Ðe Wòle Be Nàxe Adzɔa?
AME akpa gãtɔ melɔ̃a adzɔxexe o. Ame geɖe senɛ le wo ɖokui me be womewɔa adzɔ si yewoxena la ŋu dɔ nyuie o, alo be wozãnɛ le mɔ gbegblẽ alo mɔ fitifiti nu. Ame aɖewo hã gbea adzɔxexe le esi dziɖuɖua zãnɛ tsɔ doa alɔ nu gbegblẽ wɔwɔwoe ta. Titina Ɣedzeƒedu aɖe me tɔwo ɖe nu si tae wogbe adzɔxexe la me ale: “Míele adzɔ xe ge be woatsɔ aƒle tuwo awu mía viwo o.”
Menye teƒe ɖeka aɖe koe esia le dzɔdzɔm le o, eye menye nu yeye hã o. Hindutɔwo ƒe kplɔla Mohandas K. Gandhi si megali o, ɖe nu si tae eƒe dzitsinya maɖe mɔ nɛ wòaxe adzɔ o me ale: “Ame sia ame si doa alɔ Dziɖuɖu si me asrafowoe kplɔa dua le, eɖawɔnɛ tẽe alo le mɔ bubu aɖe nu o, la le gome kpɔm le eƒe nu vɔ̃a me. Ame sia ame, eɖanye ame tsitsi alo ɖevi o, si doa alɔ Dziɖuɖua to adzɔxexe me la le ha dem kplii le eƒe nu vɔ̃a me.”
Nenema kee ƒe alafa 19 lia me xexemenunyala Henry David Thoreau hã ʋli eɖokui ta be ale si dziɖuɖua zãa adzɔga tsɔ doa alɔ aʋawɔwɔ tae yemexenɛ ɖo o. Ebia be: “Ðe wòle be dumevi naɖe mɔ sewɔla nawɔ nyametsotso siwo wòle be dumevia ŋutɔ nawɔ le eƒe dzitsinya nu la nɛa? Ke nu ka tae dzitsinya le ame sia ame si ɖo?”
Nya sia ka Kristotɔwo, elabena Biblia gblɔe kɔtɛ be ele be dzitsinya dzadzɛ nanɔ wo si le nuwo katã me. (2 Timoteo 1:3) Ke hã, Biblia ke gagblɔ be dziɖuɖuwo kpɔ mɔ be woaxɔ adzɔ le dumeviwo si. Egblɔ be: “Luʋɔ sia luʋɔ nebɔbɔ eɖokui na ŋusẽtɔ [amegbetɔ ƒe dziɖuɖu] siwo kɔ wu, elabena ŋusẽ aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ la ko; ŋusẽtɔ siwo li la, Mawue ɖe mɔ wole woƒe nɔƒe, siwo seɖoƒe li na la. Eya ta ehiã vevie be miabɔbɔ mia ɖokui, menye le dɔmedzoedodo ma ɖeɖe ko ta o, ke le miaƒe dzitsinya hã ta. Elabena esia tae miele adzɔ xem hã ɖo; elabena Mawu ƒe dutoƒo subɔlawo wonye, eye wosubɔna ɣesiaɣi le tameɖoɖo sia tututu ta. Mitsɔ nu siwo amewo katã dze na la na wo: mixe adzɔ na ame si biaa adzɔ.”—Romatɔwo 13:1, 5-7.
Le esia ta, togbɔ be dziɖuɖuwo zãa adzɔga la ƒe gbogbo aɖe tsɔ doa alɔ asrafowo hã la, wonya Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la nyuie be wolɔ̃na faa xea adzɔ. Aleae wòle le Yehowa Ðasefo siwo li egbea hã gome.a Nu ka tae woxea adzɔ togbɔ be wonya be woazãe atsɔ ado alɔ nuwɔna siwo ŋu Kristotɔwo malɔ̃ be yewoakpe asi ɖo o hã? Ðe wòle be Kristotɔ naŋe aɖaba aƒu nu si eƒe dzitsinya gblɔ nɛ le adzɔxenyawo gome la dzia?
Akpa Si Dzitsinya Wɔna Le Adzɔxexe Me
Nyateƒeae nye be wozãa adzɔ si wode se na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be woaxe la ƒe akpa aɖe ɖe asrafodɔwo ŋu. Adzɔga zazã ɖe mɔ sia tututu nu tae Gandhi kple Thoreau ƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woaxe adzɔ o ɖo.
De dzesii be menye ale si womagahe to na Kristotɔwo o ta koe wowɔ se si le Romatɔwo ta 13 la dzi o, ke le ‘woƒe dzitsinya hã tae.’ (Romatɔwo 13:5) Ɛ̃, Kristotɔ ƒe dzitsinya bia tso esi be wòaxe adzɔ, ne woazãe atsɔ ado alɔ nu siwo eya ŋutɔ malɔ̃ be yeawɔ o hã. Togbɔ be edze abe nya sia tsi tre ɖe eɖokui ŋu hã la, míate ŋu ase egɔme ne míede dzesi nyateƒenya vevi aɖe si ku ɖe míaƒe dzitsinya, si le abe nane si le mía me si gblɔnɛ na mí nenye be nu si míewɔ la nyo alo menyo o, la ŋu.
Abe ale si Thoreau de dzesii ene la, dzitsinya le ame sia ame si, ke hã, míate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu bliboe o. Ne míaƒe dzitsinya wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ko hafi míaƒe nu adze eŋu. Zi geɖe la, ehiãna be míatrɔ asi le míaƒe nuŋububu ŋu wòawɔ ɖeka kple Mawu tɔ, elabena eƒe susuwo de ŋgɔ boo wu mía tɔ. (Psalmo 19:8) Eya ta ele be míadze agbagba anya ale si Mawu bua amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwoe. Aleke wòbua woe?
Míede dzesii be apostolo Paulo gblɔ be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo nye “Mawu ƒe dutoƒo subɔlawo.” (Romatɔwo 13:6) Esia gɔme ɖe? Kpuie ko la, efia be wonana nuwo nɔa ɖoɖo nu, eye wowɔa dɔ siwo ɖea vi na dumeviwo. Le dziɖuɖu siwo mewɔa nuteƒe kura o gɔ̃ hã gome la, zi geɖe la, woɖoa posudɔwɔƒewo, sukuwo, dzotsidɔwɔƒewo, kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒewo, hekpe ɖe dɔwɔna bubuwo ŋu. Togbɔ be Mawu nya be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo mede blibo o hã la, eɖe mɔ woli hena ɣeyiɣi aɖe, eye wòdi tso mía si be míaxe adzɔ na wo, si afia be míede bubu eƒe ɖoɖoa ŋu, elabena eya ŋutɔe ɖe mɔ be woaɖu ameƒomea dzi fifia.
Ke hã, ɣeyiɣi kpui aɖe koe Mawu aɖe mɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ŋu. Eƒe lɔlɔ̃nue nye be yeana yeƒe Dziƒofiaɖuƒea naxɔ ɖe wo katã teƒe, eye wòato Fiaɖuƒea dzi aɖɔ nu siwo katã amegbetɔ ƒe dziɖuɖu gblẽ le ameƒomea ŋu ƒe alafa geɖewoe nye esia la ɖo. (Daniel 2:44; Mateo 6:10) Ke hã, hafi ɣemaɣi naɖo la, Mawu meɖe mɔ na Kristotɔwo be woadze aglã ɖe dziɖuɖuwo ŋu to adzɔmaxemaxe alo mɔ bubu aɖe dzi o.
Ke ne ègale sesem le ɖokuiwò me kokoko be adzɔxexe be woatsɔ ado alɔ aʋawɔwɔ nye nu vɔ̃, abe ale si Gandhi bui ene ɖe? Ne míede teƒe kɔkɔ aɖe la, míakpɔ ale si nuwo le le anyigba nyuie wu, nenema kee ne míede ŋugble le ale si Mawu ƒe susuwo kɔ boo wu mía tɔe ŋu la, anɔ bɔbɔe be míatrɔ asi le míaƒe susuwo ŋu woawɔ ɖeka kple etɔ. Mawu gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ale si dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.”—Yesaya 55:8, 9.
Ðe Míabɔbɔ Ðe Dziɖuɖuwo Te Bliboea?
Biblia ƒe nufiafia si nye be míaxe adzɔ la mefia be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ate ŋu abia tso wo teviwo si be woabɔbɔ ɖe yewo te bliboe o. Yesu ɖee fia be ŋusẽ si Mawu na dziɖuɖu siawo la se ɖe afi aɖe ko. Esi wobia Yesu be ɖe wòdzɔ le Mawu ŋkume be woaxe adzɔ na Roma dziɖuɖu si nɔ anyi ɣemaɣi hã la, egblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia tsɔ ɖo eŋu be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.”—Marko 12:13-17.
“Kaisaro,” si le tsitre ɖi na dziɖuɖuwo, ye tsoa ga henana asixɔxɔ nɔa eŋu na zazã. Eya ta le Mawu gbɔ la, gome le wo si be woabia be míatsɔ yewoƒe nu ana yewo to adzɔxɔxɔ me. Ke hã, Yesu ɖee fia be amegbetɔwo ƒe nuɖoanyi aɖeke mekpɔ mɔ axɔ “Mawu tɔ,” si nye míaƒe agbe kpakple tadeagu ya o. Eya ta ne amewo ƒe sewo alo nudidiwo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu la, ele be Kristotɔwo “[naɖo] to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29.
Togbɔ be ale si dziɖuɖuwo zãa adzɔgae ɣeaɖewoɣi la aɖe fu na Kristotɔwo egbea hã la, womedzea agbagba be yewoaxe mɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe dɔwɔnawo nu to gbegbe be yewomaxe adzɔ dzi o. Tsitretsitsi ɖe dziɖuɖua ŋu afia be womeka ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe ameƒomea ƒe fukpekpewo ɖa la dzi o. Wokpɔa Mawu si nu be le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, ava xɔ na ameƒomea to Via, Yesu, ame si gblɔ be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o” la dzi.—Yohanes 18:36.
Ale Si Biblia Ƒe Nufiafiawo Dzi Wɔwɔ Ðea Vii
Biblia me nufiafia siwo ku ɖe adzɔxexe ŋu dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe vi geɖe na wò. Womahe to na wò ɖe adzɔmaxemaxe ta o, eye mànɔ vɔvɔ̃m be woava lé ye hã o. (Romatɔwo 13:3-5) Gawu la, dzitsinya nyui anɔ asiwò le Mawu ŋkume, eye wò sedziwɔwɔa ade bubu eŋu. Togbɔ be ɖewohĩ wò ganyawo ayi to vie wu ame siwo gbea adzɔxexe alo ƒoa asa na ye katã xexe tɔ hã la, kakaɖedzi li be Mawu alé be na wò, abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ na ye subɔla wɔnuteƒewo ene. Biblia ŋlɔla David gblɔ be: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.”—Psalmo 37:25.
Mlɔeba la, Biblia ƒe se si nye be míaxe adzɔ la gɔme sese kple edzi wɔwɔ ana nàkpɔ tomefafa. Mawu mabu fɔ wò ɖe nu siwo dziɖuɖuwo zã adzɔ si nèxe tsɔ wɔe la ta o, abe ale si ko màdze se me ɖe nu si ŋu wò aƒetɔ zã wò xɔfetu ɖo ta o la ene. Hafi ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Stelvio nasrɔ̃ Biblia me nyateƒewo la, etsɔ ƒe geɖe nɔ mɔ kpɔm be woava wɔ tɔtrɔwo le dunyaheɖoɖowo me le anyiehe Europa. Eɖe nu si tae megava nɔ ŋu ɖom ɖe wo ŋu o la me ale: “Meva kpɔe be ehiã be malɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔwo mate ŋu ana xexea nanye afi si dzɔdzɔenyenye, ŋutifafa, kple nɔvilɔlɔ̃ le o. Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu ahe xexe si to vovo henyo wu la vae.”
Ne ètsɔ “nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu” la, wò hã àva ka ɖe nya mawo siwo Stelvio gblɔ la dzi. Eye ne ɣeyiɣia de be Mawu nana eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea naɖu xexe bliboa dzi, eye wòaɖɔ nu siwo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu gblẽ la ɖo ahaɖe madzɔmadzɔnyenye ɖa la, àkpɔ eteƒe.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi be yeaxlẽ nu tso ale si Yehowa Ðasefowo wɔa nui le adzɔxenyawo gome ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 1, 2002, axa 13, memama 15, kple May 1, 1996, axa 17, memama 7.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
Ehiã be míatrɔ asi le míaƒe nuŋububu ŋu wòawɔ ɖeka kple Mawu tɔ, elabena eƒe susuwo de ŋgɔ boo wu mía tɔ
[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]
Ne Kristotɔwo wɔ se dzi hexe adzɔ la, dzitsinya nyui nɔa wo si le Mawu ŋkume, eye woɖenɛ fiana be yewole ŋu ɖom ɖe eŋu be wòakpɔ yewoƒe hiahiãwo gbɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]
“Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu”
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Copyright British Museum