Subɔ Mawu Si Naa Ablɔɖe La
“Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.”—1 YOH. 5:3.
ÀTE ŊU AÐO WO ŊUA?
Aleke Satana dzea agbagba be yeana wòadze abe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ nye agba kpekpe ene?
Nu ka tae wòle be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le ame siwo míedea ha kplii la ŋu?
Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu si naa ablɔɖe la?
1. Aleke Yehowa wɔa eƒe ablɔɖe ŋu dɔe, eye aleke wòɖe esia fia le nuwɔwɔ kple Adam kple Xawa me?
YEHOWA ɖeka koe nye Ame si le ablɔɖe deblibo me. Ke hã mewɔa eŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu o; eye menɔa ŋku lém ɖe nu suesuesue ɖe sia ɖe si esubɔlawo wɔna ŋu o. Ke boŋ ena tiatiawɔblɔɖe wo be woawɔ woawo ŋutɔwo ƒe nyametsotsowo eye woaɖi kɔ na woƒe didi siwo sɔ la. Le kpɔɖeŋu me, se ɖeka pɛ ko Mawu de na Adam kple Xawa—egblɔ na wo be woagaɖu “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la” ƒe tsetse o. (1 Mose 2:17) Ablɔɖe wɔnuku ka gbegbee nye ema su wo si be woawɔ Wɔla la ƒe lɔlɔ̃nu!
2. Nu ka tae mía dzila gbãtɔwo bú ablɔɖe si Mawu na wo la?
2 Nu ka tae Mawu na ablɔɖe gã ma gbegbe mía dzila gbãtɔwo? Ewɔ wo ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu eye wòna dzitsinya wo henɔ mɔ kpɔm be woƒe lɔlɔ̃ na ye si nye wo Wɔla la aʋã wo woatsɔ mɔ nyuitɔ. (1 Mose 1:27; Rom. 2:15) Gake nublanuitɔe la, Adam kple Xawa mekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe Agbenala wɔnuku la kple ablɔɖe si wòna wo la ŋu o. Le nyateƒe me la, wotia ablɔɖe manɔsenu si Satana tsɔ ɖo wo ŋkume, si nye be woatso nya me na wo ɖokuiwo le nu si nyo kple nu si menyo o gome. Esia mena ablɔɖe geɖe wu su wo si o, ke boŋ ɖe woƒe nuwɔna wɔe be woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimevi siwo ava do tso wo me la zu kluvi na nu vɔ̃, eye esia he fukpekpe kple ku vae.—Rom. 5:12.
3, 4. Aleke Satana dina be míasusu tso Yehowa ƒe dzidzenuwo ŋu?
3 Ne Satana te ŋu ble amegbetɔ deblibo eve—kple mawudɔla gbogbo aɖewo—wogbe be yewomanɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te o la, efia be ate ŋu able míawo hã. Ayemɔ siwo wòzãna metrɔ o. Edzea agbagba be yeable mí míasusu be Mawu ƒe dzidzenuwo nye agba eye woxea mɔ na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisese. (1 Yoh. 5:3) Nuŋububu ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi, vevietɔ ne míedea ha edziedzi kple ame siwo bua nuwo ŋu nenema. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 24 si wɔ matre va yi la gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dzinye, vevietɔ esi menɔ vɔvɔ̃m be nye nukpɔsusu ava to vovo na hanyetiwo tɔ ta.” Ðewohĩ wò hã èse le ɖokuiwò me alea kpɔ.
4 Nublanuitɔe la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽwo ate ŋu atso Kristo hamea gɔ̃ hã me ɣeaɖewoɣi. Sɔhɛ Ðasefo aɖe gblɔ be: “Menya sɔhɛ aɖewo siwo ɖoa gbe ɖi kple dzimaxɔsetɔwo. Gake mlɔeba la, meva de dzesii be zi ale si meyi edzi le ha dem kpli wo la, zi nenemae nye hã meva nɔ nu wɔm abe woawo ke ene. Meva nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm le gbɔgbɔ me. Nyemegakpɔa dzidzɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖuwo ŋu le kpekpewo me o, eye bebli hafi medea gbeadzi. Esiae na mekpɔe dze sii be ele be madzudzɔ hadede kpli wo, eye mewɔe nenema!” Èkpɔ ŋusẽ si gbegbe wò hadedewo ate ŋu akpɔ ɖe dziwòa? Bu Biblia me kpɔɖeŋu aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu egbea ŋu kpɔ.—Rom. 15:4.
EFI WOƑE DZIWO
5, 6. Aleke Absalom ble amewoe, eye ɖe eƒe nugbeɖoɖoa dze edzi nɛa?
5 Ame siwo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame bubuwo dzi la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Wo dometɔ ɖekae nye Absalom, si nye Fia David viŋutsu. Absalom dze ɖeka ŋutɔ. Ke hã esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eɖe mɔ ŋukeklẽ va yɔ eƒe dzi me abe Satana ene, elabena eva nɔ ŋu biãm fofoa ƒe fiazikpui, si medze na o la.a Esi Absalom to ayemɔ dzi nɔ agbagba dzem be yeaxɔ fianyenyea la, enɔ nu wɔm ale be ehati Israel viwo nasusu be yetsɔ ɖe le eme na wo vevie, evɔ fia la ya metsɔ ɖeke le eme na wo o. Ɛ̃, abe ale si Abosam wɔ le Eden bɔa me ene la, Absalom wɔ eɖokui abe dɔmenyola gã aɖe ene, evɔ le ɣeyiɣi ma ke la, egblẽ eya ŋutɔ fofoa ŋu vɔ̃ɖitɔe.—2 Sam. 15:1-5.
6 Ðe nugbe si Absalom ɖo ayetɔe la dze edzi nɛa? Ɛ̃, edze edzi nɛ va se ɖe afi aɖe, elabena Biblia ƒe ŋutinya la gblɔ be: “Absalom fi Israel ŋutsuwo ƒe dzi.” (2 Sam. 15:6) Gake mlɔeba la, Absalom ƒe dada la he gbegblẽ va edzi. Eye nublanuitɔe la, esia kplɔe de ku me eye wòhe ku vae na ame akpe geɖe siwo wòble la hã.—2 Sam. 18:7, 14-17.
7. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Absalom ƒe ŋutinyaa me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le axa 14.)
7 Nu ka tae Absalom te ŋu ble Israel vi mawo bɔbɔe nenema? Ðewohĩ nu siwo ŋugbe Absalom do na wo la dzro wo. Alo ɖewohĩ eƒe ɖekadzedze kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Aleke kee nyaa ɖale o, míate ŋu aka ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi: Womewɔ nuteƒe na Yehowa kple fia si wòtia la o. Egbea la, Satana yi edzi le ame siwo le abe Absalom ene la zãm tsɔ le agbagba dzem be yeafi Yehowa subɔlawo ƒe dziwo. Woate ŋu agblɔ be, ‘Yehowa ƒe dzidzenuwo mimia ame ɖo akpa. Mikpɔ ame siwo mele Yehowa subɔm o la ɖa. Wole dzidzɔ kpɔm wu!’ Ðe nàkpɔe adze sii be alakpa vɔ̃ɖiwoe nya mawo nye ahayi edzi awɔ nuteƒe na Mawua? Ðe nàlɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe “se deblibo,” si nye Kristo ƒe se, la koe ate ŋu ana ablɔɖe vavãtɔ wòa? (Yak. 1:25) Ne nenemae la, ekema ɖee fia be yelɔ̃ se ma vevie, eye mègawɔ Kristotɔwo ƒe ablɔɖe si su asiwò la ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o.—Mixlẽ 1 Petro 2:16.
8. Kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ kawoe ɖee fia be Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi mawɔmawɔ menaa ame kpɔa dzidzɔ o?
8 Sɔhɛwo koŋ dim Satana le be yeable. Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 30 kple edzivɔ fifia la gblɔ ale si wòbua nuwo ŋui esime wònye ƒewuivi la ale: “Mebua Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la be wonye mɔxenu, ke menye ametakpɔnu o.” Esia wɔe be wòwɔ matre. Gake esia mena wòkpɔ dzidzɔ o. Egblɔ be: “Mebua fɔ ɖokuinye vevie eye ete ɖe dzinye ƒe geɖe.” Esi nɔvinyɔnu aɖe ɖo ŋku eƒe sɔhɛmenɔɣi dzi la, eŋlɔ bena: ‘Le matrewɔwɔ vɔ megbe la, àlé blanui eye àse le ɖokuiwò me be asixɔxɔ aɖeke megale ye ŋu o. Togbɔ be ƒe 19 ye nye esi va yi gɔ̃ hã la, ŋkuɖoɖo nu gbegblẽ mawo dzi gaɖea fu nam kokoko.’ Nɔvinyɔnu bubu aɖe gblɔ be: “Ne mebu ale si nye agbenɔnɔ gbã dzi na ame siwo melɔ̃na vevie ŋu la, egblẽa nu le nye tamebubu, nye gbɔgbɔmemenyenye kple nye seselelãme ŋu. Menyo kura be ame nabu Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ o.” Satana medi be nàbu nu vɔ̃ me tsonu mawo ŋu o.
9. (a) Nyabiase kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro ale si míebua Yehowa kple eƒe sewo kpakple eƒe gɔmeɖosewoe la me? (b) Nu ka tae wòle vevie be míanya Mawu nyuie?
9 Aleke gbegbe wòwɔ nublanuie nye esi be sɔhɛ siwo le nyateƒea me dometɔ geɖe—kple ame tsitsi geɖe gɔ̃ hã—kpe fu hafi va kpɔe dze sii be tomaɖomaɖo Mawu me tsonuwo gblẽa nu le ame ŋu ale gbegbe! (Gal. 6:7, 8) Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mekpɔa ayemɔ siwo Satana zãna be yeatsɔ ablem la dzea siia? Ðe mebua Yehowa be enye Xɔ̃nye vevitɔ, ame si toa nyateƒe ɣesiaɣi eye wòdina be eme nanyo nama? Ðe meka ɖe edzi bliboe be Yehowa mate nu si nyo nam ŋutɔŋutɔ, si ana makpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake, lam gbeɖe oa?’ (Mixlẽ Yesaya 48:17, 18.) Ne ènya Yehowa nyuie ko hafi nàte ŋu aɖo nyabiase siawo ŋu tso dzi me be ɛ̃. Ehiã be nàlɔ̃ ɖe edzi be se kple gɔmeɖose siwo le Biblia me la ɖenɛ fiana be Yehowa lɔ̃ wò, ke menye ɖe wòdi be yeaxe mɔ ɖe wò ablɔɖe nu o.—Ps. 25:14.
DO GBE ÐA NÀBIA DZI NYANU SI SEA NU GƆME
10. Nu ka tae wòle be míadze agbagba vevie be míasrɔ̃ ɖekakpui Fia Salomo?
10 Esime Salomo gakpɔtɔ nye ɖekakpui la, edo gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe ale: “Ðevi sue menye, eye nyemenya ale si madoe alo agbɔe o!” Eyome ebia be Yehowa nana dzi nyanu si sea nu gɔme la ye. (1 Fia. 3:7-9, 12) Yehowa ɖo gbe si wòdo ɖa anukwaretɔe la ŋu, eye awɔe alea na wò hã, èɖanye ɖevi alo ame tsitsi o. Enye nyateƒe be Yehowa mana nunya kple gɔmesese nasu asiwò nukutɔe ya o. Gake ana nàdze nunya ne èsrɔ̃a eƒe Nya la veviedodotɔe, ne èdoa gbe ɖa biaa gbɔgbɔ kɔkɔea la, eye nèwɔa gbɔgbɔmeɖoɖo siwo katã wòwɔ na mí to Kristo hamea dzi ŋu dɔ bliboe. (Yak. 1:5) Nyateƒee, Yehowa nana be esubɔla siwo nye sɔhɛwo kura gɔ̃ hã dzea nunya wu ame siwo katã ŋea aɖaba ƒua eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, wodzea nunya wu xexe sia me “nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo” gɔ̃ hã.—Luka 10:21; mixlẽ Psalmo 119:98-100.
11-13. (a) Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Psalmo 26:4, Lododowo 13:20, kple 1 Korintotɔwo 15:33 me? (b) Aleke nàte ŋu awɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siawo ŋu dɔ le wò agbe me?
11 Mina míadzro mawunyakpukpui aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae wòle vevie be míasrɔ̃ Biblia ahade ŋugble le nu si míexlẽ ŋu be míanya Yehowa nyuie la gɔme la me. Gɔmeɖose vevi aɖe le wo dometɔ ɖe sia ɖe me ku ɖe ame siwo míedea ha kplii la ŋu. Psalmo 26:4 gblɔ be: “Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ gbedegblemimewo [ayemenuwɔlawo, NW] ƒe ha me o.” Lododowo 13:20 gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Eye 1 Korintotɔwo 15:33 gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”
12 Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso mawunyakpukpui siawo me? (1) Yehowa di be míatia ame siwo míade ha kplii la ŋuɖɔɖotɔe. Edi be yeakpɔ mía ta be míagawɔ naneke si agblẽ nu le mía ŋu alo míawɔ nane si ana mía kplii dome nagblẽ o. (2) Ame siwo míedea ha kplii la kpɔa ŋusẽ nyui ɖe mía dzi loo, alo wokpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi; esia nye nyateƒe matrɔmatrɔ. Ale si wogblɔ mawunyakpukpui siwo míeyɔ la me nyawoe la ɖee fia be Yehowa di be míawɔ wo dzi tso dzi me. Alekee? De dzesii be womeŋlɔ wo me nyawo abe sededewo ene o; le kpɔɖeŋu me, womegblɔ be “mègawɔ esi alo ekemɛ o.” Ke boŋ ɖe woŋlɔ nyaawo abe nyateƒenya siwo le tẽe ene. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, Yehowa le gbɔgblɔm na mía dometɔ ɖe sia ɖe be: ‘Nyateƒenya matrɔmatrɔawoe nye esiawo. Nu kae nàwɔ? Nu kae le wò dzi me?’
13 Mlɔeba la, esi wònye be wogblɔ mawunyakpukpui siawo me nyawo abe nyateƒenya veviwo ene ta la, wonɔa anyi ɖaa, eye woate ŋu awɔ wo ŋu dɔ le nɔnɔme geɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, bia nya siawo ɖokuiwò: Aleke mawɔ aƒo asa na hadede kple “ayemenuwɔlawo”? Nɔnɔme kawo mee mate ŋu ado go ame mawo tɔgbi le? (Lod. 3:32; 6:12) Ame kawoe nye ‘nunyala’ siwo Yehowa di be made ha kplii? Ame kawoe nye ‘bometsila’ siwo wòdi be maƒo asa na? (Ps. 111:10; 112:1; Lod. 1:7) Nye ‘nɔnɔme nyui’ kawoe hadede vɔ̃wo agblẽ? Xexea me koe hadede vɔ̃wo lea? (2 Pet. 2:1-3) Aleke nàɖo nyabiase siawo ŋui?
14. Nu kae nàwɔ be miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi naganyo ɖe edzi?
14 Abe ale si nède ŋugble le mawunyakpukpui etɔ̃ siawo ŋu fifi laa ene la, àte ŋu adzro mawunyakpukpui bubuwo me nenema ke be nàkpɔ Mawu ƒe susuwo le nu siwo le vevie na wò ŋutɔ kple wò ƒomea la ŋu.b Dzilawo, mibu nyati mawo tɔgbi me dzodzro ŋu le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsiwo me. Ne miele esia wɔm la, nenɔ susu me na mi be miaƒe taɖodzinue nye be miakpe ɖe ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ŋu wòakpɔe adze sii be Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ míi la fia. (Ps. 119:72) Ne ƒome bliboa srɔ̃a nu ɖekae alea la, mia kple Yehowa dome ava nɔ kplikplikpli wu tsã, eye miate ɖe mia nɔewo ŋu geɖe wu.
15. Aleke nàwɔ anya ne dzi nyanu si sea nu gɔme le asiwò sum?
15 Aleke nàwɔ anya ne dzi nyanu si sea nu gɔme le asiwò sum? Mɔ ɖekae nye be nàtsɔ wò susuwo asɔ kple blema nuteƒewɔlawo tɔwo, amewo abe Fia David ene ƒe susuwo; eŋlɔ bena: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.” (Ps. 40:9) Nenema kee Psalmo 119 ŋlɔla gblɔ be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.” (Ps. 119:97) Ele be míadze agbagba vevie hafi atu lɔlɔ̃ sia ƒomevi ɖo. Lɔlɔ̃ sia nɔa tsitsim ɖe edzi ne èsrɔ̃a Biblia moveviɖoɖotɔe, doa gbe ɖa hedea ŋugble. Lɔlɔ̃ sia gatsina ɖe edzi ne èkpɔe le wò agbe me be Mawu ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ hea yayra geɖewo vae.—Ps. 34:9.
ƲLI KRISTOTƆWO ƑE ABLƆÐE SI SU ASIWÒ LA TA!
16. Ne míedi be míaɖu aʋa si wɔm míele be míakpɔ míaƒe ablɔɖe ta dzi la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?
16 Le ŋutinya katã me la, dukɔwo lɔ̃ wɔ ŋutasẽʋa geɖewo be ablɔɖe nasu yewo si. Ekema ɖe mele be nàdze agbagba vevie geɖe wu aʋli Kristotɔwo ƒe ablɔɖe si su asiwò la ta oa? Ðo ŋku edzi be menye Satana, xexea kple eƒe gbɔgbɔ, si le abe aɖi wuame ene la, koe nye wò futɔwo o. Ele hã be nàwɔ avu kple wò ŋutɔ wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo; wò dzi alakpatɔ la hã le eme. (Yer. 17:9; Ef. 2:3) Ke hã, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu aɖu aʋa la dzi. Gawu la, viɖe eve ya teti dona tso aʋa ɖe sia ɖe si dzi nèɖu—eɖanye sue alo gã o—la me. Gbã la, àna Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ. (Lod. 27:11) Evelia, ɣesiaɣi si nèkpɔe be “se deblibo, si naa ablɔɖe” la ɖe vi na ye la, ana nàva ɖoe kplikpaa wu tsã be yeayi edzi anɔ ‘mɔ xaxɛ’ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi. Le etsɔme la, ablɔɖe gãtɔ si ŋugbe Yehowa do na ame siwo katã awɔ nuteƒe nɛ la asu asiwò.—Yak. 1:25; Mat. 7:13, 14.
17. Ne míewɔ vodada aɖe la, nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo o, eye kpekpeɖeŋu kae Yehowa nana?
17 Enye nyateƒe be, mí katã míewɔa vodada ɣeaɖewoɣi. (Nyagb. 7:20) Ne edzɔ alea la, mègase le ɖokuiwò me be asixɔxɔ aɖeke mele ye ŋu o alo dzi naɖe le ƒowò keŋkeŋ o. Ne èkli nu hedze anyi la, mègatsɔ anyidzeƒe wɔ anyimlɔƒee o, tso eye nàɖe zɔ yi ŋgɔgbe—ne ehiã be nàbia kpekpeɖeŋu tso miaƒe hamemetsitsiwo gbɔ gɔ̃ hã. Yakobo ŋlɔ bena woƒe “xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ aɖewo la, woatsɔe akee.” (Yak. 5:15) Ɛ̃, mègaŋlɔ be gbeɖe o be Mawu nye nublanuikpɔla, eye be ehe wò va hamea me le esi wòkpɔ nu nyui aɖe le mewò ta. (Mixlẽ Psalmo 103:8, 9.) Eya ta zi ale si nèyi edzi le Yehowa subɔm kple wò dzi blibo ko la, magblẽ wò ɖi gbeɖe o.—1 Kron. 28:9.
18. Aleke míate ŋu awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple nu si Yesu bia le gbedodoɖa me le Yohanes 17:15?
18 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, edo gbe ɖa ɖe eƒe apostolo 11-awo ta gblɔ nya aɖe si womaŋlɔ be gbeɖe o be: “[Kpɔ] wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta.” (Yoh. 17:15) Menye apostoloawo ko ŋue Yesu tsi dzi ɖo o, ke etsi dzi ɖe eyomedzelawo katã hã ŋu. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo Yesu ƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòakpɔ mía ta le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. “Akpoxɔnu [Yehowa nye] na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o . . . Eye wòadzɔ eƒe mawumemewo ƒe mɔ ŋuti.” (Lod. 2:7, 8) Ɛ̃, nuteƒewɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, gake nuteƒewɔwɔ dzi ko míato akpɔ agbe mavɔ kple ablɔɖe vavãtɔ. (Rom. 8:21) Mègana ame aɖeke nakplɔ wò atra ɖa le mɔ ma dzi o!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Absalom dzidzi megbee Mawu do ŋugbe na David be ‘via’ aɖe si ado tso eƒe ali me la anyi eƒe fiazikpuia dome. Eya ta ele be Absalom nanyae be Yehowa metia ye be yeaɖu fia ɖe David yome o.—2 Sam. 3:3; 7:12.
b Eƒe kpɔɖeŋu nyui aɖewoe nye 1 Korintotɔwo 13:4-8, afi si Paulo ɖɔ nu si lɔlɔ̃ nye la le, kple Psalmo 19:8-12, si gblɔ yayra siwo dona tso Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]
Aleke míawɔ akpɔ ame siwo le abe Absalom ene egbea la adze sii be míaƒo asa na wo?