INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 2/8 axa 24-25
  • Ɣeyiɣi si Trenɔnɔ Nyea Nunana

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣeyiɣi si Trenɔnɔ Nyea Nunana
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wòxea Mɔ na Dzikpɔkpɔa?
  • Amesiame Kple Eƒe Nunana
  • Na Wò Trenɔɣi Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • ‘Wɔ Nunana la Ŋudɔ’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Trenɔnɔ—Dɔwɔwɔ Susuhenuwo Manɔmee Ƒe Mɔnue Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Aɖaŋuɖoɖo Siwo Me Nunya Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 2/8 axa 24-25

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ɣeyiɣi si Trenɔnɔ Nyea Nunana

NYƆNU Kristotɔ aɖe si nye ahosi ƒe geɖe enye sia la xa nu be: ‘Metsi akogo. Mele srɔ̃ dim. Dɔ aɖe wɔwɔ ɣesiaɣi kpena ɖe ame ŋu. Xɔlɔ̃wo ƒe amesinɔnɔ hã dea ame dzi. Gake medi be maɖe srɔ̃.’

Ne èdi vevie be yeaɖe srɔ̃ gake mèkpɔ kpeɖeŋutɔ o la, esesẽna be woabu trenɔnɔ be enye nunana​—⁠anɔ abe ɖe wosika wò ɖe seselelãme gbegblẽ siwo ana nàgbɔdzɔ eye nàlé blanui me ene. Alo ne ƒome le wò ŋutɔ asiwò xoxo gake wò ɖeka koe li la, agba anɔ wò ɖeka dzi be nàkpɔ viwòwo ƒe nuhiahiãwo katã gbɔ.

Eyata màbu wò trenɔnɔ be enye nunana o. Gake ame bubuwo bua trenɔnɔ be enye nu xɔasi aɖe ŋutɔ eye wotiae be yewoanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee. Eyata ɖe trenɔnɔ nye nunanaa, eye ne nenemae la, ɣekaɣie eye nukatae? Nya kae Biblia gblɔ?

Ðe Wòxea Mɔ na Dzikpɔkpɔa?

Srɔ̃ɖeɖe ate ŋu anye dzidzɔ gã aɖe. (Lododowo 5:​18, 19) Los Angeles Times gblɔ be ame aɖewo “xɔe se be zikpuidomemɔa dzi toto koe nye mɔ si dzi woato akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme.” Srɔ̃ɖeɖe koe ‘nana’ wokpɔa dzidzɔa?

Los Angeles Times gblɔ be Ruth Luban si nye tagbɔdɔdala la ɖe eme be: “Dzidzeme si nyɔnuwo [kple ŋutsuwo] akpɔ la awɔ nuku na wo ne wodzudzɔ ebubu be ŋutsu [alo nyɔnu] aɖe aɖe yewo tso trenɔnɔ me.” Ẽ, trenɔnɔ menye nusi xea mɔ na dzidzɔ kple dzidzemekpɔkpɔ o. Srɔ̃gbela geɖe alɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃ɖeɖe mehea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ kokoko o. Ƒomedodo nyui kple Mawu mee dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona. Eyata Kristotɔ ate ŋu akpɔ dzidzɔ eɖanye tre alo srɔ̃tɔe wòɖanye o.​—⁠Psalmo 84:13; 119:​1, 2.

Tsɔ kpe ɖe mɔxenu siwo ame ŋutɔ hena vɛ si Marie Edwards kple Eleanor Hoover yɔ ŋu la, wogahe susu yi dzidzɔkpɔkpɔ ƒe mɔxenu bubu dzi le woƒe agbalẽ si nye The Challenge of Being Single me—amewo ƒe nyaƒoɖeamenu. Wogblɔ be “amewo xɔe se be ne mèɖe srɔ̃ o la, alé seselelãmedɔ si tena ɖe ame dzi vevie. . . . Nane agblẽ le ŋuwò kokoko.”

Xɔlɔ̃ siwo si susu nyui anɔ gɔ̃ hã ate ŋu aƒoe ɖe trewo nu vevie to wo biabia ɣesiaɣi me be, ‘Ɣekaɣie nèle srɔ̃ ɖe ge?’ alo ‘Aleke wòdzɔe be wò ŋutsu dzeɖekɛ sia mèkpɔ srɔ̃ aɖe haɖe o?’ Togbɔ be woagblɔ nya siawo tɔgbe fefetɔe hã la, ‘woatɔ ame abe yi ene,’ eye ave ame alo anye ŋukpe.​—⁠Lododowo 12:18.

Amesiame Kple Eƒe Nunana

Apostolo Paulo meɖe srɔ̃ le esime wòzɔ mɔ abe dutanyanyuigblɔla ene o. Ðe wòtsi tre ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu taea? Kura o. Apostolo Paulo nɔ tre elabena etiae be yemaɖe srɔ̃ o ɖe “nyanyui la ta.”—Korintotɔwo I, 7:7; 9:23.

Ŋusẽ nɔ Paulo ŋu be wògbe srɔ̃ɖeɖe, gake ekpɔe dze sii be menye amesiamee ate ŋu anɔ abe ye ene o. Egblɔ be: “Amesiame kpɔ ye ŋutɔ ƒe [amenuvevenunana] tso Mawu gbɔ, amea ɖeka kpɔ esi, eye ame bubu hã kpɔ bubu.”—Korintotɔwo I, 7:⁠7.

Trenɔnɔ ate ŋu anye dzidzɔ ƒe mɔ togbɔ be menye ema dzie nèɖo be yeato o hã. Enye nyateƒe be srɔ̃ɖeɖe nye nunana gbogbo siwo míexɔ tso Yehowa gbɔ la dometɔ ɖeka. Gake Biblia ɖee fia be trenɔnɔ hã ate ŋu anye “nunana”—ne àte ŋu ‘anɔe.’ (Mateo 19:11, 12; Korintotɔwo I, 7:⁠36-39) Ke nukae nye trenɔnɔ ƒe viɖe aɖewo?

Paulo gblɔ be srɔ̃tɔwo tsia dzi ɖe alesi woawɔ “adze” wo srɔ̃wo “ŋu” ŋuti, esi ame maɖesrɔ̃wo ya “léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ.” Esia ɖe trenɔnɔ ƒe viɖe gãtɔwo dometɔ ɖeka fia—mɔnukpɔkpɔ be woasubɔ Yehowa ‘susuhenuwo’ manɔmee.​—⁠Korintotɔwo I, 7:32-35.

Biblia megblɔ be naneke kura mehea tre ƒe susu o. Gake zi geɖe la, nu ʋee aɖewo koe hea amesi le eɖokui si ƒe susu wu amesi le ƒome dzi kpɔm, elabena eɖokui ko ŋue wòabu ne ele nyametsotso aɖe wɔm. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu gblɔ na Abraham be wòaʋu le Xaran ayi Kanaan-nyigba dzi la, Biblia gblɔ be: “Abram kplɔ srɔ̃a Sarai kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu.” (Mose I, 12:⁠5) Togbɔ be Abraham ƒe ƒomea mena wògbe ʋuʋu o hã la, ɖikeke mele eme o be ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔ ɖoɖo na eƒe ƒomea ɖe mɔzɔzɔ sia ŋu.

Tsɔ Abraham ƒe ʋuʋu sɔ kple apostolo Paulo tɔ. Esi Paulo kple Sila wonɔ gbeƒã ɖem nyanyuia le Tesalonika la, ameha dodziku aɖe ho ɖe wo ŋu. Le zã ma ke me la, nɔviawo ɖo Paulo kple Sila ɖe Beroea enumake. Ɣebubuɣi esi Paulo nɔ Troa la, ekpɔ ŋutega be ‘wòatso ayi Makedonia ava xɔ na wo!’ Esi wònya kpɔ ŋutega la ko la, edzo yi Makedonia. Edze ƒã be srɔ̃ si menɔ Paulo si o na ablɔɖe gã aɖee wòwɔ nu kaba, si nye nusi wɔwɔ asesẽ wu ne ƒome le esi.—Dɔwɔwɔwo 16:8-10; 17:1-15.

Viɖe bubu si le trenɔnɔ mee nye be enaa ame ŋutɔ wɔa tiatia si dze eŋu. Ne wò ɖekae li la, enɔa bɔbɔe wu be nàtso nya me le afisi nànɔ, nusi nàɖu kple ɣeyiɣi si nàɖui, alo ɣeyiɣi si nàmlɔ anyi ŋu. Ablɔɖe sia kekea ta ɖoa gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ hã gbɔ. Ɣeyiɣi geɖe nɔa anyi be nàsrɔ̃ Mawu ƒe Nya la le ɖokuiwò si, nàkpɔ gome le dutoƒosubɔsubɔdɔa me, ahawɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu.

Eyata ne wò ŋutɔe tiae be yeanɔ tre alo nɔnɔmeawoe na o, ɖoe kplikpaa be yeazã yeƒe ɣeyiɣi le nunya me. Àkpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me ne èzã wò trenɔnɔ tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne èle didim be yeaɖe srɔ̃ la, mègatsɔ nukpɔsusu gbegblẽwo xaxa ɖokuiwò alo anɔ agbe abe ɖe mède o ene le esi mèkpɔ ‘ame tɔxɛ’ ma haɖe o ta. Do vevie nu le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me, eye abe alesi Paulo gblɔ ene la, àkpɔe be trenɔnɔ ate ŋu anye nunana.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe