INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 1 axa 6-7
  • Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ana Míanɔ Ŋutifafa Me Kple Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ana Míanɔ Ŋutifafa Me Kple Amewo
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsɔ Ke Faa
  • Bɔbɔ Ðokuiwò Eye Nàde Bubu Amewo Ŋu
  • Mègakpɔ Ame Ŋkume O
  • Fa Tu
  • Nyo Dɔme Eye Nàkpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu
  • Ame Siwo Nyoa Dɔme La Kpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Na Nu Amewo
    Nyɔ!—2025
  • ‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Faa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 1 axa 6-7
Ƒome aɖe kpe ƒome bubu va woƒe aƒe me be woava ɖu nu kple yewo.

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ana Míanɔ Ŋutifafa Me Kple Amewo

Mía Wɔlaa fia mí nu siwo míawɔ be míate ŋu anɔ ŋutifafa me kple amewo le aƒe me, dɔ me, alo le mía xɔlɔ̃wo dome. Aɖaŋu nyui siwo wòɖoa dzi wɔwɔ ɖe vi na ame geɖe; kpɔ wo dometɔ aɖewo ɖa.

Tsɔ Ke Faa

“Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.”—KOLOSETƆWO 3:13.

Mí katã míedaa vo. Ate ŋu adzɔ be míadze agɔ le amewo dzi, alo be woadze agɔ le mía dzi. Aleke kee wòɖale o, ehiã be míatsɔe ake alo be woatsɔ ake mí. Ne míetsɔ ke vavã, ke mímalé ame si dze agɔ le mía dzia ɖe dɔ me o. Mímaɖo “vɔ̃ vɔ̃ teƒe” na amea o, eye mímanɔ ŋku ɖom nu si wòwɔ ɖe mía ŋua dzi nɛ edziedzi o. (Romatɔwo 12:17) Gake ne nu si amea wɔ ve mí ale gbegbe be mímate ŋu adzudzɔ eŋu bubu oa, nu kae míate ŋu awɔ? Anyo be míayi amea gbɔ aƒo nu tso nyaa ŋu le bubumɔ nu le mía kplii ɖeɖe ko dome. Ŋutifafae míedi be míavae wɔ, ke menye be míavae ɖee fia be mía tɔ dzɔ o.—Romatɔwo 12:18.

Bɔbɔ Ðokuiwò Eye Nàde Bubu Amewo Ŋu

“Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”—FILIPITƆWO 2:3.

Ne míebɔbɔa mía ɖokui eye míedea bubu amewo ŋua, mía gbɔ nɔnɔ adzɔ dzi na wo. Wonya be míawɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie eye mímaɖoe koŋ awɔ nu wòave yewo o. Gake ne míebunɛ be míenyo wu ame bubuwo alo tea tɔ ɖe míaƒe susuwo dzia, esia ahe masɔmasɔ kple mama vɛ. Amewo malɔ̃ ate ɖe mía ŋu o, eye xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo koe anɔ mía si, ne ɖe anɔ anyi gɔ̃ hãe ma.

Mègakpɔ Ame Ŋkume O

“Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—DƆWƆWƆWO 10:34, 35.

Mía Wɔlaa mebua ame aɖewo be wonyo wu ame bubuwo le dukɔ si me wotso, gbe si wodona, ɖoƒe si wole alo ŋutigbalẽ ƒe amadede si le wo ŋu ta o. Ena “dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me.” (Dɔwɔwɔwo 17:26) Esia fia be nɔviwoe amegbetɔwo katã nye. Ne míedea bubu ame sia ame ŋu eye míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuiea, dzi adzɔ wo, gake dzi adzɔ mía ŋutɔwo geɖe wu, eye esia dzea mía Wɔlaa ŋu.

Fa Tu

“Mido. . . tufafa.”—KOLOSETƆWO 3:12.

Ne míefa tua, míenana amewo ƒe dzi dzea eme. Anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo dze kpli mí alo be woaɖɔ mí ɖo gɔ̃ hã, elabe wonya be míefa. Ne ame aɖe do dziku ɖe mía ŋua, ale si míaɖo nya ŋu nɛ tufafatɔea ana eƒe dzi nafa. Lododowo 15:1 gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.”

Nyo Dɔme Eye Nàkpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu

“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—DƆWƆWƆWO 20:35.

Egbea, ame geɖe klẽa ŋu eye wo ɖokui tɔ ko wodina. Gake ame siwo nyoa dɔmea kpɔa dzidzɔ vavãtɔ. (Luka 6:38) Wokpɔa dzidzɔ elabe wolɔ̃a amewo wu nunɔamesiwo. Lɔlɔ̃ ma kee ʋãa wo wokpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu eye wodaa akpe ne amewo nyo dɔme na wo. (Kolosetɔwo 3:15) Bia ɖokuiwò be, ‘Ame kae malɔ̃ ade ha kple—ame si kua ŋɔ eye medaa akpe o, alo ame si nyoa dɔme eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?’ Nu kae esia fia mí? Nye ame si nèdi be amewo nanye.—Mateo 7:12.

Nyemegabunɛ Be Menyo Wu Ame Bubuwo O

“Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: ‘Miwɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si miewɔnɛ ɖe mia ɖokuiwo ŋu ene . . . Migabu mia ɖokuiwo nunyalawoe o.’” (Romatɔwo 12:16) “Mɔfiame sia kpe ɖe ŋunye be nyemegadana alo bua ɖokuinye be menyo wu ame bubuwo o. Nyemegakpɔnɛ be to si me metsoa nyo wu bubuawo o, eye nyemegabua subɔsubɔha bubu me tɔwo be womele ɖeke me o. Fifia, mete ŋu dzea xɔ̃ amewo bɔbɔe eye medoa gbe na ame sia ame faa.”—Asha.

Asha.

Srɔ̃ nu geɖe kpee:

Ne èdi aɖaŋuɖoɖo nyui bubu siwo ana wò kple amewo dome nanɔ nyuie wua, ʋu jw.org eye nàyi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > ŊUTIFAFA KPLE DZIDZƆKPƆKPƆ > ƑOMEDODOWO.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe