INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bsi08-1 axa 20-22
  • Biblia Gbalẽ 46 Lia—1 Korintotɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Gbalẽ 46 Lia—1 Korintotɔwo
  • “Ŋɔŋlɔ Blibo La”—Kakaɖedzi Le Eŋu Eye Wònyo, Akpa 1
  • Tanya Suewo
  • NU SI TAE VIÐE LE EŊU
“Ŋɔŋlɔ Blibo La”—Kakaɖedzi Le Eŋu Eye Wònyo, Akpa 1
bsi08-1 axa 20-22

Biblia Gbalẽ 46 Lia—1 Korintotɔwo

Eŋlɔla: Paulo

Afi Si Wòŋlɔe Le: Efeso

Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Ƒe 55 M.Ŋ. lɔƒo

KORINTO nye “dugã xɔŋkɔ aɖe si me tɔwo lɔ̃a ŋutilã me vivisesewo, afi si Ɣedzeƒetɔwo kple Ɣetoɖoƒetɔwo va doa go le hena agbe gbegblẽ nɔnɔ.”a Esi wònye anyigba lɛ aɖe si le Hela kple Peloponnesus dome dzie wotso Korinto dua ɖo ta la, ame geɖe toa afi ma hafi yia nuto mawo me. Le apostolo Paulo ƒe ŋkekeawo me la, ame 400,000 kloe ye nɔ Korinto dua me, eye Roma, Aleksandria, kple Siria si le Antioxia, me tɔwo koe sɔ gbɔ wu wo. Aegea Ƒua nɔ Korinto dua ƒe ɣedzeƒe gome, eye Korinto Ƒukɔme kple Ionia Ƒua nɔ eƒe ɣetoɖoƒe. Eya ta Korinto, si nye Axaya nutoa ƒe fiadu la, va zu asitsadu vevi aɖe le eƒe melidzeƒe eve siwo le Kenxrea kple Lechaeum la ta. Helatɔwo ƒe suku gã aɖe hã nɔ afi ma. Wogblɔ be “wokafua eƒe kesinɔnuwo ale gbegbe be wòva zu lo wodona; eye nenema kee nye dua me nɔlawo ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ kple agbe bliba ɖuɖu hã.”b Trɔ̃ siwo wosubɔna le afi ma dometɔ ɖekae nye Afrodito (si sɔ kple Venus si Romatɔwo subɔna). Nu siwo dona tso Korintotɔwo ƒe subɔsubɔa me dometɔ ɖekae nye kɔɖiɖi na ŋutilã la.

2 Romatɔwo ƒe dugã kpɔdzidzedze sia, si me nɔlawo ƒe agbenɔnɔ meɖɔ ʋu o la, mee apostolo Paulo zɔ mɔ yi le ƒe 50 M.Ŋ. me lɔƒo. Eɖo hame ɖe afi ma le ƒe ɖeka kple afã si wònɔ dua me la me. (Dɔw. 18:1-11) Paulo lɔ̃ xɔsetɔ mawo, siwo se Kristo ŋuti nya nyuia zi gbãtɔ le egbɔ la, ale gbegbe. Eŋlɔ agbalẽ na wo tsɔ ɖo ŋku kadodo kplikplikpli si le wo dome la dzi na wo be: “Togbɔ be ɖewohĩ mɔfiala akpe ewo anya le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖewo ya mele mia si o; elabena mezu mia fofo le Kristo Yesu me to nya nyui la dzi.”—1 Kor. 4:15.

3 Paulo ƒe ɖetsɔtsɔ le Kristotɔ siwo nɔ Korinto hamea me la ƒe gbɔgbɔ me dedienɔnɔ me ʋãe wòŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ na wo esime wònɔ eƒe duta nya nyui gbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia dzi. Ƒe aɖewo va yi xoxo tso esime wòdzo le Korinto. Fifia míeɖo ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo, eye Paulo nɔ Efeso. Edze abe Paulo xɔ agbalẽ tso Korinto hamea, si wòɖo eteƒe medidi o la gbɔ ene, eye ele be wòaɖo eŋu. Gawu la, nya ɖefuname aɖewo va ɖo Paulo gbɔ. (7:1; 1:11; 5:1; 11:18) Nya siawo ɖe fu na apostoloa ale gbegbe be, meƒo nu tso agbalẽ si woŋlɔ tsɔ bia numekɔkɔ aɖewoe la ŋu o, va se ɖe agbalẽa ƒe ta 7 lia ƒe gɔmedzedze hafi. Nya siwo Paulo se la koŋ ye na wòkpɔe be ehiã be yeaŋlɔ agbalẽ na ye hati Kristotɔ siwo nɔ Korinto.

4 Gake aleke míewɔ nya be Efeso ye Paulo nɔ hafi ŋlɔ agbalẽ Gbãtɔ na Korintotɔwo? Susu ɖekae nye be, esime apostoloa nɔ agbalẽa me nyawo ta ƒom kple gbedoname la, etsɔ Akwila kple Priska (Priskila) ƒe gbedonamewo hã kpe ɖe eŋu. (16:19) Dɔwɔwɔwo 18:18, 19 ɖee fia be, woʋu tso Korinto va le Efeso. Esi wònye Akwila kple Priskila nɔ afi ma, eye Paulo tsɔ woƒe gbedoname kpe ɖe gbedoname siwo wòtsɔ wu Korintotɔwo Gbãtɔ nui ŋu ta la, anya nɔ Efeso esime wòŋlɔ agbalẽa. Paulo ƒe nya siwo dze le 1 Korintotɔwo 16:8 koŋ ye ɖo kpe edzi, afi si wògblɔ le be: “Gake manɔ Efeso va se ɖe Pentekoste ŋkekenyui la dzi.” Eya ta Efeso ye Paulo nɔ hafi ŋlɔ eƒe agbalẽ Gbãtɔ na Korintotɔwo, eye anye eƒe afi ma nɔɣi ƒe nuwuwu lɔƒoe.

5 Kakaɖedzi blibo le Korintotɔwo Gbãtɔ kple Korintotɔwo Evelia ŋu. Kristotɔ gbãtɔwo gblɔ be Paulo ye ŋlɔ agbalẽ siawo, eye wobu wo de agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo la dome, eye wotsɔ wo kpe ɖe woƒe agbalẽ vevi bubuwo ŋu. Le nyateƒe me la, nyatakaka aɖe fia be, agbalẽ aɖe si tso Roma yi Korinto le ƒe 95 M.Ŋ. me lɔƒo, si woyɔna be Clement ƒe agbalẽ Gbãtɔ la, ƒo nu tso Korintotɔwo Gbãtɔ ŋu heyɔ emenyawo zi ade ya teti. Agbalẽa ŋlɔla de dzi ƒo na ame siwo wòŋlɔe na la be “woalé be na apostolo Paulo yayratɔ la ƒe agbalẽa,” eye edze ƒãa be, agbalẽ Gbãtɔ si woŋlɔ na Korintotɔwo ŋu nya gblɔm wònɔ.c Justin Martyr, Athenagoras, Irenaeus, kple Tertullian hã yɔ nya tso Korintotɔwo Gbãtɔa me tẽe. Kpeɖodzi sẽŋu aɖe li be, woƒo Paulo ƒe agbalẽwo nu ƒu, siwo dome Korintotɔwo Gbãtɔ kple Evelia hã nɔ, “eye wota wo wòzu agbalẽ ɖeka le ƒe alafa gbãtɔ ƒe ƒe ewo mamlɛawo me.”d

6 Agbalẽ gbãtɔ si Paulo ŋlɔ la na Korintotɔwo na mɔnukpɔkpɔ mí be míanya nu siwo tututu nɔ edzi yim le Korinto hamea me. Kuxiwo dze ŋgɔ Kristotɔ siawo, eye nyabiasewo li wòle be woakpɔ ŋuɖoɖo na. Mamawo nɔ hamea me, le esi wo dometɔ aɖewo dze amewo yome ta. Agbe gbegblẽ nɔnɔ wɔmoya aɖe ŋu nya hã nɔ anyi. Wo dometɔ aɖewo srɔ̃wo nye dzimaxɔsetɔwo. Ðe wòle be woakpɔtɔ anɔ wo srɔ̃ dzimaxɔsetɔawo gbɔa, alo woaklã? Ke lã siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ɖuɖu ya ɖe? Ðe wòle be woaɖuia? Korintotɔawo hiã aɖaŋuɖoɖo le ale si woawɔ woƒe kpekpewo, kple Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua hã, la ŋu. Ðoƒe kae wòle be nyɔnuwo nanɔ le hamea me? Azɔ hã, wo dometɔ aɖewo mexɔ tsitretsitsia dzi se o. Kuxiawo sɔ gbɔ. Gake nu si koŋ le vevie na apostoloa ye nye be, yeana tenɔnɔ nyui nagava su Korinto nɔviawo si le gbɔgbɔ me.

7 Esi wònye nu siwo le dzɔdzɔm egbea la ɖi nɔnɔme siwo nɔ hamea me, kpakple ŋutilãmenudidi kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔna siwo nɔ egodo le Korinto dua me ɣemaɣi ta la, ele be míatsɔ ɖe le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la me vevie. Gɔmesese blibo le nu siwo Paulo gblɔ ŋu ale gbegbe be, ŋugbledede tso eƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na nɔvia siwo nɔ Korinto hamea me ŋu aɖe vi na mí ŋutɔ. Nɔnɔmeawo kple teƒea nenɔ susu me na wò. Ne míele nya ʋãme deto siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ ɖo ɖe hati xɔsetɔwo le blema Korinto la me dzrom la, de ŋugble le wo ŋu vevie, abe ale si Kristotɔ siwo nɔ Korinto hamea me hã anya wɔe ene.

NU SI TAE VIÐE LE EŊU

23 Viɖe gã aɖe ŋutɔ le apostolo Paulo ƒe agbalẽ sia ŋu, elabena ena míese Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyawo, siwo dometɔ gbogbo aɖewo wòyɔ la, gɔme ɖe edzi nyuie wu. Le ta ewolia me la, Paulo ɖee fia be Israel viwo, siwo nɔ Mose ƒe kpɔkplɔ te la, no tsi tso gbɔgbɔ me kpe gbadza aɖe, si nye Kristo la me. (1 Kor. 10:4; 4 Mose 20:11) Azɔ eyi edzi ƒo nu tso nudzodzro vɔ̃ me tsonuwo ŋu, abe ale si wòdzɔ ɖe Israel vi siwo nɔ Mose ƒe kpɔkplɔ te la dzi ene, eye wògblɔ kpee be: “Ke nu siawo dzɔ ɖe wo dzi abe kpɔɖeŋuwo ene, eye woŋlɔ wo ɖi be woanye nuxɔxlɔ̃ na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.” Negadzɔ gbeɖe be míaka ɖe mía ɖokui dzi, ahasusu be míate ŋu adze anyi gbeɖe o! (1 Kor. 10:11, 12; 4 Mose 14:2; 21:5; 25:9) Egawɔ kpɔɖeŋu aɖe tso Sea me. Eƒo nu tso akpedavɔsa siwo Israel viwo wɔna ŋu tsɔ fia ale si wòle be ame siwo ɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe kpɔɖeŋunuawo la nakpɔ gome le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu ale si dze. Azɔ, be wòaɖo kpe nya si wògblɔ be esɔ be woaɖu nu sia nu si wodzrana le lãsi me dzi la, eyɔ nya siwo le Psalmo 24:1, hegblɔ be: “Yehowa tɔe nye anyigba kple nu siwo yɔ edzi la.”—1 Kor. 10:18, 21, 26; 2 Mose 32:6; 3 Mose 7:11-15.

24 Esime Paulo nɔ ale si “nu siwo Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃nɛ la” xɔ asi wu xexe sia me nuwo, kple ale si “nunyalawo ƒe tamebubuwo nye dzodzro” ɖem nɔ fiafiam la, egayɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. (1 Kor. 2:9; 3:20; Yes. 64:3; Ps. 94:11) Esime wònɔ mɔfiame nam tso ameɖeɖelehame ŋu le ta 5 lia me la, eyɔ Yehowa ƒe se si gblɔ be “nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme” tsɔ ɖo kpe edzi. (5 Mose 17:7) Esi Paulo nɔ gome si nɔ esi be woakpɔ edzi le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me ŋu nya gblɔm la, egayɔ Mose ƒe Sea, si gblɔ be, mele be woabla nu na nyitsu si le nuku tugum la o, eye be ele be Lewi vi siwo subɔna le gbedoxɔa me la naxɔ wo tɔ gome tso vɔsamlekpuia dzi.—1 Kor. 9:8-14; 5 Mose 25:4; 18:1.

25 Viɖe ka gbegbe nye esi le nufiame siwo tso gbɔgbɔ me, siwo míexɔ tso Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto hamea me la me! De ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo siwo wòna be woatsi tsitre ɖe mamawo kple amewo yome dzedze ŋu la ŋuti. (Ta 1-4) Ðo ŋku agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe nyaa, kple ale si Paulo te gbe ɖe nu nyui wɔwɔ kple ale si wòhiãe be hamea nanɔ dzadzɛ la dzi. (Ta 5, 6) Bu aɖaŋu si wòɖo ku ɖe trenɔnɔ, srɔ̃ɖeɖe, kple kaklã ŋu la ŋuti. (Ta 7) De ŋugble tso apostoloa ƒe nya siwo wògblɔ tso nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo, kple ale si wòhiãe be míatsri nukliklizuzu na ame bubuwo, kpakple trɔ̃subɔsubɔ ŋuti nya siwo wògblɔ ŋkubiãtɔe, la ŋu. (Ta 8-10) Nuxɔxlɔ̃ tso ɖokuibɔbɔ si sɔ ŋu, gbɔgbɔmenunanawo me dzodzro, lɔlɔ̃ si nɔa anyi ɖaa, si nu metsina gbeɖe o, me dzodzro si ŋu viɖe gã aɖe le—nu siawo hã dze le nu siwo ŋu wòƒo nu tsoe la dome. Eye kpɔ ale si gbegbe apostoloa te gbe ɖe nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me dzii ɖa! (Ta 11-14) Tsitretsitsi ŋuti mɔkpɔkpɔa ta ʋiʋli sesĩe kae nye esi dze le eƒe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la me! (Ta 15) Nya siawo katã, kple bubu geɖewo, nye esiwo ŋu míate ŋu ade ŋugble le—eye viɖe gã aɖe le eŋu na Kristotɔwo egbea!

26 Agbalẽ sia na míegase nyati vevi si ŋu Biblia ƒo nu tsoe, si nye Mawu Fiaɖuƒea, gɔme ɖe edzi nyuie wu. Exlɔ̃ nu eme kɔ ƒãa be, ame madzɔmadzɔwo manyi Mawu Fiaɖuƒea dome o, eye eyɔ nu gbegblẽ wɔwɔ geɖe siwo ana be ame madze o. (1 Kor. 6:9, 10) Gake vevietɔ wu la, eɖe ale si tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa do ƒome kple Mawu Fiaɖuƒeae la me. Eɖee fia be ele be Kristo, “si nye gbãtɔ” le ame siwo woafɔ ɖe tsitre dome la, naɖu “fia va se ɖe esime Mawu natsɔ futɔwo katã ade eƒe afɔ te.” Eye ne eɖe futɔwo katã, siwo dome ku hã le, ɖa vɔ la, ekema atsɔ “fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, si nye Fofoa, . . . bene Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.” Mlɔeba la, Kristo kple eƒe gbɔgbɔ me nɔvi siwo wofɔ ɖe tsitre la agbã ta na Da la keŋkeŋ, wòanye ŋugbe si wodo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu le Eden la me vava. Nu xɔasi aɖe ŋutɔe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye na ame siwo akpɔ gome le magblẽmagblẽ me kple Kristo Yesu le Dziƒofiaɖuƒea me. Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzie Paulo nɔ te ɖo xlɔ̃ nu be: “Eya ta nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋamaʋa, eye miwɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ la me ɣesiaɣi, esi mienyae be miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ta.”—1 Kor. 15:20-28, 58; 1 Mose 3:15; Rom. 16:20.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Halley’s Bible Handbook, 1988, H. H. Halley, axa 593.

b Smith’s Dictionary of the Bible, 1863, Babla 1, axa 353.

c The Interpreter’s Bible, Babla 10, 1953, axa 13.

d The Interpreter’s Bible, Babla 9, 1954, axa 356.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe