INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Nunya Le Ðokuibɔbɔlawo Si’
    Gbetakpɔxɔ—2000 | August 1
    • Paulo—‘Ametevi’ Kple ‘Xɔnuvi’

      4. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kawoe su Paulo si?

      4 Paulo nye ameŋkuta le Kristotɔ gbãtɔwo dome, eye eme kɔ be wòle nenema. Le eƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ me la, ezɔ mɔ kilometa akpe geɖe le ƒu kple anyigba ƒuƒui dzi, eye eɖo hame geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa yra Paulo be wòkpɔ ŋutegawo eye wòna wògblɔ dutagbewo. (Korintotɔwo I, 14:18; Korintotɔwo II, 12:1-5) Azɔ hã eʋã Paulo wòŋlɔ lɛta 14 siwo nye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe fifia. Eme kɔ ƒã be míate ŋu agblɔ be Paulo wɔ dɔ geɖe wu apostolo bubuawo katã.—Korintotɔwo I, 15:10.

      5. Aleke Paulo ɖee fia be yebɔbɔ ye ɖokui?

      5 Le esi Paulo nɔ ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe dɔwɔna ta la, ame aɖewo akpɔ mɔ be ameŋkutanyenye avivi enu, eye wòanɔ eɖokui wɔm amegãe gɔ̃ hã. Gake Paulo mewɔ nu nenema kura o, elabena enye ɖokuibɔbɔla. Eyɔ eɖokui be yenye “suetɔ le apostoloawo dome,” eye wògblɔ kpee be: ‘Nyemedze be woayɔm be apostolo o, elabena meti Mawu ƒe hame la yome.’ (Korintotɔwo I, 15:9) Esi Paulo nye Kristotɔwo yometila tsã ta la, meŋlɔ be kpɔ gbeɖe be amenuveve ta koe ƒomedodo le ye kple Mawu dome, kaka wòazu be yeaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo gɔ̃ hã o. (Yohanes 6:44; Efesotɔwo 2:8) Eyata Paulo mese le eɖokui me be nu tɔxɛ siwo yete ŋu wɔ le subɔubɔdɔa me na yede ŋgɔ wu ame bubuawo o.—Korintotɔwo I, 9:16.

      6. Aleke Paulo ɖe ɖokuibɔbɔ fia le nuwɔwɔ kple Korintotɔwo mee?

      6 Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ dze vevietɔ le alesi wòwɔ nu kple Korintotɔwo me. Edze ƒã be amesiwo wobu be wonye dzikpɔla ŋkutawo abe Apolo, Kefa, kple Paulo ŋutɔ ene la ƒe nu léa dzi na wo. (Korintotɔwo I, 1:11-15) Gake Paulo mewɔ nu be Korintotɔwo nakafui o eye mewɔ bubu si wodea eŋu ŋudɔ tsɔ wɔ nusi dze eŋu o. Ne eyi wo gbɔ la, ‘meva gblɔa nya gãwo alo ɖenɛ fiana be yenye nunyala gã o.’ Ke boŋ Paulo gblɔ le eya ŋutɔ kple eƒe zɔhɛwo ŋu be: ‘Ale wòle be woabu mí enye esi, be míenye Kristo teviwo kple Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo.’a—Korintotɔwo I, 2:1-5; 4:1.

      7. Aleke Paulo bɔbɔ eɖokui esi wònɔ nu xlɔ̃m gɔ̃ hã?

      7 Paulo ɖe ɖokuibɔbɔ fia esi wòhiã be wòana nuxlɔ̃ame sesẽ kple mɔfiame gɔ̃ hã. Exlɔ̃a nu ehati Kristotɔwo ‘to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me’ kple le “lɔlɔ̃ ta,” tsɔ wu be wòanɔ te ɖe eƒe apostolonyenye dzi aɖe gbe. (Romatɔwo 12:1, 2; Filemon 8, 9) Nukatae Paulo wɔe nenema? Elabena ebua eɖokui le nyateƒe me be yenye ‘hadɔwɔla’ na ye nɔviwo, ke menye ‘aƒetɔ ɖe woƒe xɔse dzi’ o. (Korintotɔwo II, 1:24) Ðikeke mele eme o be Paulo ƒe ɖokuibɔbɔe na eƒe nu nyoa ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamewo ŋu nenema gbegbe.—Dɔwɔwɔwo 20:36-38.

  • ‘Nunya Le Ðokuibɔbɔlawo Si’
    Gbetakpɔxɔ—2000 | August 1
    • a Helagbe me nya si gɔme woɖe be “teviwo” ate ŋu afia kluvi si le tɔdziʋukula etetɔwo dome le tɔdziʋu gã me. Gake woate ŋu ade dɔ geɖe asi na “xɔnuviwo,” ɖewohĩ woate ŋu akpɔ aƒe alo anyigba dzi. Ke hã le aƒetɔ akpa gãtɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, ɖeko xɔnuvi sɔ kple kluvi si le tɔdziʋu gã me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe