-
“Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Le Mawu Me”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | December
-
-
15. Nu ka tae woyɔ Yesu be “kutsetse gbãtɔ” ɖo?
15 Yesu ye nye ame gbãtɔ si wofɔ wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ yi dziƒo, eye eƒe tsitretsitsia ye nye vevitɔ wu. (Dɔw. 26:23) Gake menye eya ɖeka koe nye ame si wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo o. Yesu do ŋugbe na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be woaɖu fia kpli ye le dziƒo. (Luka 22:28-30) Gake woƒe ku megbe ko hafi fetu sia asu wo si. Ekema abe ale si wònɔ le Kristo gome ene la, woafɔ woawo hã kple gbɔgbɔŋutilã. Paulo ŋlɔ bena, “wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònye ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ.” Paulo na eme kɔ be woafɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre woayi dziƒo esi wògblɔ be: “Ame sia ame le eƒe ɖoɖo nu: Kristoe nye kutsetse gbãtɔ, emegbe la, ame siwo nye Kristo la tɔ le eƒe anyinɔɣi la.”—1 Kor. 15:20, 23.
16. Aleke Ŋɔŋlɔawo na míenya ɣeyiɣi si me lɔƒo wote amewo fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo?
16 Paulo ƒe nyawo na míenya ɣeyiɣi si me lɔƒo amewo fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo dze egɔme. Kristo ƒe “anyinɔɣi la” mee. Tso ɣeaɖeɣi kee Yehowa Ðasefowo tsɔ Biblia ɖo kpe edzi be Yesu ƒe “anyinɔɣi la” dze egɔme tso ƒe 1914 me. Míegakpɔtɔ le eƒe “anyinɔɣi” la me, eye nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu gogo ŋutɔ.
17, 18. Nu kae adzɔ ɖe amesiamina aɖewo dzi le Kristo ƒe anyinɔɣi la me?
17 Biblia gana numekɔkɔ bubuwo tso tsitretsitsi yi dziƒo ƒe nyaa ŋu ale: “Míedi be ame siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la ŋu nya nanɔ manyamanya na mi o . . . Ne míexɔe se be Yesu ku, eye wògafɔ vavã la, ekema Mawu akplɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me le Yesu me la ayi kpakplii . . . Mí ame siwo le agbe yi ɖase Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi la, míado ŋgɔ na ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la le mɔ aɖeke nu o; elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ gbeɖeɖe sesẽ . . . aɖi tso dziƒo, eye ame siwo ku le Kristo me la atsi tsitre gbã. Emegbe la, woakɔ mí ame susɔe siwo le agbe la le alilikpowo me ayi aɖakpe Aƒetɔ la le yame ahawɔ ɖeka kpli wo; eye ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ ɖaa.”—1 Tes. 4:13-17.
18 Amewo fɔfɔ yi dziƒo dze egɔme ɣeaɖeɣi le Kristo ƒe “anyinɔɣi la” me. Ɣeaɖeɣi le xaxa gã la me la, “woakɔ” amesiamina siwo gale agbe la “le alilikpowo me.” (Mat. 24:31) Le ame siwo “woakɔ” alea gome la, ‘womadɔ alɔ̃ le ku me o,’ si fia be ne woku la, womanɔ nɔnɔme ma me eteƒe nadidi o. Ke boŋ, ‘woatrɔ wo katã woƒe nɔnɔme enumake, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlɛa me.’—1 Kor. 15:51, 52.
-
-
“Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Le Mawu Me”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | December
-
-
20. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be tsitretsitsi si le ŋgɔ la anɔ ɖoɖo nu?
20 Biblia gblɔ tso amewo fɔfɔ yi dziƒo ŋu be woafɔ “ame sia ame le eƒe ɖoɖo nu.” (1 Kor. 15:23) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be amewo fɔfɔ be woava nɔ agbe le anyigba dzi hã anɔ ɖoɖo nu. Ke hã, biabiawo abe esiawo ene ate ŋu afɔ ɖe te: Ame siwo ku le míaƒe ŋkekeawo mee woafɔ ɖe tsitre gbã le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ale be woƒe ame lɔlɔ̃wo, siwo dze si wo la naxɔ wo atuua? Ðe woafɔ blematɔ wɔnuteƒe siwo si ŋgɔxɔxɔ na amewo ƒe ŋutete le la kaba wu, ale be woakpe asi ɖe Mawu ƒe amewo kpɔkplɔ ŋu le xexe yeyea mea? Ke ame siwo mesubɔ Yehowa kpɔ o ya ɖe? Ɣekaɣie woafɔ wo, eye afi kae woava nɔ? Ɛ̃, nya geɖe li míate ŋu abia. Gake ɖe wòhiã be míatsi dzi ɖe biabia mawo ŋu fifia? Ðe manyo wu be míalala akpɔ Yehowa sinu oa? Míeka ɖe edzi be dzidzɔ bliboe wòanye be míakpɔ ale si Yehowa ŋutɔ akpɔ nya mawo gbɔe.
-