-
“Mixɔ Dzo Le Gbɔgbɔ La Me”Gbetakpɔxɔ—2009 | October 15
-
-
9. Nu ka tae Paulo tsɔ Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la sɔ kple ŋutilã ƒe ŋutinuwo?
9 Mixlẽ Romatɔwo 12:4, 5, 9, 10. Paulo tsɔ Kristotɔ amesiaminawo sɔ kple ŋutilã ƒe ŋutinu siwo le subɔsubɔm le ɖekawɔwɔ me le woƒe Ta, Kristo, te. (Kol. 1:18) Eɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la be ŋutinu geɖe siwo wɔa dɔ vovovowoe le ŋutilã ŋu, eye be ‘togbɔ be wosɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae wonye le Kristo me.’ Nenema kee Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Efeso la be: “Mina míato lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me le Kristo, si nye ta la te. Eya gbɔe wòtso be wokpe ŋutilã blibo la katã pɛpɛpɛ, eye eƒe kpeƒekpeƒe siwo naa nu si hiã le eƒe ŋutinu ɖe sia ɖe ƒe dɔ si wonae be wòawɔ la nu, na wòle dɔ wɔm ɖekae, hekpea asi ɖe ŋutilã la ƒe tsitsi ŋu, hena eɖokui tutu le lɔlɔ̃ me.”—Ef. 4:15, 16.
-
-
“Mixɔ Dzo Le Gbɔgbɔ La Me”Gbetakpɔxɔ—2009 | October 15
-
-
11. Nu ka dzie míaƒe ɖekawɔwɔa nɔ te ɖo, eye aɖaŋu kae Paulo ɖo?
11 Lɔlɔ̃, si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo” la dzie ɖekawɔwɔ ma nɔ te ɖo. (Kol. 3:14) Le Romatɔwo ta 12 lia me la, Paulo te gbe ɖe edzi be, mele be ‘alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ míaƒe lɔlɔ̃ la me o,’ eye ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie abe dadaviwo ene.’ Esia nana míedea bubu mía nɔewo ŋu. Apostoloa gblɔ be: “Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” Gake lɔlɔ̃ sia menye lɔlɔ̃ si ŋea aɖaba ƒua nu gbegblẽ wɔwɔwo dzi o. Ehiã be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpɔ hamea ƒe dzadzɛnyenye ta. Esi Paulo nɔ aɖaŋua ɖom tso lɔlɔ̃ ŋu la, egblɔ kpee be: “Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi, milé ɖe nu si nyo la ŋu.”
-