INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 10/1 axa 20-23
  • Apolo—Kristotɔwo ƒe Nyateƒea ƒe Gbeƒãɖela Bibi aɖe Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Apolo—Kristotɔwo ƒe Nyateƒea ƒe Gbeƒãɖela Bibi aɖe Wònye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Enya Ŋɔŋlɔawo Nyuie’
  • Dzo Nɔ Eme Gake Ebɔbɔ Eɖokui
  • Le Korinto
  • Mawu me Nɔnɔme Siwo Nana Wotsina le Gbɔgbɔ Me
  • Ðe Gbeƒã Be Nàwɔ Nusrɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • ‘Nya La Nɔ Ta Kekem Henɔ Ŋusẽ Kpɔm’ Le Yometitiwo Me
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Na Biblia Xexlẽ Naɖe Vi Na Wò Bliboe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mèganɔ Ho Ʋlim Kple Nɔviwòwo O, Ke Boŋ Ti Ŋutifafa Yome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 10/1 axa 20-23

Apolo—Kristotɔwo ƒe Nyateƒea ƒe Gbeƒãɖela Bibi aɖe Wònye

FIAÐUƑEGBEƑÃÐELAWO ɖale Kristo-hamea me ƒe geɖe alo ƒe ʋee aɖewo ko o, ele be wo katã nadi vevie be yewoayi ŋgɔ le nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa me. Efia be míadzi míaƒe Mawu ƒe Nya la me sidzedze kple efiafia ame bubuwo ƒe ŋutete ɖe edzi. Esia abia be ame aɖewo nado go kuxiwo, woaɖu mɔxenuwo dzi, alo woatsɔ wo ɖokui ana hena dɔ geɖe wu wɔwɔ.

Blematɔ ŋutsu kple nyɔnu veviedonula siwo to mɔ vovovowo dzi wɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi geɖe eye wokpɔ teƒeɖoɖo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Wo dometɔ ɖekae nye Apolo. Zi gbãtɔ si Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso eŋu na mí la, enye amesi mese Kristotɔwo ƒe nufiafiawo gɔme tututu o; gake le ƒe ʋee aɖewo ko megbe la, ezu ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea teƒenɔla mɔzɔla. Nukae kpe ɖe eŋu wòwɔ ŋgɔyiyi ma? Nɔnɔme aɖewo nɔ esi si anyo be mí katã míasrɔ̃.

‘Enya Ŋɔŋlɔawo Nyuie’

Le ƒe 52 M.Ŋ. me lɔƒo la, Biblia-ŋlɔla Luka gblɔ be “Yudatɔ aɖe, eŋkɔe nye Apolo, Aleksandriatɔ tso dzɔdzɔ me, ŋutsu, si nya nuƒoƒo, eye wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me la, va Efeso. Wofia Aƒetɔ la ƒe mɔ amesia, eye wònye dzome le gbɔgbɔ la me; eƒoa nu, eye wòfia Yesu ŋutinya pɛpɛpɛ; ke Yohanes ƒe [nyɔnyrɔnana amewo, NW] ko wònya; eye amesia de asi nuƒoƒo me kple kalẽ le ƒuƒoƒe la.”—Dɔwɔwɔwo 18:24-26.

Egipte ƒe Aleksandria ye nye dugã evelia si kplɔ Roma ɖo le xexeame eye wònye nusrɔ̃ƒe vevitɔwo dometɔ ɖeka ɣemaɣi na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa. Anɔ eme be Yudatɔ gbogbo siwo nɔ dugã ma me gbɔe Apolo xɔ hehe le si wɔe be Hebri Ŋɔŋlɔawo me sidzedze nyui su esi eye wòbi le nuƒoƒo me. Afisi Apolo se Yesu ŋu nya le nyanya sesẽ. Agbalẽnyala F. F. Bruce gblɔ be: “Anye mɔzɔlae wònye—ɖewohĩ asitsala tsatsalae, eye anye be edo go Kristotɔ gbeƒãɖelawo le teƒe geɖe siwo wòde la dometɔ ɖeka.” Aleke wòdzɔe o, togbɔ be eƒo nu hefia nu le Yesu ŋu pɛpɛpɛ hã la, edze abe woɖi ɖase nɛ do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ene, elabena ‘Yohanes ƒe nyɔnyrɔnana amewo, ko wònya.’

Yohanes Amenyrɔɖetsimela, amesi do ŋgɔ na Yesu la, ɖi ɖase na Israel-dukɔ bliboa ŋusẽtɔe eye wòna nyɔnyrɔ wo dometɔ geɖe wònye dzimetɔtrɔ ƒe dzesi. (Marko 1:5; Luka 3:15, 16) Ŋutinyaŋlɔla geɖe gblɔ be, le Yudatɔ siwo nɔ Roma Fiaɖuƒea me dome la, nusi woɖe gbeƒãe le Yordan to dzi koe ame geɖe ƒe Yesu ŋuti sidzedze se ɖo. W. J. Conybeare kple J. S. Howson gblɔ be: “Afisi woƒe Kristotɔnyenye se ɖo le mía Aƒetɔ ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi la, afima koe wògase. Womese Kristo ƒe ku gɔme bliboe o; anɔ eme be womenya nu le Eƒe tsitretsitsi gɔ̃ hã ŋu o.” Edze abe Apolo menya nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔɖi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi hã ŋu o ene. Ke hã la, nyateƒenya aɖewo su esi le Yesu ŋuti, eye memiã nu ɖe wo dzi o. Le nyateƒe me la, edi mɔnukpɔkpɔwo tsɔ ƒo nu le nusiwo wònya ŋu vɔvɔ̃manɔmee. Gake eƒe veviedodonu kple dzonɔameme mesɔ kple sidzedze vavãtɔ haɖe o.

Dzo Nɔ Eme Gake Ebɔbɔ Eɖokui

Luka ƒe nuŋlɔɖia yi edzi be: “Esi Akwila kple Priskila woɖo toe la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe mɔ gɔme fiae kɔte wu tsãtɔ.” (Dɔwɔwɔwo 18:26) Anye be Akwila kple Priskila kpɔe be Apolo ƒe xɔse sɔ kple yewo tɔ le nu geɖe me, gake nunyatɔe la, womedze agbagba be yewoaɖɔ eƒe gɔmesese si mede blibo o la ɖo le dutoƒo o. Ðewohĩ míatsɔe be woɖo dze geɖe kple Apolo kple susu be yewoakpe ɖe eŋu. Aleke Apolo, amesi ‘sẽa ŋu le Ŋɔŋlɔawo me’ la wɔ nui? (Dɔwɔwɔwo 18:24) Nusianu ɖee fia be Apolo nɔ gbeƒã ɖem eƒe gbedasi si mede keŋkeŋ o la le dutoƒo ɣeyiɣi aɖe hafi va do go Akwila kple Priskila. Ne dadalae la, anye ne agbe bɔbɔe be woagaɖɔ ye ɖo o, gake Apolo bɔbɔ eɖokui eye dzi dzɔe be yeƒe sidzedze te ŋu de keŋkeŋ.

Apolo ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ma gadze le alesi wòlɔ̃ xɔ kafukafugbalẽ tso Efeso nɔviwo gbɔ yi na hame si nɔ Korinto me. Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Esi wòle didim be, yeayi Axaya la, nɔviawo de dzi ƒo nɛ, eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo be, woaxɔe.” (Dɔwɔwɔwo 18:27; 19:1) Apolo megblɔ be woaxa ɖe yeƒe dzedze ta axɔ ye o, ke boŋ ezɔ ɖe ɖoɖo si Kristo-hamea wɔ dzi ɖokuibɔbɔtɔe.

Le Korinto

Nusiwo do tso Apolo ƒe subɔsubɔdɔa me le Korinto gbã la nyo ŋutɔ. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gblɔ be: “Esi wòva afima la, ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me; elabena etsɔ ŋusẽ ɖu Yudatɔwo dzi, eye wòfia to ŋɔŋlɔ la me le ablɔ me bena, Yesu ye nye Kristo la.”—Dɔwɔwɔwo 18:27, 28.

Apolo subɔ hame la, eye etsɔ eƒe dzadzraɖo kple dzonɔameme de dzi ƒo na hame lae. Nukae na wòkpɔ dzidzedze? Nyateƒee, dzɔdzɔmeŋutete nɔ Apolo si eye dzi nɔ eƒo be wòte ŋu ʋli nya kple Yudatɔwo le dutoƒo. Gake vevietɔ wu la, ede ŋugble kpli wo tso Ŋɔŋlɔawo me.

Togbɔ be Apolo ƒe nu wɔ dɔ ɖe amewo dzi le Korinto hã la, nublanuitɔe la, eƒe gbeƒãɖeɖe va gblẽ nu si womenɔ mɔ kpɔm na o. Le mɔ ka nu? Paulo kple Apolo siaa wɔ dɔ geɖe le Fiaɖuƒenyateƒea ƒe nuku ƒaƒã ɖe Korinto kple tsidedee me. Paulo ɖe gbeƒã le afima le ƒe 50 M.Ŋ. me lɔƒo, anye ƒe eve megbe hafi Apolo va. Kaka Paulo naŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ na Korintotɔwo le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo la, mamã ɖo wo dome. Ame aɖewo be Apoloe nye yewo kplɔla, bubuwo hã be Paulo alo Petroe alo be Kristo ɖeka koe nye yewo kplɔla. (Korintotɔwo I, 1:10-12) Wo dometɔ aɖewo nɔ gbɔgblɔm be: “Apolo tɔ menye!” Nukatae?

Gbedasi ɖeka koe Paulo kple Apolo ɖe gbeƒãe, gake amenyenye vovovoe le wo si. Paulo ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be ‘yemebi ɖe nuƒoƒo me o’; gake Apolo ya “nya nuƒoƒo.” (Korintotɔwo II, 10:10; 11:6) Ŋutetewo nɔ esi si na Yudatɔ aɖewo ɖo toe le Korinto. Ete ŋu ‘ɖee fia be Yudatɔwo ƒe nya mesɔ o,’ evɔ mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi Paulo ya dzo le ƒuƒoƒea o.—Dɔwɔwɔwo 18:1, 4-6.

Ðe wòanye esia tae ame aɖewo ku ɖe Apolo ŋu ɖoa? Nyameɖela geɖe susui be ɖewohĩ alesi xexemenunya me dzodzro vivia Helatɔwo nui lae na Apolo ƒe nuƒoƒo si ʋãa ame wu la lé dzi na ame aɖewo. Giuseppe Ricciotti doe ɖa be “alesi [Apolo] trɔa asi le eƒe nuƒoƒo ŋui kple eƒe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ na ame geɖe lɔ̃ eƒe nya wu Paulo, amesi mebi ɖe nuƒoƒo me nyuie o la, tɔ.” Ne le nyateƒe me, ame aɖewo ɖe mɔ vodadatɔe woƒe didi sia de mamã nɔviawo dome la, ke anɔ bɔbɔe be míase nusita Paulo he nya ɖe “nunyalawo ƒe nunya” kafukafu ŋu vevie la gɔme.—Korintotɔwo I, 1:17-25.

Gake nyaheɖeameŋu sia mefia be dzre nɔ Paulo kple Apolo dome o. Togbɔ be ame aɖewo tsɔe be gbeƒãɖela eve siawo nye adikãtɔ vevi siwo nɔ agbagba dzem be yewoƒe nu nalé dzi na Korintotɔwo hã la, Ŋɔŋlɔawo megblɔ nya aɖeke nenema o. Le esi teƒe be Apolo nadze agbagba be yeanɔ hatsotso ɖeka nu la, edzo le Korinto hetrɔ yi Efeso, eye wònɔ Paulo gbɔ esime wòŋlɔ lɛta gbãtɔ ɖo ɖe hame si me mã la.

Masɔmasɔ alo hoʋiʋli aɖeke menɔ wo dome o; ke boŋ edze ƒã be wo ame evea woka ɖe wo nɔewo dzi eye wowɔ ɖeka nɔ kuxiawo gbɔ kpɔm le Korinto. Ðewohĩ ɖikeke nɔ Paulo me ɖe ame aɖewo ŋu le Korinto gake menye ɖe Apolo ŋu kura o. Ŋutsu eveawo ƒe dɔwɔwɔ zɔ aduadu bliboe; woƒe nufiafiawo sɔ kple wo nɔewo. Míayɔ nya siwo Paulo ŋutɔ gblɔ be: “Nye la medo nu, eye Apolo de tsii,” nusitae nye be “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” wo katã wonye.—Korintotɔwo I, 3:6, 9, 21-23.

Korintotɔwo de bubu Apolo ŋu abe alesi Paulo dee eŋu ene, eye wodi vevie be wòagava yewo gbɔ. Gake esi Paulo gblɔ na Apolo be wòatrɔ ayi Korinto la, Aleksandriatɔ la gbe. Paulo gblɔ be: “Le nɔvi Apolo ŋuti la, meɖe kuku nɛ ŋutɔ bena, eya . . . nayi mia gbɔ, eye menye eƒe lɔlɔ̃nu kura be, yeava mia gbɔ fifi o, ke ne ekpɔ asinu nyui la, ava.” (Korintotɔwo I, 16:12) Ðewohĩ Apolo medi be yeagayi o le vɔvɔ̃ be yeagava de mamã wo dome ta, alo ɖeko eƒe ŋku biã ɖe dɔ ŋu le teƒe bubu.

Zi mamlɛtɔ si woyɔ Apolo ŋkɔ le Ŋɔŋlɔawo me la, enɔ mɔdzi yina Kreta kple ɖewohĩ egodo. Paulo gade bubu tɔxɛ aɖe exɔlɔ̃ kple dɔwɔhatia ŋu esi wògblɔ na Tito be wòatsɔ nusianu si Apolo kple eƒe zɔhɛ Zena ahiã le mɔ dzi la ado mɔ woe. (Tito 3:13) Ɣemaɣi esi Apolo xɔ Kristotɔwo ƒe hehe anye ƒe ewo megbe la, ewɔ ŋgɔyiyi geɖe va zu hamea teƒenɔla mɔzɔla.

Mawu me Nɔnɔme Siwo Nana Wotsina le Gbɔgbɔ Me

Aleksandriatɔ gbeƒãɖela la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na nyanyuigbeƒãɖela siwo katã li egbea, eye le nyateƒe me la, na amesiwo katã di be yewoayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Ðewohĩ míanya nuƒoƒo nyuie abe eya ene o, gake míate ŋu adze agbagba asrɔ̃ eƒe sidzedze kple ŋutete le Ŋɔŋlɔawo zazã me, ale be míakpe ɖe amesiwo le nyateƒea dim le anukware me ŋu. Apolo to eƒe dɔwɔwɔ dzonɔamemetɔe me “[kpe] ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe.” (Dɔwɔwɔwo 18:27) Apolo bɔbɔ eɖokui, etsɔ eɖokui na, eye elɔ̃ faa subɔ ame bubuwo. Enya nyuie be hoʋiʋli alo didi be woaxɔ ŋkɔ mele Kristo-hamea me o elabena “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” mí katã míenye.—Korintotɔwo I, 3:4-9; Luka 17:10.

Míate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me abe Apolo ene. Ðe míedi be míawɔ míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea wòanyo wu alo míakekee ɖe enu, míatsɔ mía ɖokui ana be Yehowa kple eƒe habɔbɔa nazã mí geɖe wua? Ema ana míanye Kristotɔwo ƒe nyateƒea srɔ̃lawo kple eƒe gbeƒãɖela veviedonulawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe