2
  • Ŋugbledede Kple Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋugbledede Kple Amewo
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Nufiala Gã La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Srɔ̃ Yehowa—Nye Nugɔmesela
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Nyabiasewo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ŋɔŋlɔawo Ŋudɔwɔwɔ Wòasɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 48 axa 251-axa 254 mm. 2

NUSƆSRƆ̃ 48

Ŋugbledede Kple Amewo

Nukae wòle be nàwɔ?

Zã mawunyakpukpuiwo, kpɔɖeŋuwo, kple nyabiasewo alesi susu anɔ wo mee kple to mɔ si ade dzi ƒo na amewo be woaɖo to ahabu tame dzi.

Nukata Wòle Vevie?

Nyawo gbɔgblɔ kaŋ kple nyawo me léle ɖe asi kpaɖii naa amewo ɖea woƒe susu kple dzi ɖa le nyaa ŋu. Ŋugbledede kple amewo hea wo dea dzeɖoɖo me, enaa woyia edzi bua nuwo ŋu emegbe, eye wòʋua mɔ ɖi na dzeɖoɖo dzi yiyi. Ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi vevie.

EDZƆA dzi na mí be Mawu ƒe Nya la na míewɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me, eye míedi be wòaɖe vi na ame bubuwo hã nenema ke. Gakpe ɖe eŋu la, míenya be alesi amewo wɔa nu ɖe nyanyuia ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi woƒe etsɔme anɔ dzi. (Mat. 7:13, 14; Yoh. 12:48) Míedi vevie be woaxɔ nyateƒea. Ke hã ele be míatsɔ nugɔmesesename akpe ɖe míaƒe kakaɖedzi sẽŋu kple dzonɔameme ŋu bene wòaɖe vi gbogbotɔ.

Zi geɖe la, womexɔa nyateƒenya siwo wogblɔ kaŋ si aklo nu le amewo ƒe dzixɔse si gbɔ womelɔ̃a nu le o dzi la nyuie o, ne woyɔ Ŋɔŋlɔawo me mawunyakpukpui gbogbo aɖewo tsɔ ɖo kpe wo dzii gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ne míetsi tre ɖe azãɖuɖu nyanyɛwo ŋu tẽ be trɔ̃subɔsubɔ mee wodzɔ tso la, esia mate ŋu atrɔ alesi amewo sena le wo ɖokui me ɖe wo ŋu o. Zi geɖe la, eɖea vi wu ne wode ŋugble tso eŋu kple ameawo nugɔmesenametɔe. Nukae wòfia be woanye nugɔmesenamela?

Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be “nunya si tso dziƒo la . . . hea ŋutifafa vɛ, esea nu gɔme na ame.” (Yak. 3:17, NW) Helagbe me nya si wozã le afisia na ‘nugɔmesesename’ fia “mɔɖeɖeɖenuŋu” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu. Gɔmeɖeɖe aɖewo zã “ebua ame ŋu,” “efaa tu,” alo “eɖea asi le nya ŋu.” De dzesii be wozã nugɔmesesename wòku ɖe ŋutifafamenyenye ŋu. Le Tito 3:2 la, woyɔe kpe ɖe tufafa ŋu, eye etsi tre ɖe dzrehehe ŋu. Filipitɔwo 4:5 (NW) xlɔ̃ nu mí be woanya mí be míenye ‘nugɔmesenamelawo.’ Amesi sea nu gɔme na ame la bua nusiwo me amesi wòle nu ƒom na la to le agbe me, eƒe nɔnɔmewo, kple eƒe seselelãmewo ŋu. Alɔ̃ faa aɖe mɔ ɖe nu ŋu le afisi wòasɔ le nenema. Nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu alea awɔe be woaʋu woƒe susu kple dzi me eye woalɔ̃ be yewoadzro nu bubuwo me tso Ŋɔŋlɔawo me.

Afisi Nàdze Egɔme Tsoe. Ŋutinyaŋlɔla Luka ka nya ta be esime apostolo Paulo nɔ Tesalonika la, ezã Ŋɔŋlɔawo “eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, wòakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome.” (Dɔw. 17:2, 3) Enyo be míade dzesii be Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒee Paulo wɔ esia le. Amesiwo wònɔ nu ƒom na la xɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo dzi se. Esɔ be edze egɔme kple nusi dzi ameawo lɔ̃ ɖo.

Esi Paulo nɔ nu ƒom na Helatɔwo le Areopago si le Atene la, medze egɔme kple Ŋɔŋlɔawo yɔyɔ tẽ o. Ke boŋ edze egɔme kple nusiwo wonya xoxo eye wolɔ̃ ɖe wo dzi, eye wòzã esiawo tsɔ kplɔ wo yi Wɔla la kple Eƒe tameɖoɖowo me dzodzro gbɔe.—Dɔw. 17:22-31.

Le egbeŋkekeawo me la, ame biliɔn geɖe li siwo mexɔ Biblia be enye nusi wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbenɔnɔ dzi o. Gake nɔnɔme sesẽ siwo li le fifi nuɖoanyi sia me la kpɔ ŋusẽ ɖe amesiame kloe ƒe agbenɔnɔ dzi. Amewo le nɔnɔme si nyo wu dim vevie. Ne èɖee fia gbã be yetsɔ ɖe le nusiwo le fu ɖem na wo me eye emegbe nèfia asi alesi Biblia ɖe ema mee la, nugɔmesesename ƒe mɔnu sia ate ŋu aʋã wo be woaɖo to nusi Biblia gblɔ tso Mawu ƒe tameɖoɖo na amegbetɔƒomea ŋu.

Anɔ eme be Biblia-nusrɔ̃vi aɖe nyi mawusubɔsubɔ dzixɔsewo kple kɔnu aɖewo ƒe dome tso edzilawo gbɔ. Fifia nusrɔ̃via va kpɔe dze sii be dzixɔse kple kɔnu mawo medzea Mawu ŋu o eye wòɖe asi le wo ŋu va xɔ nusi fiam Biblia le. Aleke nusrɔ̃via awɔ aɖe eƒe nyametsotso sia me na edzilawo? Awɔ na wo be ne egbe mawusubɔsubɔ si ƒe dome wònyi la, ke yewo hãe nye ma wògbe. Biblia-nusrɔ̃via ate ŋu atso nya me be hafi yeate kpɔ aɖe nusi dzi yenɔ te ɖo wɔ tiatia ma me na wo tso Biblia me la, ahiã be yeana kakaɖedzi wo gbã be yelɔ̃ wo eye yedea bubu wo ŋu vevie.

Afisi Nàɖe Mɔ Ðe Nuwo Ŋu Le. Togbɔ be gome le Yehowa ŋutɔ si bliboe be wòaɖe gbe ɣesiaɣi hã la, eɖea nugɔmesesename deto fiana. Esi Yehowa nɔ Lot kple eƒe ƒomea ɖem tso Sodom la, eƒe dɔla xlɔ̃ nui be: “Si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!” Gake Lot fa konyi be: “O, Aƒetɔ, meganɔ nenema o!” Eɖe kuku be woaɖe mɔ na ye yeasi ayi Zoar. Yehowa ɖe ameŋububu fia Lot to mɔɖeɖe nɛ be wòayi me; eyata esi wòtsrɔ̃ du mamlɛawo la, metsrɔ̃ Zoar ya o. Gake emegbe Lot wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame gbãtɔa dzi eye wòʋu yi ɖe towo dzi. (Mose I, 19:17-30) Yehowa nya be yeƒe mɔe nye nyuitɔ, gake eɖe ameŋububu fia dzigbɔɖitɔe vaseɖe esime Lot ŋutɔ va kpɔ nyaa ƒe vevienyenye dze sii.

Be míate ŋu awɔ nu ɖe amewo ŋu dzidzedzetɔe la, ehiã be míawo hã míanye nugɔmesenamelawo. Anɔ eme be míeka ɖe edzi be amea ƒe nya menye nyateƒe o, eye ɖewohĩ kpeɖodzinya sẽŋuwo le míaƒe susu me míate ŋu aɖe gblɔ atsɔ ade míaƒe nya dzii. Gake ɣeaɖewoɣi la, anyo wu ne míete kpɔ be míakpɔ ta na nya ma godoo o. Nugɔmesesename mefia be woaɖe asi le Yehowa ƒe dzidzenuwo ŋu o. Ðewohĩ nusi asɔ wu koe nye be nàda akpe na amea ɖe eƒe susu ɖeɖegblɔ ta alo nàɖe asi le nya si wògblɔ si menye nyateƒe o ŋu bene nàte ŋu ahe dzeɖoɖoa ayi nusi ahe viɖe gbogbotɔ vɛ la dzi. Ne amea tsi tre ɖe wò dzixɔse ŋu gɔ̃ hã la, megate ɖe dziwò o. Àte ŋu abia nusita wòse le eɖokui me nenema lae. Ðo to nyuie ne ele nu ƒom. Esia ate ŋu ana nàkpɔ nusi le eƒe susu me. Agate ŋu ana nànya nusi dzi nànɔ te ɖo emegbe aɖo dze si aɖe vi kplii.—Lod. 16:23; 19:11.

Yehowa na ŋutete amegbetɔwo be woawɔ tiatiawo. Eɖe mɔ be woawɔ ŋutete sia ŋudɔ togbɔ be ate ŋu adzɔ be womawɔ eŋudɔ nunyatɔe o hã. Abe Yehowa ƒe nyanuɖela ene la, Yosua ɖo ŋku alesi Mawu wɔ nu ɖe Israel ŋu dzi na wo. Ke hã egblɔ be: “Ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge miala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!” (Yos. 24:15) Dɔ si wode asi na mí egbea enye be ‘míaɖi ɖase,’ eye míeƒoa nu kple kakaɖedzi, gake míezinɛ ɖe amewo dzi be woaxɔ se godoo o. (Mat. 24:14) Ele be woawɔ tiatia, eye míedi be míaxɔ gome ma le wo si o.

Bia Nya. Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi le ŋugbledede kple amewo me. Ebu woƒe nɔnɔmewo ŋu eye wòwɔ kpɔɖeŋu siwo dzi woalɔ̃ ɖo bɔbɔe. Ewɔ nyabiasewo hã ŋudɔ nyuie. Esia na mɔnukpɔkpɔ amewo be woaƒo nu ahaɖe nusi le woƒe dzi me la agblɔ. Esia de dzi ƒo na wo hã be woade ŋugble le nya si me dzrom wole ŋu.

Ŋutsu aɖe si bi ɖe Sea me bia Yesu be: “Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?” Yesu ate ŋu aɖo eŋu nɛ bɔbɔe hafi. Gake ekpee be wòaɖe eƒe susu agblɔ. “Nuka woŋlɔ ɖe segbalẽa me mahã? Aleke xlẽm nèle?” Ŋutsua ɖo eŋu nyuie. Ðe eƒe ŋuɖoɖo si sɔ la na nyaa tɔ ɖe afimaa? Kura o. Yesu na ŋutsua yi edzi ƒo nu eye nya aɖe si ŋutsua bia la ɖee fia be enɔ didim be yeaɖo kpe edzi be ame dzɔdzɔe yenye. Ŋutsua bia be: “Amekae nye hanyevi mahã?” Le esi Yesu naɖe nyaa gɔme tẽ si ate ŋu ana ŋutsua nahe nya kplii, le nɔnɔme si le Yudatɔwo si ɖe Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo ŋu ɣemaɣi ta teƒe la, ena wòde ŋugble le kpɔɖeŋu aɖe ŋu boŋ. Eku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la aɖe si kpe ɖe mɔzɔla aɖe si woda adzoe heƒo ƒu anyi, si nunɔla aɖe kple Lewitɔ aɖe gbe kpekpeɖeŋu nanae la ŋu. Yesu bia nya bɔbɔe aɖee si na wòka ɖe edzi be ŋutsua se kpɔɖeŋua gɔme. Mɔ si dzi Yesu to de ŋugble kple ŋutsua le nya si nye “havi” ŋu la na ŋutsua va se nyaa gɔme nyuie wu tsã. (Luka 10:25-37) Kpɔɖeŋu nyui si wòle be míasrɔ̃ kae nye si! Le esi wò ɖeka nànɔ nu ƒom fũ, si fia be nànɔ tame bum na aƒemenɔlaa teƒe la, srɔ̃ alesi nàtsɔ ŋuɖɔɖɔɖo abia nyawoe ahawɔ kpɔɖeŋu siwo awɔe be wò nyaselaa nabu tame.

Ðe Susuawo Gblɔ. Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom le ƒuƒoƒe si le Tesalonika la, menye ɖeko wòxlẽ nyawo tso agbalẽ si dzi eƒe nyaselawo da asi ɖo me ko evɔ o. Luka ka nya ta be Paulo xlẽ nyawo eye wòɖe eme kɔte, eɖo kpe wo dzi, eye wòfia nusi ŋu woku ɖo. Emetsonu enye be, “wo dome ame aɖewo xɔe se, eye woku ɖe Paulo kple Sila ŋu.”—Dɔw. 17:1-4.

Amekawoe wò nyaselawo ɖanye o, ŋugbledede kple wo alea ate ŋu aɖe vi. Asɔ be nàwɔe alea ne èle ɖase ɖim na ƒometɔwo, le nu ƒom na dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo, le nu ƒom na amesiwo mènya o le dutoƒoɖaseɖiɖia me, le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm, alo èle nuƒo ƒom le hamea me. Ne èxlẽ mawunyakpukpui aɖe la, wò ŋutɔ àte ŋu ase egɔme gake ɖewohĩ ame bubuwo ya mase egɔme o. Numeɖeɖe si nàna alo alesi woawɔ eŋudɔe si nàɖe fia ate ŋu adze na wo abe nukpɔsusu aɖe me léle ɖe asi kpaɖii ene. Ekema ɖe ŋɔŋlɔawo me nya vevi aɖewo ɖeɖe tso nuxexlẽa me kple wo me ɖeɖe asɔ wua? Ðe nàte ŋu aɖe kpeɖodzinyawo ɖe go, ɖewohĩ tso nya siwo ƒo xlãe me alo tso mawunyakpukpui bubu aɖe si ku ɖe nyati ma ŋu mea? Ðe kpɔɖeŋu aɖe wɔwɔ ana gɔmesese nanɔ nya si nègblɔ ŋua? Ðe nyawo biabia akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woade ŋugble le nyaa ŋua? Mɔnu siawo dzi toto le ŋugbledede kple ameawo me awɔ dɔ ɖe wo dzi eye wòana woabu nuwo ŋu nyuie geɖe wu.

ALESI NÀWƆE

  • Ne èle alesi nàdze dzeɖoɖo gɔmee ŋu bum la, wò susu neyi nusiwo me wò nyaselawo to kple nɔnɔme si woɖena fiana dzi.

  • Mègate kpɔ be yeaɖɔ nya sia nya si menye nyateƒe o ɖo enumake o.

  • Ƒo nu kple kakaɖedzi, gake nenɔ susu me na wò be ame bubuwo kpɔ mɔ awɔ dzixɔse si dze wo ŋu ƒe tiatia, abe alesi wòle le gowòme ene.

  • Le esi nàyɔ ɖe biabiawo ŋuɖoɖo ŋu teƒe la, zã biabia bubuwo alo kpɔɖeŋuwo boŋ nàtsɔ ana nyabialaa nade ŋugble le nyaa ŋu.

  • Na wòazu numame na wò be nàde ŋugble kple amewo tso ŋɔŋlɔawo me to nya veviawo me ɖeɖe, alesi nya siwo ƒo xlãe alo mawunyakpukpui bubuwo kɔ emee la ɖeɖe fia, alo kpɔɖeŋu aɖe zazã atsɔ afia alesi woawɔ ŋɔŋlɔ ma ŋudɔe me.

DƆDASIWO: (1) Le ɖaseɖiɖi na ame aɖe si lé nukpɔsusu aɖewo me ɖe asi sesĩe vɔ megbe la, bu mɔ si dzi nèto dzro nu me kplii la ŋu. Kpeɖodzinya kawoe nèɖe ɖe go? Kpɔɖeŋu kae nèwɔ? Biabia kawoe nèdo ɖa? Aleke nèbu nusiwo me wòto le agbe me alo eƒe seselelãmewo ŋu wòkpe ɖe ŋuwòe? Ne mète ŋu wɔ nusiawo le gbeadzi o la, na gbeƒãɖela bubu nanɔ aƒeme na wò miatsɔ asrɔ̃e. (2) Srɔ̃ alesi nàde ŋugble kple ame aɖe (hatiwò alo ɖevi) si ɖo be yeawɔ nu gbegblẽ aɖe la, eye nàto eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe