Yehowa Ƒe Akɔfafa La Tsɔtsɔ Fa akɔe Na Amewo
“Míaƒe mɔkpɔkpɔ li ke le mia ŋuti, esi míenyae bena, alesi miekpɔa gome le fukpekpewo me la, nenema ke miekpɔa gome le akɔfafa me hã la ŋuti.”—KORINTOTƆWO II, 1:7.
1, 2. Nukawo mee ame geɖe siwo va zu Kristotɔwo egbea la to?
AME geɖe siwo xlẽa Gbetakpɔxɔ egbea la menya naneke tso Mawu ƒe nyateƒe la ŋu hafi tsi o. Ðewohĩ aleae wòle le wò hã gowòme. Nenye aleae la, ke ɖo ŋku alesi nèse le ɖokuiwò me esime wò gɔmeseseŋku dze ʋuʋu gɔme la dzi. Le kpɔɖeŋu me, zi gbãtɔ si nèse be ame kukuwo mele fu kpem o ke boŋ womeganya naneke alo sea veve aɖeke o la, ɖe mena wò dzi dze eme oa? Eye esi nèse nu tso mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo ŋu, be woafɔ ame biliɔn geɖe ɖe tsitre le Mawu ƒe xexe yeyea me la, ɖe mefa akɔ na wò oa?—Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 5:28, 29.
2 Ke ŋugbe si Mawu do be yeaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa kura eye yeawɔ anyigba sia wòazu paradiso hã ɖe? Esi nèse nya sia la, ɖe mefa akɔ na wò eye nèkpɔ mɔ na nusiawo vevie oa? Aleke nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ si nèse be ate ŋu adzɔ be màku akpɔ gbeɖe o ke boŋ be àte ŋu atsi agbe anɔ anyigba dzi Paradiso si gbɔna la me? Ðikeke mele eme o be dzidzɔ gã aɖe yɔ mewò. Nyateƒee, èva xɔ Mawu ƒe akɔfafanya si ƒe gbeƒã ɖem Yehowa Ðasefowo le le xexeame katã la.—Psalmo 37:9-11, 29; Yohanes 11:26; Nyaɖeɖefia 21:3-5.
3. Nukatae amesiwo gblɔa Mawu ƒe akɔfafanya hã gakpea fu?
3 Gake esi nèdze agbagba be yeagblɔ Biblia me gbedasi sia na ame bubuwo la, wò hã èva de dzesii be “menye amewo katã si xɔse . . . le o.” (Tesalonikatɔwo II, 3:2) Ðewohĩ amesiwo nye xɔ̃wòwo tsã ɖe alɔme le ŋuwò ɖe Biblia ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse ta. Ðewohĩ woti yowòme gɔ̃ hã ɖe esi nèyi edzi le Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo ta. Ðewohĩ tsitretsiɖeŋua nu gasẽ ɖe edzi esime nèdze tɔtrɔ wɔwɔ gɔme be yeƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Èva nɔ xaxa si Satana kple eƒe xexea hena vaa amesiwo katã xɔa Mawu ƒe akɔfafa dzi la teƒe kpɔm.
4. Mɔ vovovo kawo nue ɖetsɔlemetɔ yeyewo ate ŋu awɔ nu le le xaxa me?
4 Nublanuitɔe abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, xaxawo naa ame aɖewo klia nu eye wodzudzɔa hadede kple Kristo-hamea. (Mateo 13:5, 6, 20, 21) Esi ame bubuwo naa woƒe susu nɔa ŋugbedodo fakɔname siwo srɔ̃m wole dzi ta la, wodoa dzi le xaxa me. Mlɔeba la, wova tsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe na Yehowa eye woxɔa nyɔnyrɔ zua Via Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20; Marko 8:34) Gake xaxawo metɔa te ne Kristotɔ nya xɔ nyɔnyrɔ ko o. Le kpɔɖeŋu me, anye avu kple kɔ na amesiwo nye agbegbegblẽnɔlawo tsã be woanɔ agbe dzadzɛ. Ehiã be ame bubuwo nawɔ avu kple ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu enuenu. Xaxa ka ke wòɖanye o, amesiwo katã nɔa agbe ɖe adzɔgbe si woɖe na Mawu nu le nuteƒewɔwɔ me la ate ŋu aka ɖe nu ɖeka sia dzi. Woawo ŋutɔŋutɔ woakpɔ Mawu ƒe akɔfafa kple kpekpeɖeŋu.
“Akɔfafawo Katã ƒe Mawu”
5. Nuka hã mee Paulo to kpe ɖe eƒe fukpekpe gbogboawo ŋu?
5 Amesiwo kpɔ ŋudzedze ɖe akɔfafa si Mawu nana ŋu vevie dometɔ ɖekae nye apostolo Paulo. Le dodokpɔ sesẽ aɖe ŋutɔ me toto le Asia kple Makedonia vɔ megbe la, eƒe dzi gbɔ ɖe eme ale gbegbe esi wòse be Korinto-hamea xɔ yeƒe mokanamelɛta la nyuie. Esia ʋãe wòŋlɔ lɛta evelia, si me kafukafunya siwo gbɔna la le na wo, be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi [faa] akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.”—Korintotɔwo II, 1:3, 4.
6. Nukae míesrɔ̃ tso Paulo ƒe nya siwo le Korintotɔwo II, 1:3, 4 la me?
6 Nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la gblɔ nya gbogbo aɖe na mí. Mina míalé ŋku ɖe wo ŋu tsitotsito. Ne Paulo gblɔ kafukafu alo akpedada nyawo na Mawu alo wòbia nanee le eƒe lɛtawo me la, míekpɔnɛ zi geɖe be egblɔa ŋudzedze deto si wòkpɔ ɖe Kristo-hamea ƒe Ta Yesu ŋu hã dea eme. (Romatɔwo 1:8; 7:25; Efesotɔwo 1:3; Hebritɔwo 13:20, 21) Eyata Paulo gblɔ kafukafunya sia na “Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.” Eye zi gbãtɔ le eƒe nuŋɔŋlɔwo me la, ezã Helagbe me ŋkɔnya si gɔme woɖe be ‘dɔmetɔtrɔwo.’ Ŋkɔnya sia tso nya aɖe si wozãna tsɔ gblɔa alesi wole nu xam le ame aɖe ƒe fukpekpe ta la me. Ale Paulo ƒo nu tso alesi Mawu ƒe dɔme trɔna ɖe Esubɔla wɔnuteƒe ɖesiaɖe si le fu kpem ŋui—wonye seselelãme fatu siwo ʋãa Mawu be wòawɔ nu le nublanuikpɔkpɔ me ɖe wo ta. Mlɔeba Paulo bu Yehowa be eya gbɔe nɔnɔme nyoameŋu sia tso esi wòyɔe be ‘dɔmetɔtrɔwo Fofo.’
7. Nukatae míate ŋu agblɔ be “akɔfafawo katã ƒe Mawu” ye Yehowa nye?
7 Mawu ƒe ‘dɔmetɔtrɔwo’ naa amesiwo le xaxa me tom la kpɔa gbɔdzɔe. Eyata Paulo yi edzi gblɔ be Yehowa nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu.” Le esia ta akɔfafa ka ke míekpɔ le mía haxɔsetɔwo ƒe dɔmenyowɔwɔ me o, míate ŋu abui be Yehowa gbɔe wòtso. Akɔfafa akuaku si nɔa anyi didina aɖeke meli si menye Mawu gbɔe wòtso o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eyae wɔ amegbetɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu, eye esia wɔnɛ be míete ŋu nyea akɔfalawo. Eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋãa esubɔlawo be woƒe dɔme natrɔ ɖe amesiwo hiã akɔfafa ŋu.
Wona Hehe Mí be Míanye Akɔfalawo
8. Togbɔ be menye Mawu gbɔe míaƒe fukpekpewo tsona o hã la, nu nyui kae ate ŋu atso eme na mí ne míedo dzi le xaxa me?
8 Togbɔ be Yehowa Mawu ɖea mɔ tetekpɔ vovovowo vaa esubɔla nuteƒewɔlawo dzi hã la, tetekpɔ mawo metsoa egbɔ gbeɖe o. (Yakobo 1:13) Gake akɔfafa si wònana ne míedo dzi la ate ŋu ana hehe mí be míaʋã ɖe ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo ŋu wu. Nukae anye emetsonu? “Bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ [faa] akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la.” (Korintotɔwo II, 1:4) To mɔ sia nu la, Yehowa naa hehe mí be míanye akɔfala nyuiwo atsɔ yeƒe akɔfafa afa akɔ na haxɔsetɔwo kple amesiwo míedoa goe le míaƒe subɔsubɔdɔa me esi míesrɔ̃a Kristo eye ‘míefaa akɔ na konyifalawo katã.’—Yesaya 61:2; Mateo 5:4.
9. (a) Nukae akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le fukpekpe me? (b) Ne míedo dzi nuteƒewɔwɔtɔe le xaxa me la, aleke wòfaa akɔ na ame bubuwoe?
9 Akɔfafa gbogbo si Paulo xɔ tso Mawu gbɔ to Kristo dzie na wòte ŋu do dzi le eƒe fukpekpe gbogboawo me. (Korintotɔwo II, 1:5) Ne míawo hã míedea ŋugble le Mawu ƒe ŋugbedodo xɔasiawo ŋu hedoa gbe ɖa biaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu, eye míekpɔ alesi Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, míakpɔ akɔfafa ale gbegbe. Ado ŋusẽ mí be míayi edzi aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta eye míaɖo kpe edzi be aʋatsotɔe Abosam nye. (Hiob 2:4; Lododowo 27:11) Ne míedo dzi le xaxa ƒomevi ɖesiaɖe me la, abe Paulo ene la, ele be míana eƒe kafukafuwo katã nayi na Yehowa, amesi ƒe akɔfafa kpena ɖe Kristotɔwo ŋu be wodoa dzi nuteƒewɔwɔtɔe le xaxa me. Kristotɔ nuteƒewɔlawo ƒe dzidodo faa akɔ na nɔviwo ƒe habɔbɔ la eye wòna ame bubuwo hã ɖonɛ kplikpaa be ‘yewoado dzi le fukpekpe mawo ke me.’—Korintotɔwo II, 1:6.
10, 11. (a) Nukawoe nye nusiwo na blema Korinto hamea kpe fu la dometɔ aɖewo? (b) Aleke Paulo fa akɔ na Korinto-hameae, eye nukae wògblɔ be eyae nye yeƒe mɔkpɔkpɔ?
10 Fukpekpe siwo vaa nyateƒe Kristotɔwo katã dzi va Korintotɔwo hã dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wohiã aɖaŋuɖoɖo be woaɖe ahasiwɔla si gbe dzimetɔtrɔ la ɖa le hame. (Korintotɔwo I, 5:1, 2, 11, 13) Esi womete ŋu ɖe afɔ sia o eye womena dzre kple mamãwo tɔ te o la, ehe ŋukpe va hamea dzi. Gake wova zɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame dzi mlɔeba eye woɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia. Eyata ekafu wo vevie eye wògblɔ be alesi woxɔ yeƒe lɛtaa nyuie la fa akɔ na ye. (Korintotɔwo II, 7:8, 10, 11, 13) Edze abe ɖe amesi woɖe le hame la hã trɔ dzime ene. Eyata Paulo xlɔ̃ nu wo be ‘woatsɔ akee eye woafa akɔ nɛ, bene nuxaxa geɖe akpa nagami ame ma o.’—Korintotɔwo II, 2:7.
11 Paulo ƒe lɛta evelia afa akɔ na Korinto-hamea godoo. Eye esiae nye eƒe dzimedidiwo dometɔ ɖeka. Eɖe eme be: “Míaƒe mɔkpɔkpɔ li ke le mia ŋuti, esi míenyae bena, alesi miekpɔa gome le fukpekpewo me la, nenema ke miekpɔa gome le akɔfafa me hã la ŋuti.” (Korintotɔwo II, 1:7) Le Paulo ƒe lɛta la taƒoƒo me la, ede dzi ƒo be: “Mina woafa akɔ na mi, . . . eye lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!”—Korintotɔwo II, 13:11.
12. Hiahiã kae le Kristotɔwo katã ŋu?
12 Nufiame vevi kae nye si le esia me na mí! Ele be Kristo-hamea me tɔ ɖesiaɖe natsɔ akɔfafa si Mawu nana to eƒe Nya la, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, kple eƒe anyigba dzi habɔbɔa dzi ‘afa akɔ’ na amewo. Amesiwo woɖe le hame gɔ̃ hã ahiã akɔfafa ne wotrɔ dzime eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu. Esia ta “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wɔ ɖoɖo aɖe si me nublanuikpɔkpɔ le be woakpe ɖe wo ŋu. Hamemegã eve ate ŋu asrã amesiwo woɖe le hame dometɔ aɖewo akpɔ zi ɖeka le ƒe me. Ðewohĩ amesiawo megale aglãdzenu aɖeke wɔm alo gale nuvɔ̃ gã wɔwɔ dzi o eye ɖewohĩ wohiã kpekpeɖeŋu bene woaɖe afɔ siwo hiã be woagbugbɔ wo axɔ.—Mateo 24:45; Xezekiel 34:16.
Xaxa si me Paulo To le Asia
13, 14. (a) Aleke Paulo ƒo nu tso xaxa sesẽ si me wòto le Asia la ŋui? (b) Anye nudzɔdzɔ kae nɔ susu me na Paulo?
13 Fu siwo Korinto-hamea kpe va ɖo afisia la megogo xaxa vovovo siwo me wòhiã be Paulo nado dzi le o. Eyata ete ŋu ɖo ŋku wo dzi na wo be: “Nɔviwo, míele didim be, míaƒe xaxa, si míekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu geɖe mí ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti. Ẽ, mía ŋutɔwo míeɖo kpe dzi le mía ɖokui me bena, míele kuku ge, bene míagaɖo dzi ɖe mía ɖokui ŋu o, hafi ɖe Mawu, amesi fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu boŋ, amesi ɖe mí tso nenem ku gã sia me, eye wògale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.”—Korintotɔwo II, 1:8-10.
14 Biblia nyala aɖewo susui be zi si tɔ le Efeso, si me Paulo ƒe agbe kpakple eƒe zɔhɛ mɔzɔla Makedoniatɔ eve siwo nye Gayo kple Aristarxo tɔ siaa ate ŋu atsi la ŋu nya gblɔm Paulo nɔ. Wohe Kristotɔ eve siawo sesẽe yi fefewɔƒe aɖe si nuvlowɔha aɖe yɔ tititi me eye “wodo ɣli kple gbe ɖeka anɔ gaƒoƒo eve sɔŋ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe [mawunɔ Artemis, NW] la!” Mlɔeba dumemegã aɖe te ŋu va tsi zitɔtɔa nu. Alesi Gayo kple Aristarxo ƒe agbe ɖo afɔku me la aɖe fu na Paulo ŋutɔ. Le nyateƒe me la, edi be yeayi ava ɖe nu me na ameha susumanɔmenyahelawo, gake womeɖe mɔ nɛ be wòatsɔ eƒe agbe ade afɔku me nenema o.—Dɔwɔwɔwo 19:26-41.
15. Anye nɔnɔme sesẽ ka ŋu nyae wogblɔ le Korintotɔwo I, 15:32?
15 Gake anye nane si nu sẽ boo wu afɔku sia ŋu nya gblɔm Paulo nɔ. Paulo bia le eƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo me be: “Nenye ame ƒe susu nue mewɔ aʋa kple lã wɔadãwo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam?” (Korintotɔwo I, 15:32) Nya sia ate ŋu afia be menye amegbetɔ siwo wɔa adã abe lãwo ene ko si mee Paulo ƒe agbe ɖo afɔku me le o ke eɖoe le lã wɔadãwo ŋutɔŋutɔ hã si me le Efeso ƒe fefewɔƒe. Ɣeaɖewoɣi wozia nuvlowɔlawo dzi be woawɔ avu kple lã wɔadãwo tsɔ hea to na woe esime ameha siwo ʋukɔkɔɖi dzɔa dzi na la va nɔa kpɔkpɔm. Ne avuwɔwɔ kple lã wɔadãwo ŋutɔŋutɔe gblɔm Paulo nɔ la, ke le ɣeyiɣi mamlɛa me la, woanya kpɔ eƒe agbe ta nukutɔe tso veveseseku me, abe alesi woɖe Daniel tso dzatawo ŋutɔŋutɔ ƒe numee ene.—Daniel 6:23.
Egbe Ŋkekea me Kpɔɖeŋuwo
16. (a) Nukatae Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe ate ŋu agblɔ be yewoƒe xaxawo ɖi Paulo tɔwo? (b) Kakaɖedzi kae le mía si ɖe amesiwo ku le woƒe xɔse ta la ŋu? (d) Nu nyui kae do tso eme esi Kristotɔ aɖewo siwo esusɔ vie woaku kloe la do go tso afɔku me?
16 Egbegbe Kristotɔ geɖe ate ŋu atsɔ woƒe xaxawo asɔ kple esiwo me Paulo to. (Korintotɔwo II, 11:23-27) Egbea hã, ‘wowɔ fu geɖe ŋutɔ’ Kristotɔwo ‘gbɔ woƒe ŋusẽ ŋu,’ eye ame geɖe to nɔnɔme siwo me ‘womeganya be yewoatsi agbe gɔ̃ hã le o’ me. (Korintotɔwo II, 1:8) Ame aɖewo ku le amesiwo nɔ amehawo tsrɔ̃m kple yometila tagbɔsesẽtɔwo si me. Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe akɔfanameŋusẽ la kpe ɖe wo ŋu be wodo dzi eye woƒe dzi kple susu katã nɔ woƒe mɔkpɔkpɔ la, dziƒomɔkpɔkpɔ loo alo anyigba dzi tɔ, ƒe emevava dzi vevie. (Korintotɔwo I, 10:13; Filipitɔwo 4:13; Nyaɖeɖefia 2:10) Le nudzɔdzɔ bubuwo me la, Yehowa de asi nyawo me, eye woɖe mía nɔviwo tso ku me. Ðikekemanɔmee la, ŋuɖoɖo ɖe “Mawu, amesi fɔa ame kukuwo ɖe tsitre” ŋu nu gasẽ ɖe edzi le amesiwo kpɔ ɖeɖe le nudzɔdzɔ siawo me la me. (Korintotɔwo II, 1:9) Emegbe la, wote ŋu tsɔ kakaɖedzi si nu sẽ wu ƒo nui le Mawu ƒe gbedasi si faa akɔ na ame ŋu na ame bubuwo.—Mateo 24:14.
17-19. Nuteƒekpɔkpɔ kawoe fia be mía nɔvi Rwandatɔwo tsɔa Mawu ƒe akɔfafa faa akɔ na amewoe?
17 Nyitsɔ laa sia mía nɔvi Rwandatɔ lɔlɔ̃tɔwo to nudzɔdzɔ siwo sɔ kple Paulo kple eƒe zɔhɛwo tɔ me. Wo dometɔ geɖe bu woƒe agbe, gake Satana do kpo nu le agbagba siwo wòdze be yeagblẽ woƒe xɔse me la me. Mía nɔvi siwo le dukɔ ma me la ŋutɔ kpɔ alesi Mawu fa akɔ na woe boŋ. Esime Tutsi kple Hutu tɔ siwo le Rwanda nɔ wo nɔewo tsrɔ̃m la, Hututɔ aɖewo tsɔ woƒe agbe de afɔku me be yewoakpɔ Tutsitɔwo ta, eye Tutsitɔwo hã kpɔ Hututɔwo ta. Ŋutasẽlawo wu wo dometɔ aɖewo ɖe woƒe haxɔsetɔwo ɣaɣla ta. Le kpɔɖeŋu me, wowu Hutu Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Gahizi esi wòɣla nɔvinyɔnu Tutsitɔ aɖe si ŋkɔe nye Chantal. Nɔvinyɔnu Hututɔ si ŋkɔe nye Charlotte hã ɣla Jean, Chantal srɔ̃ si nye Tutsitɔ, ɖe teƒe bubu. Woɣla Jean kple nɔviŋutsu Tutsitɔ bubu ɖe xɔtaxɔ gã aɖe si me dzudzɔ tona me ŋkeke 40 sɔŋ, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wodona le zã me. Ɣemaɣi katã Chalotte kpɔa wo dzi eye wòkpɔa wo ta, togbɔ be Hutu-srafowo ƒe asaɖa xa pɛɛ ye wòle hã. Àkpɔ Jean kple Chantal siwo gava do go ake la ƒe foto le axa sia, amesiwo kpɔ dzidzɔ be wo nɔvi Hututɔwo ‘tsɔ woƒe agbe ɖo anyi’ ɖe yewo ta abe alesi Priskila kple Akwila tsɔ wo tɔ ɖo anyii ɖe apostolo Paulo ta ene.—Romatɔwo 16:3, 4.
18 Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Intaremara kafu Hutu Ðasefo si ŋkɔe nye Rwakabubu ɖe haxɔsetɔ Tutsitɔwo ta kpɔkpɔ ta.a Egblɔ be: “Rwakabubu si nye Yehowa Ðasefo hã li, amesi le amewo ɣaɣla dzi ɖe teƒeteƒewo ɖe nɔviawo (nenema woƒe hametɔwo yɔa wo nɔewo) gbɔ. Etsɔa ŋkeke bliboa nɔa nuɖuɖu kple tsinono tsɔm nɔa yiyim na wo togbɔ be gbɔxi le eŋu hã. Gake Mawu do ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu lae.”
19 Bu srɔ̃tɔ ɖetsɔlemetɔ siwo ŋkɔe nye Nicodeme kple Athanasie siwo nye Hututɔwo hã ŋu kpɔ. Hafi aʋa la nadzɔ la, srɔ̃tɔ siawo nɔ Biblia srɔ̃m kple Tutsi Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Alphonse. Wotsɔ woƒe agbe de afɔku me ɣla Alphonse ɖe woƒe aƒeme. Emegbe wokpɔ be aƒea me ŋutɔŋutɔ menye teƒe si le dedie o elabena wova kpɔ be yewoƒe aƒelika Hututɔwo nya nu le yewo xɔlɔ̃ Tutsitɔa ŋu. Eyata Nicodeme kple Athanasie ɣla Alphonse ɖe do aɖe me le woƒe xɔxɔnu. Afɔ si woɖe la nyo ŋutɔ elabena gbesiagbe kloe woƒe aƒelikawo va nɔa Alphonse dim. Le ŋkeke 28 siwo Alphonse tsɔ mlɔ doa mee me la, ede ŋugble le Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu, abe le Raxab, amesi ɣla Israel-vi eve ɖe eƒe aƒe ƒe xɔta le Yerixo tɔ ene ŋu. (Yosua 6:17) Egbea Alphonse le subɔsubɔdɔa dzi le Rwanda eye wònye nyanyui gbeƒãɖela, eye enye dzidzɔ nɛ be yeƒe Biblia-nusrɔ̃vi Hututɔwo de woƒe agbe afɔku me ɖe ye ta. Ke Nicodeme kple Athanasie hã ɖe? Fifia wozu Yehowa ƒe Ðasefo siwo xɔ nyɔnyrɔ eye wole Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo wu 20 wɔm kple ɖetsɔlemetɔwo.
20. Mɔ ka nue Yehowa fa kɔ na mía nɔviwo le le Rwanda, gake hiahiã kae gakpɔtɔ le wo dometɔ geɖe ŋu?
20 Le amewo tsrɔ̃ɣia le Rwanda la, nyanyui gbeƒãɖela 2,500 ye nɔ anyi. Togbɔ be ame alafa geɖe tsi eme alo wòhiã be woasi le dukɔa me hã la, Ðasefowo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu ame 3,000. Ema nye alesi Mawu fa akɔ na mía nɔviwoe vavã le woƒe xaxa sesẽa me la ƒe kpeɖodzi. Ke Yehowa Ðasefo tsyɔ̃evi kple ahosi gbogboawo hã ɖe? Eme kɔ be amesiawo gale nuxaxa dzi kokoko eye wohiã akɔfafa. (Yakobo 1:27) Le tsitretsitsia me le Mawu ƒe xexe yeyea me hafi woatutu woƒe aɖatsiwo ɖa keŋkeŋ. Ke hã wote ŋu kpea akɔ kple agbemenyawo le wo nɔviwo ƒe kpekpeɖeŋu me kple le esi wonye “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la subɔlawo ta.
21. (a) Teƒe bubu kawoe mía nɔviwo gahiã Mawu ƒe akɔfafa le vevie, eye mɔ siwo nu mí katã míate ŋu akpe ɖe wo ŋu dometɔ aɖe ɖe? (Kpɔ aɖaka si nye “Akɔfafa le Aʋaŋɔliƒe Ene Me.”) (b) Ɣekaɣie woakpɔ míaƒe nuhiahiã si nye akɔfafa gbɔ bliboe?
21 Mía nɔviwo yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be wole xaxawo me tom le teƒe bubu geɖewo hã, abe le Eritrea, Singapore, kple afisiwo nye Yugoslavia tsã ene. Mina míaɖe kuku edziedzi ɖe nɔvi siawo ta bene woakpɔ akɔfafa, eye míatsɔ esia wɔwɔ akpe ɖe wo ŋui. (Korintotɔwo II, 1:11) Eye neva eme be míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe ɣeyiɣi si me Mawu ato Yesu Kristo dzi ‘atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le míaƒe ŋku me’ le gɔmesese blibo nu. Ekema míakpɔ akɔfafa si Yehowa ana le eƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me wòade edeƒe.—Nyaɖeɖefia 7:17; 21:4; Petro II, 3:13.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a January 1, 1995, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 26 lia gblɔ Rwakabubu vinyɔnu Deborah, amesi ƒe gbedodoɖa wɔ dɔ ɖe Hutu-srafowo dzi si wɔe be womewu wo o, la ŋutinya.
Ènyaa?
◻ Nukatae woyɔ Yehowa be “akɔfafawo katã ƒe Mawu”?
◻ Aleke wòle be míabu xaxawoe?
◻ Amekawoe míate ŋu afa akɔ na?
◻ Aleke woava akpɔ alesi akɔfafa hiã mí la gbɔ bliboe?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Togbɔ be Jean kple Chantal nye Ðasefo Tutsitɔwo hã la, Hutu Ðasefowo ɣla wo ɖe teƒe vovovo le aʋa la me le Rwanda
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yehowa Ðasefowo yi edzi le Mawu ƒe akɔfafagbedasia gblɔm na wo haviwo le Rwanda