-
Aleke Míate Ŋu Asubɔ Mawu Wòadze Eŋu?Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
2. Aleke wòle be míasubɔ Yehowa Mawui?
Esi wònye be Yehowae nye mía Wɔla ta la, eya ɖeka koe wòle be míasubɔ. (Nyaɖeɖefia 4:11) Esia fia be, mele be míazã legba alo nɔnɔmewɔwɔ aɖeke le mía Wɔlaa subɔsubɔ me o, ke boŋ, ele be míalɔ̃e, eye míasubɔ eya ɖeka ko.—Xlẽ Yesaya 42:8.
Ele be míaƒe mawusubɔsubɔ nanɔ ‘kɔkɔe, eye wòadze Yehowa ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) Esia fia be, ele be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo lɔ̃ Yehowa la lɔ̃ eƒe sedede siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu eye wowɔa wo dzi. Eye woƒoa asa na nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu, abe sigaretnono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo aha tsu nono ene.a
-
-
De Asixɔxɔ Mawu Ƒe Nunana Si Nye Agbe ŊuKpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
3. Wɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me
Esi Kristotɔwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ta la, wozãa woƒe agbe, alo woƒe ameti bliboa tsɔ subɔnɛ. Ðeko wòle abe ɖe wotsɔ woƒe ŋutilãwo na wònye vɔsa na Mawu ene. Mixlẽ Romatɔwo 12:1, 2, eye miadzro nyabiase siawo me:
Nu kae wòle be wòaʋã wò be nàlé be na ɖokuiwò ale be nànɔ lãmesẽ me?
Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nànɔ lãmesẽ me?
-