-
“Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | July
-
-
14. Nya kawoe míate ŋu agblɔ atsɔ afa akɔ na ame siwo le nu xam?
14 Eme kɔ ƒãa be, esesẽna be míanya nya si míagblɔ na ame si ƒe dzi gbã gudugudu le nuxaxa ta. Ke hã, Biblia gblɔ be “nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lod. 12:18) Ame geɖe kpɔ akɔfanya siwo woagblɔ la le agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku me.c Gake zi geɖe la, eɖea vi ŋutɔ nenye be ‘èfa avi kple ame siwo le avi fam.’ (Rom. 12:15) Gaby, si srɔ̃ŋutsu ku la, gblɔ be: “Aɖatsiwo koe ɖea nye seselelãmewo fiana. Esia tae mekpɔa akɔfafa ne xɔ̃nyewo fa avi kplim. Ne wofa avi kplim la, mekpɔnɛ be menye nye ɖeka koe le afi aɖe le nu xam o.”
-
-
“Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | July
-
-
20. Nu ka tae Yehowa ƒe ŋugbedodowo faa akɔ na mí geɖe ŋutɔ?
20 Efaa akɔ na mí be eteƒe madidi o, Yehowa, akɔfafawo katã ƒe Mawu la, aɖe nuxaxa ɖe sia ɖe ɖa ahana akɔfafa mavɔ mí esime “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Kristo ƒe] gbe, eye woado go”! (Yoh. 5:28, 29) Mawu do ŋugbe be yeaɖe “ku ɖa tegbee, eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yes. 25:8, etenuŋɔŋlɔ) Ɣemaɣi la, le esi teƒe be “[míafa] avi kple ame siwo le avi fam” la, anyigbadzinɔlawo katã “[akpɔ] dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm” boŋ.—Rom. 12:15.
-