Kakaɖeamedzi le Xexe Madeblibo Me
“MENYE nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ.” Nenemae wòle le gowòmea? Nyae be kuxi mawo ke nɔ apostolo Paulo hã ŋu ale be dzi nagaɖe le ƒowò o; gake enye ŋutsu Kristotɔ nuteƒewɔla ɖedzesi aɖe. Ðe nya siawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu oa? Paulo dzro kuxia me le lɛta si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma me be: “Ke ne mewɔ nusi nyemelɔ̃na o la, ekema meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye boŋ.” Nuvɔ̃ ka ƒe nya gblɔm wòle, eye aleke wòwɔ ɖu edzi ale be wòva zu ŋutsu nuteƒewɔla?—Romatɔwo 7:19, 20.
Paulo ŋlɔ le eƒe lɛta si do ŋgɔ me be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” Adam ye nye “ame ɖeka” ma. (Romatɔwo 5:12, 14) Adam ƒe nuvɔ̃—nuvɔ̃ si ame gbãtɔ Adam wɔ—gbɔe ameƒomea ƒe blibomademade si wòdzɔ kplii la tso eye eya koŋ tae nuteƒewɔwɔ nye kuxi sesẽ ɖo.
Esi wònye wogbe nusi Biblia gblɔ tso nuwɔwɔ ŋu le mawunyafiafiawo me tsɔ nɔnɔmetɔtrɔnufiafiawo ɖo eteƒe ta la, ame akpa gãtɔ megada asi ɖe nukpɔsusu si Paulo gblɔ le “nuvɔ̃ gbãtɔ,” si nye alesi woyɔnɛ la dzi o. Egbegbe numeɖegbalẽ aɖe gblɔ le Romatɔwo 5:12-14 ŋu be: “Agbalẽnyalagãwo tu afɔ nyagbɔgblɔ bliboa ƒu gbe.” Gake ƒe alafa ɖeka enye sia la, Biblia me ɖegbalẽwo gblɔ nya ɖeka be “esi Adam wɔ nuvɔ̃ la, . . . etsɔ nuvɔ̃ ma kple emetsonuwo gba ɖe eƒe dzidzimeviwo katã ŋu.”a
Nuteƒemawɔmawɔ Gbãtɔ
Alesi ame geɖe mexɔe se egbea be ame gbãtɔ Adam nɔ anyi kpɔ o la, nenema ke wogblɔna le Satana Abosam ƒe anyinɔnɔ hã ŋu be enye nyakpakpa.b Gake Yesu Kristo si dzi woate ŋu aka ɖo wu amesiamee gblɔ na mí be amesia “mele tsitre ɖe nyateƒe la me o,” si fia be womate ŋu aka ɖe edzi o. (Yohanes 8:44) Eye Satana ƒe amenubeblee wɔe be Adam kple srɔ̃a, Xawa, wodze aglã ɖe Yehowa ŋu eye wodo kpo nuteƒewɔwɔ esi wòdo wo kpɔ.—Mose I, 3:1-19.
Esi mí katã míedzɔ tso Adam me ta la, mí katã míenyi nuvɔ̃wɔwɔ ƒe dome. Nunyala Salomo gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuvɔ̃ o.” (Nyagblɔla 7:20) Gake amegbetɔ ɖesiaɖe ate ŋu adze be woaka ɖe edzi. Aleke esia anya wɔe? Elabena menye ɖe ame ade blibo hafi awɔ nuteƒe o.
Nusi Ana Woawɔ Nuteƒe
Israel Fia Dawid da vo geɖe, siwo dome ahasi si wòwɔ kple Bat-Seba si ŋu ame geɖe nya nu tsoe hã le. (Samuel II, 11:1-27) Dawid ƒe vodada geɖeawo ɖo kpe edzi be mede blibo kura o. Gake nukae Yehowa kpɔ le ŋutsu sia me? Esime Yehowa nɔ nu ƒom na Dawid vi Salomo la, egblɔ be: “[Zɔ] le ŋkunye me, abe alesi fofowò Dawid zɔ le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me ene.” (Fiawo I, 9:4) Togbɔ be Dawid wɔ vodada geɖe hã la, Yehowa de dzesi alesi woate ŋu aka ɖe edzii. Nukatae?
Dawid ɖo eŋu esime wògblɔ na Salomo be: “Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã!” (Kronika I, 28:9) Dawid wɔ vodadawo, gake ebɔbɔ eɖokui, eye wòdi be yeawɔ nu dzɔdzɔe. Exɔ mokaka kple ɖɔɖɔɖo ɣesiaɣi—le nyateƒe me la, ebiae hã. Nusi wòbiae nye be: “Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, [klɔ] nye ayikuwo kple nye dzi!” (Psalmo 26:2) Eye woklɔ Dawid ŋu vavã. Le kpɔɖeŋu me, fukpekpe siwo tso nuvɔ̃ si wòwɔ kple Bat-Seba me la nɔ anyi vaseɖe eƒe kugbe ke. Gake Dawid mete kpɔ be yeagblɔ be ye tɔ dzɔ o. (Samuel II, 12:1-12) Vevietɔ wu la, meɖe asi le tadedeagu vavãtɔ ŋu o. Le susu sia, kple le Dawid ƒe nuxaxa kpakple dzimetɔtrɔ si wòwɔ tso dzime ta la, Yehowa lɔ̃ tsɔ eƒe nuvɔ̃wo kee eye wòbui ŋutsu nuteƒewɔla.—Kpɔ Psalmo 51 hã.
Ŋuɖoɖeŋutɔnyenye le Dodokpɔ Me
Satana Abosam do Yesu kpɔ kple susu be yeana wòado kpo nuteƒewɔwɔ. Ele nɛ be wòawɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo kple fukpekpe me, esi to vovo na Adam, ame deblibo si ƒe toɖoɖo wodo kpɔ esi wogblɔ nɛ be wòawɔ Mawu ƒe se dzi ko. Gakpe ɖe eŋu la, agba wònye nɔ Yesu dzi esi wònya be ameƒomea katã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe yeƒe nuteƒewɔwɔ dzi.—Hebritɔwo 5:8, 9.
Satana si ɖoe kplikpaa be yeana Yesu nagawɔ nuteƒe o la, te ɖe eŋu esime ŋusẽ menɔ Yesu ŋu kura o—le esime wòtsɔ ŋkeke 40 nɔ ŋugbledede kple nutsitsidɔ dzi le gbedadaƒo vɔ megbe. Ete Yesu kpɔ zi gbɔ zi etɔ̃—be wòatrɔ kpewo woazu abolo; be wòadzo tso gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe, wòanɔ mɔ kpɔm be mawudɔlawo nava xɔ nɛ ale be wòanye nukunu aɖo kpe eƒe Mesianyenye dzi; kple be wòalɔ̃ anye dziɖula ɖe xexeamefiaɖuƒewo katã dzi ne ‘ede ta agu’ na Satana zi ɖeka pɛ ko. Gake Yesu gbe tetekpɔ ɖesiaɖe, heyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa.—Mateo 4:1-11; Luka 4:1-13.
Hiob ƒe Nuteƒewɔwɔ
Wonya nu tso alesi Hiob nɔ te hewɔ nuteƒe le dodokpɔ me ŋu nyuie. Eɖe dzesi be Hiob menya nusita afɔku dzɔ ɖe edzi o. Menya be Satana da alakpa ɖe esi be eya Hiob ɖokui tɔ didi tae wònɔ Mawu subɔm eye be Hiob alɔ̃ agbe nuteƒewɔwɔ atsɔ aɖe eƒe agbe o. Mawu ɖe mɔ be Hiob nato dodokpɔ sesẽ aɖewo me atsɔ afia be Satana da ƒu.—Hiob 1:6-12; 2:1-8.
Yeaɖi xɔlɔ̃ etɔ̃ aɖewo va ge ɖe nya la me. Woɖoe koŋ trɔ gbo Mawu ƒe dzidzenuwo kple tameɖoɖowo. Esi Hiob srɔ̃ gɔ̃ hã menya nusi nɔ dzɔdzɔm o ta la, edo kpo dzidedeƒo na srɔ̃a esime hiã tui vevie. (Hiob 2:9-13) Gake Hiob nɔ te sesĩe. “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o. Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi sesĩe, eye nyemaɖe asi le eŋu o; nye dzi mado vlo nye ŋkekewo dometɔ ɖeka hã o.”—Hiob 27:5, 6.
Hiob ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi la, kpakple ŋutsu kple nyɔnu anukwareɖila bubu geɖewo ƒe nuteƒewɔwɔ si woŋlɔ ɖe Biblia me ɖo kpe edzi be Satana nye aʋatsotɔ.
Nuteƒewɔwɔ Kple Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa
Ðe nuteƒewɔwɔ nye nɔnɔme si ŋu Yehowa dea bubui le eya ŋutɔ ƒe viɖe ta? Ao. Asixɔxɔ vevi aɖe le nuteƒewɔwɔ ŋu na mí amegbetɔwo. Mía ŋutɔwo ƒe viɖe tae Yesu ɖo aɖaŋu na mí be ‘míalɔ̃ Yehowa mía Mawu kple míaƒe dzi blibo kple míaƒe luʋɔ blibo kpakple míaƒe tamesusu blibo.’ Le nyateƒe me la, esiae nye “se gbãtɔ, si le vevie,” eye ŋutsu, nyɔnu, alo ɖevi nuteƒewɔla koe ate ŋu awɔ ɖe edzi. (Mateo 22:36-38) Nukae wòbia, eye viɖe kawoe le eŋu?
Menye ame hati koe ate ŋu aka ɖe nuteƒewɔla dzi o, ke vevietɔ wu la, Mawu hã aka ɖe edzi. Eƒe dzimekɔkɔe dzena le eƒe nuwɔnawo me; alakpa mele eme o. Menye ayemenuwɔla alo nufitiwɔla o. Aleae apostolo Paulo gblɔe enye si: “Míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye míezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye míebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ míetsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiaa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.”—Korintotɔwo II, 4:2.
De dzesii be nɔnɔme siwo ku ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋue Paulo ƒo nu tsoe. Aleke Kristotɔ subɔla ate ŋu asubɔ ame bubuwo ne mewɔa nu dzɔdzɔe o, ne menye nuteƒewɔla o? Ireland-subɔsubɔha aɖe ƒe tatɔ si dzudzɔ dɔ la ŋuti nya kɔ nya sia me nyuie. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent gblɔ be elɔ̃ be “[yeɖe] mɔ na nunɔla ɖevigbɔdɔla aɖe wògayi edzi wɔ dɔ kple ɖeviwo ɣeyiɣi didi aɖe esi eƒe ɖevigbɔdɔnya la ɖi vɔ megbe.” Nuŋlɔɖia gblɔ be eƒe gbɔdɔnuwɔna la yi edzi ƒe 24 sɔŋ. Wode nunɔla la mɔ̃ ƒe ene, gake bu fukpekpe siwo wòdo na ɖevi siwo gbɔ wòdɔ le ƒe mawo me le esi eƒe tatɔ meɖe afɔ kaba o le dzimemakɔmakɔ ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu ta ŋu kpɔ!
Nuteƒewɔwɔ—Eƒe Viɖewo
Apostolo Yohanes nye amesi mevɔ̃na o. Le dzonɔameme sẽŋu si nɔ wo kple nɔvia Yakobo me ta la, Yesu yɔ wo be “Dziɖegbeviwo.” (Marko 3:17) Yohanes, si nye nuteƒewɔla ɖedzesi si ŋu Petro nɔ, ɖe nu me na Yudatɔwo ƒe dziɖulawo be ‘yemate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo’ tso nusiwo yekpɔ kple nusiwo yese esime yezɔ kple Yesu la ŋuti o. Yohanes hã nɔ apostolo siwo gblɔ be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo” la dome.—Dɔwɔwɔwo 4:19, 20; 5:27-32.
Edze abe esime Yohanes ɖo eƒe ƒe 90-awo me la, woɖe aboyoe yi Patmo Ƒukpo dzi “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta” ene. (Nyaɖeɖefia 1:9) Le ƒe si wòxɔ ta la, ate ŋu abui be yeƒe subɔsubɔdɔ wu enu. Gake nuteƒewɔla abe eya ene koe woate ŋu ade dɔ asi na be wòaŋlɔ ŋutega wɔdɔɖeamedzi si le Nyaɖeɖefia me. Yohanes wɔ nuteƒe le dɔ sia wɔwɔ me. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye nɛ! Eye nu geɖe ganɔ ŋgɔ. Edze ƒã be emegbe le Efeso nutome la, eŋlɔ eƒe nyanyuia kple lɛta etɔ̃awo. Etsɔ mɔnukpɔkpɔ gã mawo wu ƒe 70 ƒe anukwareɖiɖi kple subɔsubɔ ŋuɖoɖeŋutɔe nu!
Dzidzeme deto sua ame si ne wonye nuteƒewɔla. Teƒeɖoɖo mavɔwoe sua ame si ne Mawu bu ame be enye amesi dzi woate ŋu aka ɖo. Egbea la, wole nyateƒe tadeagulawo ƒe “ameha gã” aɖe dzram ɖo be woage ɖe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ƒe xexe yeye aɖe me, kple mɔkpɔkpɔ be woanɔ agbe tegbee. (Nyaɖeɖefia 7:9) Togbɔ be dodokpɔwo le nuɖoanyi sia me eye Satana ahe kuxi sesẽwo ava wo dzi hã la, ele be woawɔ nuteƒe le nya vevi siwo ku ɖe agbenyuinɔnɔ kple tadedeagu ŋu me. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be àte ŋu akpɔ dzidzedze to ŋusẽ si Yehowa doa ame la me!—Filipitɔwo 4:13.
Esime hakpala Dawid nɔ akpedagbe aɖe dom ɖa na Yehowa la, eƒo nu tso fifi kple etsɔ si gbɔna ŋu tsɔ na kakaɖedzi mí be: “Èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee. Woakafu Yehowa . . . Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!”—Psalmo 41:13, 14.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nyagbɔgblɔa le The New Testament of Our Lord and Saviour Jesus Christ, according to the Authorised Version, with a brief commentary by various authors me.
b Ŋkɔ Satana gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” “Abosam” gɔmee nye “Amegɔmezɔla.”
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Togbɔ be Dawid wɔ vodadawo hã la, eɖee fia be woate ŋu aka ɖe ye dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Yesu ɖo kakaɖeamedzi ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Dzidzeme geɖe sua ame si ne kakaɖedzi le ame ŋu