INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 10/8 axa 20-21
  • Alesi Woatia Kpeɖeŋutɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Woatia Kpeɖeŋutɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Nu Yi Ŋgɔ Wu Gotagome Dzedzeme
  • ‘Ðe Srɔ̃ le Aƒetɔ la me Ko’
  • Srɔ̃ Ðeɖe na Ame
  • Mawu Ƒe Mɔfiafia Le Amesi Nàɖe Tiatia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Srɔ̃ɖeɖe—Nunanae Wònye Tso Mía Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nunana Tso Mawu Gbɔ
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Ate Ŋu Adze Edzi Le Egbe Xexeame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 10/8 axa 20-21

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Alesi Woatia Kpeɖeŋutɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me

WOBIA NYƆNU AÐE SI NYE TRE BE: “ÐE NÈBUA SRƆ̃ÐEÐE ŊUA?” EÐO EŊU KABA BE: “ÐE NÈBE MEBUA EŊU HÃA? ÐE METSIA DZI ÐE EŊU BOŊ.”

NYƆNU sia ƒe nyaŋuɖoɖo tẽ alea ɖe alesi gbegbe amewo le lɔlɔ̃ kple kpeɖeŋutɔ dimee la fia nyuie. Ame geɖe bu kpeɖeŋutɔ si anye ame srɔ̃ didi be enye agbemenu vevitɔwo kekeake dometɔ ɖeka. Eyata kpekpeɖeŋunaɖoɖo siwo ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ akpe ɖe amewo ŋu bene woakpɔ srɔ̃ aɖe va le agbɔ sɔm le xexeame katã. Gake le xexeame ƒe akpa geɖe la, srɔ̃ɖeɖe siwo me gblẽ ƒe xexlẽme gbɔ esiwo kpɔ dzidzedze ƒe xexlẽme ŋu sasasã.

Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, enye nusi bɔ be amewo ŋutɔ natia amesi woaɖe. Gake le Asia kple Afrika ƒe akpa aɖewo la, srɔ̃ɖeɖe na ame kpɔtɔ nye woƒe kɔnu. Le go evea siaa me la, mele be woabu wɔnaa nu tsɛe o. Nyametsotso bubu ʋɛ aɖewo koe li siwo ame awɔ si me tsonu ate ŋu ahe dzidzɔ alo dzigbagbã vɛ de enu. Srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ le ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nanyo ɖe edzi eye wòanye esime dzidzeme geɖe le. Gake srɔ̃ɖeɖe si me dzre bɔ ɖo ate ŋu ahe vevesese kple nuxaxa vɛ ɣesiaɣi.​—Lododowo 21:​19; 26:⁠21.

Kristotɔ vavãwo di be yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nahe dzidzɔ kple dzidzeme vɛ na yewo, abe alesi ko ame ɖesiaɖe dii ene. Gake wodina hã be yewoadze Mawu ŋu ahade bubu eŋu. (Kolosetɔwo 3:​23) Esi Mawue nye Wɔla kple Srɔ̃ɖeɖegɔmeɖoanyila ta la, enya nusiwo tututu hiã mí kple nusi ade mía dzi wu la nyuie. (Mose I, 2:​22-24; Yesaya 48:​17-19) Azɔ hã la, ekpɔ srɔ̃ɖeɖe miliɔn gbogbo aɖewo, nyuiawo kple gbegblẽawo teƒe le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe akpe geɖe la me. Enya nusi ade mía dzi kple nusi made mía dzi o. (Psalmo 32:⁠8) Eto eƒe Nya, Biblia, dzi na gɔmeɖose siwo me kɔ, siwo tututu ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ɖesiaɖe ŋu be wòanɔ te ɖe nunya dzi atso nya me. Gɔmeɖose siawo dometɔ aɖewo ɖe?

Kpɔ Nu Yi Ŋgɔ Wu Gotagome Dzedzeme

Le afisiwo woɖe mɔ be amewo ŋutɔ natia amesi wodi be yewoaɖe la, woate ŋu ake ɖe amesi ate ŋu anye wo srɔ̃ ŋu le vome loo alo xɔlɔ̃ alo ƒometɔe aɖee afia wo. Zi geɖe la, gotagome ƒe dzedzemee nyɔa lɔlɔ̃ ɖe ame me le gɔmedzedzea me. Togbɔ be esia nye ameʋãŋusẽ sẽŋu si sɔ le dzɔdzɔme nu hã la, Biblia de dzi ƒo na mí be míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu ame ƒe dzedzeme ko, ne míele srɔ̃ɖeɖe ŋu bum.

Lododowo 31:​30 gblɔ be: “Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.” Apostolo Petro ƒo nu tso ‘gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me’ la ŋu. (Petro I, 3:⁠4) Ẽ, amesi wodi be woaɖe ƒe gbɔgbɔmemenyenye​—amea ƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu kple lɔlɔ̃ na Mawu kpakple eƒe Kristotɔ ƒe amenyenye​—le vevie sã wu tugbedzedze. Ele vevie be nàgbɔ dzi ɖi awɔ tiatia si ŋu nèbu nyuie, ahatia amesi ƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo sɔ kple tɔwò eye wònye amesi hã le agbagba dzem be yeaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo afia. Esia nye nu vevi aɖe si ahe srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le vɛ.​—Lododowo 19:⁠2; Galatiatɔwo 5:​22, 23.

‘Ðe Srɔ̃ le Aƒetɔ la me Ko’

Ele vevie be taɖodzinu kple dzixɔse ɖeka tɔgbe nanɔ mia kple amesi nèdi be yeaɖe la si. Srɔ̃ɖeɖe nye nu sesẽ aɖe, ebia tso ame evea siaa si be woawɔ asitɔtrɔ geɖe le nuwɔna kple nɔnɔme gome. Eyata eme kɔ be ne mia kple amesi nèdi be yeaɖe ƒe nuwɔnawo sɔ le go geɖe me xoxo la, awɔe be asitɔtrɔwo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na mi.

Esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nusita apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woagazu “amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ [ɖe] dzimaxɔsetɔwo ti o!” (Korintotɔwo II, 6:​14) Paulo nya be amesi mele xɔseha ɖeka me kple ame o eye alesi wòse Biblia ƒe gɔmeɖosewo gɔme mesɔ kple ame tɔ o la ɖeɖe ate ŋu ahe dzre kple nugɔmemasemase vɛ. Nunya le nuxlɔ̃amenya si nye be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko’ la me. (Korintotɔwo I, 7:​39) Eɖe Mawu ƒe susu fia. Amesiwo dzea nunya hewɔa edzi ƒoa asa na masɔmasɔwo kple kuxi sesẽ geɖe.​—Lododowo 2:​1, 9.

Srɔ̃ Ðeɖe na Ame

Ke afisiwo wògabɔ ɖo be woɖea srɔ̃ na ame le ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, le anyiehe India la, ame aɖewo bui be le srɔ̃ siwo katã woɖe dome la, alafa memama 80 nye dzilawo ƒe srɔ̃ɖeɖe na wo viwo. Ne dzila Kristotɔwo awɔ kɔnu sia dzi loo alo womawɔ ɖe edzi o nye nyametsotso si wòle be woawo ŋutɔ nawɔ. Aleke ke nyaa le o, ne wona gbɔgbɔ me dzidzenuwo xɔ nɔƒe gbãtɔ hafi srɔ̃ɖeɖe na ame alea adze edzi nyuie.

Amesiwo de srɔ̃ɖeɖe na ame dzi bui be enana be nyametsotsowɔwɔ kpɔa ame tsitsi siwo kpɔ nuteƒe la ŋku me. Kristotɔ hamemegã aɖe si le Afrika gblɔ be: “Dzila aɖewo bui be le ƒe si yewo viwo xɔ kple woƒe nuteƒemakpɔmakpɔ ta la, womate ŋu aka ɖe wo dzi be woakpɔ amesi wodi be yewoaɖe la ƒe tsitsi le gbɔgbɔ me adze sii wòasɔ tututu o.” Subɔla mɔzɔla aɖe si tso India hã gblɔ be: “Sɔhɛwo mekpɔ nuteƒe le agbe me o eye alesi wose le wo ɖokui me dzie wonɔa te ɖo tsoa nya me le nuwo ŋuti.” Esi dzilawo nya wo viwo ƒe nɔnɔme nyuie wu amesiame ta la, wobui be yewoe dze be yewoatia nusi nyo la na yewo viwo. Anyo hã be woade ŋugble le ɖekakpuia kple ɖetugbia ƒe nukpɔsusuwo ŋu.

Gake ne dzilawo gbe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ la, ate ŋu adzɔ be woabu fɔ wo vevie ne kuxiwo va le mo dom ɖa le srɔ̃ɖeɖea me emegbe. Esi wònye ɣeyiɣi gobii aɖeke menɔa anyi be ame eve siwo gbɔna wo nɔewo ɖe ge nanya wo nɔewo nyuie do ŋgɔ o ta la, kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa. Vifofo Kristotɔ aɖe si le India ɖe eme be, ne kuxiwo do mo ɖa la, “nusi dzɔna zi geɖee nye be woada fɔbubua ɖe dzilawo dzi.”

Le dzila Kristotɔ siwo le srɔ̃ dim na wo viwo gome la, ele be woade ŋugble le taɖodzinu si tututu le wo si ŋu. Ne ŋutilãmetaɖodzinuwo alo didi be woaxɔ ŋkɔe kpɔ ŋusẽ ɖe amesi tiam wole na wo viwo be woaɖe dzi la, ahe kuxiwo vɛ. (Timoteo I, 6:⁠9) Eyata ele be amesiwo le srɔ̃ dim na ame nabia wo ɖokui be, ‘Ðe mewɔ nye tiatiaa be wòahe dzidzɔ vɛ na srɔ̃tɔ eveawo eye be woasẽ ŋu le gbɔgbɔ mea? Alo esi wòana ƒomea naxɔ ŋkɔ alo akpɔ kesinɔnuwo loo alo be wòahe ga vɛ taea?’​—Lododowo 20:⁠21.

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo me kɔ eye woɖea vi. Ne wole ŋugble dem tso kpeɖeŋutɔ si woaɖe ŋu la, ele be amesi wodi be woaɖe ƒe nɔnɔme nyui kple gbɔgbɔmemenyenye nanye nu vevitɔ si ŋu woatsi dzi ɖo ɣesiaɣi, eɖanye mɔ ka nue wowɔ tiatiaa le o. Ne wowɔe alea la, edea bubu Yehowa Mawu, amesi nye srɔ̃ɖeɖoɖoa Gɔmeɖoanyila, ŋu eye amesiwo le wo nɔewo ɖem la atu woƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmedzedze ɖe gbɔgbɔ me gɔmeɖoanyi nyui dzi. (Mateo 7:​24, 25) Esia awɔe be srɔ̃ɖeɖea nanyo eye dzidzɔ anɔ eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe