Ta 4
Nusi Mele Nyanya O la Didi to Kunyawɔwɔ Kple Gbɔgbɔyɔyɔ Dzi
1. Nya kae Paulo gblɔ na Atenetɔwo le Areopago? Nukatae?
“MI ATENE-ŊUTSUWO, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ.” (Dɔwɔwɔwo 17:22) Nya mae Kristotɔ apostolo Paulo gblɔ na ameha aɖe si kpe ta ɖe Areopago, alo Mars-Togbɛ la dzi, le blemadu si nye Atene si le Hela la me. Paulo gblɔ nya ma elabena do ŋgɔ la, ekpɔ be “dua me yɔ fũ kple legbawo.” (Dɔwɔwɔwo 17:16) Nukae wòkpɔ?
2. Nukae ɖee fia be Atenetɔwo vɔ̃a mawuwo?
2 Ðikekemanɔmee la, Paulo kpɔ Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe mawu vovovowo le dugã ma si me tɔwo tso dukɔ vovovowo me la me, eye edze ƒã be mawuwo subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe ameawo me ŋutɔ. Esi Atenetɔwo nɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ adzɔ be mawu vevi aɖe alo mawu triakɔ aɖe anɔ anyi si yewoagblẽ ɖi yewomanɔ ta dem agu nɛ o eye wòava ado dɔmedzoe ta la, wotsɔ “Mawu, si womenya o” hã de woƒe tadedeagu me. (Dɔwɔwɔwo 17:23) Ema ɖe woƒe vɔvɔ̃ na mawuwo fia kɔte.
3. Atenetɔwo ɖeɖekoe vɔ̃a mawuwoa?
3 Gake menye ƒe alafa gbãtɔ me Atenetɔwo koe vɔ̃a mawuwo, vevietɔ esiwo womenya o la o. Ƒe akpe geɖewoe nye sia si wòkpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea katã kloe dzi. Le xexeame ƒe akpa geɖe la, mawu alo gbɔgbɔ aɖewo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe dzi le mɔ tẽ alo esi mele tẽ o nu. Abe alesi míekpɔe le ta si do ŋgɔ mee ene la, blema Egiptetɔwo, Helatɔwo, Romatɔwo, Chinatɔwo, kple dukɔ bubuwo ƒe gliwo ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe mawuwo kple gbɔgbɔwo ŋuti nukpɔsusuwo me, eye esiawo wɔ akpa vevi aɖe le ame ɖekaɖekawo kple dukɔa ƒe nyawo me. Le Titinaɣeyiɣiwo me la, amesiwo gblɔna be yewoakpɔ atike na dɔléle ɖesiaɖe ahadidi agbenɔƒe ɖe edzi, kple dzotɔwo, kpakple adzetɔwo ŋu nya kaka ɖe Kristodukɔa me. Eye nɔnɔmeawo metrɔ boo egbea o.
Kɔnuwo Kple Aʋatsodzixɔsewo Egbea
4. Kɔnu nyanyɛ siwo dze ƒã be wodo ƒome kple mawuwo alo gbɔgbɔwo dometɔ aɖewo ɖe?
4 Amewo nyae alo womenyae o, nu geɖe siwo wowɔna la do ƒome kple vɔvɔ̃ ƒe nuwɔnawo alo dzixɔsewo. Wo dometɔ aɖewo ku ɖe mawuwo kple gbɔgbɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ènya be dzigbezãɖuɖu dzɔ tso ɣletivimefakaka si tea gbe ɖe ame ƒe dzigbe tututu ƒe vevienyenye dzi ŋutɔ la mea? Ke dzigbezãbolo ya ɖe? Ewɔ abe edo ƒome kple Helatɔwo ƒe mawunɔ Artemis, si ƒe dzigbezã wotsɔ anyitsibolo si wowɔ ɖe dzinu ƒe nɔnɔme me eye woda bosomikaɖiwo ɖe edzi la ɖui la ene. Alo ènya be le gɔmedzedzea me la, avɔ yibɔ tata le kuteƒe nye aye si wowɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wogblɔna be wodea xa ɖe teƒe mawo la nagakpɔ ame oa? Afrikatɔ ame yibɔ aɖewo sina akalo ɖe ŋuti, eye fafanamela siwo le anyigba bubuwo dzi doa awu siwo ƒe amadede tɔ ŋku bene gbɔgbɔawo nagadze si yewo o.
5. Aʋatsodzixɔse nyanyɛ siwo nènya la dometɔ aɖewo ɖe?
5 Le kɔnuwɔwɔ siawo siwo bɔ megbe la, aʋatsodzixɔsewo kple nusiwo wovɔ̃na la le amewo si le afisiafi. Le Ɣetoɖoƒenyigbawo dzi la, wobua ahũhɔ̃e gbagbã, dadi yibɔ kpɔkpɔ, tsoɖi alo atsrɔe gɔme zɔzɔ, kple le afisi nèle nu, ɣletia ƒe ŋkeke 13 lia siwo dze Braɖa alo Fiɖa dzi be wonye dzɔgbevɔ̃edzesiwo. Le Ɣedzeƒenyigbawo dzi la, Japantɔwo ŋea woƒe awu si woyɔna be “kimono” la ƒe miame dana ɖe ɖusi tɔ dzi, elabena ame kukuwoe woŋea ɖusitɔ dana ɖe miametɔ dzi na. Ne wole xɔ tum la, womeɖea fesre alo ʋɔtru dona ɖe xɔa ƒe anyieheɣedzeƒe o be gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wogblɔna be akpa mae wotsona vana la megakpɔ mɔa nu o. Le Philippines la, woɖea afɔkpa le afɔ na ame kuku hedana ɖe eƒe afɔ gbɔ hafi ɖinɛ bene Petro “Kɔkɔe” naxɔ wo. Ame tsitsiwo fiaa asi nɔnɔme si dzena le ɣletia dzi la na ɖeviwo hegblɔna be eyae nye Mixael “Kɔkɔe” si le wo kpɔm hele woƒe nuwɔnawo ŋlɔm le dadam ɖi eyata woakpɔ nyuie.
6. Afikae amewo ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me se ɖo egbea?
6 Gake gbɔgbɔwo kple mawuwo dzixɔse metɔ ɖe kɔnu kple aʋatsodzixɔse siwo dze abe ɖe womegblẽa nu o ene la ko dzi o. Le blematɔwo kple egbetɔwo siaa dome la, amewo to mɔ vovovo dzi be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ siwo ŋu vɔvɔ̃ le la dzi alo be yewoalé avu wo be yewoƒe nu nadze nyuitɔwo ŋu. Nusi ava míaƒe susu me gbãe nye be amesiawo nye avetsumetɔ kple todzinɔla siwo le didiƒe ke, amesiwo yia ŋɔliyɔlawo, afakalawo, kple dzotɔwo gbɔ ne wodze dɔ alo ne xaxa aɖe tu wo. Gake amesiwo le dugãwo kple esiwo melolo tututu o me hã yia ɣletivimefakalawo, vivimenukpɔlawo, etsɔmegblɔɖilawo, kple afakalawo gbɔ be woakpe ɖe yewo ŋu le nyametsotso veviwo wɔwɔ me. Togbɔ be ame aɖewo tsɔ ŋkɔ be yewole subɔsubɔha aɖe me hã la, wodoa vivi ɖe nusiawo wɔwɔ ŋu ŋutɔ. Ame bubu geɖe tsɔ gbɔgbɔyɔyɔ, dzosasa, kple nu sɔsrɔ̃ tso vivimenuwo ŋu wɔ woƒe subɔsubɔe.
7. Nyabiabia kawo ŋue wòle be míade ŋugble le?
7 Afikae nuwɔna kple aʋatsodzixɔse siawo katã dzɔ tso? Tete ɖe Mawu ŋu ƒe mɔ vovovo koe wonyea? Eye vevietɔ wu la, nukae wowɔna na amesiwo wɔa wo? Be míake ɖe nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo ŋu la, ele be míatrɔ ayi megbemegbe le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze me eye míakpɔ mɔ siwo dzi wòto de ta agu le gɔmedzedzea me.
Nusi Mele Nyanya O la Didi
8. Nɔnɔme tɔxɛ kae na amegbetɔwo to vovo tso nuwɔwɔ siwo bɔbɔ ɖe anyi wu la gbɔ?
8 Le nusi to vovo na nusi nɔnɔmetɔtrɔfialawo agblɔ la, gbɔgbɔmemenyenye le amegbetɔ me si na wòto vovo tso nuwɔwɔ siwo bɔbɔ ɖe anyi wu la gbɔ hede ŋgɔ wu wo. Wowɔe kple dzodzro vevie be wòadi nusi mele nyanya o. Ele ʋiʋlim ɣesiaɣi be yeaɖo biabia siawo tɔgbe ŋu: Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Nukae dzɔna ne woku? Ƒomedodo kae le amegbetɔ kple xexeame si wokpɔna la, kpakple xexeame katã hã dome? Didi be yeake ɖe nane si kɔkɔ alo kpɔ ŋusẽ wu ye ŋutɔ ŋu bene yeakpɔ ŋusẽ ɖe afisi yele kple yeƒe agbenɔnɔ dzi la ʋãnɛ vevie.—Psalmo 8:4, 5; Nyagblɔla 3:11; Dɔwɔwɔwo 17:26-28.
9. Aleke agbalẽnyala aɖe ƒo nu tso nusi “gbɔgbɔmemenyenye” nye la ŋui?
9 Ivar Lissner gblɔe alea le eƒe agbalẽ si nye Man, God and Magic me be: “Kutrikuku si amegbetɔ tsɔ dze agbagbae ɣeyiɣi didi le eƒe ŋutinya me, be yeadi nusi de ŋgɔ wu eya ŋutɔ la awɔ nuku na ame ŋutɔ. Medze agbagba le agbemenuhiahiãwo ɖeɖeko ŋu ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Ele nu didi dzi, egale asi tsam le viviti me kokoko eye wòle didim vevie be yeake ɖe nu manyakpɔ la ŋu. Didi wɔmoyaa sia si le amegbetɔ me lae nye eƒe gbɔgbɔmemenyenye.”
10. Nukae ɖee fia be Mawu didi ƒe dzodzro vevi aɖe le ame me?
10 Gake amesiwo mexɔ Mawu dzi se o la mebua nuwo ŋu nenema tututu o. Wogblɔna be amegbetɔ ƒe nɔnɔme sia tso eƒe tamesusu me nuhiahiãwo, alo nuhiahiã bubuwo gbɔ, abe alesi míekpɔe le ta 2 lia mee ene. Gake ɖe menye nusi míekpɔna ɣesiaɣi be ne woɖo afɔku alo nɔnɔme aɖe si me wɔna aɖeke mele ame ŋu o me la, nu gbãtɔ si ame akpa gãtɔ wɔnae nye be woatrɔ ɖe Mawu alo ŋusẽ aɖe si de ŋgɔ wu ŋu be woakpe ɖe yewo ŋu oa? Alesi wònɔ le blema la, nenema tututue wòle egbea hã. Eyata Lissner yi edzi gblɔ be: “Amesiwo ku nu me le blematɔwo ŋu la dometɔ aɖeke mado kpo si dzedzee be wo katã wobua Mawu ŋu o, eye be ŋusẽtɔ gã aɖe ŋuti nukpɔsusu aɖe si me kɔ la le wo si o.”
11. Nukae do go tso amegbetɔ ƒe agbagbadzedze be yeanya nusi mele nyanya o la me? (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 1:19-23.)
11 Alesi wodze agbagbae be yewoakpɔ didi si le ame me be yeake ɖe nusi mele nyanya o ŋu la hã nye nya bubu kura. Lã wɔadãwo ƒe ŋusẽ tso dzika ƒo na adela kple lãkplɔla tsatsalawo. Agbledelawo koŋ wɔa nu ɖe yame kple ɣeyiɣi ƒe tɔtrɔwo nu. Avetsumenɔlawo ƒe nuwɔna to vovo kura tso gbegbe alo todzinɔlawo tɔ gbɔ. Le vɔvɔ̃ kple nuhiahiã vovovo siawo ta la, amewo to mawusubɔsubɔnuwɔna siwo tɔtɔ nyamaa vɛ si dzi wosusu be yewoato abia kpekpeɖeŋu tso mawu siwo ƒe dɔme nyo gbɔ eye yewoalé avu esiwo ŋu vɔvɔ̃ le.
12. Nuwɔna kawoe míate ŋu akpɔ le amewo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo me le afisiafi?
12 Gake togbɔ be woto vovo alea gbegbe hã la, nanewo li siwo sɔ kple wo nɔewo siwo woate ŋu adze sii bɔbɔe le subɔsubɔnuwɔna siawo dome. Wo dometɔ aɖewoe nye bubu dede gbɔgbɔ kɔkɔewo kple ŋusẽ siwo kɔkɔ wu amegbetɔ tɔ ŋu kple vɔvɔ̃ na wo, dzo sasa, agbagba dzedze be woaka etsɔ me to dzesiwo dzi, ɣletivimefakaka, kple etsɔ me gbɔgblɔ ɖi to mɔ vovovowo nu. Ne míele nusiawo me dzrom la, míava akpɔe be wowɔ akpa vevi aɖe be wotrɔ amewo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe nukpɔsusu le xexeame katã kple le ɣeyiɣiwo katã me, wotrɔ amesiwo li egbea gɔ̃ hã ƒe tamebubu.
Gbɔgbɔ Kɔkɔewo Kple Ŋusẽ Siwo Wu Dzɔdzɔme Tɔ
13. Nuka gɔme sesee anya sesẽ na amewo le ɣeyiɣi siwo va yi me?
13 Ewɔ abe nya ɣaɣlawo sɔŋ xɔ aƒe ɖe blematɔwo ƒe agbenɔnɔ me ene. Nudzɔdzɔ siwo gɔme womate ŋu aɖe o siwo tɔtɔa ame ƒo xlã wo. Le kpɔɖeŋu me, womete ŋu se nusitae ame kako nadze dɔ, alo nusitae tsi nagbe dzadza le edzaɣi, alo nusitae ati lũxe si wɔ abe ɖe wòku ene nagato aŋgba eye agbe nagaɖo eme le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖe me gɔme o. Ame ŋutɔ ƒe vɔvɔli, eƒe dzi ƒe tsotso, kple gbɔgbɔ gɔ̃ hã nye nya ɣaɣlawo.
14, 15. Le nugɔmesese kple mɔfiafia ƒe anyimanɔmanɔ ta la, nuka gbɔe amegbetɔ lɔ̃a gbɔgblɔ be eya gbɔe nusi gɔme manya ase o la tso? (Tsɔe sɔ kple Samuel I, 28:3-7.)
14 Esi wowɔ amegbetɔ kple didi be wòanya gbɔgbɔmenuwo ta la, esɔ be woagblɔ be nya kple nudzɔdzɔ ɣaɣla siawo tso ŋusẽ aɖe si de ŋgɔ wu dzɔdzɔme tɔ gbɔ. Gake esi mekpɔ mɔfiafia kple gɔmesese nyuitɔ o ta la, medidi hafi luʋɔ kple gbɔgbɔwo, ŋɔliwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo va xɔ eƒe xexeame o. Le kpɔɖeŋu me, Algonqui (Algonki) Indiatɔ siwo le Anyiehe Amerika la yɔa ame ƒe luʋɔ be otahchuk, si gɔmee nye “eƒe vɔvɔli,” eye Malaytɔ siwo le Dziehe Asia xɔe se be ne ame ku la, eƒe luʋɔ dona toa eƒe ŋɔti me. Egbea, gbɔgbɔwo kpakple luʋɔ siwo do go le ame me ƒe dzixɔse—kple agbagba dzedze be woato mɔ aɖe nu aƒo nu kpli wo—nye nusi nakpɔ le afisiafi kloe.
15 Nenema ke, ewɔ abe ɖe agbe le nu bubu siwo le dzɔdzɔmexexeame—ɣe, ɣleti, ɣletiviwo, atsiaƒuwo, tɔsisiwo, towo—me eye wokpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔnawo dzi tẽ ene. Esi nusiawo dze abe ɖe wole woawo ŋutɔwo ƒe xexe me ene ta la, wobu wo be wonye gbɔgbɔwo kple mawuwo, eye be wo dometɔ aɖewo kpena ɖe ame ŋu, bubuwo vɔ̃ɖi hegblẽa nu le ame ŋu. Ta dede agu na nuwɔwɔwo va xɔ teƒe vevi aɖe le subɔsubɔhawo katã kloe me.
16. Aleke woɖe ta dede agu na gbɔgbɔwo, kple mawuwo, kple nu kɔkɔewo fiae?
16 Míate ŋu akpɔ dzixɔse siawo tɔgbe le blemadukɔ deŋgɔ ɖesiaɖe kloe ƒe mawusubɔsubɔ me. Babilontɔwo kple Egiptetɔwo de ta agu na woƒe mawu siwo nye ɣe, dzinu kple dzinuviwo. Lãwo kple lã wɔadãwo hã nɔ nusiwo wosubɔna dome. Hindutɔwo xɔ ŋkɔ le woƒe mawu gbogboawo, siwo de miliɔn geɖewo la subɔsubɔ me. Chinatɔwo subɔ woƒe to kɔkɔewo kple woƒe tɔsisimawuwo ɣeawokatãɣi, eye woɖea woƒe ƒomemawu vɔvɔ̃ fiana to tɔgbui kukuwo subɔsubɔ dzi. Celttɔwo ƒe nunɔla siwo le Britania Ƒukpowo dzi (Druidwo) bu ati aɖe (oak) si ɖi oɖum la nu kɔkɔee eye wodea bubu tɔxɛ ati si tona ɖe ati dzi la ŋu. Emegbe, Helatɔwo kple Romatɔwo hã wɔ wo tɔ sinu; eye gbɔgbɔwo, luʋɔwo, gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple nu kɔkɔe ɖesiaɖe ƒomevi dzixɔse va ƒo ke ɖe to sesĩe.
17. Aleke ta dede agu na nuwɔwɔwo gaɖe dzesii egbea?
17 Togbɔ be egbea ame aɖewo abu dzixɔse mawo katã aʋatsodzixɔsee hã la, nukpɔsusu siawo gale dukɔ geɖe ƒe subɔsubɔnuwɔnawo me le xexeame godoo. Ame aɖewo gaxɔe se kokoko be to, tɔsisi, agakpe siwo le nɔnɔme tɔxɛ aɖe me, ati tsitsiwo, kple nu bubu geɖe aɖewo nye nu kɔkɔewo, eye wodea ta agu na wo abe mawuwo ene. Wotua vɔsaƒewo, trɔ̃xɔwo, kple gbedoxɔwo ɖe teƒe siawo. Le kpɔɖeŋu me, Ganges-tɔsisia nye nu kɔkɔe na Hindutɔwo, eye woƒe didi vevitɔe nye be yewoale tsi le eme le yewoƒe agbe me eye ne yewoku la woahlẽ yewoƒe dzofi ɖe tɔa dzi. Ta dede agu le Buddh Gaya ƒe trɔ̃xɔ me le India, afisi wogblɔ be Buddha ɖo blibodede gbɔ le le ati aɖe si woyɔ be “bodhi” te la nye seselelãme wɔnuku aɖe na Buddhatɔwo. Katolikotɔwo nɔa klo dzi le Mía Dada ƒe Sɔlemexɔgã la me le Guadalupe si le Mexico, alo wolea tsi “kɔkɔe” le Lourdes-mawuxɔ me le France be yewoahaya to nukumɔ aɖe dzi. Ta dede agu na nuwɔwɔ ɖe Wɔla la teƒe gabɔ ŋutɔ egbea.—Romatɔwo 1:25.
Kunyawɔwɔ ƒe Dzidziɖedzi
18. Nuka mee gbɔgbɔwo kple mawuwo dzixɔse kplɔ ame yii?
18 Esi woka ɖe edzi be gbɔgbɔ nyuiwo kple vɔ̃ɖiawo yɔ vivimexexea me ta la, ekplɔ ame yi afɔɖeɖe evelia gbɔe, si nye agbagba dzedze be woaƒo nu kple nyuitɔwo abia mɔfiafia kple yayra eye woalé avu vɔ̃ɖitɔwo. Emetsonue nye dzosasa si bɔ ɖe dukɔ ɖesiaɖe kloe me le blema kple egbea siaa.—Mose I, 41:8; Mose II, 7:11, 12; Mose V, 18:9-11, 14; Yesaya 47:12-15; Dɔwɔwɔwo 8:5, 9-13; 13:6-11; 19:18, 19.
19. (a) Nukae nye kunyawɔwɔ? (b) Nukatae kunyawɔwɔ dzena abe nusi dzi anya xɔ ase ene na ame geɖewo?
19 Kunyawɔwɔ gɔme ŋutɔŋutɔe nye agbagba dzedze be woakpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo alo esiwo wu dzɔdzɔmetɔwo dzi alo be woazi wo dzi be woawɔ ame ƒe lɔlɔ̃nu. Esi blematɔwo menya nusi tututu gbɔ gbesiagbenudzɔdzɔ geɖewo tsona o ta la, woxɔe se be gbe aɖewo sasa edziedzi, alo kɔnu aɖewo wɔwɔ ate ŋu ana nusiwo yewodi la nava eme. Nusi na woxɔ kunyawɔwɔ sia tɔgbe dzi see nye be wɔnawo dometɔ aɖewo wɔ dɔ vavã. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be Mentawai Ƒukpo, siwo le Sumatra ƒe ɣetoɖoƒe dzi bokɔwo—vevietɔ kunyawɔlawo kple nukalawo—te ŋu daa mĩŋɔŋɔdɔ nukutɔe. Dzotike si wowɔnae nye be wonaa dɔnɔawo tsyɔa akɔ anyi ɖe abu aɖe nu henɔa anyigba ɖuɖɔm enuenu. Nukae na nusia wɔ dɔ? Ɣé si nye tsu ɣi si wozãna le mĩŋɔŋɔtike aɖewo me egbea la le anyia me.
20. Aleke kunyawɔwɔ wɔ va kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi?
20 Dzidzedze siawo tɔgbe ʋee aɖewo na be woŋlɔa esiwo katã medze edzi o la be eye wòna woƒe ŋkɔ nyɔ be wonye dɔdalawo. Medidina hafi wova zua amesiwo wovɔ̃na eye wodea bubu wo ŋu o—nunɔlawo, fiawo, kunyawɔlawo, bokɔwo, nuwɔlawo, ŋɔliyɔlawo. Amewo tsɔa woƒe kuxiwo yia wo gbɔe, abe didi be woada gbe le yewo ŋu, mɔ xexe na dɔléle, nu búbuwo didi, fiafiwo léle, vovo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si me, kple hlɔ̃ biabia ene. Mlɔeba la, aʋatsodzixɔsenuwɔna kple eƒe kɔnu gbogbo aɖewo siwo ku ɖe nya siawo kple agbemenu bubuwo ŋu, abe vidzidzi, ɖekakpui- alo ɖetugbimeɖoɖo, srɔ̃ɖeŋugbedodo, srɔ̃ɖeɖe, ku kple ame ɖiɖi ŋu ene la va dzɔ. Kunyawɔwɔ ƒe ŋusẽ kple nya ɣaɣla si wònye la va kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi.
Tsidzadzaɣeɖuɖuwo Kple Dzoɖuamewo
21, 22. Nukae nye “nuwɔnasɔsrɔ̃ ƒe kunyawɔwɔ”? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.
21 Togbɔ be vovototo gã aɖe le dukɔ vovovowo ƒe kunyawɔwɔ me hã la, susu vevi siwo le megbe na wo la ɖi wo nɔewo vevie. Gbã, wosusuna be nusi ɖi nane la wɔa nu abe nu ma ene, eye be woate ŋu akpɔ nusi dim wole to nu ma sɔsrɔ̃ dzi. Woyɔa esia ɣeaɖewoɣi be nuwɔnasɔsrɔ̃ ƒe kunyawɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi kuɖiɖi di be yeagblẽ Omaha Indiatɔ siwo le Dziehe Amerika la ƒe nukuwo la, woɖu ɣe ƒo xlã agba si me woku tsi ɖo. Eye wo dometɔ ɖeka le wo dome lɔ tsia tu ɖe ya me abe gbafie ene. Alo ame aɖe amli le anyigba abe lã si xɔ abi ene bene yeate ŋu aka ɖe edzi be yeawu lã ne yeyi adegbe.
22 Dukɔ bubuwo trɔ asi le woƒe kɔnuwo ŋu wu eye wotsɔa nya ɖeka gbɔgblɔ zi geɖe kple vɔsawo kpena ɖe wo ŋu. Chinatɔwo wɔa agbalẽ gbadza alo atikpakpɛ si nye ʋɔ, woƒe tsidzadzamawu la, eye wokɔnɛ tsanae, alo woakɔ woƒe trɔ̃ ado goe le gbedoxɔ me ava da ɖe ŋdɔgbe be ne ŋdɔa ɖui la ɖewohĩ ana tsi nadza. Kɔnu si Ngonitɔ siwo le Ɣedzeƒe Afrika wɔna ƒe akpa aɖee nye be woakɔ aha ɖe ze si woɖi ɖe tome le tsidzadzagbedoxɔ me la me eye woado gbe ɖa be, “Aƒetɔ Chauta, èsẽ dzime le mía ŋu, nuka nèdi be míawɔ? Míele kuku ge godoo. Na tsi nadza na mí viwòwo, wò aha nye ma.” Ke wonoa aha susɔea. Emegbe wodzia ha heɖua ɣe eye wodea atilɔ tsi me nɔa ʋuʋum.
23. Aleke adzewɔwɔ kple dzoɖuame wɔ keke ta? (Tsɔe sɔ kple Mose III, 19:31; 20:6, 27; Mose V, 18:10-13.)
23 Susu bubu si le megbe na kunyawɔwɔnuwɔnawoe nye be nusiwo nye ame tɔ tsã la gayia edzi kpɔa ŋusẽ ɖe amea dzi ne wo kplii dome klã kura gɔ̃ hã. Esia na woɖua dzo ame to nu wɔwɔ ɖe nusi nye amea tɔ tsã la dzi. Le Europa kple England gɔ̃ hã le ƒe alafa 16 kple 17 lia me la, amewo ganɔ edzi xɔm se be ŋusẽ sia tɔgbe le nyɔnu kple ŋutsu adzetɔwo si esi wote ŋu tsɔna wɔa nuvevi amee. Nusiwo wowɔna dometɔ aɖewoe nye be wotsɔa aŋe si wololo wɔa amea ƒe nɔnɔmee eye wotsɔa abuiwo ŋɔnɛ, woŋlɔa eƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ kakɛ dzi hetɔa dzoe, woɖia eƒe awu ƒe akpa aɖe, alo wowɔa nu bubuwo na eƒe ɖa, fetsu, fifia, alo eƒe mĩ gɔ̃ hã. Míate ŋu akpɔ alesi gbegbe nusiawo kple nuwɔna bubuwo kakae elabena wode se le Sewɔtakpekpewo me le England le ƒe 1542, 1563, kple 1604 me be adzewɔwɔ nye agɔdzedze si dze na kufiatsotso. Dukɔ ɖesiaɖe kloe me tɔwo wɔ kunya sia tɔgbe le mɔ vovovo nu le ŋutinya katã me.
Etsɔ Me Gbɔgblɔ Ði to Dzesiwo Kple Afawo Dzi
24. (a) Nukae nye afakaka? (b) Aleke Babilontɔwo kaa afae?
24 Zi geɖe la, wozãa kunyawɔwɔ tsɔ kloa nu le nya ɣaɣlawo dzi alo be woatsɔ akpɔ etsɔ mee to dzesiwo kple afawo dzi. Woyɔ esia be afakaka, eye Babilontɔwo xɔ ŋkɔ le eme. Agbalẽ si nye Magic, Supernaturalism, and Religion gblɔ be, “wobi le nunyanyadoŋgɔ, etsɔmegbɔgblɔɖi to lã siwo wowu ƒe aklã kple dɔkaviwo dzi, to dzo kple dzudzɔ, kple kpe xɔasiwo ƒe keklẽ dzi; woto tometsiwo ƒe ɖiɖi kple akpa si atiwo bi ɖo dzi gblɔ nusiwo ava dzɔ ɖi. . . . Woɖe yamedzesiwo, tsidzadza, alilikpowo, ya, kple dzikedzo gɔme be wonye dzɔgbevɔ̃e si ava dzɔ ƒe dzesiwo; zikpui kple ʋɔtru ƒe fefe nye nusiwo ava dzɔ ƒe dzesi. . . . Tagbatsuwo kple nudzodzoe bubuwo, kpakple avũwo nyea vivimegbedasigblɔlawo.”
25. Aleke Xezekiel kple Daniel ƒo nu tso afakaka ŋue le blema Babilon?
25 Biblia-gbalẽ si nye Xezekiel ka nya ta le aʋahoho aɖe ŋu be, “Babel-fia ava tɔ ɖe mɔdzevee nu le mɔawo kple eve ƒe godoƒe, be wòaka afã, adzobo aŋutrɔwo, abia gbe aklama kpakpɛwo ase, eye wòaɖe ŋku ɖe lãklã ŋu.” (Xezekiel 21:21) Gbesalawo, dzotɔwo, kple bokɔwo nye Babilon-fia ƒe ʋɔnu la me tɔ siwo nɔa eŋu ɖaa.—Daniel 2:1-3, 27, 28.
26. Nukae nye afakaka siwo bɔ ɖe Helatɔwo dome la dometɔ ɖeka?
26 Dukɔ bubuwo, le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe siaa, hã ƒo wo ɖokui ɖe afakaka ƒomevi vovovowo me. Helatɔwo yi woƒe nunɔlawo gbɔ hena dunyahehe me nudzɔdzɔ veviwo kpakple nu tsɛ siwo nye ame ŋutɔ ƒe nyawo abe srɔ̃ɖeɖe, mɔzɔzɔ, kple ɖeviwo ene la ta biabia. Amesiawo dometɔ si xɔ ŋkɔ wue nye Delphi-trɔ̃nua. Wosusui be mawu si nye Apolo naa nyaŋuɖoɖowo to eƒe trɔ̃si, alo Pythia dzi le gbe siwo gɔme womate ŋu ase o la me eye trɔ̃nuawo ɖea nya ɖeka ma gɔme ɖe mɔ si ana gɔmesese vovovo nanɔ eŋu nu. Eƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye nya si ŋu woɖo na Kroesus si nye Lidia-fia, esi gblɔ be: “Ne Kroesus tsò Halys la, atsrɔ̃ fiaɖuƒe sesẽ aɖe.” Eva eme be fiaɖuƒe sesẽ si tsrɔ̃ lae nye eya ŋutɔ tɔ. Kores, Persiatɔ la si Kroesus esime wòtso Halys la be yeava dze Kapadokia dzi.
27. Aleke gbegbee Romatɔwo kaa afae?
27 Le Ɣetoɖoƒe la, afakaka ɖo eƒe kɔkɔƒe kekeake le Romatɔwo siwo tsia dzi ɖe afawo kple dzesiwo ŋu le nusianu kloe si wowɔna me la gbɔ. Amewo ƒe hatsotso ɖesiaɖe xɔ ɣletivimefakaka, adze, nusiwo dzi wowɔ vivimedzesiwo ɖo, etsɔmegbɔgblɔɖi, kpakple afakaka ƒomevi bubuwo katã dzi se. Eye Edward Gibbon si nya Roma ƒe ŋutinya nyuie la gblɔ be, “ameawo bu tadedeagumɔnu vovovo siwo bɔ ɖe Roma la be wo katã nye nyateƒe.” Dumegã kple nyagblɔla xɔŋkɔ Cicero bi ɖe dzesi dede nusi xeviwo ƒe dzodzo fia la me. Romatɔ ŋutinyaŋlɔla Petronius gblɔ be ne èkpɔ alesi subɔsubɔhawo kple kɔmamãwo bɔ ɖe Roma-du aɖewo me la, anɔ eme kokoko be mawu siwo le dua me asɔ gbɔ wu duametɔwo.
28. Aleke Chinatɔwo kaa afa le blemae?
28 Le China la, woke ɖe lãƒu kple lãwo ƒe go siwo wotsɔna kaa afae la ƒe 100,000, siwo nɔ anyi tso ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. me la ŋu le tome (le Shang-fiaƒomea ƒe dziɖuɣi). Shang-nunɔlawo zã wo tsɔ di mawu ƒe mɔfiafiae le nusianu me tso yame ƒe nɔnɔmetɔtrɔ dzi vaseɖe asrafowo ƒe hoho dzi. Nunɔlawo tsɔ blemanuŋɔŋlɔ ŋlɔ nyabiabiawoe ɖe ƒu mawo dzi. Ke wodea ƒua dzo me eye woléa ŋku ɖe eƒe fefeƒewo ŋu eye woŋlɔa ŋuɖoɖoawo ɖe ƒu mawo ke dzi. Agbalẽnyala aɖewo susui be blemanuŋɔŋlɔ mawo mee Chinagbe me nuŋɔŋlɔ dzɔ tso.
29. Afakaka ƒe gɔmeɖose kae woŋlɔ ɖe I Ching me?
29 Chinatɔwo ƒe agbalẽ tsitsitɔ kekeake si ƒo nu tso afakaka ŋue nye I Ching (Tɔtrɔwo ƒe Agbalẽ; woxlẽnɛ be Yii-Dzĩŋ) eye wogblɔ be fia eve siwo tso Chou-ƒomea me siwo nye Wen Wang kple Chou Kung, ye ŋlɔ wo le ƒe alafa 12 lia D.M.Ŋ. me. Eɖe ŋusẽ eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu siwo nye yin kple yan (yibɔtɔ kple dzẽtɔ; nyuia kple gbegblẽa, atsua kple nɔa, ɣe kple ɣleti, dziƒo kple anyigba, kple bubuawo) ƒe dɔwɔwɔ si Chinatɔ geɖe xɔ se be woawoe nye gɔmeɖose siwo kpɔ ŋusẽ ɖe agbemenyawo katã dzi la me tsitotsito. Eɖee fia be tɔtrɔm ko nusianu le ɣesiaɣi eye naneke menɔa anyi ɖaa o. Be dɔ nadze edzi na ame la, ele be woanya tɔtrɔ siwo katã va le ɣeyiɣi ma me la eye woawɔ nu wòasɔ ɖe wo nu. Eyata amewo biaa nya hedzidzea nu eye wotrɔna ɖe I Ching la ŋu hena ŋuɖoɖo la. Le ƒe alafa geɖewo me la, I Ching lae wozãna le etsɔmegbɔgblɔɖi, anyigbafakaka, kple afakaka bubu ƒomeviwo katã me le China.
Tso Ɣletivimenunya Dzi yi Ɣletivimefakaka Dzi
30. Ðɔ alesi ɣletivimenunya dze egɔmee.
30 Ɣe, ɣleti, ɣletiviwo kple ɣletinyigba bubuwo ƒe zɔzɔ ɖe ɖoɖo nu nye nusi wɔ nuku na anyigbadzitɔwo ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Wofɔ agbalẽ siwo nɔ anyi le ƒe 1800 D.M.Ŋ. me ke, siwo me woŋlɔ ɣletiviwo ƒe hatsotsowo ɖo la le Mesopotamia. Babilontɔwo te ŋu nɔ te ɖe nyatakaka mawo dzi gblɔ ɣletivimenudzɔdzɔ geɖewo ɖi, abe ɣea ƒe dzinua léle, ɣletiviwo ƒe hatsotso aɖewo ƒe dodo kple to ɖoɖo, kpakple ɣletinyigba aɖewo ƒe zɔzɔme ene. Egiptetɔwo, Asiriatɔwo, Chinatɔwo, Indiatɔwo, Helatɔwo, Romatɔwo, kple dukɔ bubuwo hã lé ŋku ɖe alilia me eye woŋlɔ ɣletivimenudzɔdzɔ siwo me woɖe tsitotsito la ɖi. Wozã nuŋlɔɖi siawo tsɔ wɔ woƒe ɣletigbalẽwoe eye woɖo woƒe ƒe sia ƒe wɔnawo ɖe ɖoɖo mawo nu.
31. Aleke ɣletivimefakaka wɔ dzɔ tso ɣletivimenunya me?
31 Eva dze le nusiwo wokpɔ le ɣletiviwo me la me be ewɔ abe ɖe anyigba dzi nudzɔdzɔ aɖewo doa go kple dziƒo nudzɔdzɔ aɖewo ene. Le kpɔɖeŋu me, azãgbewo ƒe tɔtrɔ zɔna aduadu kple ɣea ƒe zɔzɔ, ƒutsotsoewo ƒe tsotso kple ŋeŋe zɔna aduadu kple dzinua ƒe zɔzɔ, Nil-tɔsisia ƒe ɖɔɖɔ ƒe sia ƒe zɔna tututu kple ɣletivi si woyɔna be Sirius, si klẽna wu ɖesiaɖe la ƒe dodo. Nyataƒonya si va susu me lae nye, dziƒonuwo wɔ akpa vevi aɖe le nusiawo kple anyigba dzi nudzɔdzɔ bubuwo me. Le nyateƒe me la, Egiptetɔwo yɔ Sirius la be Amesi Kplɔa Nil la Vanae. Susu si nye be ɣletiviwo kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi nudzɔdzɔwo dzi la kplɔ ame yi nukpɔsusu sia gbɔe be woate ŋu aɖo ŋu ɖe dziƒonuwo ŋu agblɔ etsɔ me ɖi. Eyata ɣletivimefakaka va dzɔ tso ɣletivimenunya me. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o fiawo kple fiagãwo xɔ ɣletivimefakalawo koŋ wonye dziɖuɖua ƒe amewo le woƒe fiasãwo me be woaka ɣletivimefa le dukɔa ƒe nya veviwo me. Gake ame gbɔlowo hã ka ɣletivimefa nenema ke be yewoanya yewo ŋutɔwo ƒe aklamawo.
32. Mɔ kawo nue Babilontɔwo to ka ɣletivimefa?
32 Babilontɔwo le esia hã gbɔ. Wobu ɣletiviwo be wonye mawuwo ƒe nɔƒe si le dziƒo, abe alesi gbedoxɔwo nye woƒe nɔƒe le anyigba dzie ene. Esia na wodo susu ɖa be woaƒo ɣletiviwo nu ƒu ɖe ɣletivihatsotsowo me eye wòna hã be woxɔe se be ne tɔtɔwo va le dziƒo, abe zãdokeliwo alo ɣletivi keklẽ aɖewo alo ɣletivitoasikewo ƒe dodo ene la, efia be anye nuxaxa le anyigba dzi kple aʋa si ava dzɔ ƒe dzesi. Wokpɔ nyatakaka alafa geɖe siwo ɣletivimefakalawo tsɔ yi na fiawo la le blemaɖaŋunu siwo wofɔ le tome le Mesopotamia la dome. Le kpɔɖeŋu me, esiawo dometɔ aɖewo gblɔ be ne ɣe gbɔna dzinu lé ge la, enye dzesi be woasi futɔ aɖe, alo be le ɣletinyigba aɖe si le ɣletivihatsotso aɖe me la ƒe dzedze me la, “avuwɔwɔ gã” aɖe adzɔ le anyigba dzi.
33. Nukae Yesaya gblɔ tso Babilontɔ “amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo” la ŋu?
33 Míagate ŋu akpɔ alesi gbegbe Babilontɔwo ɖo ŋu ɖe afakaka sia ƒomevi ŋui la le nyagblɔɖila Yesaya ƒe fewuɖunyawo me esime wònɔ Babilon ƒe tsɔtsrɔ̃ gblɔm ɖi la be: “Do kple wò gbesawo kpakple wò dzo gbogbo, siwo ŋu nèku kutri le tso wò ɖevime ke; . . . na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò le dzinu me la, natso axɔ na wò.”—Yesaya 47:12, 13.
34. Amekawoe nye ‘nunyala’ siwo va Yesu vidzĩ la gbɔ?
34 Babilon ye wotsɔ ɣletivimefakaka tsoe yi Egipte, Asiria, Persia, Hela, Roma, kple Arabia. Ɣletivimefakaka deŋgɔwo le Hindutɔwo kple Chinatɔwo hã si le Ɣedzeƒe. ‘Nunyala’ siwo Nyanyuiŋlɔla Mateo gblɔ be wova Yesu vidzĩ la kpɔ ge la nye ‘ɣletivimefakala siwo tso Ɣedzeƒenyigbawo dzi.’ (Mateo 2:1, 2) Agbalẽnyala aɖewo xɔe se be anye Kaldeatɔwo kple Medo-Persiatɔwo ƒe ɣletivimefakasuku si le Partia, si nye nuto si dzi Persia ɖu eye emegbe wòxɔ ɖokuisinɔnɔ heva zu Partia Fiaɖuƒe la mee ɣletivimefakala siawo tso.
35. Nukae va zu ɣletivimefakaka tso Helatɔwo ŋɔli?
35 Gake alesi wokaa ɣletivimefa egbeae la dzɔ tso Helatɔwo gbɔ. Le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la, Hela ɣletivimenunyala Claudius Ptolemy si le Aleksandria, Egipte la ƒo ɣletivimefakaka ŋu nyatakaka siwo katã li la nu ƒu ɖe agbalẽ ene siwo woyɔ be Tetrabiblos me, eye eyae nye ɣletivimefakagbalẽ vevitɔ vaseɖe egbea. Nusi ame geɖe yɔna be dzidziɣletivifakaka, si dzi wotona gblɔa ame ƒe etsɔ me ɖi to alesi dziƒonuwo le le edziɣi dzi, alo ɣeyiɣifakaka si nye nutata aɖe si fia afisi ɣe, ɣleti, kple ɣletinyigba siwo le ɣletivihatsotsoawo me le le amea dziƒe le edziɣi la dzɔ tso esia me.
36. Ðaseɖiɖi kae li be ɣletivimefakaka va zu nusi ŋu wodea bubui?
36 Le ƒe alafa 14 kple 15 lia me la, ɣletivimefakaka bɔ ɖe Ɣetoɖoƒe. Wofiae le yunivɛsitiwo abe sukunusɔsrɔ̃ ene, eye esia bia be woanya gbegbɔgblɔwo kple akɔnta nyuie. Wobu ɣletivimefakalawo agbalẽnyalawoe. Shakespeare gblɔ nya geɖe le alesi ɣletivimefakaka kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ ƒe nyawo dzie la ŋu. Fiawo ƒe ʋɔnu ɖesiaɖe kple ame ŋkuta geɖewo xɔ woawo ŋutɔwo ƒe ɣletivimefakalawo be woakpe ɖe yewo ŋu ne yewohiã na wo. Ƒã hafi woawɔ nane—eɖanye aʋawɔwɔ, xɔtutu, asitsatsa, alo mɔzɔzɔ o—esi womaka ɣletivimefa hafi o. Ɣletivimefakaka va zu nusi ŋu bubu le.
37. Ŋusẽ kae dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋgɔyiyiwo kpɔ ɖe ɣletivimefakaka dzi?
37 Togbɔ be ɣletivimenunyalawo, abe Copernicus kple Galileo ene, ƒe dɔwɔwɔwo, kple dzɔdzɔmeŋutinunya si de ŋgɔ wu ƒe numekukuwo, wɔ akpa vevi aɖe tsɔ ɖee fia be ɣletivimefakaka menye dzɔdzɔmeŋutinunya si nye nyateƒe o hã la, egali kokoko vaseɖe egbea. (Kpɔ aɖaka si le axa 85.) Ayemenuwɔwɔ ɣaɣla sia si Babilontɔwo to vɛ, si ŋu Helatɔwo trɔ asi le, eye Arabwo gadoe ɖe ŋgɔ la gakpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo dzi egbea, woɖanye dukplɔlawo alo ame gbɔlowo o, woɖatso dukɔ siwo de ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋu me alo dukɔ siwo le ŋgɔ yim ƒe kɔƒetotrowo me o.
Dzɔgbe si Woŋlɔ ɖe Ŋkume Kple Asiƒome
38. Nukae he afakaka bubu siwo do ƒome kple asi kple ŋkume la vɛ?
38 Ne dzesiwo kple ɖeɖefiawo didi le dziƒo be woanya etsɔ me dze abe nusi womate ŋu akpɔ ŋutɔŋutɔ o ene la, mɔnu bubu siwo tsɔ ɖe ame gbɔ wu eye wo wɔwɔ le bɔbɔe wu la li na amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me. Zohar, alo Sefer ha-zohar (Hebrigbe, Atsyɔ̃gbalẽ) si nye ƒe alafa 13 lia me gbalẽ aɖe si ƒo nu tso Yudatɔwo ƒe vivimenuwɔwɔwo ŋu la gblɔ be: “Míekpɔa ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo ƒe nɔnɔme geɖe le alili si ƒo xlã xexeame katã la ŋu. Woɖea nu ɣaɣla kple nya ɣaɣla detowo fiana. Nenema ke nɔnɔme kple fliwo le ŋutigbalẽ si fa ɖe amegbetɔ ŋu la ŋu siwo nye míaƒe ŋutilã ƒe ɣletiviwo.” Nufiafia sia gato afakaka, alo etsɔmegbɔgblɔɖi ƒe mɔnu bubuwo vɛ, si nye ŋku léle ɖe ŋkume kple asiƒome ŋu hena nyagblɔɖidzesiwo kpɔkpɔ. Nuwɔna siawo gabɔ ɖe Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe siaa kokoko. Gake eme kɔ be ɣletivimefakaka kple kunyawɔwɔ mee wodzɔ tso.
39. Nukae nye ŋkumefakaka, eye aleke wozãe?
39 Ŋkumefakaka nye etsɔ me gbɔgblɔ ɖi to ŋku léle ɖe ame ƒe ŋkume ŋu, abe ŋku léle ɖe ŋku, to, ŋɔti, kple nu bubuwo ŋu ene dzi. Le ƒe 1531 me la, John si tso Indagine le Strasbourg la ta agbalẽ aɖe si fia nu tso nusia ŋu esi me wòta ame ƒe ŋkume vovovowo ɖo si ŋkuawo, ŋɔtiawo, kple akpa bubuawo le nɔnɔme vovovo me, eye woƒe gɔmeɖeɖewo kpe ɖe eŋu. Eyɔ nya tso Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:22 me esi nadi be yease, be, “Ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ,” abe nusi dzi wònɔ te ɖo gblɔ be ŋku siwo lolo eye wo dzi kɔ eye wole nogoo la nye nuteƒewɔwɔ kple lãmesẽ ƒe dzesi, gake ŋku siwo si ge ɖe eme eye wole sue la nye ŋubiabiã, tamevɔ̃ɖoɖo, kple nazãbubu ƒe dzesi ene. Gake Compendium of Physiognomy, si nye agbalẽ ma tɔgbe aɖe si wota le ƒe 1533 me la ŋlɔla Bartolommeo Cocle gblɔ be ŋku goɖowo tsi tre ɖi na amesi ƒe nuwɔna metoa mɔ ɖeka o kple kuviatɔ.
40. (a) Nukae nye asiƒomefakaka? (b) Aleke wodi be woakpɔ kpeɖodzi na asiƒomefakakae le Biblia me?
40 Afakalawo gblɔna be le ta megbe la, asi ye gaɖe dziƒoŋusẽwo fia wu ŋutilã la ƒe akpa bubu ɖesiaɖe. Eyata nya xexlẽ le asiƒomefliwo me be woatsɔ anya ame ƒe nɔnɔme kple dzɔgbee nye afakaka ƒomevi bubu si bɔ—asifakaka si woyɔna be asiƒomefakaka. Titinaɣeyiɣiwo me sifakalawo ku Biblia me be yewoakpɔ nane atsɔ ade yewoƒe nuwɔna la dzie. Woke ɖe kpukpui aɖewo abe esiawo ene ŋu: “Ebla amesiame ƒe asi, be amewo katã nanya eƒe dɔwɔwɔ” kple “Ŋkeke didi le eƒe ɖusi me; eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me.” (Hiob 37:7; Lododowo 3:16, KJ) Wobua asi siwo ho alo ɖo kɔ be wotsi tre ɖi na ɣletinyigbawo eye be le ema ta wole nane ɖem fia le amea kple eƒe etsɔ me ŋu.
41. Aleke Ɣedzeƒetɔwo kaa afae?
41 Etsɔ me gbɔgblɔ ɖi to ŋkume kple asi ƒe akpa vovovowo zazã dzi nye nusi bɔ ɖe Ɣedzeƒe ŋutɔ. Amesiwo wɔnɛ abe modzakaɖenu ko ene kple amesiwo wɔnɛ le wo ɖokui si hã li kpe ɖe amesiwo xlẽnɛ kpakple aɖaŋuɖola siwo naa woƒe kpekpeɖeŋu la ŋu elabena agbalẽwo bɔ ɖi na ewɔla vovovoawo. Zi geɖe la, amewo xlẽa asiƒomefliwo abe modzakaɖeɖe ko ene, gake ame geɖe bua nusiawo nu ŋutɔŋutɔe. Gake le ame geɖe gome la, ƒã hafi wozãa afakakamɔnu ɖeka ko. Ne wodo go kuxi sesẽwo alo ne nyametsotso veviwo le wo dzi la, woyia woƒe gbedoxɔ me, eɖanye Buddha tɔ, Tao tɔ, Shinto tɔ, alo subɔsubɔha bubu me tɔ o, be woabia mawuwo ase, emegbe woyia ɣletivimefakala gbɔ be wòaka ɣletiviwo na yewo, woyia nukala gbɔ be wòaka asiƒomefa na yewo ahalé ŋku ɖe yewoƒe ŋkume, eye le ema katã megbe la, wovaa aƒeme va biaa gbe wo tɔgbui kukuwo. Wokpɔa mɔ be yewoakpɔ ŋuɖoɖo aɖe si adze abe eyae sɔ na yewo ene le afi aɖe.
Modzakaɖeɖe si ŋu Afɔku Mele O Koe Wònyea?
42. Nuka mee amewo ƒe dzɔdzɔmedidi be yewoanya etsɔ me la kplɔ wo yii?
42 Enye nusi le dzɔdzɔme nu be amesiame nadi be yeanya yeƒe etsɔ me. Didi be dzɔgbenyui nanɔ ame ŋu eye woaƒo asa na nusi agblẽ nu le ame ŋu hã bɔ ɖe afisiafi. Ema tae amewo trɔ ɖe gbɔgbɔwo kple mawuwo ŋu le ɣeyiɣi siwo katã va yi me be woafia mɔ yewo. Le ema wɔwɔ me la, wova ge ɖe gbɔgbɔyɔyɔ, kunyawɔwɔ, ɣletivimefakaka, kple aʋatsodzixɔse ƒe nuwɔna bubuwo me. Tsã la, dzoka kple atiblɛwo nɔa amewo ŋu bene woatsɔ adzɔ wo ɖokui ŋui eye woyina ɖe nuwɔlawo kple bokɔwo gbɔ be woada dɔ na yewo. Ga si dzi Christopher “Kɔkɔe” ƒe nɔnɔmetata le ganɔa amewo ƒe kɔme kokoko alo wodea dzɔgbenyuitiblɛwo, woyia woƒe gbɔgbɔyɔyɔtakpekpewo, wozãa afakakplɔ̃wo, ahũhɔ̃emefakaka, ɣletivimefakaka, kple afakaɖidagbalẽwo (“tarot cards”). Le gbɔgbɔyɔyɔ kple aʋatsodzixɔse gome la, ewɔ abe ɖe ameƒomea mewɔ tɔtrɔ gobii aɖeke o ene.
43. (a) Aleke ame geɖe sena le wo ɖokui me ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ, kunyawɔwɔ, kple afakaka ŋu? (b) Nyabiabia siwo ku ɖe afakaka ŋu kawoe hiã ŋuɖoɖo?
43 Nyateƒee, ame geɖe nya be aʋatsodzixɔsewo koe nusiawo nye eye womenye naneke o. Eye ɖewohĩ woagblɔ hã be dzidzɔ dodo na yewo ɖokui ta koe yewole ewɔm ɖo. Ame bubuwo ʋlia nya gɔ̃ hã be kunyawɔwɔ kple afakaka ɖea vi ŋutɔŋutɔ elabena wonaa susu me kakaɖedzi amesiwo, ne ɖe menye nu mawo tae o la, agbemekuxi siwo dzea ŋgɔ wo la ado vɔvɔ̃ na wo fũ akpa la. Gake dzidzɔdonu si me afɔku mele o alo nusi naa susu me kakaɖedzi ame koe esiawo katã nyea? Afikae nye gbɔgbɔyɔyɔ kple kunyawɔwɔ ƒe nuwɔna siwo ŋu míede ŋugble le le ta sia me kpakple bubu geɖe siwo míeyɔ o la ƒe dzɔtsoƒe ŋutɔŋutɔ?
44. Nuka koŋ ye woate ŋu agblɔ be eyae le megbe na nuwɔna siawo katã?
44 Esi míele gbɔgbɔyɔyɔ ƒe akpa vovovoawo, kunyawɔwɔ, kple afakaka, me dzrom la, míekpɔe be wodo ƒome kplikplikpli kple luʋɔ siwo do go le ame me, kple gbɔgbɔ nyuitɔwo kpakple vɔ̃ɖitɔwo, ƒe dzixɔse be woli. Eyata gbɔgbɔwo, kunyawɔwɔ, kple afakaka ƒe dzixɔse nye nusi wotu ɖe mawugeɖesubɔsubɔ si ƒo ke ɖe to ɖe amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia me la dzi. Ðe esia nye gɔmeɖokpe nyui si dzi woatu ame ƒe subɔsubɔ ɖoa? Ðe nabu mawusubɔsubɔ si wotu ɖe gɔmeɖokpe ma dzi be edzea?
45. Nya si ku ɖe nuɖuɖu ŋu kae dze ŋgɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo?
45 Nyabiabia mawo ke dze ŋgɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo. Helatɔwo kple Romatɔwo, kple woƒe mawu kple mawuvi gbogboawo kpakple woƒe aʋatsodzixɔsekɔnuwo ƒo xlã wo. Kɔnuawo dometɔ ɖekae nye nuɖuɖu nana trɔ̃wo kpakple nu mawo ɖuɖu. Ðe amesi lɔ̃a Mawu nyateƒe eye wòdi be yeƒe nu nadze eŋu la ate ŋu akpɔ gome le kɔnu mawo mea? Se alesi Paulo ɖo biabia ma ŋui ɖa.
46. Nukae nye Paulo kple Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dzixɔse ku ɖe Mawu ŋu?
46 “Azɔ míenya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃ [menye naneke le xexeame o, NW], eye bena, mawu bubu aɖeke hã meli o, negbe ɖeka hɔ̃ koe li. Ke nenye nusiwo woyɔna be mawuwo li hã, eɖanye le dziƒo alo anyigba dzi o, abe alesi mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li ene la; gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye míawo míeli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye míawo míeto eyama me la, li na mí.” (Korintotɔwo I, 8:4-6) Le Paulo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome la, subɔsubɔha vavãtɔ menye mawugeɖesubɔsubɔ o, ke boŋ enye ɖokuitsɔtsɔna “Mawu ɖeka, si nye Fofo,” amesi ŋkɔ Biblia yɔ esi wògblɔ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Psalmo 83:19.
47. Aleke Paulo ɖe amesiwo tututu ‘mawu kple aƒetɔ siwo le dziƒo kple anyigba’ nye la fiae?
47 Gake ele be míade dzesii be togbɔ be Paulo gblɔ be “trɔ̃ menye naneke . . . o” hã la, megblɔ be “mawu” kple “aƒetɔ” siwo ŋu amewo trɔ ɖo le kunyawɔwɔ kple afakaka me eye wosaa vɔ na wo la meli o. Ke nya ka gblɔm Paulo nɔ? Paulo ɖe eme emegbe le lɛta ma ke me esi wòŋlɔ be: “Hafi boŋ mele gbɔgblɔm bena, nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye na Mawu o; ke nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.” (Korintotɔwo I, 10:20) Ẽ, dukɔwo nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo—mawudɔla alo gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo dze aglã ɖe Mawu vavã la ŋu eye wowɔ ɖeka kple woƒe ŋgɔnɔla Satana Abosam—subɔm to woƒe mawuwo kple aƒetɔwo dzi.—Petro II, 2:4; Yuda 6; Nyaɖeɖefia 12:7-9.
48. Afɔku siwo tso vivimenuwɔwɔ me kae gali egbea, eye aleke míawɔ aƒo asa nɛ?
48 Zi geɖe la, amesiwo wogblɔna be woƒe ŋku meʋu o eye woƒe aʋatsodzixɔsewo kple vɔvɔ̃wo wɔ wo kluviwoe la ƒe nu wɔa nublanui na amewo. Wogblɔna be ʋukɔkɔɖivɔsawo kple ŋutasesẽkɔnuawo nyɔa ŋu na yewo. Eye enyɔ ŋu hã nyateƒe. Gake vaseɖe egbegbe la, míegasea vodu, satanasubɔsubɔhawo, kple amegbetɔ tsɔtsɔ sa vɔe kura gɔ̃ hã ŋuti nyawo kokoko. Togbɔ be esiawo anye nya siwo gbɔ eme hã la, woɖee fia be didi be woanya nu tso vivimenuwo ŋu nu gasẽ kokoko. Ðewohĩ adze egɔme abe ‘fefe si ŋu fɔɖiɖi aɖeke mele o’ ene gake afɔku kple kue eƒe nuwuwu nyena. Aleke gbegbe nunya le emee nye si be míaɖo to Biblia ƒe nuxlɔ̃me la be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.”—Petro I, 5:8; Yesaya 8:19, 20.
49. Nuka mee míaku le agbalẽ sia ƒe ta siwo kplɔe ɖo me?
49 Esi míedzro alesi mawusubɔsubɔ dze egɔmee, vovototo geɖe siwo le blemaxotutuwo me, kple gbɔgbɔyɔyɔ, kunyawɔwɔ, kpakple aʋatsodzixɔse vovovoawo me la, míatrɔ míaƒe susu azɔ ɖe xexeame ƒe subɔsubɔha gã siwo nye Hindu-subɔsubɔha, Buddha-subɔsubɔha, Tao-subɔsubɔha Konfusio-subɔsubɔha, Shinto-subɔsubɔha, Yuda-subɔsubɔha, Kristodukɔa me subɔsubɔhawo kple Islām, siwo le ɖoɖo nu wu la ŋu. Aleke wodze egɔmee? Nukawoe nye woƒe nufiafiawo? Ŋusẽ kae wokpɔ ɖe woƒe hameviwo dzi? Míadzro esiawo kple nyabiabia bubuwo me le ta siwo gbɔna me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 76]
Ewɔ abe ɖe kunyawɔwɔ aɖewo wɔa dɔ ene
[Aɖaka si le axa 85]
Ðe Ɣletivimefakaka Nye Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?
Ɣletivimefakaka gblɔna be ɣe, ɣleti, ɣletiviwo, kple ɣletinyigbawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi nudzɔdzɔwo dzi eye be ɖoɖo si nu dziƒonu siawo le le ame dziɣi la kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi. Gake dzɔdzɔmeŋutinunya me sidzedzewo tɔ gbee vevie:
▪ Ɣletivimenunyalawo abe Copernicus, Galileo, kple Kepler ene ƒe dɔwɔwɔwo ɖee fia kɔte be menye anyigbae le titina na xexeame o. Enye nusi wonya nyuie hã be ɣletivi siwo dzena abe ɖe wole ɣletivihatsotso me ene la mele ƒuƒoƒo me ŋutɔŋutɔ o. Wo dometɔ aɖewo anɔ didiƒe ʋĩ ke le yame esime bubuwo agogo mí wu. Eyata nusi wogblɔ be wonye ɣletivihatsotso vovovoawo ƒe ŋutete la nye ame ŋutɔ ƒe nyagblɔkpɔ sɔŋ ko.
▪ Ɣletivimefakala gbãtɔwo menya be ɣletinyigba siwo nye Uranus, Neptune, kple Pluto nɔ anyi o elabena esi woto yamekpɔnu vɛ hafi woke ɖe wo ŋu. Ke aleke wowɔ “kpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi” le ɣletivimenutata siwo wota ƒe alafawo do ŋgɔ la me? Gawu la, nukatae “ŋusẽkpɔɖeamedzi” “nyui” anɔ ɣletinyigba aɖe si eye bubu tɔ anye “vɔ̃ɖitɔ” esime dzɔdzɔmeŋutinunya ɖee fia be anyi alo ya siwo me agbe mele o ye wo katã wonye eye wonɔa du dzi nɔa xlã ƒom le yame?
▪ Dzɔdzɔmeŋutinunya fia mí be womedzia ame hafi amenyenye ɖoa esi o, ke boŋ le eƒe fufɔɣi, ne fofoa ƒe vidziŋusẽ ƒe nukui miliɔn geɖeawo dometɔ ɖeka va do go dadaa ƒe azi ɖeka. Gake ɣletivimefakaka ya be ɖe wodzia amea vɔ hafi eƒe ɣletivi dzea dɔ wɔwɔ. Ele be ɣleti asieke sɔŋ nana nɔnɔme bubu kura nanɔ amea si le ɣletivimefakaka me.
▪ Afisi amesi le anyigba dzi akpɔ be ɣea ava to le ɣletivihatsotsowo me la he ɖe megbe ɣleti ɖeka wu alesi wònɔ ƒe 2,000 enye sia esi wota ɣletivimefakaka ƒe nutatawo. Eyata ana ɣletivimefakaka nayɔ amesi woadzi le June ƒe nuwuwu alo July ƒe gɔmedzedze la be enye Cancer (agalã; anye amesi doa dziku vevie, blanuiléla, amesi nu menya ƒona na o). Gake le nyateƒe me la, ɣea anɔ Gemini (venɔviwo) ɣletivihatsotso me ɣemaɣi, esi ana amea nanye nukpoloeƒola, susuɖaɖɛtɔ kple nùhala. Eme kɔ kɔte be susunɔmee alo dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe gɔmeɖokpe meli ɣletivimefakaka nanɔ te ɖe edzi o.
[Nɔnɔmetata si le axa 71]
Wovɔ̃a ahũhɔẽ gbagbãwo, dadi yibɔwo, kple xexlẽdzesi aɖewo le aʋatsodzixɔse ta. Xexlẽdzesi si Chinatɔwo ŋlɔna na xexlẽme si nye “ene” la dzena abe alesi woŋlɔa “ku” ene le Japangbe kple Chinagbe me
[Nɔnɔmetata si le axa 74]
Miame, Míaƒe Aƒenɔ ƒe Gbedoxɔgã si le Guadalupe,
Mexico, afisi Katolikotɔwo doa gbe ɖa le be yewoakpɔ nukudɔdada.
Ðusime, Stonehenge, England, afisi wogblɔ be blema Druidwo de ta agu na ɣe le
[Nɔnɔmetata si le axa 80]
Ame aɖewo yia dzotɔwo kple nukalawo gbɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 80]
Ame bubuwo yia gbɔgbɔyɔkpekpewo, afakakplɔ̃, ahũhɔ̃efakaka, afakaɖidagbalẽ, kple etsɔmegblɔɖilawo
[Nɔnɔmetata si le axa 82]
Ɣedzeƒetɔwo ƒe afakaka si me woŋlɔa nu ɖe klogo ŋu hezãa ying-yang ƒe dzesi la, ƒe dzɔɣi didi
[Nɔnɔmetata si le axa 87]
Ame geɖe kaa ɣletivimefa kple susu be nɔnɔme si me ɣe, dzinu, ɣletinyigbawo kple ɣletiviwo le le ame dziɣi la kpɔa ŋusẽ ɖe yewoƒe agbe dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 90]
Afakala la ʋuʋua ati siwo le nua me eye wòsea gbedasi aɖe kple eƒe gɔmeɖeɖe