INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mawu Ðe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia Mí
    Gbetakpɔxɔ—2011 | June 15
    • 7, 8. Aleke nu siwo to vovo na wo nɔewo la do tso ame deblibo eve ƒe agbenɔnɔ me?

      7 Lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe si akpe ɖe amegbetɔwo ŋu woavo tso nu vɔ̃ si ƒe dome wonyi la si me. Paulo ɖe eme be esia anya wɔ to ame deblibo bubu aɖe—si míagblɔ ko be enye Adam mamlɛtɔ—la dzi. (1 Kor. 15:45) Gake nu siwo to vovo kura na wo nɔewoe do tso amegbetɔ deblibo eveawo ƒe agbenɔnɔ me. Nu ka tae wòyi alea?—Mixlẽ Romatɔwo 5:15, 16.

      8 Paulo ŋlɔ bena: “Nunana faa ya tɔ mele abe ale si vodada la tɔ nɔ ene o.” Adam ɖi fɔ le nu vɔ̃ ma si wòwɔ ta, eye esɔ be wotso kufia matrɔmatrɔ nɛ—eye wòku. Ke hã menye eya ɖeka koe aku o. Míexlẽe be: “Ame ɖeka [ma] ƒe vodadae na ame geɖewo ku.” Kufia dzɔdzɔe si wotso na Adam la lɔ via madeblibowo katã ɖe eme—míawo hã míele eme. Ke hã, enyanya be nu si to vovo na ema ye do tso ame deblibo Yesu ƒe agbenɔnɔ me ate ŋu afa akɔ na mí. Nu kae do tso eme? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le Paulo ƒe nya siwo wògblɔ be “wobu ame ƒomeviwo katã be wole dzɔdzɔe hena agbekpɔkpɔ” la me.—Rom. 5:18.

      9. Gɔmesese kae le nya si dze le Romatɔwo 5:16, 18 be Mawu bu amewo be wole dzɔdzɔe la si?

      9 Gɔmesese kae le megbe na Helagbe me nya siwo wozã le nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “wobu amewo be wole dzɔdzɔe” la? Biblia gɔmeɖela aɖe ŋlɔ tso nya sia ŋu be: “Enye nyamenya aɖe si de sɔsɔ ge kple seŋutiɖoɖo. Eku ɖe tɔtrɔwɔwɔ le tenɔnɔ si le ame aɖe si le Mawu ŋkume ŋu la ŋuti, ke menye le amea ƒe amenyenye ememetɔ ŋu o . . . Nyamenya la ɖe Mawu fia abe ʋɔnudrɔ̃la aɖe si tso afia wòde ame si wobu fɔe, si wokplɔ va Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui ŋkume le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be ewɔ nu madzɔmadzɔ aɖe, la dzi. Gake Mawu ɖe fɔbubua ɖa le ame si wobu fɔe la dzi.”

  • Mawu Ðe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia Mí
    Gbetakpɔxɔ—2011 | June 15
    • 14, 15. Teƒeɖoɖo kae wotsɔ ɖo ame siwo Mawu bu ame dzɔdzɔewoe la ŋkume, gake nu kae wòhiã kokoko be woawɔ?

      14 Wò ya bu nunana xɔasi si gbegbe wònye be Ŋusẽkatãtɔ la natsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃ si ƒe dome wònyi la kpakple vodada siwo katã wòwɔ kpɔ la siaa akee ŋu kpɔ! Màte ŋu axlẽ nu vɔ̃ si gbegbe ame aɖe wɔ hafi va zu Kristotɔ la o; ke hã Mawu ate ŋu anɔ te ɖe tafea dzi atsɔ nu vɔ̃ mawo ake. Paulo ŋlɔ bena: ‘Nunana si wona le vodadawo ƒe agbɔsɔsɔ ta lae nye be wobu ame geɖewo ame dzɔdzɔewoe.’ (Rom. 5:16) Ele na apostoloawo kple ame bubu siwo wona lɔlɔ̃nunana sia (si nye wo bubu ame dzɔdzɔewoe) la be woayi edzi anɔ Mawu vavã la subɔm le xɔse me. Teƒeɖoɖo kae asu wo si le etsɔme? “Ame siwo xɔ amenuveve la kple dzɔdzɔenyenye ƒe nunana faa le agbɔsɔsɔ me la anɔ agbe ahaɖu fia . . . to ame ɖeka, si nye Yesu Kristo dzi.” Le nyateƒe me la, nu vɔ̃ la he ku vae, gake dzɔdzɔenyenye ƒe nunana la he agbe vae.—Rom. 5:17; mixlẽ Luka 22:28-30.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe