INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/15 axa 15-20
  • Kplɔla Kple Alẽ Siwo Le Teokrasihabɔbɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kplɔla Kple Alẽ Siwo Le Teokrasihabɔbɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔ Kawo Nue Míenye Teokrasitɔwo Le Egbea?
  • Egbegbe Teokrasihabɔbɔ
  • Hamemegã Siwo le Teokrasihabɔbɔ Me
  • Kristotɔwo ƒe Nɔnɔme Tsɔtsɔ Subɔe
  • Alẽ Siwo le Teokrasihabɔbɔ Me
  • Alẽkplɔlawo Kple Alẽawo Wɔa Dɔ Ðekae
  • Xɔse ƒe Nubabla Aɖe
  • Nɔ Teokrasidziɖuɖu Ŋu Kplikplikpli
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Yehowa Ðua Dzi—Le Teokrasiɖoɖo Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Ðoɖo Si Nu Nuwo Le Le Kristo Hamea Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • “Mikplɔ Mawu Ƒe Alẽha Si Le Miaƒe Dzikpɔkpɔ Te La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/15 axa 15-20

Kplɔla Kple Alẽ Siwo Le Teokrasihabɔbɔ Me

“Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.”—YESAYA 33:22.

1. Aleke míate ŋu agblɔ be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kple Kristotɔ siwo li egbea nye teokrasihabɔbɔ?

TEOKRASI gɔmee nye Mawu ƒe dziɖuɖu. Ebia lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ŋusẽtɔnyenye dzi kple wɔwɔ ɖe eƒe mɔfiame kple nufiamewo dzi le nyametsotso gã kple sue siwo míewɔna le agbe me la me. Ƒe alafa gbãtɔ me hamea nye teokrasihabɔbɔ vavãtɔ. Kristotɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi ate ŋu agblɔ anukwareɖiɖitɔe be: “Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia.” (Yesaya 33:22) Esi wònye amesiaminawo ƒe ame susɔewoe nye ƒuƒoƒo vevitɔ le Yehowa Mawu ƒe habɔbɔa me egbea ta la, enye teokrasihabɔbɔ ŋutɔŋutɔ nenema ke.

Mɔ Kawo Nue Míenye Teokrasitɔwo Le Egbea?

2. Nukae nye mɔ siwo nu Yehowa Ðasefowo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu te le la dometɔ ɖeka?

2 Aleke míate ŋu agblɔe be Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa nye teokrasihabɔbɔe? Elabena eme tɔwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu te. Eye wodzea Yesu Kristo, Fia si Yehowa ɖo zi dzi la ƒe kpɔkplɔ yome. Le kpɔɖeŋu me le nuwuɣia me la, Teokrasidziɖulagã la ƒe sedede sia yi na Yesu tẽ be: “Do wò hɛ gobɛ la ɖa, ne naya nu; elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba dzi nuwo ɖi.” (Nyaɖeɖefia 14:15) Yesu ɖo to sededea eye wòdze nuŋeŋe le anyigba dzi gɔme. Kristotɔwo kpena ɖe woƒe Fia ŋu le dɔ gã sia wɔwɔ me to gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple nusrɔ̃lawɔwɔ veviedodotɔe me. (Mateo 28:19; Marko 13:10; Dɔwɔwɔwo 1:8) Le ema wɔwɔ me la, wonye Yehowa, Teokrasidziɖulagã la ƒe hadɔwɔlawo.—Korintotɔwo I, 3:9.

3. Aleke Kristotɔwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe teokrasiɖoɖo te le agbenyuinɔnɔ gomee?

3 Kristotɔwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te hã le woƒe nɔnɔmewo me. Yesu gblɔ be: “Amesi wɔa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.” (Yohanes 3:21) Egbea agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋuti nyaʋiʋli geɖe li, gake masɔmasɔ siawo mele Kristotɔwo ya dome o. Wobua nusi Yehowa buna agbe gbegblẽe la nenema ke eye wotsria agbegbegblẽnɔnɔ keŋkeŋ abe dɔvɔ̃ si ate ŋu awu amee wònye ene! Wokpɔa woƒe ƒomewo dzi, wobua wo dzilawo, eye wobɔbɔa wo ɖokui na dziɖuɖuwo hã. (Efesotɔwo 5:3-5, 22-33; 6:1-4; Timoteo I, 5:8; Tito 3:1) Wotoa esiawo dzi wɔa nu ɖe teokrasiɖoɖo nu wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

4. Nɔnɔme gbegblẽ kawoe Adam kple Xawa kpakple Saul woɖe fia, eye aleke Kristotɔwo ɖea nɔnɔme si to vovo fianae?

4 Adam kple Xawa bu Paradiso le esi wodi be yewoawɔ yewo ŋutɔwo ƒe nyametsotsowo le nyui kple vɔ̃ ŋu ta. Yesu di nusi to vovo sã na esia. Egblɔ be: “Nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.” Kristotɔwo dia nusia ke. (Yohanes 5:30; Luka 22:42; Romatɔwo 12:2; Hebritɔwo 10:7) Saul si nye Israel-fia gbãtɔ la ɖo to Yehowa—gake nu ʋee aɖewo me koe woɖo to le. Wogbee le esia ta. Samuel gblɔ nɛ be: “Toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami.” (Samuel I, 15:22) Ðe wònye teokrasinu wɔwɔ be woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu vaseɖe afi aɖe, ɖewohĩ to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa alo kpekpewo yiyi edziedzi me evɔ woawɔ nusi medze o le agbenyuinɔnɔ gome alo le mɔ bubu aɖe nua? Ao! Míedzea agbagba be ‘míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple luʋɔ blibo.’ (Efesotɔwo 6:6; Petro I, 4:1, 2) Míebɔbɔa mía ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te bliboe, menye abe Saul ene o.

Egbegbe Teokrasihabɔbɔ

5, 6. Aleke Yehowa wɔa nu kple ameƒomea egbeae, eye nukae doa go tsoa dɔwɔwɔ aduadu kple ɖoɖo sia me?

5 Le blema la, Yehowa ɖu dzi eye wòɖe nyateƒenyawo fia to amewo abe nyagblɔɖilawo, Fiawo, kple apostolowo ene dzi. Egbea megale nenema o; nyagblɔɖila alo apostolo siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã aɖeke megali o. Ke boŋ Yesu gblɔ be le yeƒe anyinɔnɔ abe fia ene me la, yeade dzesi ye yomedzelawo ƒe ha si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la eye yeaɖoe yeƒe nuwo katã dzi. (Mateo 24:45-47; Yesaya 43:10) Wokpɔ dɔla ma le ƒe 1919 me wònye Kristotɔ amesiaminawo ƒe ame susɔewo. Esi wònye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha lae le wo teƒe ta la, enye teokrasihabɔbɔ ƒe ta si le anyigba dzi tso ɣemaɣi ke. Alɔdzekɔmitiwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple hamemegãwoe le Dziɖuha la teƒe le xexeame godoo.

6 Nuwɔwɔ aduadu kple teokrasihabɔbɔa nye ɖokuibɔbɔ ɖe teokrasiɖoɖo te ƒe akpa vevi aɖe. Nuwɔwɔ aduadu sia hea ɖekawɔwɔ kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu vɛ le xexeame katã le “nɔviwo” dome. (Petro I, 2:17) Esia dzea Yehowa, amesi “menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ” la ŋu.—Korintotɔwo I, 14:33.

Hamemegã Siwo le Teokrasihabɔbɔ Me

7. Nukatae míate ŋu agblɔ be woɖoa Kristotɔ hamemegãwo le teokrasimɔ nu?

7 Hamemegã siwo woɖo la katã nɔa agbe wòsɔna ɖe nudidi siwo woyɔ le Biblia me na dzikpɔla alo ame tsitsi la nu eɖanye ɖoƒe kae wotsɔ na wo le hamea me o. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Azɔ hã nya siwo Paulo ŋlɔ na Efeso-hamemegãwo ku ɖe hamemegãwo katã ŋu: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ [Mawu] ƒe hame.” (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ẽ, gbɔgbɔ kɔkɔe si tso Yehowa Mawu gbɔe ɖoa amewo hamemegãwoe. (Yohanes 14:26) Woɖoa wo le teokrasimɔ nu. Gawu la wokplɔa Mawu ƒe alẽha la. Alẽha la nye Yehowa tɔ, menye hamemegãwo tɔ wònye o. Teokrasihabɔbɔe wònye.

8. Nukae nye hamemegãwo ƒe agbanɔamedziawo?

8 Paulo ƒo nu tso hamemegãwo ƒe agbanɔamedzi bliboa ŋu le lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo me be: “Eya ke ɖo ame aɖewo wonye apostolowo, eye ame aɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, eye ame aɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo, bene woadzra ame kɔkɔewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu.” (Efesotɔwo 4:11, 12) Apostolo kple nyagblɔɖilawo maganɔ anyi le “Kristo ƒe ŋutilã” la ɖoɖo megbe o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 13:8.) Gake hamemegãwo gakpɔtɔ le nyanyuigbɔgblɔ kple nufiafia dɔa wɔm kokoko.—Timoteo II, 4:2; Tito 1:9.

9. Aleke wòle be hamemegãwo nadzra wo ɖokui ɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le hamea me ŋui?

9 Esi wònye teokrasi nye Mawu ƒe dziɖuɖu ta la, hamemegã siwo wɔa woƒe dɔ nyuie la nya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyuie. Wode se na Yosua be wòaxlẽ Sea gbesiagbe. Ehiã be hamemegãwo hã nasrɔ̃ nu eye woadzro Ŋɔŋlɔawo me edziedzi eye woanya Biblia-gbalẽ siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ta la nyuie. (Timoteo II, 3:14, 15) Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo kple agbalẽ bubu siwo ɖe alesi woawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔe le nɔnɔme tɔxɛwo mee fia la hã le eme.a Gake togbɔ be ele vevie be hamemegã nanya mɔfiame siwo wota ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me ahawɔ ɖe wo dzi hã la, ele be wòanya Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ɖo kpe mɔfiame mawo dzi la nyuie. Ne ewɔ esia la, ate ŋu awɔ Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo ŋudɔ le gɔmesese kple dɔmetɔtrɔ me.—Tsɔe sɔ kple Mixa 6:8.

Kristotɔwo ƒe Nɔnɔme Tsɔtsɔ Subɔe

10. Nɔnɔme gbegblẽ kawoe wòle be hamemegãwo natsri, eye alekee?

10 Le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ na Korinto-hamea. Kuxi siwo ŋu wòƒo nu tsoe dometɔ ɖekae nye alesi ame aɖewo di be yewoanye amegãwo le hamea me. Paulo ŋlɔ bena: “Mieɖi ƒo xoxo, miezu kesinɔtɔwo xoxo, miegblẽa mí ɖi ɖua fia; ɖe miaɖu fia gɔ̃, bene míawo hã míaɖu fia kpakpli mi la, ne anyo.” (Korintotɔwo I, 4:8) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Kristotɔwo katã ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanye fiawo kple nunɔlawo kple Yesu le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 20:4, 6) Gake edze ƒã be Korintotɔ aɖewo ŋlɔ be be fiawo mele Kristotɔwo ƒe teokrasihabɔbɔa me le anyigba dzi o. Ele be kplɔla Kristotɔwo natu ɖokuibɔbɔ si nye nɔnɔme nyui si dzea Yehowa ŋu la ɖo tsɔ wu be woawɔ nu abe fiawo ene le xexe sia me.—Psalmo 138:6; Luka 22:25-27.

11. (a) Nukae nye ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖewo? (b) Aleke wòle be hamemegãwo kple Kristotɔ bubuwo siaa nakpɔ wo ɖokuii?

11 Ðe ɖokuibɔbɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔa? Kura o! Wogblɔ le Yehowa ŋutɔ ŋu be ebɔbɔa eɖokui. (Psalmo 18:36) Israel-fiawo kplɔ aʋakɔwo yi aʋae eye woɖu fia ɖe dukɔa dzi le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Gake ele na wo dometɔ ɖesiaɖe be wòanɔ ŋudzɔ ‘be magado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu o.’ (Mose V, 17:20) Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la nye Dziƒofia. Gake esime wònɔ anyigba dzi la, eklɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Ðokuibɔbɔ ka gbegbee nye si! Eye egblɔ tsɔ ɖee fia be yedi be yeƒe apostolowo nabɔbɔ wo ɖokui nenema ke be: “Ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la, meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti.” (Yohanes 13:14; Filipitɔwo 2:5-8) Ele be woatsɔ bubu kple kafukafu katã na Yehowa menye amegbetɔ aɖeke o. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ele be Kristotɔwo katã, woɖanye hamemegãwo alo womenyee o, nabu wo ɖokui ɖe Yesu ƒe nyawo nu be: “Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mí be, míawɔ la, eya koe míewɔ.” (Luka 17:10) Nukpɔsusu ɖesiaɖe si to vovo na esia la mesɔ ɖe teokrasiɖoɖo nu o.

12. Nukata lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi aɖe si wòle be hamemegãwo naɖe afia?

12 Kristotɔ hamemegãwo tua lɔlɔ̃ ɖo kpena ɖe ɖokuibɔbɔ ŋu. Apostolo Yohanes ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye fia esime wògblɔ be: “Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Amesiwo melɔ̃a ame o la menye teokrasimewo o. Womenya Yehowa o. Biblia gblɔ le Mawu ƒe Vi la ŋu be: ‘Esi Yesu lɔ̃ etɔ siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.’ (Yohanes 13:1) Esime Yesu nɔ nu ƒom na ŋutsu 11 siwo ava nye Kristo-hamea ƒe dziɖuha la me tɔwo la, egblɔ be: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.” (Yohanes 15:12) Lɔlɔ̃e nye Kristotɔ vavãtɔ ƒe dzesi. Ehea dzidzeme vɛ na amesiwo ƒe dzi gbã, amesiwo le nu xam, kple amesiwo woɖe aboyoe le gbɔgbɔ me siwo le ablɔɖe dim la. (Yesaya 61:1, 2; Yohanes 13:35) Ele be hamemegãwo naɖo kpɔɖeŋu nyui le eɖeɖefia me.

13. Togbɔ be kuxiwo asesẽ egbea hã la, aleke hamemegã ƒe nuwɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame dzi le nɔnɔmewo katã mee?

13 Egbea wobiana tsoa hamemegãwo si edziedzi be woana kpekpeɖeŋu le kuxi sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ me. Srɔ̃ɖeɖe me nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ado gã ahanɔ anyi didi. Sɔhɛwo ƒe kuxiwo gɔmesese asesẽ na ame tsitsiwo. Esesẽna zi geɖe be woase nuteɖeamedziwo gɔme. Hamemegã si kuxi siawo tɔgbe dze ŋgɔe la manya nusi tututu wòawɔ o. Gake ate ŋu aka ɖe edzi be ne yebia Yehowa ƒe nunya le gbedodoɖa me, ne yewɔ numekuku le Biblia kple agbalẽ bubu siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la ta me, eye ne yewɔ nu kple alẽa le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me la, yeanye amesi kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame dzi le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me.

14, 15. Nya siwo fia be Yehowa tsɔ hamemegã nyui geɖe yra eƒe amewoe la dometɔ aɖewo ɖe?

14 Yehowa tsɔ ‘nunana siwo nye amewo’ yra eƒe habɔbɔa geɖe. (Efesotɔwo 4:8) Zi geɖe la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa xɔa lɛta wɔdɔɖeamedzi siwo ɖi ɖase le lɔlɔ̃ si hamemegã ɖokuibɔbɔla siwo kpɔa Mawu ƒe alẽwo dzi le nublanuikpɔkpɔ me ɖe fia la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hamemegã aɖe ŋlɔ bena: “Nyemate ŋu aɖo ŋku nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ si wɔ dɔ ɖe dzinye alo esi ŋu amewo ɖo dze le le hamea me wu esia o. Nutome sue dzikpɔla la kpe ɖe ŋunye mekpɔ nɔnɔme nyuitɔ si anɔ ame si le nu wɔwɔ kple nɔviwo me ƒe vevienyenye, eye wòte gbe ɖe wo kafukafu dzi.”

15 Nɔvinyɔnu aɖe si wòle na be wòazɔ mɔ didi ayi dɔnɔkɔdzi be woawɔ atike nɛ la ŋlɔ bena: “Dzideƒo ka gbegbee nye si wònye nam be mete ŋu do go hamemegã aɖe le zã gbãtɔ si me menɔ kɔdzi le afisi didi tso aƒe gbɔ! Eya kple nɔvi bubuwo nɔ gbɔnye ɣeyiɣi didi aɖe. Xexemetɔ siwo nya nɔnɔme si me menɔ totom la gɔ̃ hã bui be ne menye nɔvi lɔlɔ̃tɔ mawo siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔ ƒe akɔfafa, beléle, kple gbedodoɖawoe o la, ne nyematsi agbe o.” Nɔvinyɔnu bubu gblɔ be: “Mele agbe fifia elabena hamemegãwo ƒe ha la tsɔ dzigbɔɖi na mɔfiafiam le nye blanuiléle gã me. . . . Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a menya nya si woagblɔ nam o . . . Gake nusi wɔ dɔ ɖe dzinye vevie ye nye be togbɔ be womese nɔnɔme si me tom menɔ gɔme tututu o hã la, wòlé be nam lɔlɔ̃tɔe.”

16. Nuxlɔ̃amenya kawoe Petro gblɔ na hamemegãwo?

16 Ẽ, hamemegã geɖe tsɔ Petro ƒe nuxlɔ̃amenyawo le dɔ wɔmee, esi gblɔ be: “Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple dzi faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa; menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.” (Petro I, 5:1-3) Yayra kae nye si teokrasihamemegã siawo nye na mí!

Alẽ Siwo le Teokrasihabɔbɔ Me

17. Yɔ nɔnɔme nyui siwo wòle be hamea me tɔwo katã naɖe afia la dometɔ aɖewo.

17 Gake menye hamemegãwo koe le teokrasihabɔbɔa me o. Ne alẽkplɔlawo awɔ nu ɖe teokrasiɖoɖo nu la, ke ele be alẽawo hã nawɔ nu nenema ke. Le mɔ kawo nu? Ele be alẽawo hã nawɔ ɖe gɔmeɖose ma ke si dzi alẽkplɔlawo wɔna ɖo la dzi. Menye hamemegawo ɖeɖekoe abɔbɔ wo ɖokui o ke boŋ ele be mí katã míabɔbɔ mía ɖokui be míakpɔ Yehowa ƒe yayra. (Yakobo 4:6) Ele be mí katã míaɖe lɔlɔ̃ afia elabena ne mele mía si o la, míaƒe vɔsasawo madze Yehowa ŋu o. (Korintotɔwo I, 13:1-3) Eye ele be mí katã míana “[Yehowa ƒe] lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,” menye hamemegãwo ɖeɖeko o.—Kolosetɔwo 1:9.

18. (a) Nukatae nyateƒea ŋuti sidzedze si mede to o ɖeɖeko mesɔ gbɔ o? (b) Alekee sidzedze vavãtɔ ate ŋu ayɔ mí katã fũ?

18 Nyametsotso sesẽwo wɔwɔ dzea ŋgɔ ɖeviwo kple tsitsiawo siaa zi geɖe le woƒe agbagbadzedze be yewoayi edzi aɖi anukware me togbɔ be wole Satana ƒe xexea me hã. Xexeame ƒe awudodowo, haƒoƒowo, sinimawo, kple agbalẽwo doa ame aɖewo ƒe gbɔgbɔmemenyenye kpɔna. Nyateƒea ŋuti sidzedze si mede to o mate ŋu ana míada asɔ o. Ne míedi be míayi edzi aɖi anukware la ele be sidzedze vavãtɔ nayɔ mí fũ. Míehiã na sidzedze kple nunya si Mawu ƒe Nya la koe ate ŋu ana mí la. (Lododowo 2:1-5) Esia fia be míatu nusɔsrɔ̃, ŋugbledede le nusi míesrɔ̃ ŋu, kple etsɔtsɔ awɔ dɔe ƒe nɔnɔme nyui ɖo. (Psalmo 1:1-3; Nyaɖeɖefia 1:3) Kristotɔwo katãe Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na, ke menye hamemegãwo ɖeɖekoe o esime wògblɔ be: “Nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la.”—Hebritɔwo 5:14.

Alẽkplɔlawo Kple Alẽawo Wɔa Dɔ Ðekae

19, 20. Nuxlɔ̃ame kae wona mí katã le dɔwɔwɔ aduadu kple hamemegãwo me, eye nukatae?

19 Mlɔeba la, míagblɔ be amesiwo wɔa dɔ aduadu kple hamemegãwo ɖea teokrasigbɔgbɔ vavãtɔ fiana. Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “Hamemega, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dzea agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.” (Timoteo I, 5:17; Petro I, 5:5, 6) Hamemegãnyenye nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe, gake hamemegãwo dometɔ akpa gãtɔ nye ƒome ƒe ta siwo yia woƒe ŋutilãmedɔwɔƒe gbesiagbe eye srɔ̃ kple vi siwo dzi wòle be woakpɔ la le wo si. Togbɔ be edzɔa dzi na wo be yewoasubɔ hã la, woƒe subɔsubɔdɔa nɔa bɔbɔe na wo wu eye wòɖea vi geɖe ne hamea kpe asi ɖe wo ŋu eye wometo nyatoƒoe akpa hebia nu geɖe o.—Hebritɔwo 13:17.

20 Apostolo Paulo gblɔ be: “Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.” (Hebritɔwo 13:7) Ao, Paulo mede dzi ƒo na nɔviawo be woadze hamemegãwo yome o. (Korintotɔwo I, 1:12) Amegbetɔ yomedzedze menye teokrasinuwɔwɔ o. Gake nunya le eme vavã be míasrɔ̃ hamemegã si doa vevie nu le nyanyuigbɔgblɔdɔa me, amesi vaa kpekpewo edziedzi, eye wòwɔa nu kple hamea le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me la ƒe xɔse.

Xɔse ƒe Nubabla Aɖe

21. Aleke Kristotɔwo ɖea xɔse sesẽ si le abe Mose tɔ ene fianae?

21 Nyateƒee, teokrasihabɔbɔ ƒe anyinɔnɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi si gblẽ wu ɖesiaɖe me la ɖi ɖase le Teokrasidziɖulagã la ƒe ŋusẽ ŋu. (Yesaya 2:2-5) Eɖi ɖase hã le Kristotɔ ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo de miliɔn atɔ̃ kloe siwo kpea akɔ kple gbesiagbekuxiwo gake womeŋlɔna be be Yehowae nye yewo Dziɖula o la ƒe xɔse ŋu. Alesi ko anukwareɖila Mose ‘do dzi abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene’ la, nenema ke xɔse sesẽ le Kristotɔ siwo li egbea la sii. (Hebritɔwo 11:27) Wona mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ teokrasihabɔbɔ me eye wodaa akpe na Yehowa ɖe eta gbesiagbe. (Psalmo 100:4, 5) Esi wole Yehowa ƒe xɔnameŋusẽ teƒe kpɔm ta la edzɔ dzi na wo be woagblɔ be: “Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.”—Yesaya 33:22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Agbalẽ siawo dometɔ ɖekae nye “Pay Attention to Yourselves and to All the Flock” si me Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo le si wotsɔ naa hamea dzikpɔlawo alo hamemegã siwo woɖo la.

Nukae Biblia Ðe Fia?

◻ Mɔ ka nue Kristotɔwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe teokrasiɖoɖo te le?

◻ Aleke wowɔa teokrasiɖoɖoe egbea?

◻ Mɔ kawo nue wòle be hamemegãwo nadzra wo ɖokui ɖo akpɔ woƒe agbanɔamedziwo gbɔ le?

◻ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui kawoe le vevie be hamemegãwo natu ɖo ahaɖe afia?

◻ Le teokrasihabɔbɔ me la, ƒomedodo kae wòle be wòanɔ alẽawo kple alẽkplɔlawo dome?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Adam kple Xawa wobu Paradiso elabena wodi be yewoatso nya me na yewo ɖokui le nyui kple vɔ̃ ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ne hamemegã wɔ nu kple alẽawo le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me la, awɔ dɔ nyui ɖe ame bubuwo dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe