-
“Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre”Gbetakpɔxɔ—1998 | July 1
-
-
7. (a) Nya vevi ka dzie Paulo he susu yii? (b) Amekawoe kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la?
7 Paulo na eƒe numedzodzroa ƒe tanya dze ƒã le Korintotɔwo I, ta 15 ƒe kpukpui eve gbãtɔawo me: “Nɔviwo, mena mienya nyanyui, si megblɔ fia mi, si miexɔ hã, esi me mietsi tre ɖo hã, si me woxɔ mi ɖe agbe le hã, . . . [negbe ɖe] miexɔ edzi se dzodzro.” Ne Korintotɔwo menɔ te sesĩe le nyanyui la me o la, ke woxɔ nyateƒea dzodzro. Paulo yi edzi be: “Nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mía nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena eɖe eɖokui fia Kefa, emegbe la ame wuieve la. Eya megbe la eɖe eɖokui fia nɔvi, siwo wu ame alafa atɔ̃ la zi ɖeka, amesiwo dome geɖeawo le agbe vaseɖe fifi, ke ame aɖewo hã dɔ alɔ̃. Emegbe la eɖe eɖokui fia Yakobo, emegbe la apostolowo katã. Wo katã megbe la eɖe eɖokui fia nye hã abe fu gegee ene.”—Korintotɔwo I, 15:3-8.
-
-
“Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre”Gbetakpɔxɔ—1998 | July 1
-
-
10. (a) Nukae do tso Yesu ƒe kpekpe kple eƒe nusrɔ̃lawo zi mamlɛtɔ me? (b) Aleke Yesu ɖe eɖokui fia Paulo “abe fu gegee ene”?
10 Ame bubu si nye Yesu ƒe tsitretsitsi ŋuti ɖaseɖila ɖedzesie nye Yakobo si nye Yosef kple Yesu dada Maria ƒe vi. Do ŋgɔ na tsitretsitsia la, anɔ eme be Yakobo meva zu xɔsetɔ haɖe o. (Yohanes 7:5) Gake esi Yesu ɖe eɖokui fia Yakobo megbe la, eva zu xɔsetɔ eye ɖewohĩ ewɔ akpa vevi aɖe tsɔ kpe ɖe nɔvia bubuwo ŋu wova zu xɔsetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 1:13, 14) Esi Yesu kpe kple eƒe nusrɔ̃lawo zi mamlɛtɔ le nudzɔdzɔ si me wòyi dziƒo le me la, ede dɔ asi na wo be ‘woanye ɖaseɖilawo ayi ɖe anyigba ƒe seƒe ke.’ (Dɔwɔwɔwo 1:6-11) Emegbe eɖe eɖokui fia Saul si tso Tarso, amesi nye Kristotɔwo yometila. (Dɔwɔwɔwo 22:6-8) Yesu ɖe eɖokui fia Saul si nɔ “abe fu gegee ene.” Enɔ abe ɖe wofɔ Saul yi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me xoxo ene eye wòte ŋu kpɔ Aƒetɔ si wodo ŋutikɔkɔe na la ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na woƒe tsitretsitsia. Nudzɔdzɔ sia na Saul dzudzɔ alesi wòtsi tre ɖe Kristo-hamea ŋu kutɔkutɔe la enumake hetrɔ eƒe agbenɔnɔ wòɖe dzesi. (Dɔwɔwɔwo 9:3-9, 17-19) Saul va zu apostolo Paulo, amesi nye Kristotɔwo ƒe xɔsea ta ʋlila gbãtɔwo dometɔ ɖeka.—Korintotɔwo I, 15:9, 10.
-