-
Amekae Kpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Tamesusu Dzi?Gbetakpɔxɔ—1999 | April 1
-
-
Eyata Paulo ɖe kuku na ehati Kristotɔwo be ‘woagana woƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o.’ (Romatɔwo 12:2) Biblia-gɔmeɖela aɖe gbugbɔ Paulo ƒe nyaawo gblɔ le mɔ bubu nu be: “Migana xexe si me miele natrɔ mi ɖe eƒe nɔnɔme ŋu o.” (Romatɔwo 12:2, Phillips) Satana ato mɔ sia mɔ nu ate kpɔ be yeatrɔ wò ɖe eƒe nɔnɔme ŋu, abe alesi blema zemela trɔa asi le tsu ŋu be dzesidenuwo kple nɔnɔme siwo dim wòle naɖe ɖe eŋu ene. Satana trɔ asi le xexeame dunyahehe, asitsatsa, mawusubɔsubɔ, kple modzakaɖeɖe ŋu be yeatsɔ awɔ esiae. Aleke gbegbee eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi keke tae? Ekaka ɖe afisiafi abe alesi wònɔ le apostolo Yohanes ƒe ŋkekea me ene. Yohanes gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19; kpɔ Korintotɔwo II, 4:4 hã.) Ne mèka ɖe edzi be ŋutete le Satana si wòtsɔ blea amewo hegblẽa woƒe tamesusu o la, ke ɖo ŋku alesi wòble dukɔ blibo, si nye Israel-dukɔa, amesiwo ɖe adzɔgbe na Mawu la dzi. (Korintotɔwo I, 10:6-12) Ðe nu ma ke ate ŋu adzɔ ɖe dziwòa? Ate ŋu adzɔ ne mèle ŋudzɔ le susu me ɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi fluamea ŋu o.
-
-
Amekae Kpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Tamesusu Dzi?Gbetakpɔxɔ—1999 | April 1
-
-
Wò ŋutɔe awɔ tiatia. Àte ŋu atiae be yeana yeƒe “anyinɔnɔ naɖi xexe sia me” tɔ ahana xexe sia me nunya kple nusi ŋu wodea asixɔxɔe naɖu wò tamesusu dzi. (Romatɔwo 12:2) Gake xexe sia metsɔ ɖeke le wò nyonyo me o. Eyata apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o.” (Kolosetɔwo 2:8) Mesesẽ kura be Satana natrɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme ŋu, alo ‘wòakplɔ mí ayi aboyo me’ o. Ðeko wòle abe dzudzɔ si wotu ɖe yame ene. Ya ƒoɖi la gbɔgbɔ ko ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò.
-