Wowɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu
Nyɔnu Nyanu aɖe Ƒo Asa na Afɔku
NYƆNU nyanu aɖe ɖe ŋutsu movitɔ aɖe—nenemae nye Abigail kple Nabal ƒe nya la. Abigail ƒe “tagbɔ kɔ, eye wòdze tugbe.” Nabal ya nye ‘ŋlɔmitɔ, hevɔ̃ɖi.’ (Samuel I, 25:3) Nudzɔdzɔ si ku ɖe srɔ̃tɔ eve siawo siwo ƒe nɔnɔmewo to vovo ŋu la wɔe be woƒe ŋkɔwo tsi Biblia ƒe ŋutinya me. Mina míakpɔ alesi wòdzɔe ɖa.
Nyuiwɔwɔ aɖe si Ŋu Womekpɔ Ŋudzedze Ðo O
Ƒe alafa 11 D.M.Ŋ. mee. Wosi ami na Dawid ɣemaɣi be wòava zu Israel-fia gake le esi teƒe be wòaɖu fia la, ɖe wònɔ sisim boŋ. Saul si nye fia nɔ dzi ɖum la ɖoe kplikpaa be yeawui. Nusia zi Dawid dzi wòzu sisila. Eya kple eƒe xɔlɔ̃ siwo anɔ 600 va kpɔ sitsoƒe le Paran-gbedzi le Yuda ƒe anyiehe gome ɖo ta Sinai-gbedzi lɔƒo.—Samuel I, 23:13; 25:1.
Esi wonɔ afima la, wodo go alẽkplɔla siwo nye ŋutsu aɖe si woyɔna be Nabal ƒe dɔwɔlawo. Alẽ 3,000 kple gbɔ̃ 1,000 nɔ Kaleb ƒe dzidzimevi kesinɔtɔ sia si, eye Karmel-du si nɔ Hebron ƒe anyiehekpa dzi si didi tso Paran gbɔ kilometa 40 ko mee wònɔ fu kom na eƒe alẽawo le.a Dawid kple eƒe amewo kpe ɖe Nabal ƒe alẽkplɔlawo ŋu wokpɔ woƒe alẽawo ta tso fiafitɔ siwo nɔ tsatsam le gbeadzi la si me.—Samuel I, 25:14-16.
Ɣemaɣie wodze fukoko na alẽwo gɔme le Karmel. Nuɖukplɔ̃ɖoɣi wònye, abe alesi wònɔna na agbledelawo le woƒe nuŋeɣi ene. Eganye dɔmenyowɔɣi hã, ɣeyiɣi si me amesiwo si alẽwo nɔ naa nu woƒe dɔwɔlawo. Eyata menye dadae na Dawid dɔ ŋutsu ewo ɖe Karmel-dua me be woaɖabia Nabal wòana nuɖuɖu wo ɖe alesi wokpɔ eƒe alẽawo ta la ta o.—Samuel I, 25:4-9.
Gake Nabal mewɔ nu dɔmenyotɔe kura o. Egblɔ vlodoametɔe be: “Amekae nye Dawid?” Eye ebia be, “Ðe matsɔ nye nuɖuɖu kple nunono kpakple lã, si mewu na nye fukolawo la, na amesiwo nyemenya afisi wotso oa?” tsɔ fia be Dawid kple eƒe amewo wonye subɔvi siwo si. Esi Dawid se nya sia la, egblɔ na eƒe amewo be: “Mia dome amesiame neta yi!” Ŋutsu siwo ade 400 ye dzra ɖo ɖe aʋa ŋu.—Samuel I, 25:10-13.
Abigail ƒe Nunyanuwɔwɔ
Abigail va se srɔ̃a Nabal ƒe vlodoamenyawo. Ðewohĩ menye zi gbãtɔe nye esia si wòle kuku ɖem ɖe Nabal ta tsɔ di ŋutifafa nɛ o. Aleke ke wònɔ hã la, Abigail ɖe afɔ aɖe enumake. Eƒo nuwo nu ƒu—alẽ atɔ̃ kple nuɖuɖu gbogbo aɖewo—eye wòyi ɖakpe Dawid le gbeadzi emagblɔmagblɔ na Nabal.—Samuel I, 25:18-20.
Esi Abigail kpɔ Dawid la, ewɔ kaba de ta agu hebɔbɔ ɖe eŋku me. Eɖe kuku nɛ be: “Nye aƒetɔ megaɖii na Nabal, ŋutsu vɔ̃ɖi sia o. . . . Azɔ la xɔ nusiwo wò dɔlanyɔnu tsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na ɖekakpui, siwo kplɔ nye aƒetɔ ɖo la!” Egblɔ kpee be: “Nusia [nudzɔdzɔ si ku ɖe Nabal ŋu] maganɔ mɔ me na wò, nye aƒetɔ, eye wòaɖu dzi na wò, be wò, nye aƒetɔ, nèkɔ ʋu maɖifɔ ɖi, eye nèxɔ na ɖokuiwò o!” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “aɖu dzi” la fia dzitsinya ƒe fuɖeɖename. Eyata Abigail xlɔ̃ nu Dawid be wòagatsɔ dzitsitsi awɔ nane si ava vee emegbe o.—Samuel I, 25:23-31.
Dawid ɖo to Abigail. Eye egblɔ nɛ be: “Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, amesi xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe, eye nyematsɔ nye asi axɔ na ɖokuinye o! . . . Ðe menye ɖe nèɖe abla va kpem o la, anye ne [amesi ɖɔa aɖuɖɔ ɖe gli ŋu aɖeke, NW] makpɔtɔ na Nabal, hafi ŋu nake o.”b—Samuel I, 25:32-34.
Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí
Biblia me ŋutinya sia fia be megblẽ be nyɔnu mawuvɔ̃la naxɔ ŋgɔ aɖe afɔ si sɔ ne ehiã o. Abigail ɖe afɔ aɖe si tsi tre ɖe srɔ̃ Nabal ƒe didiwo ŋu gake Biblia meɖe vodada nɛ o. Ke boŋ egblɔ be eƒe tagbɔ kɔ eye wònye nunyala. Esi Abigail xɔ ŋgɔ le nɔnɔme sesẽ sia me ta la, eɖe ame geɖewo ƒe agbe.
Togbɔ be ele be srɔ̃nyɔnu naɖe mawumeɖokuibɔbɔ afia hã la, ate ŋu agbe srɔ̃a ƒe nyawo wòasɔ ne woku ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzidada ŋu. Le nyateƒe me la, ele be wòadze agbagba anye amesi ƒe ‘gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo’ eye wòagawɔ nu ɖokuisinɔnɔtɔe ko atsɔ aɖia ame nu dadatɔe, loo alo atsi tre ɖe srɔ̃a ŋu o. (Petro I, 3:4) Ke hã la, mele be srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃la nase le eɖokui me be wozi ye dzi be yenewɔ nusi wònya be nunya mele eme kura o loo alo nye Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzidada o. Le nyateƒe me la, Abigail ŋutinya la na mí gɔmeɖokpe sesẽ si dzi míanɔ te ɖo aʋli nya kple amesiwo tea tɔ ɖe edzi be Biblia fia be kluviwo koe nyɔnuwo nye la.
Ŋutinya sia hã fia mí ɖokuidziɖuɖu. Ɣeaɖewoɣi la, Dawid ɖea nɔnɔme sia fiana bliboe. Le kpɔɖeŋu me, Dawid gbe be yemawu Fia Saul si nye hlɔ̃biala la o, togbɔ be mɔnukpɔkpɔ geɖe su esi be wòawui, eye Saul ƒe ku ahe ŋutifafa vɛ na Dawid hafi. (Samuel I, 24:2-7) Gake esi Nabal dzu Dawid vlodoametɔe la, eɖe ŋu ɖi, eye wòka atam be yeaɖo eteƒe nɛ kple vɔ̃. Esia nye nuxlɔ̃me nyui aɖe na Kristotɔwo, amesiwo dzea agbagba be, ‘yewoagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.’ Le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, ele be woadze agbagba awɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃mea dzi be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ.”—Romatɔwo 12:17-19.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wosusui be Paran-gbedzi keke va ɖo Beer-Seba le dzigbe gome ke. Lãnyiƒe gã aɖe le anyigbaa ƒe akpa sia.
b Nyagbɔgblɔ “amesi ɖɔa aɖuɖɔ ɖe gli ŋu” nye Hebrigbe me dagana aɖe si wozãna na ŋutsuwo tsɔa doa vlo woe.—Tsɔe sɔ kple Fiawo I, 14:10.
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Abigail tsɔ nunanawo vɛ na Dawid