INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 15
    • 17. Nu ka tae nu si Yehowa wɔ la “mele dzɔdzɔme nu o”?

      17 Yehowa wɔ nane si ame geɖe manɔ mɔ kpɔm na kura o. Paulo ɖɔ nu si wòwɔ be enye “nu si mele dzɔdzɔme nu o.” (Rom. 11:24) Nu ka tae? Nya lae nye be, adze nu si mebɔ o, eye adze kura gɔ̃ hã be mele dzɔdzɔme nu be woalã atilɔ tso gbemiti aɖe dzi ava do ɖe abɔmemiti aɖe me o; ke hã nu sia ye agbledela aɖewo wɔna le ƒe alafa gbãtɔ me.b Le mɔ ma ke nu la, Yehowa wɔ nane si amewo menɔ mɔ kpɔm na o. Le Yudatɔwo ƒe susu nu la, Dukɔwo me tɔwo mate ŋu atse ku si ƒomevi dim wole o. Ke hã Yehowa na ame siawo tututu zu “dukɔ” si tsea Fiaɖuƒea ƒe ku la me tɔwo. (Mat. 21:43) Tso amisisi na Kornelio—Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ si trɔ dzi me—le ƒe 36 M.Ŋ. me dzi la, woʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo nye aʋamatsomatsotɔwo, be woado wo ɖe kpɔɖeŋu ƒe amiti sia me.—Dɔw. 10:44-48.c

      18. Mɔnukpɔkpɔ kae wogana dzɔdzɔme Yudatɔwo le ƒe 36 M.Ŋ. megbe?

      18 Ðe esia fia be esi ƒe 36 M.Ŋ. va yi ko la, womagana mɔnukpɔkpɔ aɖeke dzɔdzɔme Yudatɔwo be woazu Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe oa? Ao. Paulo ɖe eme be: “[Wo, dzɔdzɔme Yudatɔwo] hã, ne womeyi edzi le woƒe dzimaxɔse la me o la, woatsɔ wo ado ɖe edzi; elabena Mawu agate ŋu atsɔ wo ado ɖe edzi ake. Elabena ne wolã wò tso amiti si nye gbemetɔ tso dzɔdzɔme la ŋu, eye wowɔ nu si mele dzɔdzɔme nu o, be wotsɔ wò do ɖe amiti si le abɔ me dzi la, ekema ɖe womatsɔ esiawo, siwo nye dzɔdzɔmetɔ la, ado ɖe woawo ŋutɔwo ƒe amiti la dzi geɖe wu oa?”d—Rom. 11:23, 24.

  • ‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’
    Gbetakpɔxɔ—2011 | May 15
    • d Helagbe me nyakui aɖe, si do ŋgɔ na ŋkɔnya amiti, si gɔme woɖe be “abɔ” le Romatɔwo 11:24 la tso nya aɖe si fia “nyui, nyuitɔ,” alo “nu si ŋu wotrɔ asi le nyuie na taɖodzinu aɖe” me. Wozãnɛ, vevietɔ le nu siwo wɔa dɔ si ta wowɔ wo ɖo la gome.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe