INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kr ta 19 axa 209-219
  • Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La
  • Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Míebua Míaƒe Kpekpeɖeŋunadɔa Be Enye “Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe”
  • Taɖodzinu Nyui Siwo Le Kpekpeɖeŋunadɔa Ŋu
  • Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔa Hea Viɖe Mavɔwo Vɛ
  • Ðe Wò Hã Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Emea?
  • Ale Si Míana Kpekpeɖeŋu Ne Afɔku Dzɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Naa Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Ŋu Dzɔdzɔmefɔkuwo Gblẽ Nu Lea?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Fiaɖuƒea Ƒe Kpekpeɖeŋunaɖoɖowo​—Tadeaguƒewo Tutu Kple Kpekpeɖeŋunana Le Hiãɣi
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Mɔ Kawo Nue Míate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
kr ta 19 axa 209-219

TA 20

Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Kristotɔwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le hiãɣi

1, 2. (a) Nɔnɔme sesẽ ka mee Kristotɔwo ɖo le Yudea? (b) Lɔlɔ̃ɖeɖefia ka teƒee Yudea Kristotɔawo kpɔ?

LE ƑE 46 M.Ŋ. me lɔƒo la, dɔ gã aɖe to le Yudea. Nuɖuɖu vɔ le dua me eye ʋɛ siwo susɔ la xɔ asi ale gbegbe be Kristo yomedzela siwo le Yudea la mate ŋu aƒle wo o. Dɔ wu wo ɖi tsi ɖe wo ŋu, eye woɖe ŋu ɖi na ku le dɔwuame ta. Ke hã, eteƒe madidi o, woakpɔ Yehowa ƒe xɔname teƒe le mɔ aɖe si Kristo yomedzelawo mekpɔ ɣemaɣi kpɔ o nu. Nu kae dzɔ?

2 Nɔnɔme sesẽ si me Yudatɔ Kristotɔwo ɖo le Yerusalem kple Yudea la wɔ nublanui na wo nɔvi Kristotɔ siwo le Antioxia (Siria)—Yudatɔwo kple esiwo menye Yudatɔwo o siaa—wodzɔ nu be woatsɔ akpe ɖe woƒe haxɔsetɔawo ŋu. Azɔ wodɔ nɔviŋutsu eve siwo dzi woate ŋu aka ɖo, siwo nye Barnaba kple Saul, wotsɔ kpekpeɖeŋununanaawo yi na Yerusalem hamemetsitsiwo. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 11:27-30; 12:25.) Kpɔ ale si lɔlɔ̃ gã sia si Antioxia nɔviawo ɖe fia la awɔ dɔ ɖe wo nɔvi siwo hiã tu le Yudea dzii ɖa!

3. (a) Nu ka tae Mawu ƒe ame siwo li egbea la srɔ̃a kpɔɖeŋu si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Antioxia ɖo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “Kpekpeɖeŋunadɔ Gã Gbãtɔ Si Míewɔ Le Egbeŋkekeawo Me” hã.) (b) Nyabiase kawo mee míadzro le ta sia me?

3 Ƒe alafa gbãtɔ me nudzɔdzɔ siae nye zi gbãtɔ si nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Kristotɔ siwo le dukɔ aɖe me la ɖo kpekpeɖeŋununanawo ɖe wo nɔvi siwo le dukɔ bubu me. Míawo hã míesrɔ̃a Antioxia nɔviawo ƒe kpɔɖeŋu egbea. Ne míese be afɔku alo nɔnɔme sesẽ aɖe va mía nɔvi siwo le nuto bubuwo me dzi la, míetsona kpla naa kpekpeɖeŋu wo.a Be míakpɔ ale si kpekpeɖeŋunadɔ sia do ƒome kple míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa bubuawoe la, mina míadzro nyabiase etɔ̃ aɖewo me tso kpekpeɖeŋunadɔa ŋu: Nu ka tae míebua kpekpeɖeŋunadɔ siwo míewɔna la be enye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe? Taɖodzinu kawoe le kpekpeɖeŋunadɔ siawo ŋu? Aleke kpekpeɖeŋunadɔa ɖea vi na míi?

Nu Si Ta Míebua Míaƒe Kpekpeɖeŋunadɔa Be Enye “Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe”

4. Nya kae Paulo gblɔ na Korintotɔwo tso Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

4 Paulo ɖe nu me le eƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na Korintotɔwo me be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ma ɖe akpa eve. Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawoe Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na hã la, egbea, emenyawo ku ɖe Kristo ƒe ‘alẽ bubuawo’ hã ŋu. (Yoh. 10:16) Míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa gbãtɔae nye ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo,’ si nye míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa. (2 Kor. 5:18-20; 1 Tim. 2:3-6) Akpa eveliae nye subɔsubɔdɔ si míewɔna tsɔ naa kpekpeɖeŋu míaƒe haxɔsetɔwo. Paulo yɔe tẽe be ‘kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ.’ (2 Kor. 8:4) Helagbe me nya di·a·ko·niʹa gɔmee woɖe be “subɔsubɔdɔ” le nyagbɔgblɔ siwo nye ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo’ kpakple ‘kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ’ siaa me. Nu ka tae esia ɖe dzesi?

5. Nu ka tae wòɖe dzesi be Paulo yɔ kpekpeɖeŋunadɔa be subɔsubɔdɔ?

5 Esi Paulo zã Helagbe me nya ɖeka na dɔ eve siawo la, efia be ebu kpekpeɖeŋunadɔa hã be ele ko abe subɔsubɔdɔ bubu siwo Kristo hamea wɔna ene. Egblɔ do ŋgɔ le eƒe agbalẽ gbãtɔ me be: “Subɔsubɔdɔ vovovowoe li, ke hã, Aƒetɔ [ɖeka] ma kee; eye dɔ vovovowoe li, . . . Gake gbɔgbɔ ɖeka ma kee wɔa dɔ siawo katã.” (1 Kor. 12:4-6, 11) Azɔ hã Paulo gblɔ tso subɔsubɔdɔ vovovo siwo katã hamea wɔna la ŋu be wonye “subɔsubɔdɔ kɔkɔe.”b (Rom. 12:1, 6-8) Mewɔ nuku o be ekpɔe be esɔ be yeazã yeƒe ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe atsɔ ‘asubɔ ame kɔkɔewo’!—Rom. 15:25, 26.

6. (a) Abe ale si Paulo ɖe emee ene la, nu ka tae kpekpeɖeŋunadɔa nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe? (b) Ƒo nu tso ale si wole kpekpeɖeŋunadɔa wɔm le xexea me katã egbeae ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “Ne Afɔku Dzɔ!” le axa 214.)

6 Paulo kpe ɖe Korinto nɔviawo ŋu be woase egɔme be kpekpeɖeŋunadɔa nye woƒe subɔsubɔdɔa kple tadedeagu si wotsɔna naa Yehowa ƒe akpa aɖe. Eɖe nu me be esi Kristotɔwo ‘bɔbɔna ɖe Kristo la ŋuti nya nyuia te’ tae wowɔa kpekpeɖeŋunadɔwo ɖo. (2 Kor. 9:13) Esia fia be didi vevie si le Kristotɔwo me be yewoatsɔ Kristo ƒe nufiafiawo ade dɔwɔwɔ mee ʋãa wo wonaa kpekpeɖeŋu wo nɔvi xɔsetɔwo. Le Paulo ƒe nya nu la, nu siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe wo nɔviwo ŋu dɔmenyotɔe la nye “Mawu ƒe amenuveve geɖe” si wòɖe fia to woamawo dzi. (2 Kor. 9:14; 1 Pet. 4:10) Eya ta esɔ ŋutɔ be esi December 1, 1975 ƒe Gbetakpɔxɔ nɔ nu ƒom tso kpekpeɖeŋunana mía nɔviwo le hiãɣi ŋu la, egblɔ be: “Ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo wodea asixɔxɔ gã aɖe subɔsubɔdɔ sia ƒomevi ŋu.” Ɛ̃, míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖee kpekpeɖeŋunadɔa nye vavã.—Rom. 12:1, 7; 2 Kor. 8:7; Heb. 13:16.

Taɖodzinu Nyui Siwo Le Kpekpeɖeŋunadɔa Ŋu

7, 8. Taɖodzinu siwo le kpekpeɖeŋununana ƒe subɔsubɔdɔa ŋu dometɔ gbãtɔ ɖe? Ðe eme.

7 Taɖodzinu kawoe le kpekpeɖeŋunadɔ siwo míewɔna ŋu? Paulo ɖo nya sia ŋu le eƒe lɛta evelia si wòŋlɔ na Korintotɔwo me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:11-15.) Le kpukpui siawo me la, Paulo yɔ taɖodzinu vevi etɔ̃ siwo gbɔ míate ŋu aɖo to “kpekpeɖeŋunana ƒe dutoƒo subɔsubɔdɔ” sia dzi. Mina míadzro wo me ɖekaɖeka.

8 Gbã la, míaƒe kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔa hea kafukafu vɛ na Yehowa. Míade dzesii be Paulo he nɔviawo ƒe susu yi Yehowa Mawu dzi enuenu le kpukpui atɔ̃ siwo le memama si do ŋgɔ me la me. Apostoloa he woƒe susu yi nyawo abe “wodaa akpe na Mawu” kple “woada akpe geɖe na Mawu” dzi. (Kpukpui 11, 12) Eƒo nu tso ale si kpekpeɖeŋunadɔa nana Kristotɔwo ‘doa Mawu ɖe dzi,’ eye wokafua “Mawu ƒe amenuveve geɖe” lae hã ŋu. (Kpukpui 13, 14) Eye Paulo wu numeɖeɖe siwo wona tso kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la nu kple nya siawo be: “Woada akpe na Mawu.”—Kpukpui 15; 1 Pet. 4:11.

9. Aleke míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ate ŋu aɖɔ amewo ƒe susu ɖoe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Abe ale si wònɔ le Paulo gome ene la, Mawusubɔla siwo li egbea hã bua kpekpeɖeŋunadɔa be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoato edzi akafu Yehowa ahaɖo atsyɔ̃ na eƒe nufiafiawo. (1 Kor. 10:31; Tito 2:10) Le nyateƒe me la, míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa wɔa akpa vevi aɖe le ame siwo bua susu vɔ̃ ɖe Yehowa kple eƒe Ðasefowo ŋu la ƒe susu ɖɔɖɔɖo me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Nyɔnu aɖe ŋlɔ klã ɖe eƒe aƒe ƒe agbo ŋu be: “Míele Yehowa Ðasefowo Dim Le Afi Sia O.” Gbe ɖeka la, ahomya sesẽ aɖe va gblẽ nu le woƒe nutoa me, eye wòkpɔ ale si kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo va nɔ eƒe aƒelika aɖe ƒe aƒe si gbã la dzram ɖo. Elé ŋku ɖe ale si wonɔ dɔa wɔm le lɔlɔ̃ me la ŋu hena ŋkeke aɖewo, eye wòyi ɖabia be ame kawoe wonye hã. Esi wòse be Yehowa Ðasefowoe wonye la, ewɔ mo yaa nɛ eye wògblɔ be: “Mitsɔe kem be mebua susu vɔ̃ ɖe mia ŋu tsã.” Nu kae do tso eme? Eɖe nu si wòŋlɔ klã ɖe eƒe agboa ŋu la ɖa.

10, 11. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be míele míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ƒe taɖodzinu evelia gbɔ ɖom? (b) Agbalẽ kae le kpekpem ɖe kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “Dɔwɔnu Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Kpekpeɖeŋunadɔlawo Ŋu.”)

10 Evelia, enana ‘míekpɔa míaƒe haxɔsetɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ nyuie.’ (2 Kor. 9:12a) Ne mía nɔviwo ɖo xaxa me la, míedina vevie be míakpɔ nu siwo hiã wo kpata la gbɔ na wo ahana woƒe fukpekpewo dzi naɖe akpɔtɔ. Nu ka tae? Elabena Kristo hamea me tɔwo katã nye “ŋutilã ɖeka,” eye ne “ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii.” (1 Kor. 12:20, 26) Eya ta ne afɔku aɖe dzɔ la, lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ ʋãa mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo egbea woɖea asi le woƒe dɔwo ŋu hetsona kpla yina ɖanaa kpekpeɖeŋu wo nɔvi siwo le nuto siwo me afɔkua dzɔ le. (Yak. 2:15, 16) Le kpɔɖeŋu me, esi tsunami gblẽ nu le Japan le ƒe 2011 me la, United States alɔdzedɔwɔƒea ɖo lɛta ɖe Nutome Xɔtukɔmiti siwo le United States hebia nenye be “nɔvi ʋɛ aɖewo siwo dze” la alɔ̃ ayi aɖana kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒe Akpata siwo gbã la tutu me hã. Aleke nɔviawo wɔ nui? Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 600 kloe tsɔ wo ɖokuiwo na faa, eye wolɔ̃ be yewoatsɔ yewo ŋutɔ yewoƒe kotokumega aɖo yameʋu ayi Japan aɖana kpekpeɖeŋu! United States alɔdzedɔwɔƒea gblɔ be: “Ale si nɔviawo wɔ nui la wɔ nuku na mí ŋutɔ.” Esi Japan nɔvi aɖe bia kpekpeɖeŋunadɔwɔla aɖe si tso duta be nu ka tae wòtsɔ eɖokui na be yeava na kpekpeɖeŋu hã la, eɖo eŋu nɛ be: “Mía nɔvi siwo le Japan la nye ‘míaƒe ŋutilã’ ƒe akpa aɖe. Woƒe vevesesewoa, míaƒe vevesesee, eye woƒe fukpekpewoa, míaƒe fukpekpee.” Ɣeaɖewoɣi la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ʋãa kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo wotsɔa woƒe agbe dea afɔku me gɔ̃ hã be yewoana kpekpeɖeŋu yewo nɔvi xɔsetɔwo.c—1 Yoh. 3:16.

Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka le kpekpeɖeŋununanawo nu ƒom ƒu le Switzerland le ƒe 1946 me be woaɖo ɖe nɔvia haxɔsetɔwo

Switzerland, le ƒe 1946 me

KPEKPEÐEŊUNADƆ GÃ GBÃTƆ SI MÍEWƆ LE EGBEŊKEKEAWO ME

LE September 1945 me, si nye ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe esi Xexemeʋa Evelia wu enu le Europa la, Nɔviŋutsu Knorr ɖe gbeƒãe be woawɔ kpekpeɖeŋunadɔ gã aɖe aɖo “ŋutilãmenuhiahiãwo ɖe nɔvi siwo le titina Europa dukɔwo me.”

Le kwasiɖa ʋɛ siwo kplɔ gbeƒãɖeɖe ma ɖo me la, nɔvi siwo le Canada, United States kple dukɔ bubuwo me la dze awudodowo kple nuɖuɖu nu ƒoƒo ƒu gɔme. Tso January 1946 dzi heyi la, woɖo nuhiahiã veviwo ɖe mía nɔvi siwo le Austria, Belgium, Bulgaria, China, Czechoslovakia, Denmark, England, Finland, France, Germany, Greece, Hungary, Italy, Netherlands, Norway, Philippines, Poland, kple Romania.

Menye zi ɖeka koe woɖo nuhiahiã siawo ɖa o. Wowɔ esia hena ƒe eve kple afã sɔŋ! Le ɣeyiɣi mawo me la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ade 85,000 la ɖo nuɖuɖu siwo wu kilogram 300,000, awudodo siwo wu kilogram 450, 000, kple afɔkpa 124,000 kple edzivɔ ɖe nɔvi siwo le dukɔ siwo me aʋawɔwɔ gblẽ nu le vevie me. Wowu kpekpeɖeŋunadɔ gã sia nu le August 1948 me. Gbetakpɔxɔ gblɔ le ƒe 1949 me be: “Esia nye lɔlɔ̃ɖeɖefia ame havi vavã. Mía nɔviwo na nu faa be yewoatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋu, elabena wonyae be nunana sia akpe ɖe wo nɔvi bubuwo ŋu woayi woƒe subɔsubɔdɔa dzi; eya ta wokpɔe be mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na yewo be yewoasubɔ yewo nɔviwo le mɔ ma nu.” Kpekpeɖeŋunadɔ sia he kafukafu vɛ na Yehowa, ekpɔ mía nɔvi haxɔsetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye wòna ɖekawɔwɔ si le nɔviwo dome le xexea me godoo la me gasẽ ɖe edzi.

11 Ame siwo menye Ðasefo o hã kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi afɔku aɖe gblẽ nu le United States ƒe nuto si nye Arkansas me le ƒe 2013 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe kafu ale si Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tso kpla ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu la hegblɔ be: “Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo na woƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nyuie ale gbegbe be ne afɔku dzɔ la, wote ŋu naa kpekpeɖeŋu si hiã la nyuie, le mɔ lédziname aɖe nu.” Nyateƒee, abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene la, míekpɔa mía nɔvi siwo ɖo xaxa me la ƒe ‘hiahiãwo gbɔ na wo nyuie.’

12-14. (a) Nu ka tae míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ƒe taɖodzinu etɔ̃lia gbɔ ɖoɖo le vevie ŋutɔ? (b) Nya kawoe amewo gblɔ si ɖe ale si gbegbe wòle vevie be míagatrɔ ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu le afɔkuwo megbe la fiae?

12 Etɔ̃lia, enana míekpena ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la ŋu be woagatrɔ ɖe woƒe gbɔgbɔmedɔwo ŋu. Nu ka tae esia le vevie? Paulo gblɔ be ne mía nɔviwo ɖo nɔnɔme sesẽ me eye míekpe ɖe wo ŋu la, esia ʋãa wo be “woada akpe geɖe na Mawu.” (2 Kor. 9:12b) Mɔ nyuitɔ si dzi ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ato ada akpe geɖe na Mawue nye be woagatrɔ ɖe woƒe gbɔgbɔmedɔwo ŋu kaba ale si woate ŋui. (Flp. 1:10) Ƒe 1945 ƒe Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ be: “Paulo da asi ɖe . . . nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa dzi elabena wotoa edzi kpɔa . . . wo nɔvi Kristotɔ siwo hiã tu la ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ ale be woate ŋu akpɔ asinu kple ŋusẽ geɖe awɔ ɖaseɖiɖidɔ si Yehowa de wo si.” Taɖodzinu ma kee le míawo hã si egbea. Ne mía nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo gatrɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, menye woƒe aƒelika siwo dzi nu te ɖo koe wodoa ŋusẽe o, ke wodoa ŋusẽ wo ɖokuiwo hã.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.

13 Se ame siwo ŋu wokpe ɖo le nɔnɔme sesẽwo me eye wogadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme kple ale si esia wɔwɔ do ŋusẽ woe la ƒe numenya aɖewo ɖa. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Yayrae wònye na mí be míaƒe ƒomea gatrɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Esi míele akɔ fam na ame bubuwo la, ena míeŋlɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo be vie.” Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Tɔtrɔ ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu na nye susu dzo le nu siwo afɔkua gblẽ le mía ŋu la dzi. Ena mese le ɖokuinye me be mele dedie.” Nɔvinyɔnu bubu hã gblɔ be: “Togbɔ be naneke meli míawɔ tso nɔnɔme siwo me afɔkua kplɔ mí dee dometɔ aɖewo ŋu o hã la, gbeadzisubɔsubɔdɔa na míaƒe ƒomea ƒe susu dze akɔ anyi. Nuƒoƒo na amewo tso xexe yeye si míele mɔ kpɔm na ŋu do ŋusẽ míaƒe kakaɖedzi be eteƒe madidi o, woawɔ nuwo katã yeye.”

14 Kpekpeawo dede hã nye gbɔgbɔmedɔ bubu si ŋu wòle be míaƒe haxɔsetɔ siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la nagatrɔ ɖo kaba ale si woate ŋui. Bu nu si me Kiyoko to la ŋu kpɔ. Enye mía nɔvinyɔnu aɖe si esusɔ vie wòaxɔ ƒe 60. Esi tsunami aɖe dzɔ le woƒe nutoa me la, eƒe nuwo katã dome gblẽ, negbe awu kple afɔkpa siwo wòdo koe susɔ nɛ. Etɔtɔ vevie eye meganya ale si wòle agbea nɔgee o. Le ɣeyiɣi ma me la, hamemetsitsi aɖe va gblɔ nɛ be yewoanɔ yeƒe ʋu me awɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo. Kiyoko gblɔ be: “Hamemetsitsia kple srɔ̃a kpakple nye kple nɔvinyɔnu bubu míenɔ anyi ɖe ʋua me wɔ kpekpea. Togbɔ be kpekpea menɔ abe ale si wònɔna le Fiaɖuƒe Akpata me ene o hã la, ɖeko wònɔ abe nukunu aɖee dzɔ ene; ena meŋlɔ nu si tsunamia gblẽ le ŋunye la be enumake. Nye susu dze akɔ anyi. Kpekpe ma na mekpɔ ale si gbegbe hadede kple mía nɔvi Kristotɔwo doa ŋusẽ míi.” Nɔvinyɔnu bubu hã gblɔ tso kpekpe siwo wòde le afɔku aɖe megbe teti la ŋu be: “Woawoe lé nye agbe ɖe te le nɔnɔme sesẽ mawo me!”—Rom. 1:11, 12; 12:12.

Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔa Hea Viɖe Mavɔwo Vɛ

15, 16. (a) Viɖe kae Kristotɔ siwo nɔ Korinto kple teƒe bubuwo la kpɔ tso kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me? (b) Aleke kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ ɖea vi na míawo hã egbeae?

15 Esi Paulo nɔ nu me ɖem tso kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, eƒo nu tso ale si gomekpɔkpɔ le dɔ sia me aɖe vi na Korintotɔawo kple Kristotɔ bubuwoe hã ŋu. Egblɔ na wo be: “[Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem, siwo ŋu wokpe ɖo la, le] kokoƒoƒo dzi ɖe mia ta, eye miele wo dzrom vevie, le Mawu ƒe amenuveve geɖe si wòna mi la ta.” (2 Kor. 9:14) Ɛ̃, Korintotɔawo ƒe dɔmenyonunanawo ʋã Yudatɔ Kristotɔwo be woado gbe ɖa ɖe Korinto nɔviawo (Yudatɔwo kple esiwo menye Yudatɔwo o siaa) ta, eye woƒe lɔlɔ̃ na wo nu gasẽ ɖe edzi.

16 Esi December 1, 1945 ƒe Gbetakpɔxɔ nɔ te ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi le nu me ɖem tso viɖe si míekpɔna tso kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me egbea ŋu la, egblɔ be: “Ne Mawu ƒe ame kɔkɔewo dzɔ nu be woatsɔ akpɔ wo nɔvi siwo le afi bubu ƒe nuhiahiãwo gbɔ la, kpɔ ale si gbegbe esia nana woƒe ɖekawɔwɔa me gasẽnae ɖa!” Nenema tututue ame siwo kpɔa gome le kpekpeɖeŋunadɔwo me egbea la sena le wo ɖokui me. Hamemetsitsi aɖe si kpɔ gome le kpekpeɖeŋunadɔ me le tsiɖɔɖɔ aɖe megbe la gblɔ be: “Kpekpeɖeŋunadɔa wɔwɔ na be mía kple mía nɔviawo dome gava le kplikplikpli wu tsã.” Nɔvinyɔnu aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wonɛ le afɔku aɖe megbe ŋu la gblɔ be: “Nɔvilɔlɔ̃ si le mía dome la na míele Paradiso si ava anyigba dzi kpuie la ɖɔm kpɔ xoxo.”—Mixlẽ Lododowo 17:17.

17. (a) Aleke Yesaya 41:13 me nyawo vaa eme le kpekpeɖeŋunadɔwo gome? (b) Gblɔ ale si míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa hea kafukafu vɛ na Yehowa eye wònana míaƒe ɖekawɔwɔ me gasẽna ɖe edzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. (Kpɔ aɖaka si nye “Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Tsoa Xexea Ƒe Akpa Vovovowo Naa Kpekpeɖeŋu” hã.)

17 Ne afɔku dzɔ eye kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo va kpekpeɖeŋu na ge la, nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la kpɔa Mawu ƒe ŋugbedodo sia me vava teƒe le mɔ tɔxɛ aɖe nu be: “Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.” (Yes. 41:13) Esi mía nɔvinyɔnu aɖe tsi agbe le afɔku dziŋɔ aɖe me la, egblɔ be: “Ale si gbegbe afɔkua gblẽ nu la na mɔkpɔkpɔ bu ɖem, gake Yehowa do eƒe asi ɖa helém. Kpekpeɖeŋu si nɔviawo nam la wu gbɔgblɔ.” Esi dzɔdzɔmefɔku gblẽ nu le nuto aɖe me la, hamemetsitsi eve ƒo nu ɖe hame si me wole nu esi woŋlɔ be: “Anyigbaʋuʋua do nuxaxa geɖe na nɔviawo, gake míekpɔe be Yehowa to mía nɔviwo dzi le kpekpem ɖe mía ŋu. Míesea nu tso kpekpeɖeŋunadɔ siwo mía nɔviwo wɔna ŋu, gake fifia mía ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋku.”

Peter Johnson le teokrasi xɔtudɔ aɖe wɔm

EKPƆ ŊUSẼ ÐE TAÐODZINU SI YOME WÒTI LE AGBE ME DZI

ŊUSẼ kae gomekpɔkpɔ le kpekpeɖeŋunadɔwo me ate ŋu akpɔ ɖe sɔhɛwo dzi? Se nu si dzɔ le Peter Johnson gome ɖa. Ekpɔ gome le dɔ sia me zi gbãtɔ esime wòxɔ ƒe 18. Egblɔ be: “Ŋudzedzekpɔkpɔ si nɔviawo ɖe fia kple dzidzɔ si nye ŋutɔ mekpɔ le nunana me la de dzi gbɔ nam ŋutɔ. Edo ŋusẽ nye didi vevie be mazã nye agbe le Yehowa subɔsubɔ me bliboe.” Emegbe Peter dze mɔɖeɖedɔa gɔme. Eva subɔ le Betel hã, eye emegbe eva zu Nutome Xɔtukɔmiti me tɔ. Egbea, Peter gblɔ be: “Kpekpeɖeŋunadɔ si me mekpɔ gome le zi gbãtɔ le ƒe 1974 me la kpɔ ŋusẽ ɖe taɖodzinu si yome meti le agbe me dzi.” Sɔhɛe nènyea? Ðe wò hã àte ŋu asrɔ̃ Peter ƒe kpɔɖeŋua? Ame aɖe menya nu o, kpekpeɖeŋunadɔ wɔwɔ akpɔ ŋusẽ ɖe taɖodzinu si yome wò hã nàti le Yehowa subɔsubɔ me la dzi!

Ðe Wò Hã Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Emea?

18. Nu kae nàte ŋu awɔ ne èdi be yeakpɔ gome le kpekpeɖeŋunadɔ me? (Kpɔ aɖaka si nye “Ekpɔ Ŋusẽ Ðe Taɖodzinu Si Yome Wòti Le Agbe Me Dzi” hã.)

18 Ðe wò hã nèdi be yeaɖɔ dzidzɔ si le kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me la kpɔa? Ne nenemae la, míedi be míana nànya be ame siwo wɔa Fiaɖuƒe Akpata tudɔwo domee wotiaa kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo tsoe zi geɖe. Eya ta bia miaƒe hamemetsitsiwo be yedi be yeakpe dɔ ma wɔwɔ ƒe agbalẽvi ɖo. Hamemetsitsi aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me la gblɔ nuxlɔ̃amenya sia be: “Ne Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti memia asi wò o la, ke mègazɔ mɔ yi afi si afɔku dzɔ le be yeana kpekpeɖeŋu o.” Esia wɔnɛ be kpekpeɖeŋunadɔa zɔna ɖe ɖoɖo nyui nu.

19. Aleke kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo wɔa akpa vevi aɖe le kpeɖoɖo edzi be Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwoe míenye me?

19 Nyateƒee, kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ nye mɔ vevi aɖe si dzi míato awɔ ɖe se si Kristo de na mí be ‘míalɔ̃ mía nɔewo’ la dzi. Míetoa lɔlɔ̃ɖeɖefia sia dzi ɖenɛ fiana be Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe míenye vavã. (Yoh. 13:34, 35) Yayra ka gbegbee nye esi wònye na mí egbea be ame geɖewo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoana kpekpeɖeŋu si hiã la Mawu Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo ahato esia dzi ahe kafukafu vɛ na Yehowa!

a Kpekpeɖeŋunadɔ siwo míewɔ na míaƒe haxɔsetɔwo koŋ ŋue míaƒo nu tsoe le ta sia me. Gake zi geɖe la, míekpena ɖe ame siwo menye Ðasefowo o hã ŋu.—Gal. 6:10.

b Paulo zã nya di·aʹko·nos (subɔla) ƒe nuyɔyɔ agbɔsɔsɔme tɔ tsɔ ɖɔ “subɔsubɔdɔwɔlawo.”—1 Tim. 3:12.

c Kpɔ nyati si nye “Kpekpe Ðe Míaƒe Haxɔsetɔwo Ŋu Le Bosnia,” le November 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 23-27.

Aleke Fiaɖuƒea Nye Nu Ŋutɔŋutɔ Na Wòe?

  • Aleke míewɔ nya be kpekpeɖeŋunadɔa hã nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si míewɔna na Yehowa la ƒe akpa aɖe?

  • Taɖodzinu vevi etɔ̃ kawoe le míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ŋu?

  • Viɖe mavɔ kawoe dona tsoa míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa me?

  • Aleke kpekpeɖeŋunadɔa do ƒome kple Yesu ƒe sedede si le Yohanes 13:34?

LƆLƆ̃NU FAA DƆWƆLAWO TSOA XEXEA ƑE AKPA VOVOVOWO NAA KPEKPEÐEŊU

TITINA KPLE ƔETOÐOƑE AFRIKA

Le ƒe 1994 me la, wowu ame 800,000 aɖewo le Rwanda le gbevovodolawo dome ʋa dziŋɔ aɖe me. Ametsɔtsrɔ̃ dziŋɔ sia wɔe be nuwo tɔtɔ le Titina Afrika dukɔ bubuwo hã me, elabena ena ame gbogbo aɖewo si yi ɖazu sitsoƒedilawo le dukɔ mawo me. Esi Yehowa Ðasefo siwo le Belgium, France, kple Switzerland wodi be yewoakpe ɖe yewo nɔvi siwo ɖo xaxa me ŋu ta la, wotsɔ kpekpeɖeŋununana tɔn 300 aɖewo de yameʋu ɖo ɖe wo, siwo dome nuɖuɖu, awudodo, atike, avɔgbadɔ, kple nu bubuwo hã le. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, kpekpeɖeŋununana siawo ɖo mía nɔvi siwo hiã tu la gbɔ.

Le Afrika dukɔ bubuwo hã me la, ɖɔkta kple dɔnɔdzikpɔla ewo siwo nye Ðasefowo la tso France va le kpekpeɖeŋu nam mía nɔvi siwo ŋu dukɔmeviʋa, dɔwuame, kple dɔvɔ̃wo gblẽ nu le. Le ƒe eve siwo va yi ɖeɖe ko me la, atikenyala siawo kpe ɖe ame 10,000 kple edzivɔ ŋu le atikewɔnyawo me. Woƒe dɔ sia he kafukafu vɛ na Yehowa kple eƒe habɔbɔa. Dɔnɔdzikpɔlaawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Esi míeva ɖo nuto aɖe me be míana kpekpeɖeŋu mía nɔviwo la, ewɔ dɔ ɖe amewo dzi wogblɔ be: ‘Mikpɔ ɖa, Yehowa Ðasefowoe ma. Wova be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋu.’” Esi dɔnɔdzikpɔla aɖe wɔ atike na mía nɔvinyɔnu aɖe vɔ la, etsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ be: “Oo, akpe na wò nɔvinyenyɔnu. Akpe na wò Yehowa!”

Kpekpeɖeŋunana va hiãna ɣeaɖewoɣi hã ne ʋufɔku sesẽwo dzɔ. Le ƒe 2012 me la, Ðasefo 13 siwo tso hame sue aɖe me la ku le ʋufɔku aɖe si dzɔ le Nigeria me, eye nu vevi wɔ ame 54 bubuwo hã vevie. Kpekpeɖeŋunakɔmiti wɔ ɖoɖo henɔ zã dzi na kpekpeɖeŋu ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la dometɔ ɖe sia ɖe. Esi dɔnɔ aɖe si le kɔadzi kpɔ kpekpeɖeŋu si gbegbe wona mía nɔvi siwo dze afɔkua la, eƒo ka na woƒe pastɔ gblɔ be: “Míaƒe sɔlemeha me tɔ aɖeke meva srãm kpɔ teti le kɔadzi o. Va nava kpɔ ale si Yehowa Ðasefowo le lɔlɔ̃ ɖem fia wo nɔewo le afi sia ɖa!”

Togbɔ be nya vɔ̃ sia gbã dzi na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hame sue ma me vevie hã la, lɔlɔ̃ si woƒe haxɔsetɔwo ɖe fia wo la fa akɔ na wo. Azɔ hã, kpekpeɖeŋu si gbegbe wona nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la teƒekpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe hamea me tɔ geɖe dzi wogade dzo woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Hafi afɔkua nadzɔ la, gbeƒãɖela 35 koe nɔ hamea me. Ƒe ɖeka le afɔkua megbe la, wodzi ɖe edzi va ɖo 60.

AUSTRALIA

Le ƒe 2013 me la, tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le Queensland ƒe ƒutanutoawo me vevie, si wɔe be Ðasefo 70 zu aƒemanɔsitɔwo. Mark kple Rhonda kpakple wo vinyɔnu wosi le woƒe aƒe si tsi ɖe la me heyi ɖatsi teƒe aɖe si wodi na ame siwo katã ƒe aƒe tsia ɖe. Teƒea yɔ taŋtaŋ. Rhonda gblɔ be: “Amewo yɔ teƒea ale gbegbe be míekpɔ teƒe anɔ anyi gɔ̃ hã o, tsitrenu koe míele.” Helikɔpta siwo va nɔ dzedzem henɔ hohom hã ƒe toɣliɖeɖe wɔe be tomefafa aɖeke mele afi ma kura o. Nɔvinyɔnua tsi dzi vevie eye wòbia srɔ̃a be: “Nu ka wɔ gee míele fifia?” Mark do gbe ɖa na Yehowa vevie hebia eƒe kpekpeɖeŋu. Rhonda gblɔ be: “Anɔ abe miniti 30 ene megbe la, ʋu aɖe va teƒea, eye nɔviŋutsu etɔ̃ do le eme. Esi wokpɔ mí la, wogblɔ be: ‘Míeva be míakplɔ mi adzoe. Míedi teƒe na mi le nɔviŋutsu aɖe ƒe aƒe me.’” Rhonda gblɔ kpee be: “Míaƒe nu koe ku; ale si Yehowa ƒe habɔbɔa lé be na mí lɔlɔ̃tɔe le nɔnɔme sesẽ ma me la wɔ dɔ ɖe mía dzi wu gbɔgblɔ.”

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wu 250 tso kpla yi nuto ma ke me be yewoakpe ɖe yewo nɔvi siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkua gblẽ nu le la ŋu. Nɔviŋutsu tsitsi aɖe gblɔ be: “Kaka makpɔ la, Ðasefo aɖewoe nye ema va biã ŋku ɖe dɔ ŋu abe anyidiwo ene le nye aƒea me hete nu siwo gblẽ la dzadzra ɖo; nyemenya afi si wotso va gɔ̃ hã o. Mía kple srɔ̃nye míaŋlɔ kpekpeɖeŋu si wona mí la be akpɔ gbeɖe o.”

BRAZIL

Le ƒe 2008 me la, tsiɖɔɖɔ kple ba si dudu tso to dzi le Santa Catarina nutoa me la nyã ame 80,000 aɖewo le woƒe aƒewo me. Nutoa me tɔ aɖe gblɔ be: “Ðeko wònɔ abe tsunamie lɔ tsi, ba kple atiwo ɖe enu vɛ ene.” Wona teƒe mía nɔvi aɖewo le míaƒe Takpexɔ aɖe me. Márcio si nye Takpexɔa dzikpɔla gblɔ be: “Awu siwo tsi wo ŋu koe nye nu si susɔ na wo, eye woƒo ba keŋ.” Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Ðeko míaƒe aƒea mu gbloo. Ete ɖe mía dzi ŋutɔ be aƒe bliboa nu yi le aɖabaƒoƒo ɖeka me, gake nyemaŋlɔ ale si mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo fa akɔ na míi la be akpɔ gbeɖe o. Woɖe lɔlɔ̃ fia mí le mɔ geɖe nu! Nudzɔdzɔ sia na mekpɔ ale si nunya le eme wu be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ la dze sii.”

Yehowa Ðasefowo le ɖoɖo wɔm ɖe kpekpeɖeŋununanawo mama na ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔku gblẽ nu le ŋu le Brazil

Wolɔ kpekpeɖeŋununanawo va Takpexɔ si le Santa Catarina (Brazil) me be woana kpekpeɖeŋu ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la le afi ma, le ƒe 2009 me

Ba dudu tso to dzi gblẽ nu le balimenuto siwo te ɖe Rio de Janeiro dua ŋu hã me zi gbɔ zi geɖe. Esi nɔviwo nya be afɔku sia dzɔna le nutoa me edziedzi ta la, woɖo Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe koŋ kple susu be ne afɔkua dzɔ la, woana kpekpeɖeŋu siwo hiã la nyuie. Wode dɔ asi na nɔvi aɖewo koŋ le nutoa me be woanɔ ŋku lém ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Ne nɔvi siawo nya kpɔ dzesi aɖe si fia be afɔku sia agadzɔ ake ko la, wonana kɔmitia nyana. Enumake, kɔmitia ɖoa lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖe nutoa me. Wotsɔa agbatsɔʋu gãwo vanɛ, siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo.” Wona hehe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo nyuie, eye wodea akpa si tututu wo dometɔ ɖe sia ɖe awɔ le kpekpeɖeŋunadɔa me la asi nɛ do ŋgɔ. Wodoa dɔwɔwu aɖe koŋ, si dzi woŋlɔ ɖo be Yehowa Ðasefowoe wonye. Wowɔa dɔ asi le asi me kple Kɔdzi Kadodo Dzikpɔkɔmitiwo henaa kpekpeɖeŋu mía nɔvi siwo nu vevi wɔ. Kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo tsɔa nuɖuɖu, tsinono, atikewɔnuwo, awudodo, adzalẽ kple nuklɔtikewo ɖe asi. Ba siwo xɔ aƒewo me lɔlɔ ɖa mele bɔbɔe kura o. Esi afɔku sia ƒe ɖe dzɔ nyitsɔ laa la, ebia lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 60 hafi wote ŋu ɖe ba kelɔʋu 4 sɔŋ le aƒe ɖeka pɛ ko me.

DZADZRAÐO ÐE AFƆKUWO ŊU

Dɔdzikpɔhaa bia tso alɔdzedɔwɔƒewo katã si le xexea me godoo be woana mɔfiame hamemetsitsiwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo tso ale si woadzra ɖo ɖe afɔkuwo ŋui kple nu siwo woawɔ ne afɔkuwo dzɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hafi afɔku nadzɔ gɔ̃ hã la, ele be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ be hamea me tɔwo katã ƒe telefon xexlẽdzesi kple nyatakaka bubu siwo hiã la le yewo si.

NE AFƆKU DZƆ!

  1. Kristotɔ hamemetsitsi aɖe di ƒome aɖe yome mɔ

    Hamemetsitsiwo dia gbeƒãɖelawo katã ƒe mɔ

  2. Hamemetsitsiwo naa nyatakaka hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla

  3. Kadomɔnu si le hamea ƒe ɖoɖo gbɔ kpɔlawo, nutome sue dzikpɔlawo kple nɔvi bubu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo kpakple alɔdzedɔwɔƒea dome

    Hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla hã naa nyatakaka dzikpɔla mɔzɔlawo kple nɔvi bubu siwo le kadodo me kple alɔdzedɔwɔƒea

  4. Nuhiahiã siwo nye nuɖuɖu kple tsinono

    Wokpɔa nuɖuɖu, tsinono, mlɔƒe, kple atikewɔnyawo gbɔ na nɔviawo kaba ale si woate ŋui, eye wofaa akɔ na wo hedoa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me hã

  5. Wole afɔku aɖe ŋuti nyatakakawo me dzrom ne woawɔ ɖoɖo ɖe woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu

    Alɔdzekɔmitia ɖoa nu si dzɔ kple hiahiã siwo le toa me la ŋuti nyatakakawo ɖe Dɔdzikpɔhaa ƒe Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmitia

  6. Wole kpekpeɖeŋununanawo mam

    Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti wɔa ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu be woate ŋu ayi edzi akpɔ nɔviawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo

  7. Yameʋu aɖe si le mɔ dzi yina

    Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmitia léa ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu, eye ne ehiã la, wowɔa ɖoɖo be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo natso dukɔ bubuwo me ana kpekpeɖeŋu

DƆWƆNU AÐE SI LE KPEKPEM ÐE KPEKPEÐEŊUNADƆLAWO ŊU

Kpekpeɖeŋunadɔ Si Yehowa Ðasefowo Wɔna ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe ŋgɔgbekpa dzi

LE June 2013 me la, habɔbɔa ta agbalẽ gbadza aɖe si ƒe tanyae nye Kpekpeɖeŋunadɔ Si Yehowa Ðasefowo Wɔna (ele eŋlisigbe me). Wota agbalẽ gbadza sia be woato edzi ana nyatakaka vevi aɖewo dziɖuɖumegã siwo kpɔa afɔkuwo ŋuti kpekpeɖeŋunadɔwo dzi le United States. Woƒo nu tso kpekpeɖeŋunadɔ siwo wɔm míele tso ƒe 1940-awo ƒe domedome lɔƒo ke la dometɔ aɖewo ŋu le agbalẽ gbadza sia me. Anyigbatata aɖe hã le eme, si ɖe ale si míele dɔ sia wɔm le xexea me godooe la fia. Hamemetsitsi aɖe si kpɔa gome le ɖoɖowɔwɔ ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu me la gblɔ be: “Nɔviŋutsu siwo wɔa dɔ le Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmitiwo me la zãa agbalẽ gbadza sia tsɔ dzroa nu me kple dziɖuɖumegã siwo le nuto siwo me dzɔdzɔmefɔkuwo ate ŋu adzɔ le bɔbɔe la do ŋgɔ hafi afɔku aɖe nahayi dzɔdzɔ ge. Ne dziɖuɖumegã siawo nya nu tso kpekpeɖeŋunadɔ si míewɔna ŋu do ŋgɔ la, enɔa bɔbɔe be woaɖe mɔ na mí be míayi afi siwo afɔkuwo dzɔ le ahana kpekpeɖeŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe