INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 7/15 axa 32
  • Mawu si Womenya O ƒe Vɔsamlekpui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu si Womenya O ƒe Vɔsamlekpui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 7/15 axa 32

Mawu si Womenya O ƒe Vɔsamlekpui

LE ƑE 50 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo ɖi tsa yi Atene, Hela. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe si wotsɔ ɖe adzɔgbee na mawu si womenya o la le afima eye emegbe wòƒo nu tso eŋu esi wònɔ ɖase nyui aɖe ɖim tso Yehowa ŋu.

Le Paulo ƒe nuƒoa ƒe gɔmedzedze le Mars’ Hill, alo Areopago la, egblɔ be: “Mi Atene-ŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ. Elabena esi metsa le dua me, eye mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpui aɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: ‘Mawu, si womenya o la tɔe.’ Azɔ nusi mienya o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiam.”—Dɔwɔwɔwo 17:22-31.

Togbɔ be womeke ɖe Atenetɔwo ƒe vɔsamlekpui ma ŋu kpɔ o hã la, vɔsamlekpui mawo tɔgbe nɔ Hela ƒe akpa bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa evelia me Helatɔ anyigbaŋutinunyala Pausanias ƒo nu tso “mawu siwo ƒe Ŋkɔwo Womenya O” ƒe vɔsamlekpui siwo le Phaleron, si medidi tso Atene o ŋu. (Description of Greece, Attica I, 4) Nyatakaka ma ke gblɔ be, le Olympia la, “mawu siwo Womenya o ƒe vɔsamlekpui aɖe nɔ anyi.”—Eleia I, XIV, 8.

Agbalẽŋlɔla Greecetɔ Philostratus (ƒe 170-245 M.Ŋ. lɔƒo) gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Life of Apollonius of Tyana (VI, III) me be, le Atene la, “woɖia vɔsamlekpuiwo tsɔ dea bubu mawu siwo womenya o gɔ̃ hã ŋu.” Eye Diogenes Laertius (ƒe 200-250 M.Ŋ. lɔƒo) ŋlɔ le agbalẽ si nye Lives of Philosophers (1.110) me be woate ŋu akpɔ “vɔsamlekpui siwo si ŋkɔ mele o” le Atene ƒe akpa vovovowo.

Romatɔwo hã ɖi vɔsamlekpuiwo na mawu siwo womenya o. Esi ƒe nɔnɔmetata dze le afisia la li tso ƒe alafa gbãtɔ alo evelia D.M.Ŋ. me eye wodae ɖe Palatine Antiquarium si nye blemanudzraɖoƒe le Rome, Italy. Latingbe me nuŋɔŋlɔ si le edzi fia be wotsɔ vɔsamlekpui sia ɖe adzɔgbee na “mawu alo mawunɔ aɖe”—si nye nyagbɔgblɔ si “wokpɔna zi geɖe le gbedodoɖawo alo adzɔgbeɖenya siwo woŋlɔ ɖe nutatawo dzi kple agbalẽwo siaa me.”

“Mawu, si wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme la,” gakpɔtɔ le manyamanya na ame geɖe. Gake abe alesi Paulo gblɔe na Atenetɔwo ene la, Mawu sia—si nye Yehowa—“mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.”—Dɔwɔwɔwo 17:24, 27.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Altar: Soprintendenza Archeologica di Roma

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe