“Amesi Na Nu Kple Dzidzɔ La, Eyae Mawu Lɔ̃na”
YEHOWA ƒe amenyenye ye nye dɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋu kɔkɔtɔ kekeake. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be eyae nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Le kpɔɖeŋu me, lé ŋku ɖe nusiwo Mawu wɔ la ŋu kpɔ ko. Ewɔ nuɖuɖu viviwo, menye esi le yaa o; seƒoƒo siwo de ama, menye esiwo le litii o; ɣe ƒe amigogbagba dzeani siwo nya kpɔna, menye esiwo le vĩ o. Nyateƒee, Yehowa ƒe nuwɔwɔ ƒe akpa ɖesiaɖe ɖea eƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo fiana. (Psalmo 19:2, 3; 139:14) Tsɔ kpe eŋu la, Yehowa nye amesi naa nu kple dzidzɔ. Ekpɔa dzidzɔ ɖe nyuiwɔwɔ na esubɔlawo ŋuti.—Psalmo 84:12; 149:4.
Wobia tso Israel-viwo si be woaɖe Mawu ƒe dɔmenyonyo afia le nuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu me. Mose gblɔ na wo be: “Megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe nɔviwò dahe la o; ke boŋ nae faa, eye megave wò o.” (Mose V, 15:7, 10) Esi dzimee wòle be nunana natso ta la, ele be dɔmenyowɔwɔ nadzɔ dzi na Israel-viwo.
Wogblɔ nuxlɔ̃amenya sia tɔgbe na Kristotɔwo hã. Nyateƒee wònye be Yesu gblɔ be ‘dzidzɔ le nana me.’ (Dɔwɔwɔwo 20:35) Yesu yomedzelawo ɖo nunana dzidzɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ka nya ta be amesiwo va xɔ eyama dzi se le Yerusalem la ‘tsɔ woƒe anyigbawo kple woƒe nunɔamesiwo dzra, eye womã wo na wo katã le amesiame ƒe hiahiã nu.’—Dɔwɔwɔwo 2:44, 45.
Gake emegbe la, hiã va tu Yudeatɔ dɔmenyotɔ siawo. Biblia megblɔ nusi tututu tae o. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be dɔwuame si ŋutinya wogblɔ ɖe Dɔwɔwɔwo 11:28, 29 gbɔe wòanya tso. Eɖanye kae o, nuwo va sẽ na Yudeatɔ Kristotɔawo ale gbegbe, eye Paulo di be yeakpɔ egbɔ be woakpɔ woƒe nuhiahiãwo na wo. Aleke wòle ewɔ ge?
Nudzɔdzɔ na Amesiwo Hiã Tu
Paulo bia hame siwo le keke Makedonia ke hã ƒe kpekpeɖeŋu, eye wòwɔ ɖoɖo be woadzɔ nu na Kristotɔ siwo hiã tu le Yudea. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo be: “Alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ. Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi ɖe vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu.”a—Korintotɔwo I, 16:1, 2.
Paulo ƒe didi wònye be woaɖo ga siawo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem la kaba, gake Korintotɔwo menɔ ʋaʋãm ɖe Paulo ƒe mɔfiameawo ŋu o. Nukatae? Ðe wometsɔ ɖeke le wo nɔvi Yudeatɔwo ƒe hiãtuamea me oa? Ao, elabena Paulo nya be Korintotɔwo ‘gba go le nusianu me le xɔse kple nya kple nunyanya kple veviedodo’ me. (Korintotɔwo II, 8:7) Anye be vovoe manya nɔ wo ŋuti o le nya siwo ta Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ ɖo ɖe wo la gbɔ kpɔkpɔ ta. Gake fifia ya nusi nɔ dzɔdzɔm le Yerusalem la hiã nuwɔwɔ kpata. Eyata Paulo ŋlɔ nu tso nya la ŋuti le eƒe agbalẽ evelia me ɖo ɖe Korintotɔwo.
Dɔmenyowɔwɔ Biabia
Gbã la, Paulo ƒo nu tso Makedoniatɔwo, amesiwo ƒe tsotso ɖe kpekpeɖeŋua nana ŋuti nye kpɔɖeŋu nyui la ŋuti na Korintotɔwo. Paulo ŋlɔe bena: “Xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me.” Mehiã be woaƒoe ɖe Makedoniatɔwo nu hafi woana nu o. Ke boŋ Paulo gblɔ be ‘wotsɔ kukuɖeɖe vevie bia mí be yewoakpɔ gome le lɔlɔ̃nu faa nunana ƒe mɔnukpɔkpɔa me.’ Makedoniatɔwo ƒe dɔmenyonyo si woɖe fia kple dzidzɔ la gadze ƒã wu ne míebu eŋu kpɔ be ‘ahedada kolikoli’ mee woawo ŋutɔ nɔ hafi.—Korintotɔwo II, 8:2-4.
Ðe Paulo nɔ Makedoniatɔwo kafum kple susu be yeade hoʋliʋligbɔgbɔ Korintotɔwo mea? Kura o, elabena enyae be menye ameʋãŋusẽ nyuitɔe nye ma o. (Galatiatɔwo 6:4) Gawu la, enya be mehiã be woado ŋukpe Korintotɔwo be woawɔ nusi dze o. Ke boŋ dzideƒo nɔ esi be Korintotɔwo lɔ̃ wo nɔvi Yudeatɔwo vavã eye enye woƒe didi be yewoadzɔ nu atsɔ akpe ɖe wo ŋuti. Egblɔ na wo be: “Mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖe ko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi.” (Korintotɔwo II, 8:10) Le nyateƒe me la, Korintotɔwo ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo le kpekpeɖeŋu nana ƒe akpa aɖewo me. Paulo gblɔ na wo be, “Menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ,” eye wògblɔ kpee be: “Veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.” (Korintotɔwo II, 9:2, míawoe te gbe ɖe edzi.) Gake fifia la, ele be Korintotɔwo natsɔ woƒe veviedodo kple lɔlɔ̃nu faa la ade nuwɔna me.
Eyata Paulo gblɔ na wo be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Menye Paulo ƒe susue nye be yeazi Korintotɔwo dzi o, elabena womate ŋu anye amesi naa nu kple dzidzɔ ne wozii ɖe ame dzi o. Edze ƒã be Paulo tsɔe be nukpɔsusu nyuitɔ nɔ wo si xoxo, be amesiame ɖoe xoxo be yeana nu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo gblɔ na wo be: “Ne edzilɔlɔ̃ [li] la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.” (Korintotɔwo II, 8:12) Ẽ, nenye be lɔlɔ̃ ɖe edzi li—nenye be lɔlɔ̃ ʋã ame—nu si wòana la adze Mawu ŋu, eɖanye aleke ke wòadze be ele sue o.—Tsɔe sɔ kple Luka 21:1-4.
Amesiwo Naa Nu Kple Dzidzɔ Egbea
Kpekpeɖeŋu si wona Kristotɔ siwo nɔ Yudea la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na míaƒe ŋkekea. Yehowa Ðasefowo le gbeƒãɖeɖedɔ aɖe wɔm le xexeame godoo si me wotsɔa nunyiame yina na ame miliɔn geɖe siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum. (Yesaya 65:13, 14) Wowɔa esia le Yesu ƒe se si wòde be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi” la dzi wɔwɔ me.—Mateo 28:19, 20, NW.
Dɔdasi sia wɔwɔ mele bɔbɔe o. Ebia dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo kple alɔdzedɔwɔƒe siwo wu alafa le xexeame katã la dzadzraɖo. Ebia Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo hã tutu, ale be teƒe si sɔ la nanɔ Yehowa subɔlawo si si woakpe ta le ahade dzi ƒo na wo nɔewo le. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa Ðasefowo naa kpekpeɖeŋu le nuto siwo me dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la hã.
Bu ga gbogbo siwo wogblẽna ɖe agbalẽwo tata ŋuti la hã ŋu kpɔ. Kwasiɖa ɖesiaɖe, wotaa Gbetakpɔxɔ ɖekaɖeka 22,000,000 alo Nyɔ! ɖekaɖeka siwo ade 20,000,000 le mamã dedie nu. Tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siawo siwo wonana edziedzi ŋuti la, wotaa agbalẽ gãwo, agbalẽ gbadzawo, wɔa kasɛt kple videokasɛt miliɔn geɖe ƒe sia ƒe.
Afikae wokpɔa ga tsonɛ na dɔ gbogbo sia wɔwɔ? To lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzie. Wowɔa esia, menye be amewo nakpɔ yewo alo kple ɖokuitɔdidi ƒe susu o, ke boŋ tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ ta. Eyata nunana sia hea dzidzɔ kple Mawu ƒe yayra vɛ na nunala la. (Maleaxi 3:10; Mateo 6:1-4) Ðevi siwo le Yehowa Ðasefowo dome kura gɔ̃ hã ɖenɛ fiana be yewonye dɔmenyotɔwo kple amesiwo naa nu kple dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi Allison, si xɔ ƒe ene la, se bena ahom sesẽ aɖe gblẽ nu le United States ƒe akpa aɖe la, edzɔ $2. Eŋlɔ be: “Esiae nye ga si katã le aɖakavi si me medzraa ga ɖo la me. Menya be ɖevi aɖewo ƒe fefenuwo kple agbalẽwo kple vidzĩwɔwɔewo katã bu. Ðewohĩ miate ŋu atsɔ ga sia aƒle agbalẽ na nyɔnuvi sue aɖe abe enye ene.” Maclean si xɔ ƒe enyi la ŋlɔ bena edzɔ dzi na ye be nɔvi aɖeke meku le ahom la me o. Egblɔ kpee be: “Mekpɔ $17 esi mekpe ɖe fofonye ŋuti le ʋu ŋutinuwo dzraƒe. Nanee metsɔ nye ga la yina ƒeƒle ge hafi, gake megabu nɔviawo ŋuti.”—Kpɔ aɖaka si le etame hã.
Nyateƒee, Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ ne ekpɔ ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa wotsɔ eƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ esi ‘wotsɔ woƒe kesinɔnuwo de bubu eyama ŋui.’ (Lododowo 3:9, 10) Nyateƒee wònye be, ame aɖeke mate ŋu awɔ Yehowa kesinɔtɔe ya o, elabena etɔe nusianu nye. (Kronika I, 29:14-17) Gake asikpekpe ɖe dɔa ŋu nye mɔnukpɔkpɔ si dzi Yehowa subɔlawo tona ɖea alesi wolɔ̃e fiana. Míekpɔ ŋudzedze ɖe amesiame si ƒe dzi ʋãe le mɔ sia nu la ŋuti.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Togbɔ be Paulo ‘ɖo nu na hameawo’ hã la, mefia be ezi eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ɖe wo dzi be woadzɔ nu o. Ke boŋ ɖeko Paulo nɔ nudzɔdzɔ siwo atso hame vovovowo me la dzi kpɔm. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo gblɔ be amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi “ɖe ye ŋutɔ gbɔ le eƒe viɖekpɔkpɔ nu.” Ne míagblɔe bubui la, ele be woawɔ nudzɔdzɔ ɖesiaɖe le ɣaɣla me wòanye lɔlɔ̃nu faa nu. Womezii ɖe ame aɖeke dzi o.
[Aɖaka si le axa 26, 27]
Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu
Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã Ƒe Dɔa
Ame geɖe ɖoa ga home aɖe ɖi koŋ si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be: “Nudzɔdzɔ Hena Habɔbɔa ƒe Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me. Hameawo ɖoa ga siawo ɖe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ la ɣleti sia ɣleti.
Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Treasurer’s Office, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si subɔa miaƒe dukɔa. Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe si aɖe eme be wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu.
Nudzɔdzɔ Siwo Woagate Ŋu Axɔ Ƒe Ðoɖo
Woate ŋu awɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe ale be woatsɔ ga ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, ale be ne ga la hiã amea la, woagatrɔe nɛ. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.
Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo
Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubuwo li woatsɔ akpe ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋui. Esiawo dometɔ aɖewoe nye:
Nugblẽfewo Xexe: Woate ŋu ayɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ be eyae woaxe nugblẽfe ƒe ga na ne yeku alo be woaxe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega nɛ.
Ga si Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nanɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne wodzudzɔ dɔwɔwɔ la zãm gbɔ alo woana woaxe wo nɛ ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒea ƒe ɖoɖowo nu.
Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒe aɖe ƒe Gomewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi wotsɔ kee keŋkeŋ ene alo woawɔ ɖoɖo be woanɔ viɖea xem na gaa nala.
Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ ene alo woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na nunala la be wòanɔ eme le eƒe agbe me. Ele be woana Habɔbɔa nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi na Habɔbɔa.
Domenyinu Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumãgbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu ayɔ Habɔbɔa ŋkɔ be wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nunɔamesi siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.
Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo le nunana siawo tɔgbe ŋu. Habɔbɔa ta Eŋlisigbe me gbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Planned Giving to Benefit Kingdom Service Worldwide be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Habɔbɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ aɖo biabia geɖe siwo wobiaa Habɔbɔa ku ɖe nunanawo, domenyinumãgbalẽwo, kple nunɔamesi siwo woanɔ zazãm gbɔ ŋu la ŋu. Nyatakaka nyui bubuwo gale eme ku ɖe aƒe alo anyigba, ga, kple adzɔxexe ŋuti ɖoɖowɔwɔ ŋu. Eye ɖe wotae be wòakpe ɖe amesiwo le United States siwo le ɖoɖo wɔm be yewoawɔ nunana tɔxɛ na habɔbɔa fifia alo wòanyi eƒe dome le yewoƒe ku megbe la ŋu bene woatia mɔnu si aɖe vi wu eye wònyo ale be woabu woƒe ƒomea kple woawo ŋutɔwo ƒe nɔnɔme ŋu le ewɔwɔ me.
Le agbalẽ gbadza la xexlẽ kple numedzodzro kple amesiwo le dɔ wɔm le Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea me la, ame geɖe te ŋu kpe ɖe Habɔbɔa ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke me la, egaɖe vi geɖe le adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Ele be woana Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea nanya eye woaɖo ɖoɖo sia ŋuti nuŋlɔɖiwo ƒe ɖeka ɖee. Amesiwo di agbalẽ gbadza sia alo numekɔkɔ le nunana siawo siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo dometɔ aɖe ŋuti la nazã adrɛs si le ete atsɔ ŋlɔ agbalẽ na “Planned Giving Desk,” alo aƒo ka na wo alo na Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me wole me.
Planned Giving Desk
Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
100 Watchtower Drive, Patterson, New York 12563-9204
Telephone: (914) 878-7000
[Aɖaka si le axa 28]
Ðeviwo Hã Naa Nu Kple Dzidzɔ!
Medi be matsɔ nusia na mi miatsɔ ata agbalẽwo akpee na mi. Medzra ga sia ɖo le ga si fofonye nam esi mekpe ɖe eŋu me. Akpe geɖe na mi le dɔ nyui si wɔm miele la ta.—Pamela, ƒe adre.
Mele $6.85 ɖom ɖe mi miatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpata bubuwoe. Mekpɔ ga sia tso dɔŋutitsi si medzra le dzomeŋɔli sia me.—Selena, ƒe ade.
Menɔ koklo nyim wòva dzi nam. Metsɔ koklonɔa ɖe adzɔgbe na Yehowa. Eƒo koklonɔ etɔ̃ siwo meva dzra emegbe. Metsɔ eƒe ga de eme hena Yehowa ƒe dɔ wɔwɔ.—Thierry, ƒe enyi.
Esia koe le asinye! Meɖe kuku mizãe nyuie. Gaa kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe o. $21 enye esi.—Sarah, ƒe ewo.
Mexɔ nunana gbãtɔ le sukudɔdasi aɖe wɔwɔ me, esia bia be makpɔ gome le nutome hoʋiʋli me. Mexɔ nɔƒe gbãtɔ le afima hã eye mexɔ nunana evelia le nutome gã hoʋiʋli mamlɛa me. Le esiawo katã me la, wona ga hãm le nunanaawo me. Medi be mana ga ma ƒe ɖe Habɔbɔa. Mesusui be hehe si mexɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua mee wɔe be mete ŋu xɔ nunana siawo. Dzi nɔ ƒonye esi menɔ nu ƒom le wɔnaa dzikpɔlawo ŋkume.—Amber, si nɔ sukuxɔ adelia me.
Medi be matsɔ nusia na mi hena Yehowa. Mibiae nusi miatsɔe awɔ lae. Enya nusianu.—Karen, ƒe ade.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 25]
Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ wɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwoe