-
Na Yehowa Nanye Amesi Ŋu Nèɖoa Ŋu ɖoGbetakpɔxɔ—2003 | September 1
-
-
Nukatae Yehowa Ðe Mɔ Ðe Fukpekpe Ŋu?
10, 11. (a) Le Romatɔwo 8:19-22 ƒe nya nu la, nukae dzɔ ɖe “nuwɔwɔ blibo la katã” dzi? (b) Aleke míawɔ anya amesi bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te?
10 Apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ƒe akpa aɖe kɔ nya vevi sia me. Paulo ŋlɔ bena: “Nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena míenyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.”—Romatɔwo 8:19-22.
11 Be míase mawunyakpukpui siawo gɔme la, ele be míaɖo biabia vevi aɖewo ŋu gbã. Le kpɔɖeŋu me, Amekae bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te? Ame aɖewo be Satana ye; ame bubuwo hã be Adam ye. Gake mate ŋu anye wo dometɔ aɖekee wɔe o. Nukatae? Elabena amesi bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te la wɔe “hena mɔkpɔkpɔ.” Ẽ, ena mɔkpɔkpɔ be mlɔeba la, “woaɖe” nuteƒewɔlawo “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.” Adam alo Satana mate ŋu ana mɔkpɔkpɔ sia o. Yehowa ɖeka koe ate ŋui. Ekema eme kɔ ƒã be eyae bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te.
12. Tɔtɔ kae do mo ɖa ku ɖe nusi “nuwɔwɔ blibo la katã” nye ŋu, eye aleke woaɖo biabia sia ŋui?
12 Gake nukae nya “nuwɔwɔ blibo la katã” fia? Ame aɖewo gblɔ be “nuwɔwɔ blibo katã” ku ɖe xexe bliboa, si me lãwo kple numiemiewo le la ŋu. Gake ɖe lãwo kple numiemiewo le mɔ kpɔm be yewoakpɔ “mawuviwo ƒe ŋutikɔekɔe ƒe ablɔɖe” la? Ao. (Petro II, 2:12) Ekema ameƒomea ŋu koe “nuwɔwɔ blibo la katã” ate ŋu aku ɖo. Esia nye nuwɔwɔ si ŋu nuvɔ̃ kple ku gblẽ nu le le aglã si wodze le Eden-bɔa me ta si wɔe be mɔkpɔkpɔ na agbexɔxɔ hiã vevie.—Romatɔwo 5:12.
13. Nukae do tso aglã si wodze le Eden me na ameƒomea?
13 Nuka tututue aglãdzedzea gblẽ le ameƒomea ŋu? Paulo zã nya ɖeka tsɔ ɖɔ emetsonu lae be: gbegblẽ.a Numekugbalẽ aɖe gblɔ be nya sia fia “gbegblẽ si nye alesi nane megawɔa dɔ abe alesi wowɔe be wòawɔ dɔe ene o.” Wowɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee, anɔ dɔ wɔm aduadu abe ƒome deblibo wɔɖeka si anɔ be lém na paradisonyigba la ene. Ðe ema teƒe la, wonɔa agbe kpui si me vevesese xɔ aƒe ɖo kple esi me dziɖeleameƒo nɔna zi geɖe. Abe alesi Hiob gblɔe ene la, “amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Gbegblẽe nyateƒe!
14, 15. (a) Dzɔdzɔenyenye ƒe kpeɖodzi kae míekpɔ le alesi Yehowa he toe na ameƒomea me? (b) Nukatae Paulo gblɔ be ‘menye nuwɔwɔ la ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu mee’ wobɔbɔe ɖe gbegblẽ te le o?
14 Fifia míeɖo biabia vevitɔa dzi: Nukatae “xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la” la bɔbɔ ameƒomea ɖe vevesese kple dziɖeleameƒo ƒe agbenɔnɔ sia te? (Mose I, 18:25) Ðe etɔ dzɔ be wòawɔ nu alea? Enyo, ɖo ŋku nusi mía dzila gbãtɔwo wɔ dzi. To woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu me la, wowɔ ɖeka kple Satana, amesi tɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye vevie la. Woto woƒe nuwɔna dzi da asi ɖe nya si wofɔ ɖe te la dzi be Yehowa manɔmee la, eme anyo na amegbetɔ wu eye wòanɔ eɖokui dzi ɖum to gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã aɖe ƒe mɔfiafia te. Le mɔ aɖe nu la, Yehowa nɔ mɔ ɖem le nusiwo wobia la ŋu na wo esime wònɔ afia tsom na wo. Eɖe mɔ na amegbetɔ be wòaɖu eɖokui dzi le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Nyametsotso kae aganɔ dzɔdzɔe wu le nɔnɔme sia me be woabɔbɔ ameƒomea ɖe gbegblẽ te hena mɔkpɔkpɔ?
15 Nyateƒee, esia menye nuwɔwɔ la “ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu” o. Wodzi mí abe nuvɔ̃ kple gbegblẽ ƒe kluviwo ene eye wɔna aɖeke mele mía ŋu le nyaa me o. Gake Yehowa tso eƒe nublanuikpɔkpɔ me ɖe mɔ na Adam kple Xawa be woanɔ woƒe agbenɔƒe mamlɛawo ahadzi viwo. Togbɔ be wobɔbɔ mí, amesiwo nye woƒe dzidzimeviwo ɖe nuvɔ̃ kple ku ƒe gbegblẽ te hã la, mɔnukpɔkpɔ le mía si be míawɔ nusi Adam kple Xawa mete ŋu wɔ o. Míate ŋu aɖo to Yehowa ahasrɔ̃ nu tso eŋu anya be eƒe dziɖulanyenyee nye dzɔdzɔetɔ kple esi de blibo, ke amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu Yehowa manɔmee ya hea vevesese, dziɖeleameƒo, kple gbegblẽ ɖeɖeko vɛ. (Yeremya 10:23; Nyaɖeɖefia 4:11) Eye ɖeko Satana ƒe nudede eme ganana wòsẽna ɖe edzi. Amegbetɔwo ƒe ŋutinyawo ɖo kpe nyateƒe nya siawo dzi.—Nyagblɔla 8:9.
16. (a) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be menye Yehowa gbɔe fukpekpe siwo teƒe míekpɔna egbea le xexeame la tso o? (b) Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa na nuteƒewɔlawo lɔlɔ̃tɔe?
16 Eme kɔ ƒã be susu nyuiwo tae Yehowa bɔbɔ ameƒomea ɖe gbegblẽ te ɖo. Gake ɖe esia fia be Yehowa gbɔe gbegblẽ kple fu si kpem mía dometɔ ɖesiaɖe le la tsoa? Bu ʋɔnudrɔ̃la aɖe si gblɔ nuvlowɔla aɖe ƒe tohehe si wòdze na la nɛ ŋu kpɔ. Fɔɖila la akpe fu geɖe ŋutɔ le eƒe tohehea xɔxɔ me, gake ɖe wòate ŋu abu fɔ ʋɔnudrɔ̃la la be eya gbɔe yeƒe fukpekpe la tso wòasɔa? Kura o! Gawu la, menye Yehowa gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso o. Yakobo 1:13 gblɔ be: “Womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” Mina míaɖo ŋku edzi hã be Yehowa drɔ̃ ʋɔnu wo “hena mɔkpɔkpɔ.” Etsɔ lɔlɔ̃ wɔ ɖoɖo na Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi wɔnuteƒewo be woakpɔ gbegblẽ ƒe nuwuwu teƒe eye woase vivi le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” Ameƒome wɔnuteƒewo magatsi dzi be nuwɔwɔ blibo la katã agava nyrɔ ɖe gbegblẽ si vena me akpɔ o tsɔ yi mavɔmavɔ me. Alesi Yehowa akpɔ nuwo gbɔ le mɔ dzɔdzɔe nu la aɖo kpe eƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze dzi tegbee.—Yesaya 25:8.
-