Ta 41
Mawu ƒe Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke La—Emetsonu Dodzidzɔnameawo!
Ŋutega 15—Nyaɖeɖefia 20:11–21:8
Nyati: Ameƒomea katã ƒe tsitretsitsi, Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la, kple dziƒo yeye la kple anyigba yeye la ƒe yayrawo
Emevaɣi: Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me
1. (a) Nukae ameƒomea bú esime Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃? (b) Mawu ƒe tameɖoɖo kae metrɔ o, eye aleke míewɔ nya?
ABE amegbetɔwo ene la, ɖe wowɔ mí be míanɔ agbe tegbee. Ne ɖe Adam kple Xawa wowɔ Mawu ƒe seawo dzi la, anye ne womaku akpɔ gbeɖe o. (Mose I, 1:28; 2:8, 16, 17; Nyagblɔla 3:10, 11) Gake esi wowɔ nuvɔ̃ la, wobú blibodede kple agbe na woa ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo siaa, eye ku va ɖu fia ɖe ameƒomea dzi abe futɔ si nu metia kɔ na o ene. (Romatɔwo 5:12, 14; Korintotɔwo I, 15:26) Ke hã la, Mawu ƒe tameɖoɖo be amegbetɔ deblibowo nanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi la metrɔ o. Alesi gbegbe wòlɔ̃ ameƒomeae ta la, edɔ eƒe Tenuvi Yesu ɖe anyigba dzi, amesi tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo na tafee ɖe Adam ƒe dzidzimevi “geɖewo” ta. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Yesu ate ŋu azã eƒe vɔsa sia si le se nu la be wòagana agbe deblibo amesiwo nye xɔsetɔwo la le paradisonyigba dzi. (Petro I, 3:18; Yohanes I, 2:2) Nusi wɔ nuku si ta ameƒomea ‘atso aseye eye woakpɔ dzidzɔ’ ɖo kae nye si!—Yesaya 25:8, 9.
2. Nya ka tae Yohanes ka na mí le Nyaɖeɖefia 20:11 me, eye nukae nye “fiazikpui ɣi gã” la?
2 Esi wode Satana aʋli me la, Yesu ƒe ŋutikɔkɔe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dze egɔme. ‘Ŋkeke’ si dzi Mawu ‘ɖo be yeadrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye me to ŋutsu aɖe si wòtia dzi’ la ɖo azɔ. (Dɔwɔwɔwo 17:31; Petro II, 3:8) Yohanes gblɔ be: “Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒe aɖeke na wo o.” (Nyaɖeɖefia 20:11) Nukae nye “fiazikpui ɣi gã” sia? Mate ŋu anye zikpui bubu aɖeke wu ‘Mawu si nye amewo katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la’ la ƒe fiazikpui o. (Hebritɔwo 12:23) Ele ʋɔnu drɔ̃ ge ameƒomea azɔ le amesiwo dze be Yesu ƒe tafevɔsa la naɖe vi na wo la ŋu.—Marko 10:45.
3. (a) Nukae nyateƒe si wònye be wogblɔ be Mawu ƒe fiazikpui la ‘lolo eye wòle ɣie’ la fia asii? (b) Amekae adrɔ̃ ʋɔnua le Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi, eye nuka dzie wòanɔ te ɖo adrɔ̃e?
3 Mawu ƒe fiazikpui la nye “gã,” esi le gbe tem ɖe eƒe gãnyenye abe Aƒetɔ Dziɖulagã ene la dzi, eye ele ‘ɣie,’ esi he míaƒe susu yi eƒe dzɔdzɔenyenye deblibo la dzi. Eyae nye ameƒomea ƒe Ʋɔnudrɔ̃la si ƒo ɖesiaɖe ta. (Psalmo 19:8-12; Yesaya 33:22; 51:5, 8) Gake etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a de asi na Yesu Kristo: “Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via.” (Yohanes 5:22) Yesu ƒe hatidziɖula 144,000, amesiwo “wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na . . . ƒe akpe ɖeka” la akpe ɖe eŋu. (Nyaɖeɖefia 20:4) Togbɔ be ele nenema hã la, Yehowa ƒe dzidzenuwo dzie woanɔ te ɖo atso nya me le nusi woawɔ na amesiame le Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea me ŋuti.
4. Aleke wòle be míase ‘anyigba kple dziƒo ƒe sisi’ gɔmee?
4 Aleke ‘anyigba kple dziƒo sie?’ Dziƒo sia kee si esime woʋu nutrenu adelia—eyae nye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo “woda ɖi hena dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.” (Nyaɖeɖefia 6:14; Petro II, 3:7) Anyigba lae nye nuɖoanyi si woɖo si le fiaɖuɖu sia te. (Nyaɖeɖefia 8:7) Lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo hekpe ɖe amesiwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba ŋu la tsɔtsrɔ̃ anye dziƒo kple anyigba sia ƒe sisi. (Nyaɖeɖefia 19:19-21) Esi wodrɔ̃ ʋɔnu Satana ƒe dziƒo kple anyigba la vɔ la, Ʋɔnudrɔ̃la Gã la ɖe gbe hena Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke bubu ƒe gɔmedzedze.
Ƒe Akpe Ðeka ƒe Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke La
5. Ne tsã anyigba kple tsã dziƒo si dzo la, amekawoe asusɔ be woadrɔ̃ ʋɔnu wo?
5 Amekawoe asusɔ be woadrɔ̃ ʋɔnu wo le tsã dziƒo kple anyigba la ƒe sisi megbe? Menye amesiamina 144,000 la dometɔ susɔeawoe o, elabena wodrɔ̃ ʋɔnu wo hetre wo nu xoxo. Wo dometɔ siwo aganɔ anyigba dzi le Harmagedon-ʋa megbe la aku kaba ahaxɔ woƒe dziƒofetu la to tsitretsitsi dzi. (Petro I, 4:17; Nyaɖeɖefia 7:2-4) Gake ameha gã la ƒe ame miliɔn geɖe siwo tso xaxa gã la fifia tsi tre ɖe “fiazikpui la ŋku me” gaglã. Wobu dzɔdzɔenyenye na amesiawo hena agbetsitsi xoxo le alesi woɖe xɔse fia ɖe Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi me la ta, gake ele be ʋɔnu dɔdrɔ̃ wo nayi edzi le ƒe akpe ɖeka la katã me esime Yesu yi edzi le mɔ fiam wo yi “agbetsi dzidziwo” gbɔe. Emegbe esi wona woɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ azɔ eye wodo wo kpɔ emegbe la, woabu wo ame dzɔdzɔewoe le nya la ƒe gɔmesese blibo nu. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; 14, 17) Nenema ke wòahiã be woadrɔ̃ ʋɔnu ɖevi siwo tsi agbe le xaxa gã la me kple ɖevi siwo katã ameha gã la adzi le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la hãe.—Tsɔe sɔ kple Mose I, 1:28; 9:7; Korintotɔwo I, 7:14.
6. (a) Ameha gã kae Yohanes kpɔ, eye nukae nya siwo nye “ame tsitsiwo kple ɖeviwo” fia? (b) Aleke woafɔ ame miliɔn gbogbo siwo le ŋku dzi na Mawu la ɖe tsitre ɖikekemanɔmee?
6 Gake Yohanes kpɔ ameha gbogbo aɖe si lolo sãa wu ameha gã si tsi agbe la. Woade miliɔn akpe geɖewo! “Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo.” (Nyaɖeɖefia 20:12a) “Ame tsitsiwo kple ɖeviwo” lɔ ame ŋkutawo kple amesiwo meɖe dzesi tututu o siwo nɔ anyigba dzi kpɔ hafi ku le ƒe 6,000 siwo va yi la me ɖe eme. Le Nyanyuia si apostolo Yohanes ŋlɔ eteƒe medidi boo hafi wòŋlɔ Nyaɖeɖefia la o ŋɔŋlɔ megbe la, Yesu gblɔ tso Fofo la ŋu be: “Eye wona ŋusẽe [Yesu], be wòadrɔ̃ ʋɔnu hã, elabena Amegbetɔvi wònye. Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:27-29) Dɔ wɔnuku kae nye si—be woaɖe ku kpakple ameɖiɖi ɖa le ŋutinya katã me! Ðikekemanɔmee la, woafɔ ame miliɔn gbogbo mawo siwo le ŋku dzi na Mawu la ʋeʋeʋe ale be ameha gã la—si le ʋee ŋutɔ ne wotsɔ wo sɔ kple amesiawo—la nate ŋu akpɔ kuxi siwo ado mo ɖa gbɔ, le esi ame mawo siwo wofɔ ɖe tsitre la adi gbã be yewoanɔ agbe ɖe yewoƒe tsã agbenɔnɔ nu, hekpe ɖe ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔwo kpakple nɔnɔmewo ŋu la ta.
Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre Ahadrɔ̃ Ʋɔnu Wo?
7, 8. (a) Agbalẽ xatsaxatsa kae woʋu, eye nukae yi edzi emegbe? (b) Amekawoe tsitretsitsi aɖeke manɔ anyi na o?
7 Yohanes gblɔ kpee be: “Eye woʋu agbalẽ bubu aɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.” (Nyaɖeɖefia 20:12b, 13) Esia nye nukpɔkpɔ ʋãme aɖe vavã! ‘Atsiaƒu, ku, kple tsiẽƒe (Hades),’ wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ akpa aɖe, gake de dzesii be nya siawo mefia nu ɖeka ma ke o.a Esime Yona nɔ tɔmelã la ƒe dɔme eye esia ta wònɔ atsiaƒu titina la, egblɔ be yele Sheol, alo Hades si nye tsiẽƒe. (Yona 2:3) Ne Adam ƒe ku la lé ame aɖe gatɔe la, ekema anɔ eme be ɖewohĩ eya hã le Hades. Nyagblɔɖinya siawo na kakaɖedzi sẽŋu mí be womaŋe aɖaba aƒu ame aɖeke dzi o.
8 Gake womafɔ ame xexlẽme aɖe si nu mele nyanya na mí o la ɖe tsitre o. Agbalẽfiala kple Farisitɔ matrɔdzime siwo gbe Yesu kple eƒe apostoloawo, subɔsubɔha ƒe ‘sedzimawɔla’ la kple Kristotɔ amesiamina siwo ‘gade megbe’ la le amesiawo dome. (Tesalonikatɔwo II, 2:3; Hebritɔwo 6:4-6; Mateo 23:29-33) Yesu ƒo nu tso amesiwo le abe gbɔ̃wo ene siwo ayi “dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo me” esi nye ‘tsɔtsrɔ̃ mavɔ’ le xexeame ƒe nuwuwu me la hã ŋu. (Mateo 25:41, 46) Tsitretsitsi aɖeke meli na amesiawo o!
9. Aleke apostolo Paulo ɖee fia be woave ame aɖewo nu etɔxɛe le tsitretsitsia me, eye amekawoe amesiawo anye?
9 Gake woave ame aɖewo nu etɔxɛ le tsitretsitsia me. Apostolo Paulo fia asi esia esi wògblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ, . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Le amesiwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi gome la, “ame dzɔdzɔewo” anye ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo nɔ anyi le blema me—abe Abraham, Raxab, kple ame bubu geɖe—siwo wobu dzɔdzɔenyenye na le Mawu-xɔlɔ̃ nyenye gome ene la. (Yakobo 2:21, 23, 25) Ame dzɔdzɔe siwo nye alẽ bubuawo, siwo ku le nuteƒewɔwɔ me na Yehowa le míaƒe ɣeyiɣia me hã le ƒuƒoƒo sia ke me. Ate ŋu ava eme be woafɔ nuteƒewɔla siawo katã ɖe tsitre le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze me. (Hiob 14:13-15; 27:5; Daniel 12:13; Hebritɔwo 11:35, 39, 40) Ðikekemanɔmee la, woade dɔ tɔxɛ asi na ame dzɔdzɔe siawo siwo wofɔ ɖe tsitre la dometɔ geɖe be woakpɔ dɔ gã si nye Paradisoa gbugbɔgaɖoanyi la dzi.—Psalmo 45:17; tsɔe sɔ kple Yesaya 32:1, 16-18; 61:5; 65:21-23.
10. Amekawoe anye “ame madzɔmadzɔwo” le amesiwo woafɔ la dome?
10 Gake amekawoe nye ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo woyɔ le Dɔwɔwɔwo 24:15 me la? Esia anye ameƒomea me tɔ siwo nye ameha gbogbo aɖe siwo ku le ŋutinya katã me, vevietɔ amesiwo nɔ anyi le ‘ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o’ la me. (Dɔwɔwɔwo 17:30) Le afisi wodzi wo le alo ɣeyiɣi si me wonɔ agbe le ta la, mɔnukpɔkpɔ mesu wo si be woasrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ahawɔ edzi o. Hekpe ɖe ema ŋu la, ame aɖewo anɔ anyi siwo anya se xɔxɔgbedasia gake wometso ɖe eŋu bliboe ɣemaɣi o alo woku do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe ahaxɔ nyɔnyrɔ̃ la. Le tsitretsitsia me la, ahiã be amesiawo nawɔ tɔtrɔ le woƒe tamebubu kple agbenɔnɔ me ne wodi be agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia naɖe vi na yewo.
Agbegbalẽ La
11. (a) Nukae nye ‘agbegbalẽ’ la, eye amekawo ƒe ŋkɔe woŋlɔ ɖe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sia me? (b) Nukatae woaʋu agbegbalẽ la le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?
11 Yohanes ƒo nu tso ‘agbegbalẽ’ ŋu. Esiae nye amesiwo dze hena agbe mavɔ ƒe nunana xɔxɔ tso Yehowa gbɔ la ŋuti nuŋlɔɖi. Amesiamina siwo nye Yesu nɔviwo, ameha gã la, kple blematɔ anukwaretɔwo abe Mose ene, hã ƒe ŋkɔ le agbalẽ sia me. (Mose II, 32:32, 33, Daniel 12:1; Nyaɖeɖefia 3:5) Vaseɖe afisia la, womeŋlɔ ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo wofɔ ɖe tsitre la dometɔ aɖeke ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me haɖe o. Eyata woaʋu agbegbalẽa le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ale be woaŋlɔ ame bubu siwo dze emegbe la ƒe ŋkɔ ɖe eme. ‘Wotsɔ’ amesiwo ŋkɔ womeŋlɔ ɖe agbalẽa me o la ‘ƒu gbe ɖe dzota la me.’—Nyaɖeɖefia 20:15; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 3:19.
12. Nukae ana woaŋlɔ ame aɖe ŋkɔ ɖe agbegbalẽ si woaʋu la me alo womaŋlɔe ɖi o, eye aleke Ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa tia la ɖo esia ƒe kpɔɖeŋue?
12 Ekema nukae ana woaŋlɔ ame aɖe ŋkɔ ɖe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ si woaʋu ɖi ɣemaɣi la me? Nu vevitɔ anɔ abe alesi wònɔ le Adam kple Xawa ŋɔli ene: eyae nye to ɖoɖo Yehowa. Abe alesi apostolo Yohanes ŋlɔe ɖo ɖe hati Kristotɔ lɔlɔ̃tɔwoe ene la: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:4-7; 17) Le toɖoɖo gome la, Ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa tia la ɖo kpɔɖeŋua da ɖi: “Eye wònye Vi [Yesu nye] hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wòkpe la me; eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe.”—Hebritɔwo 5:8, 9.
Agbalẽ Ŋɔ́ŋlɔ Bubuwo Ʋuʋu
13. Aleke wòle be amesiwo wofɔ ɖe tsitre la naɖe woƒe toɖoɖo afiae, eye gɔmeɖose kawo dzie wòle be woazɔ?
13 Aleke wòle be amesiawo siwo wofɔ ɖe tsitre la naɖe woƒe toɖoɖo afiae? Yesu ŋutɔ tɔ asi sedede gãtɔ eveawo dzi be: “Gbãtɔ enye: Israel, ɖo to, [Yehowa], míaƒe Mawu la, [Yehowa] ɖeka wònye. Eye nalɔ̃ [Yehowa], wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo, esia enye se gbãtɔ. Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” (Marko 12:29-31) Yehowa ƒe gɔmeɖose siwo gɔme woɖo anyi sesĩe, abe esiawo ene—fififi, aʋatsokaka, amewuwu, kple agbegbegblẽnɔnɔ—hã li siwo dzi wòle be woawɔ ɖo.—Timoteo I, 1:8-11; Nyaɖeɖefia 21:8.
14. Agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ bubu kawo hãe woʋu, eye nukae le wo me?
14 Gake Yohanes ƒo nu tso agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ bubu siwo hã woaʋu le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la ŋu. (Nyaɖeɖefia 20:12) Nukae esiawo anye? Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa na mɔfiame tɔxɛwo le nɔnɔme tɔxɛwo me. Le kpɔɖeŋu me, le Mose ŋɔli la, ede se siwo me woɖe tsitotsito siwo fia agbekpɔkpɔ na Israel-viwo ne woɖo to. (Mose V, 4:40; 32:45-47) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wona mɔfiame yeye siwo akpe ɖe nuteƒewɔlawo ŋu be woawɔ ɖe Yehowa ƒe gɔmeɖosewo dzi le Kristotɔwo ƒe nuɖoanyia te. (Mateo 28:19, 20; Yohanes 13:34; 15:9, 10) Yohanes gblɔ azɔ be “wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.” Eyata edze ƒã be agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ siawo ʋuʋu agblɔ Yehowa ƒe nudidiwo na ameƒomea le ƒe akpe ɖeka la me afia tsitotsito. To agbalẽ mawo ƒe ɖoɖo kple sewo ŋudɔ wɔwɔ le woƒe agbe me dzi la, amesiwo nye toɖolawo adidi woƒe ŋkekewo ɖe edzi vaseɖe esime agbe mavɔ nasu wo si mlɔeba.
15. Hehexɔɖoɖo kae ahiã le tsitretsitsia me, eye ɖoɖo ka nue tsitretsitsia ayi edzi le?
15 Teokrasi ƒe hehenana si akeke ta ŋutɔ ka gbegbe nye si ahiã ɣemaɣi! Le ƒe 1990 me la, Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wu 3,600,000 wɔm le mamã dedie nu le teƒe vovovowo. Gake le tsitretsitsia me la, ɖikeke mele eme o be woatsɔ Biblia kple agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ yeyeawo awɔ nusɔsrɔ̃ miliɔn gbogbo siwo ƒe xexlẽme míenya o lae! Ahiã be Mawu ƒe amewo katã nazu nufialawo eye be woadze agbagba vevie. Ðikekemanɔmee la, ne amesiwo wofɔ ɖe tsitre la le ŋgɔyiyi kpɔm la, woawo hã akpɔ gome le nufiafiadɔ gã sia me. Anɔ eme be tsitretsitsia ayi edzi le ɖoɖo nu ale gbegbe be ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo xɔxɔ kple nu fiafia wo ƒe dzidzɔ la asu amesiwo le agbe la si, eye amesiawo hã axɔ ame bubuwo ahafia nu wo. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:19-28, 58.) Yehowa Ðasefo siwo sɔ gbɔ wu miliɔn ene siwo doa vevie nu le nyateƒea kaka me egbea la le gɔmeɖokpe nyui ɖom ɖi hena mɔnukpɔkpɔ siwo wole mɔ kpɔm be yewoaxɔ le tsitretsitsia me la.—Yesaya 50:4; 54:13.
16. (a) Amekawo ŋkɔe womaŋlɔ ɖe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la, alo agbegbalẽa me o? (b) Amekawo ƒe tsitretsitsie anye “agbe” tɔ?
16 Ku ɖe anyigbadzinɔnɔ ƒe tsitretsitsia ŋu la, Yohanes gblɔ be ‘amesiwo wɔ nu nyuiwo la ado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.’ Le afisia woyɔ “agbe” kple “ʋɔnudɔdrɔ̃” wonye nusiwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu, eye wòɖee fia be wodrɔ̃ ʋɔnu amesiwo “wɔ nu vlowo” le esi wofia Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me kple agbalẽ ŋɔ́ŋlɔwo woamawo vɔ megbe la be womedze na agbe nɔnɔ o. Womaŋlɔ wo ŋkɔ ɖe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la, alo agbegbalẽa me o. (Yohanes 5:29) Alea ke wòanɔ na amesiwo wɔ nuteƒe kpɔ gake le susu aɖewo ta wogbugbɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la hã. Woate ŋu atutu ŋkɔwo ɖa. (Mose II, 32:32, 33) Gake amesiwo tsɔ toɖoɖo zɔ ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔwo me nu la ƒe ŋkɔ atsi agbegbalẽa me, eye woayi edzi anɔ agbe. Le woawo gome la, tsitretsitsia anye “agbe” tɔ na wo.
Ku Kple Hades ƒe Nuwuwu
17. (a) Dɔ wɔnuku ka ŋue Yohanes ƒo nu le? (b) Ɣekaɣie Hades aɖi gbɔlo? (d) Ɣekaɣie woatsɔ Adam ƒe ku la ‘aƒu gbe ɖe dzota me’?
17 Yohanes yi edzi ƒo nu tso nane si wɔ nuku nyateƒe la ŋu! “Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia. Eye ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.” (Nyaɖeɖefia 20:14, 15) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ƒe nuwuwu me la, woɖe “ku kple tsiẽƒe (Hades)” ɖa keŋkeŋ. Nukatae esia xɔ ƒe akpe ɖeka hafi? Hades si nye ameƒomea katã ƒe yɔdo aɖi gbɔlo esime wofɔ ame mamletɔ si le Mawu ƒe susu me la ɖe tsitre. Gake zi alesi nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi la gale ame aɖewo ŋu kokoko la, Adam ƒe ku la gakpɔtɔ le wo ŋu. Ahiã na amesiwo katã wofɔ ɖe tsitre le anyigba dzi, kple ameha gã si tsi agbe le Harmagedon me la be woawɔ ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔwo me la dzi vaseɖe esime wozã Yesu ƒe vɔsa la ƒe asixɔxɔ la le dɔléle, tsitsi, kple gbɔdzɔgbɔdzɔ bubu siwo ƒe dome míenyi la ɖeɖeɖa keŋkeŋ me. Ekema woatsɔ Adam ƒe ku kpakple Hades ‘aƒu gbe ɖe dzota la me.’ Wo nu ayi tso mavɔ me yi mavɔ me!
18. (a) Aleke apostolo Paulo ƒo nu tso dzidzedze si Yesu kpɔ le eƒe fiaɖuɖua me la ŋue? (b) Nukae Yesu awɔ kple ameƒome deblibo la? (d) Nu bubu kawo hãe yi edzi le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu?
18 Le mɔ sia nu la, ɖoɖowɔɖi si ŋu apostolo Paulo ƒo nu le le eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la ava eƒe nuwuwu keŋkeŋ: “Elabena ele [na Yesu] be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye [Adam ƒe] ku.” Nukae adzɔ emegbe? “Ke ne wotsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te la, ekema Vi la hã atsɔ eɖokui ade amesi tsɔ nuwo katã de ete la te.” Ne míagblɔe bubui la, Yesu ‘atsɔ fiaɖuƒe la ade asi na eƒe Mawu kple Fofoa.’ (Korintotɔwo I, 15:24-28) Ẽ, esi Yesu to eƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ dzi ɖu Adam ƒe ku dzi la, atsɔ ameƒome deblibo la ade asi na Yehowa, Fofoa. Edze ƒã be ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu afisiae woɖe asi le Satana ŋu eye wowɔ dodokpɔ mamlea be woatsɔ aɖo kpe amesiwo ŋkɔ atsi agbegbalẽ la me ɖaa tegbee la dzi. ‘Ʋli sesĩe’ be ŋkɔwò nanɔ wo dome!—Luka 13:24; Nyaɖeɖefia 20:5.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Amesiwo woafɔ ɖe tsitre tso atsiaƒu me la malɔ anyigbadzinɔla gblẽku siwo tsrɔ̃ le Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa me la ɖe eme o; tsɔtsrɔ̃ ma nye tsɔtsrɔ̃ gbidii, abe alesi Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe vɛ le xaxa gã la me anɔ ene.—Mateo 25:41, 46; Petro II, 3:5-7.
[Nɔnɔmetata si le axa 298]
‘Ame madzɔmadzɔ’ siwo awɔ ɖe nusiwo le agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ siwo woʋu le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me dzi la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me hã