-
Xlẽ Mawu Ƒe Nya La Eye Nàsubɔe Le Nyateƒe MeGbetakpɔxɔ—1996 | May 15
-
-
5. Nukae hiã hafi míakpɔ Mawu ƒe nyateƒe la?
5 Mawu ƒe nyateƒea xɔ asi wu nusianu. Edidi bia be woaku eme, woaku kutri le Ŋɔŋlɔawo me kuku me. Ne míezu Nufiala Gãtɔ la ƒe nusrɔ̃vi siwo le abe ɖeviwo ene ko hafi nunya asu mía si eye míava se Yehowa vɔvɔ̃ bubutɔe gɔme. (Lododowo 1:7; Yesaya 30:20, 21) Le nyateƒe me la, ele be míatsɔ Ŋɔŋlɔawo aɖo kpe nyawo dzii. (Petro I, 2:1, 2) Yudatɔ siwo nɔ Beroia “ɖɔ ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo [siwo Paulo gblɔ la] le eme hã.” Wokafu Beroiatɔwo ɖe esia wɔwɔ ta eye womeka mo na wo o.—Dɔwɔwɔwo 17:10, 11.
-
-
Xlẽ Mawu Ƒe Nya La Eye Nàsubɔe Le Nyateƒe MeGbetakpɔxɔ—1996 | May 15
-
-
7. Nukae hiã hafi míase Biblia gɔme ɖe edzi, eye nukatae?
7 Hafi míase Biblia gɔme ɖe edzi la, míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ, alo dɔwɔŋusẽ, ƒe mɔfiafia. “Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke” be wòaɖe woƒe gɔmesese ɖe go. (Korintotɔwo I, 2:10) Wogblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika be ‘woado nuwo katã kpɔ’ le nyagblɔɖi siwo katã wose me. (Tesalonikatɔwo I, 5:20, 21) Esime Paulo ŋlɔ agbalẽ na Tesalonikatɔwo (le ƒe 50 M.Ŋ. me lɔƒo) la, Mateo ƒe Nyanyui la koe nye Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si woŋlɔ ɖi xoxo. Eyata anɔ eme be Tesalonikatɔwo kple Beroiatɔwo ate ŋu ado nuwo katã kpɔ, to Hebri Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me wònye Septuagint la me dzodzro me. Ehiã be woaxlẽ Ŋɔŋlɔawo ahasrɔ̃e, eye nenemae wòle be míawo hã míawɔ.
-