INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 2/15 axa 5-7
  • Ðe nuɖoɖiname kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu azɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe nuɖoɖiname kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu azɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu si Te Ŋu Gblɔa Etsɔ Me Ði
  • Mawu si Ate Ŋu Aɖɔ Nyawo Ðo
  • Nyagbɔgblɔɖi Menye Nuɖoɖoɖi O
  • Nuɖoɖiname Kple Mawu ƒe Lɔlɔ̃
  • Ðe Mawu ɖo dzɔgbese ɖi na mí xoxoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ðe Woɖo Ale Si Wò Agbe Ava Nɔ La Ði Do Ŋgɔa?
    Nyɔ!—2007
  • Ðe Woŋlɔ Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Yehowa, “Amesi Ðe Nuwuwu Fia Le Gɔmedzedzea Me Ke”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 2/15 axa 5-7

Ðe nuɖoɖiname kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu azɔa?

“MÍAÐE nuɖoɖiname gɔme be enye Mawu ƒe ɖoɖo mavɔ si dzi wòtona ɖoa nusi wòdi be yeawɔ kple ame ɖesiaɖe la ɖi. Elabena menye nɔnɔme ɖeka mee wòwɔ wo katã ɖo o, ke eɖo ame aɖewo ɖi hena agbe mavɔ eye ame bubuwo hena fɔbubu mavɔ.”

Nenemae Protestant Ðɔɖɔɖowɔla John Calvin ɖe eƒe nuɖoɖiname ŋuti nufiafia gɔme ɖe agbalẽ si nye Institutes of the Christian Religion mee. Wotu nufiafia sia ɖe nukpɔsusu sia dzi be Mawu nye nuwokatãnyala, eye be eƒe nuwɔwɔwo ƒe nuwɔna mate ŋu atɔ gbe eƒe tameɖoɖowo alo azi edzi wòawɔ tɔtrɔwo o.

Gake nusiae Biblia ɖe fia le Mawu ŋu nyateƒea? Gawu la, ɖe numeɖeɖe sia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nɔnɔmewo, vevietɔ eƒe nɔnɔme gbãtɔ​—lɔlɔ̃a?

Mawu si Te Ŋu Gblɔa Etsɔ Me Ði

Mawu te ŋu gblɔa nusi ava dzɔ ɖi. Eƒo nu tso eɖokui ŋu be “Amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.” (Yesaya 46:10) Le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, Mawu na woŋlɔ eƒe nyagblɔɖiwo ɖi tsɔ fia be yeate ŋu awɔ yeƒe nunyanya do ŋgɔ ŋudɔ atsɔ agblɔ nudzɔdzɔwo ɖi hafi woava dzɔ.

Eyata esi nyagblɔɖila Daniel ku drɔ̃e le Babilon-fia Belsazar ŋɔli le lã wɔadã eve siwo xɔ ɖe wo nɔewo teƒe ŋu la, Yehowa ɖe egɔme nɛ be: “Agbo dzoevee, si nèkpɔ la, enye Media kple Persia-fiawo. Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia.” (Daniel 8:20, 21) Edze ƒã be Mawu wɔ eƒe nunyanya do ŋgɔ ŋudɔ tsɔ ɖe xexemefiaɖuƒewo ƒe ŋusẽxɔxɔ ɖe wo nɔewo yome fia. Medo-Persia axɔ ɖe Babilon-fiaɖuƒe si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi teƒe, emegbe Greece ava.

Nyagblɔɖiwo ate ŋu aku ɖe ame ɖeka ŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Mixa gblɔ be woadzi Mesia la le Betlexem. (Mixa 5:1) Mawu gawɔ eƒe nunyanya do ŋgɔ ŋudɔ le afisia hã. Gake tameɖoɖo tɔxɛ aɖe tae woɖe gbeƒã nudzɔdzɔ sia—be wòade dzesi Mesia la. Esia meda asi ɖe nuɖoɖiname ƒe nufiafia si ku ɖe amesiame ŋu dzi be esɔ o.

Ke boŋ Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be nanewo li siwo Mawu ŋutɔ medina be yeanya nusi ado tso eme do ŋgɔ o. Do ŋgɔ teti hafi woatsrɔ̃ Sodom kple Gomora la, egblɔ be: “Maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.” (Mose I, 18:21) Mawunyakpukpui sia ɖee fia mí kɔte be Mawu menya alesi nɔnɔmeawo gblẽ kui le du mawo me do ŋgɔ hafi va ku nyawo me kpɔ o.

Nyateƒee, Mawu ate ŋu akpɔ nudzɔdzɔ aɖewo ado ŋgɔ, gake le go geɖe me la, etiae be yemawɔ yeƒe nunyanya do ŋgɔ ŋudɔ o. Esi Mawu nye ŋusẽkatãtɔ ta la, ekpɔ mɔ awɔ eƒe ŋutetewo ŋudɔ alesi wòlɔ̃, ke menye le amegbetɔ madeblibowo ƒe didi nu o.

Mawu si Ate Ŋu Aɖɔ Nyawo Ðo

Abe alesi Calvin gblɔ ene la, ame aɖewo gblɔna be Mawu ɖo amegbetɔ ƒe nuvɔ̃medzedze ɖi hafi wòwɔ ame, eye be eɖo ‘ame tiatiawo’ ɖi hafi amegbetɔ dze nuvɔ̃ me. Gake ne esia nye nyateƒe la, ɖe manye aʋatsokaka le Mawu gome be wòatsɔ agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔa aɖo Adam kple Xawa ŋkume, esi wònyae nyuie be mate ŋu asu wo si oa? Hekpe ɖe eŋu la, Ŋɔŋlɔawo megbe le afi aɖeke be wometsɔ tiatiawɔwɔ ɖo ame eve gbãtɔwo ŋkume o: be woazɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi anɔ agbe tegbee loo, alo woagbe ahaku.—Mose I, ta 2.

Gake ɖe Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃wɔwɔ gblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo mea? Gbeɖe, elabena esi wowɔ nuvɔ̃ megbe teti la, Mawu gblɔ be yeana “dzidzimevi” aɖe nado ava tsrɔ̃ Satana kple eƒe dɔtsɔlawo eye be yeagaɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi. Alesi ko nu dzodzoe ʋee aɖewo mate ŋu axe mɔ na agbledela be maŋe nuku geɖe o la, nenema ke Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖo maxe mɔ na Mawu be mawɔ anyigba la wòazu paradiso o.—Mose I, ta 3.

Mawu ɖee fia emegbe be yeaɖo Fiaɖuƒedziɖuɖu aɖe atsɔ ade Fia Dawid ƒe dzidzimevi aɖe si eye be ame bubuwo akpe ɖe eŋu le Fiaɖuƒe sia me. Woyɔ ame bubu siawo be “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo.”—Daniel 7:18; Samuel II, 7:12; Kronika I, 17:11.a

Nyagbɔgblɔɖi Menye Nuɖoɖoɖi O

Nyateƒe si wònye be Mawu metiae be yeanya afɔ si amegbetɔwo aɖe o la mexe mɔ nɛ be mate ŋu agblɔ amegbetɔ ƒe nyui kple vɔ̃ wɔwɔ me tsonuwo ɖi o. Womate ŋu abu fɔ ʋudzraɖola si xlɔ̃ nu ʋukula le eƒe ʋu ƒe manyomanyo ŋu alo atsɔ nya ɖe eŋu be eyae ɖoe be afɔku aɖe nadzɔ o. Nenema ke womate ŋu ahe nya ɖe Mawu ŋu be eyae ɖo amewo ƒe nuwɔnawo me tsonu wɔnublanuiwo ɖi o.

Alea pɛ wònɔ le ame eve gbãtɔ ƒe dzidzimeviwo gome. Hafi Kain nawu nɔvia la, Yehowa tsɔ nu eve ɖo Kain ŋkume. Ðe wòaɖu nuvɔ̃ dzia, alo ɖe nuvɔ̃ aɖu edzia? Naneke mefia le nuŋlɔɖia me be Yehowa ɖoe ɖi be Kain nawɔ tiatia gbegblẽtɔ awu nɔvia o.—Mose I, 4:3-7.

Emegbe Mose ƒe Sea xlɔ̃ nu Israel-viwo le nusi adzɔ ne wotrɔ le Yehowa yome ŋu, le kpɔɖeŋu me, ne woɖe srɔ̃ tso trɔ̃subɔladukɔwo me. Nya si wogblɔ ɖi va eme hã. Esia dze le Fia Salomo si dzi eƒe dutasrɔ̃wo kpɔ ŋusẽ ɖo le eƒe ƒe mamleawo me wòsubɔ trɔ̃ la ƒe kpɔɖeŋu me. (Fiawo I, 11:7, 8) Ẽ, Mawu xlɔ̃ nu eƒe amewo, gake meɖo alesi wo dometɔ ɖesiaɖe awɔ nui ɖi o.

Wode dzi ƒo na Kristotɔ siwo woɖo, alo ame tiatiawo, be woaku kutri ne womedi be teƒeɖoɖo si ŋugbe wodo na wo be woaɖu dzi kple Kristo le dziƒo nage le wo si o. (Petro II, 1:10; Nyaɖeɖefia 2:5, 10, 16; 3:11) Abe alesi tsã mawunyaŋununyala aɖewo bia ene la, Nukatae ŋkuɖodzinya mawo hiã ne ame tiatiawo ƒe yɔyɔ nye esi womagatrɔ o?

Nuɖoɖiname Kple Mawu ƒe Lɔlɔ̃

Wona tiatiawɔblɔɖe amegbetɔ, elabena “Mawu ƒe nɔnɔme” nue wowɔe ɖo. (Mose I, 1:27) Tiatiawɔblɔɖe le vevie ŋutɔ ne amegbetɔwo ade bubu Mawu ŋu ahasubɔe le lɔlɔ̃ me, menye abe robot siwo ƒe zɔzɔme ɖesiaɖe woɖo ɖi do ŋgɔ ene o. Amegbetɔ nyanu siwo si ablɔɖe le ƒe lɔlɔ̃ si woaɖe fia ana Mawu naɖo alakpanutsotsowo ŋu. Egblɔ be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.”—Lododowo 27:11.

Ne woɖo Mawu subɔlawo ɖi—alo woɖo woƒe nɔnɔme ɖi—la, ɖe womatɔ gbe woƒe lɔlɔ̃ na wo Wɔla la ƒe nuvãnyenye oa? Azɔ hã ɖe matsi tre ɖe Mawu ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ŋu be wòaɖo ame aɖewo ɖi koŋ be woayi ŋutikɔkɔe kple dzidzɔkpɔkpɔ me woƒe nuwɔnawo ŋu mabumabui oa? Hekpe ɖe eŋu la, ne wowɔ nu ɖe ame aɖewo ŋu nyuie alea, esi woɖo ame bubuwo ya ɖi na tohehe mavɔ la, esia mana ŋudzedzekpɔkpɔ vavãtɔ nanɔ “amesiwo woɖo” alo “ame tiatiawo” me o.—Mose I, 1:27; Hiob 1:8; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Mlɔeba la, Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã nyanyuia na ameƒomea katã. Ne Mawu tia amesiwo ta wòakpɔ ɖi xoxo la, ɖe esia mana Kristotɔwo ƒe dzonɔameme ɖe gbeƒãɖeɖe ŋu nu nafa oa? Ðe mana gbeƒãɖeɖedɔa nazu dɔ gbɔlo oa?

Mawu ƒe lɔlɔ̃ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe ye nye ameʋãnu gãtɔ si ana amewo hã nalɔ̃e. Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia gãtɔe nye esi wòtsɔ Via sa vɔ ɖe nuvɔ̃me madeblibowo ta. Mawu ƒe nunyanya do ŋgɔ le Via ŋu nye nya tɔxɛ, gake ena kakaɖedzi mí be nuwogbugbɔɖɔɖo ƒe ŋugbedodo siwo nɔ te ɖe Yesu dzi la ava eme. Eyata mina míaxɔ Vi ma dzi ase eye míate ɖe Mawu ŋu. Mina míawɔ ɖe Mawu ƒe amekpekpe be míava nɔ ƒomedodo nyui me kple mía Wɔla la dzi atsɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia. Egbea Mawu tsɔ amekpekpe sia le amesiwo katã di be yewoawɔ yewoƒe tiatiawɔblɔɖe ŋudɔ ahaɖe yewoƒe lɔlɔ̃ afiae la ŋkume ɖom.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Esi Yesu gblɔ be wodzra Fiaɖuƒe la ɖo ɖi “tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la,” (Mateo 25:34) ɣeyiɣi aɖe le nuvɔ̃ gbãtɔ megbee wòwɔnɛ. Luka 11:50, 51 gblɔ be “xexeme ƒe gɔmedzedze,” alo ameƒome si woaɖe to tafea dzi ƒe gɔmedzedze vaseɖe Habel ŋɔli.

[Aɖaka si le axa 7]

WOÐO WO ÐI ABE ƑUƑOƑO ENE

“Amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome. Ke amesiwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ke amesiwo wòyɔ la, woawo ke hã wòtso afia na; ke amesiwo wòtso afia na la, woawo ke hã ŋuti wòkɔ.” (Romatɔwo 8:29, 30) Aleke wòle be míase nya si nye “wòɖo ɖi” si Paulo zã le kpukpui siawo me la gɔmee?

Susu si Paulo ɖe gblɔ le afisia menye nyaʋiʋli si da asi ɖe amewo ƒe nuɖoɖiname ŋu nya la dzi o. Le míaƒe ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze me la, Dictionnaire de théologie catholique ɖe Paulo ƒe nyawo (Romatɔwo, ta 9-11) me ale: “Katoliko-nunyalagã siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi ƒe susue nye be womeŋlɔ nuɖoɖiname yi ɖe agbe mavɔ me ŋuti nufiafia la ŋutɔŋutɔ ɖi o.” Numekugbalẽ ma ke yɔ M. Lagrange ƒe nyawo hegblɔ be: “Menye nuɖoɖiname kple fɔbubu ame na tsɔtsrɔ̃ ye Paulo wɔnɛ o, ke Trɔ̃subɔlawo kpekpe va Kristotɔnyenye me si womedze na hafi o ye wòwɔnɛ, eye nusi to vovo nɛ ye nye Yudatɔwo ƒe dzimaxɔse. . . . Menye ame tiatia ɖekaɖekawo ŋu wòku ɖo tẽ o ke boŋ eku ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒowo, Trɔ̃subɔlawo, kple Yudatɔwo ŋu.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.

Nyitsɔ laa la, The Jerusalem Bible hã ƒo nya ta nenema ke le ta siawo (9-11) ŋu, be: “Eyata menye amewo ƒe nuɖoɖiname yi ŋutikɔkɔe, alo va xɔse gɔ̃ hã me ŋue ta siawo ƒe nyati veviwo ku ɖo o, ke eku ɖe akpa si Israel-viwo wɔ le amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋutinya me si nye nya si ɖeka ko N[ubabla] X[oxoa] me nyawo fɔ ɖe te.”

Romatɔwo ta 8 ƒe kpukpui mamleawo ku ɖe nya mawo ke siwo ƒo xlãe ŋu. Eyata kpukpui siawo ate ŋu aɖo ŋku edzi na mí wòasɔ be Mawu kpɔ amewo ƒe hatsotso alo ƒuƒoƒo siwo woayɔ tso ameƒomea dome be woaɖu dzi kple Kristo kple nusiwo woadi tso wo si la do ŋgɔ—ewɔ esia eye meɖo ame siwo wòatia la ɖi do ŋgɔ o, elabena ema atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe