INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Aleke Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre?”
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020 | December
    • 3. Abe ale si 1 Korintotɔwo 15:30-32 gblɔe enea, nu kae ale si Paulo xɔ tsitretsitsia dzi se la kpe ɖe eŋu wòwɔ?

      3 Ale si Paulo xɔ tsitretsitsia dzi sea kpe ɖe eŋu wòdo dzi le nɔnɔme sesẽ vovovowo me. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:30-32.) Paulo gblɔ na Korintotɔwo be: “Medzea ŋgɔ ku gbe sia gbe.” Egagblɔ hã be: “Mewɔ avu kple lã wɔadãwo le Efeso.” Ðewohĩ ele nu ƒom tso ale si wòwɔ avu kple lãwo ŋutɔŋutɔ, le fefewɔƒe aɖe le Efeso la ŋu. (2 Kor. 1:8; 4:10; 11:23) Alo ɖewohĩ ele nu ƒom tso Yudatɔwo kple ame bubu siwo tsi tsitre ɖe eŋu siwo le abe ‘lã wɔadãwo’ ene la ŋu. (Dɔw. 19:26-34; 1 Kor. 16:9) Aleke kee wòɖale o, Paulo ƒe agbe ɖo afɔku me. Ke hã, eka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖe ava su ye si.—2 Kor. 4:16-18.

  • “Aleke Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre?”
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020 | December
    • 5. Susu totro kawoe ate ŋu awɔe be míaxɔ tsitretsitsia dzi ase o?

      5 Susu si nɔ ame aɖewo si ye nye: “Ne womafɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, ekema ‘mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.’” Gake Paulo xlɔ̃ nu nɔviawo tso susu gbegblẽ ma ŋu. Susu totro ma nɔ amewo si tso ɣeaɖeɣi ke. Paulo anya yɔ eƒe nyawo tso Yesaya 22:13. Nɔnɔme mae Israel-viwo ɖe fia. Le esi woate ɖe Mawu ŋu teƒea, wotsi dzi ɖe agbeɖuɖu ŋu. Kpuie ko la, Israel-viwo ƒe agbea katã koe nye be, “maɖu-maku,” eye nɔnɔme sia bɔ egbea ŋutɔ. Ke hã, Biblia gblɔ be afi si agbe ma kplɔ Israel-viwo vae do go ɖo la menyo kura o.—2 Kron. 36:15-20.

      6. Aleke wòle be tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nakpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo míedea ha kplii la dzi?

      6 Eme kɔ be, esi Yehowa ate ŋu afɔ ame siwo ku la ɖe tsitre ta la, ele be ema nakpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo míade ha kplii. Eva hiã be nɔvi siwo nɔ Korinto la, natsri hadede kple ame siwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o. Nufiame si le eme na mí egbeae nye be: Nu nyui aɖeke mate ŋu ado tso xɔlɔ̃dzedze ame siwo ƒe susu katã koe nye maɖu-maku la me na mí o. Woƒe nuwɔna gbegblẽ ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavã dzi. Le nyateƒe mea, ema ate ŋu ana wòava nɔ nu si medzea Mawu ŋu o la wɔm. Eya tae Paulo xlɔ̃ nu Korintotɔwo vevie be: “Minyɔ le mia ɖokui me ne miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye miganɔ nu vɔ̃ wɔm o.”—1 Kor. 15:33, 34.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe