INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
    • 10 Gbã la, míedzɔa nu faa elabena míelɔ̃ Yehowa eye míedi be míawɔ ‘nu si dzea eŋu.’ (1 Yoh. 3:22) Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne esubɔlawo dzɔ nu faa tso dzi me. Mina míadzro nya siwo apostolo Paulo gblɔ tso Kristotɔwo ƒe nudzɔdzɔ ŋu la me kpɔ. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:7.) Kristotɔ vavã mehena ɖe megbe le nudzɔdzɔ ŋu alo tsɔa dzizizi wɔnɛ o. Ke boŋ edzɔa nu le esi “wòɖo le eƒe dzi me” be yeadzɔe ta.c Esia fia be edea ŋugble tso hiahiã si li kple akpa si wòate ŋu awɔ le eme ŋu hafi dzɔa nu. Yehowa melɔ̃a nu le ame siawo tɔgbi gbɔ o, elabena “ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” Woɖe nya sia gɔme le Biblia aɖe me be: “Mawu lɔ̃a ame siwo lɔ̃a nunana.”

  • Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
    • c Agbalẽnyala aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “wòɖo le eƒe dzi me” la he susu yi ale si ame awɔ ɖoɖo ɖe nane ŋu koŋ be yeawɔ dzi. Egblɔ kpee be: “Togbɔ be dzidzɔ aɖe yɔa ame me le ɣeyiɣi si tututu me wòdzɔ nu hã la, ele be wòanye nu si ŋu wòwɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ hewɔnɛ ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nu.”—1 Kor. 16:2.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe