INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 11/1 axa 7-12
  • Kpɔ Yehowa Sinu Na Akɔfafa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Yehowa Sinu Na Akɔfafa
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akɔfaname Ŋugbedodo aɖe si Va Eme
  • Ame aɖe si Lolo Wu Noa
  • Afisi Míakpɔ Akɔfafa Tsoe
  • Ne Míele Dodokpɔ Sesẽwo me Tom
  • Afikae Míate Ŋu Akpɔ Akɔfafa Vavã Atsoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • ‘Mifa Akɔ Na Konyifalawo Katã’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ale Si Mawu Faa Akɔ Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Yehowa ƒe Ŋusẽ Nefa Akɔ na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 11/1 axa 7-12

Kpɔ Yehowa Sinu Na Akɔfafa

“Dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu.”—ROMATƆWO 15:5.

1. Nukatae ŋu ɖesiaɖe ƒe keke gadzia alesi akɔfafa hiã míi la ɖe edzi?

ALESI gbegbe akɔfafa hiã míi la dzina ɖe edzi le ŋu ɖesiaɖe ƒe keke me. Abe alesi Biblia-ŋlɔla aɖe de dzesii ƒe 1,900 kple edzivɔe nye sia ene la, “nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) ‘Ŋeŋe’ kple ‘fuɖuamewo’ nu va sẽ ŋutɔ le míaƒe ɣeyiɣia me wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe si do ŋgɔ. Tso Xexemeʋa I dzi ke la, ameƒomea kpe fu le xaxa siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me, siwo ƒe ɖewoe nye aʋawɔwɔwo, nuvlowɔwɔ, kple dzɔdzɔmefɔku siwo zi geɖe tsoa amegbetɔ ƒe anyigba la mazãmazã nyuie gbɔ.—Nyaɖeɖefia 11:18.

2. (a) Ameka koŋ gbɔe ameƒomea ƒe egbe fukpekpewo ƒe akpa gãtɔ tso? (b) Nyateƒenya ka dzie míate ŋu anɔ te ɖo akpɔ akɔfafa?

2 Nukatae fukpekpe va bɔ alea gbegbe le míaƒe ɣeyiɣi sia me ɖo? Le nuƒoƒo tso Satana ƒe nyanyã tso dziƒowo le Fiaɖuƒea dzidzi le ƒe 1914 me vɔ megbe ŋu la, Biblia ɖo eŋu be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Kpeɖodzi siwo dze ƒã be nyagblɔɖi ma va eme fia be míeɖo Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe nuwuwu vɔ kura. Akɔfafa gã kae nye si wònye be míanyae be esusɔ vie ko ne agbenɔnɔ le anyigba dzi naganɔ abe alesi ŋutifafa nɔ anyii hafi Satana ble mía dzila gbãtɔwo de aglãdzedze mee ene!

3. Ɣekaɣie nɔ anyi si akɔfafa mehiã amegbetɔ o?

3 Le gɔmedzedzea me amegbetɔ Wɔla la wɔ abɔ dzeani aɖe na atsu kple asi gbãtɔwo be wòanye woƒe aƒe. Enɔ nuto aɖe si woyɔna be Eden me, eye ŋkɔ sia gɔmee nye “Dzidzɔ” alo “Vivisese.” (Mose I, 2:8; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Hekpe ɖe eŋu la, Adam kple Xawa nɔ lãmesẽ deblibo me, eye mɔkpɔkpɔ si nye be womaku akpɔ o nɔ wo si. Bu nu geɖe siwo me woate ŋu adzi woƒe ŋutetewo ɖe edzi le ŋu kpɔ ko—abɔwɔwɔ, aɖaŋunuwo wɔwɔ, xɔtutu, hadzidzi. Bu xexemenuwɔwɔ siwo gbegbe ŋu woasrɔ̃ nu le ne wole dɔ si wode asi na wo be woaɖu anyigba la dzi eye woawɔe wòanye paradiso la wɔm hã ŋu kpɔ. (Mose I, 1:28) Le nyateƒe me la, anye ne vivisese kple dzidzɔ sɔŋ ye abɔ ɖe Adam kple Xawa ƒe agbenɔnɔ me, ke menye ŋeŋe kple vevesesee o. Eme kɔ ƒã be anye ne akɔfafa mahiã wo hafi o.

4, 5. (a) Nukatae Adam kple Xawa ge le toɖoɖo ƒe dodokpɔ la me? (b) Aleke wɔ akɔfafa va hiã ameƒomea?

4 Gake nusi hiã Adam kple Xawa ye nye be woana lɔlɔ̃ deto kple ŋudzedzekpɔkpɔ nanɔ wo me na wo Fofo dɔmenyotɔ si le dziƒo. Lɔlɔ̃ sia aʋã wo be woaɖo to Mawu le nɔnɔme ɖesiaɖe me. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 14:31.) Nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔ evea siaa meɖo to Yehowa, woƒe Dziɖulagã si dze o. Woɖe mɔ le wo ɖokui ŋu be wova ge ɖe mawudɔla gege, Satana Abosam, ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖi te boŋ. Satanae te Xawa kpɔ wòwɔ nuvɔ̃ eye wòɖu atikutsetse si nu wode se ɖo la. Emegbe Adam wɔ nuvɔ̃ esime eya hã ɖu ati si ŋu Mawu de se nɛ le kɔte be: “Gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku” la ƒe tsetse.—Mose I, 2:17.

5 Aleae atsu kple asi siwo zu nuvɔ̃mewo dze kuku gɔmee nye esi. Esi Mawu nɔ kufia tsom na wo la, egblɔ hã na Adam be: “Woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu aɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me. Ŋu kple aŋɔka amie na wò, eye naɖu anyigba dzi amagbewo!” (Mose I, 3:17, 18) Aleae wɔ Adam kple Xawa bu mɔnukpɔkpɔ si nye be woawɔ anyigba si ŋu wometrɔ asi le o la wòazu paradiso lae. Esi wonyã wo doe le Eden la, ele be woatsɔ woƒe ŋusẽ atso hloloe be woakpɔ nuɖuɖu atso anyigba si woƒo fi dee la me. Woƒe dzidzimeviwo, amesiwo nyi nuvɔ̃ kple ku sia ƒe dome la, va hiã akɔfafa ale gbegbe.—Romatɔwo 5:12.

Akɔfaname Ŋugbedodo aɖe si Va Eme

6. (a) Ŋugbe fakɔname kae Mawu do le ameƒomea ƒe nuvɔ̃medzedze vɔ megbe? (b) Nya kae Lamex gblɔ ɖi ku ɖe akɔfafa ŋu?

6 Esi Yehowa nɔ kufia tsom na amesi kplɔ amegbetɔ de aglãdzedze me la, eɖee fia be yenye ‘akɔfafa Mawu.’ (Romatɔwo 15:5) Ewɔ esia esi wòdo ŋugbe be yeaɖo ‘dzidzimevi’ aɖe si aɖe Adam ƒe dzidzimeviwo tso nu dziŋɔ siwo Adam ƒe aglãdzedzea he vɛ me. (Mose I, 3:15) Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Mawu gakɔ nu me le ɖeɖe sia ŋu vivivi. Le kpɔɖeŋu me, eʋã Lamex, Adam ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi si tso viaŋutsu Set ƒe dzidzime me, be wòagblɔ nya ɖi le nusi Lamex viŋutsu awɔ ŋu be: “Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.” (Mose I, 5:29) Abe alesi wogblɔe le ŋugbedodo sia mee ene la, wotsɔ ŋkɔ na ŋutsuvia be Noa, si dzi wolɔ̃ ɖo be egɔmeɖeɖee nye “Gbɔdzɔe” alo “Akɔfafa.”

7, 8. (a) Nɔnɔme kae wɔe be Yehowa se veve be yewɔ ame, eye le esia ta nukae Wòɖo be yeawɔ? (b) Aleke Noa nɔ agbe ɖe gɔmesesse si le eƒe ŋkɔa ŋu nui?

7 Ɣemaɣi la, dziƒodɔlawo dometɔ aɖewo va nɔ Satana yome dzem. Amesiawo do ŋutilã abe amegbetɔwo ene va ɖe Adam ƒe dzidzimevi nyɔnu dzetugbewo. Srɔ̃ɖeɖe manɔdzɔdzɔmenu mawo gagblẽ nu le ameƒomea ŋu ɖe edzi eye vi siwo dzɔ tso wo me nye Nefilimwo, “amemulawo,” mawumavɔ̃lawo ƒe dzidzime aɖe si na ŋutasesẽnuwɔwɔ yɔ anyigba la dzi. (Mose I, 6:1, 2, 4, 11; Yuda 6) “Esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi . . . la, eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye wòɖu dzi nɛ.”—Mose I, 6:5, 6.

8 Yehowa ɖo tame be tsi naɖɔ ɖe xexeame katã atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi ma, gake gbã la, ena Noa kpa aɖakaʋu hena agbeɖeɖe. Esia wɔe be woɖe amegbetɔwo kple lãwo. Aleke gbegbe Noa kple eƒe ƒomea ƒe dzi adze eme le Tsiɖɔɖɔa megbee nye si esime wodo le aɖakaʋua me ɖe anyigba si ŋu wokɔ dzi! Aleke gbegbe wòafa akɔ na woe nye si be woɖe fi si woƒo de anyigba la ɖa, esia wɔe be agbledede va le bɔbɔe wu ale gbegbe! Nyateƒee, Lamex ƒe nyagblɔɖia va eme vavã, eye Noa nɔ agbe ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu nu. (Mose I, 8:21) Esi Noa subɔ Mawu le nuteƒewɔwɔ me ta la, ezãe wònye amesi dzi wòto na “akɔfafa” ameƒomea vaseɖe afi aɖe. Gake Satana kple eƒe dɔla gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi mese ɖe Tsiɖɔɖɔa dzi o, eye nuvɔ̃, dɔléle, kple ku ƒe agba na ameƒomea gale ŋeŋem kokoko.

Ame aɖe si Lolo Wu Noa

9. Aleke Yesu Kristo ɖee fia be yenye amesiwo trɔ dzime ƒe kpeɖeŋutɔ kple akɔfalae?

9 Mlɔeba la, le amegbetɔ ƒe ƒe 4,000 kloe ƒe ŋutinya ƒe nuwuwu la, Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la va do. Le lɔlɔ̃ gã si le Yehowa Mawu me na ameƒomea ta la, edɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe anyigba dzi be wòaku anye tafe ɖe ameƒome si nye nuvɔ̃mewo ta. (Yohanes 3:16) Yesu Kristo hea gbɔdzɔe gã aɖe vanɛ na nuvɔ̃wɔla dzimetrɔla siwo tsɔa eƒe vɔsaku la dzixɔxɔse wɔa dɔe. Amesiwo katã tsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe na Yehowa eye wozua Via ƒe nusrɔ̃la siwo xɔ nyɔnyrɔ la kpɔa dzidzeme kple akɔfafa siwo nɔa anyi didina. (Mateo 11:28-30; 16:24) Togbɔ be womede blibo o hã la, wokpɔa dzidzɔ gã aɖe le dzitsinya dzadzɛ tsɔtsɔ subɔ Mawui me. Akɔfafa ka gbegbe nye si wònye na wo be woanyae be ne yewoyi edzi tsɔ Yesu dzixɔxɔse wɔ dɔe la, woatsɔ agbe mavɔ nɔnɔ aɖo eteƒee na yewo! (Yohanes 3:36; Hebritɔwo 5:9) Ne le gbɔdzɔgbɔdzɔ ta wowɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, kpeɖeŋutɔ alo akɔfala aɖe li na wo, amesi nye Aƒetɔ Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre. (Yohanes I, 2:1, 2) Ne woʋu nuvɔ̃ ma me eye woɖe afɔ siwo sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu be womezu amesiwo tsɔ nuvɔ̃ ɖo dɔe o la, wokpɔa gbɔdzɔe, elabena wonya be ‘Mawu nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ be wòatsɔ yewoƒe nuvɔ̃ ake yewo.’—Yohanes I, 1:9; 3:6; Lododowo 28:13.

10. Nukae míesrɔ̃ tso nukunu siwo Yesu wɔ le eƒe anyigbadzinɔɣi la me?

10 Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, ena dzidzeme amewo hã esi wòɖe ga amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ, esi wòda dɔ ɖesiaɖe ƒomevi, kple esi wòfɔ amewo ƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku va agbe mee ake. Enye nyateƒe be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe viɖe koe nɔ nukunu mawo ŋu, elabena amesiwo wowɔ wo na la gava tsi heku emegbe. Gake Yesu zãe tsɔ fia yayra mavɔ siwo wòakɔ ɖe ameƒomea katã dzi le etsɔme. Fifia si wòzu Dziƒofia triakɔ la, magadidi kura hafi wòawɔ nusi de ŋgɔ wu gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyã do goe ko sasasã o. Ade wo kple woƒe kplɔla, Satana, aʋli me, si nye dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme ƒe gaxɔ me. Ekema Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka ŋutikɔkɔe Dziɖuɖua adze egɔme.—Luka 8:30, 31; Nyaɖeɖefia 20:1, 2, 6.

11. Nukatae Yesu yɔ eɖokui be “Sabat ƒe aƒetɔ”?

11 Yesu gblɔ be yee nye “Sabat ƒe aƒetɔ,” eye eyɔ dɔ geɖe le Sabat-ŋkekea dzi. (Mateo 12:8-13; Luka 13:14-17; Yohanes 5:15, 16; 9:14) Nukatae wòwɔe alea? Sabat la nye Mawu ƒe Se si wòtsɔ na Israel la ƒe akpa aɖe eye wònye “nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli.” (Hebritɔwo 10:1) Kwasiɖa dɔwɔŋkeke adeawo na míeɖo ŋku ƒe 6,000 siwo va yi siwo me amegbetɔ nɔ Satana ƒe ŋutasesẽdziɖuɖu ƒe kluvinyenye me la dzi. Sabat-ŋkekea si nyea kwasiɖa la ƒe nuwuwu la na míeɖo ŋku akɔfaname ƒe gbɔdzɔe si ameƒomea akpɔ le Yesu Kristo, Noa Gãtɔ, ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me dzi.—Tsɔe sɔ kple Petro II, 3:8.

12. Nu fakɔname kawoe míate ŋu akpɔ mɔ na?

12 Gbɔdzɔe kae nye si Kristo ƒe dziɖuɖua teviwo akpɔ ne mlɔeba wokpɔe be woɖe yewo tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi la te keŋkeŋ! Woƒe akɔfafa la agadzi ɖe edzi ne wokpɔe be woda gbe le woƒe ŋutilã me, seselelãme, kple tagbɔ dɔwo ŋu. (Yesaya 65:17) Ke gabu dzidzɔ manyagblɔ si woakpɔ ne wodze woƒe lɔlɔ̃tɔwo xɔxɔ atuu tso ame kukuwo dome gɔme ŋu kpɔ! To mɔ siawo nu la, “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ne wole Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo ŋudɔ wɔm vivivi la, Mawu Fiaɖuƒea tevi toɖolawo anɔ tsitsim ɖo ta blibodede gbɔ, eye woanɔ vovom keŋkeŋ tso nusiwo Adam ƒe nuvɔ̃ gblẽ la me. (Nyaɖeɖefia 22:1-5) Ekema woaɖe asi le Satana ŋu “ɣeyiɣi vi aɖe.” (Nyaɖeɖefia 20:3, 7) Woana agbe mavɔ ƒe teƒeɖoɖofetu amesiwo katã nɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye si dze la ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Tsɔ susu kpɔ dzidzɔ manyagblɔ kple gbɔdzɔe si wòanye ɖa ne “[woɖe mí] tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me” keŋkeŋ! Awɔe be ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo la ase vivi le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.”—Romatɔwo 8:21.

13. Nukatae akɔfafa si Mawu nana la hiã nyateƒe Kristotɔwo katã?

13 Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míeganye kluviwo na ŋeŋe kple vevesese siwo ɖea fu na amesiwo le Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia me kokoko. Dɔlélewo kple seselelãme ƒe fuɖenamewo ƒe dzidziɖedzi doa nuƒo na amesiame ƒomevi, Kristotɔ wɔnuteƒewo hã medo le eme o. (Filipitɔwo 2:25-27; Tesalonikatɔwo I, 5:14) Hekpe ɖe eŋu la, Satana wɔnɛ be woɖua fewu le mí Kristotɔwo ŋu eye wotia mía yome madzemadzee zi geɖe le esi ‘míeɖoa to Mawu abe dziɖula ene wu amewo’ ta. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Eyata hafi míado dzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me vaseɖe Satana ƒe xexeame ƒe nuwuwu la, míehiã akɔfafa, kpekpeɖeŋu, kple ŋusẽdodo siwo tsoa Eyama gbɔ.

Afisi Míakpɔ Akɔfafa Tsoe

14. (a) Ŋugbe kae Yesu do le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me? (b) Nukae hiã hafi Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa naɖe vi na mí bliboe?

14 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔe kɔte na eƒe apostolo nuteƒewɔlawo be eteƒe madidi o yeadzo le wo gbɔ agbugbɔ ayi ye Fofo gbɔ. Nya sia ɖe fu na wo gado nuxaxa na wo. (Yohanes 13:33, 36; 14:27-31) Esi Yesu nya alesi akɔfafa hiã wo ɣesiaɣie ta la, edo ŋugbe na wo be: “Nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana [akɔfala, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ] bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes 14:16) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si wokɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi le eƒe tsitretsitsi ƒe ŋkeke 50 megbe, ŋu nya gblɔm wònɔ le afisia.a Hekpe ɖe dɔ bubuwo wɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fa akɔ na wo le woƒe tetekpɔwo me eye wòdo ŋusẽ wo be woayi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi. (Dɔwɔwɔwo 4:31) Gake mele be míabui be kpekpeɖeŋu sia nye nusi vana le eɖokui si o. Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nayi edzi anɔ gbe dom ɖa anɔ kpekpeɖeŋu fakɔname si Mawu nana to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la biam hafi wòaɖe vi na wo bliboe.—Luka 11:13.

15. Mɔ siwo nu Yehowa faa akɔ na mí dometɔ aɖewo ɖe?

15 Mɔ bubu si nu Mawu naa akɔfafa le enye to eƒe Nya Biblia la dzi. Paulo ŋlɔ be: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Esia fia alesi gbegbe nusiwo woŋlɔ ɖe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo me sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le wo ŋu edziedzi hiã míi. Kristotɔwo ƒe kpekpewo, afisiwo wogblɔa akɔfanamenyawo tso Mawu ƒe Nya la me le, hã dede edziedzi hiã na mí. Kpekpe siawo dede ƒe taɖodzinu vevitɔwo dometɔ ɖekae nye dzidede ƒo na mía nɔewo.—Hebritɔwo 10:25.

16. Nukae wòle be ɖoɖo siwo Mawu wɔ be yeatsɔ anɔ akɔ fam na mí la naʋã mí be míawɔ?

16 Paulo ƒe lɛta si wòɖo ɖe Romatɔwo gayi edzi fia nu nyui siwo dona tsoa eme ne míewɔ nusiwo Mawu naa mí be woafa akɔ na mí la ŋudɔ. Paulo ŋlɔ be: “Dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu, bene miatsɔ tame ɖeka kple nu ɖeka akafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la.” (Romatɔwo 15:5, 6) Nyateƒee, ne míewɔ nusiwo faa akɔ na ame siwo Mawu nana la ŋudɔ bliboe la, míava anɔ abe Yesu Kristo, míaƒe Kplɔla si ƒo dzi le ene. Esia aʋã mí be míayi edzi atsɔ míaƒe nu anɔ Mawu kafum le míaƒe ɖaseɖiɖidɔa me, le míaƒe kpekpewo me, le dzeɖoɖo kple haxɔsetɔwo me, kpakple le míaƒe gbedodoɖawo me.

Ne Míele Dodokpɔ Sesẽwo me Tom

17. Aleke Yehowa fa akɔ na Viae, eye nukae do tso eme?

17 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku le vevesese helĩhelĩ me la, ‘ede asi dzodzo nyanyanya me’ eye ‘wòxa nu kakaka.’ (Mateo 26:37, 38) Eyata ezɔ yi ŋgɔ vie le eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ eye wòdo gbe ɖa bia be ye Fofo nekpe ɖe ye ŋu. “[Woɖo toe] le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti.” (Hebritɔwo 5:7) Biblia gblɔ na mí be ‘mawudɔla aɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fia Yesu eye wòdo ŋusẽe.’ (Luka 22:43) Alesi Yesu tsɔ dzideƒo dze ŋgɔ eƒe tsitretsiɖeŋulawo ŋutsutɔe la nye kpeɖodzi be mɔ si nu Mawu fa akɔ na Via le la nye nyuitɔ kekeake.—Yohanes 18:3-8, 33-38.

18. (a) Apostolo Paulo ƒe agbemeɣeyiɣi ka koŋ mee wòto dodokpɔ siwo sẽ ŋutɔ me? (b) Aleke míate ŋu anye akɔfafa na hamemegã dɔsesẽwɔla siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na?

18 Apostolo Paulo hã to ɣeyiɣi siwo me wòdo go dodokpɔ sesẽwo le me kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ subɔsubɔm le Efeso la, eto ‘aɖatsiwo kple Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo ƒe tetekpɔ’ geɖe me. (Dɔwɔwɔwo 20:17-20) Mlɔeba la, Paulo va dzo le Efeso esi mawunɔ Artemis subɔlawo de zi amewo me le dua me ɖe eƒe gbeƒãɖeɖea ta la ŋuti. (Dɔwɔwɔwo 19:23-29; 20:1) Esi Paulo dze mɔ ɖo ta dziehe yi Troa-du me la, nu bubu aɖe hã nɔ fu ɖem na eƒe susu vevie. Ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ na Efeso ƒe zitɔtɔa la, exɔ nyatakaka ɖefuname aɖe. Mamã va nɔ nu gblẽm le hame yeye si wòɖo ɖe Korinto la me, eye woɖe mɔ ɖe ahasiwɔwɔ ŋu. Eyata Paulo ŋlɔ lɛta aɖe tso Efeso tsɔ ka mo na wo vevie kple susu be yeatsɔ aɖɔ nɔnɔme sia ɖoe. Eŋɔŋlɔ menɔ bɔbɔe nɛ o. Eɖe eme le lɛta evelia si wògaŋlɔ na wo me be: “Le fukpekpe geɖe kple dzimexaxa me metsɔ aɖatsi geɖe ŋlɔ ɖo ɖe mi.” (Korintotɔwo II, 2:4) Abe Paulo ene la, aɖaŋu si ɖɔa ame ɖo ɖoɖo kple mokaka menɔa bɔbɔe na hamemegã siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na o, nusiwo tae ƒe ɖee nye be wonya gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le woawo ŋutɔ hã ŋu nyuie. (Galatiatɔwo 6:1) Eyata mina míalɔ̃ faa axɔ nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ le si wotu ɖe Biblia dzi bɔbɔe, ale be míanye akɔfafa na amesiwo xɔa ŋgɔgbe le mía dome.—Hebritɔwo 13:17.

19. Nukatae Paulo dzo le Troa va Makedonia, eye aleke eƒe dzi va dze eme mlɔebae?

19 Esime Paulo nɔ Efeso la, menye agbalẽ koe wòŋlɔ na nɔviawo le Korinto ko evɔ o ke eɖo Tito ɖe wo be wòaɖakpe ɖe wo ŋu hã, eye wòde dɔ asi nɛ be wòana yeanya alesi woxɔ lɛta lae. Paulo nɔ mɔ kpɔm be yeava do go Tito le Troa. Nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ nyuiwo su Paulo si le afima. Gake esia mena eƒe dzodzodzoetsitsia dzi ɖe kpɔtɔ o elabena Tito megbɔ haɖe o. (Korintotɔwo II, 2:12, 13) Eyata egayi mɔzɔzɔa dzi va ɖo Makedonia kple susu be yeava do go Tito le afima. Alesi wotsi tre ɖe Paulo ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti sesĩe gana eƒe dzitsitsia gadzi ɖe edzi. Eɖe eme be: “Esi míeva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔ aɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vɔvɔ̃ le mía me. Ke Mawu, amesi [faa] akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.” (Korintotɔwo II, 7:5, 6) Aleke Paulo agbɔ fũ enye esi esi Tito va ɖo mlɔeba eye wògblɔ alesi Korintotɔwo xɔ eƒe lɛtaa nyuie nɛ!

20. (a) Abe alesi wònɔ le Paulo gome ene la, mɔ bubu ka hã nue Yehowa faa akɔ na mí le? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Nusi dzɔ ɖe Paulo dzi la faa akɔ na Mawu subɔlawo egbea, amesiwo dometɔ geɖe hã dzea ŋgɔ xaxa siwo ‘bɔbɔa wo ɖe anyi,’ alo naa ‘woléa blanui.’ Nyateƒee, “akɔfafa ƒe Mawu la” nya mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo eye ate ŋu azã mí be míafa akɔ na mía nɔewo, abe alesi Paulo kpɔ akɔfafa le nyatakaka si wòse tso Tito gbɔ le Korintotɔwo ƒe dzimetɔtrɔ ŋu ene. (Korintotɔwo II, 7:11-13) Le míaƒe nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro alesi dzi dzɔ Paulo ɖe Korintotɔwo ŋui kple alesi wòate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawo hã míatsɔ Mawu ƒe akɔfafa afa akɔ na amewo nyuie egbea me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Dɔ vevi siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dzi dometɔ ɖekae nye be esi ami na wo ale be woxɔ wo be woazu Mawu viwo kple Yesu nɔviwo. (Korintotɔwo II, 1:21, 22) Kristo ƒe nusrɔ̃la 144,000 koe woɖo esia ɖi na. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Egbea agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe wona Kristotɔ akpa gãtɔ dɔmenyotɔe. Togbɔ be womesi ami na wo o hã la, woawo hã xɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu kple eƒe akɔfafa.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

◻ Aleke wòwɔ hafi akɔfafa va le ameƒomea hiãm?

◻ Aleke Yesu ɖee fiae be yee nye Noa gãtɔ?

◻ Nukatae Yesu yɔ eɖokui be “Sabat ƒe aƒetɔ”?

◻ Aleke Mawu faa akɔ na amee egbea?

[Anyigbatata/Nɔnɔmetata si le axa 10]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nya si ta Tito ka na Paulo tso Korintotɔwo ŋu la nye akɔfafa gã aɖe nɛ

MAKEDONIA

Filipi

HELA

Korinto

ASIA

Troa

Efeso

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe